Biblia-nusɔsrɔ̃ Siwo Yia Ŋgɔ Wɔwɔ
Akpa 11: Kpekpe Ðe Gbeƒãɖela Yeyewo Ŋu be Woawɔ Tɔtrɔyi
1 Ne Biblia-nusrɔ̃vi aɖe dze gome kpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me la, ado go amesiwo tsɔ ɖe le nyanyuia me. Aleke míate ŋu akpe ɖe gbeƒãɖela yeyea ŋu be wòawɔ tɔtrɔyi siwo atse ku eye wòatu amesiwo ŋu wòke ɖo la ƒe ɖetsɔleme ɖoe?
2 Dzadzraɖo ɖe tɔtrɔyi wɔwɔ ŋu dzea egɔme tso yiyi zi gbãtɔ dzi. De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòatsɔ ɖe le amesiwo wòƒo nu na la me vevie. (Fil. 2:4) Na hehee vivivi be wòakpe ɖe aƒemenɔlawo ŋu woagblɔ woƒe susu, be wòalé to ɖe aƒemenɔlawo ƒe numeɖeɖewo ŋu, eye be wòaŋlɔ nusiwo me wotsɔ ɖe le la ɖi. Ne ame aɖe ɖe ɖetsɔleme fia la, na gbeƒãɖela yeyea naŋlɔ nya vevi siwo ku ɖe amea kple dze si mieɖo kplii ŋu la ɖi. Mizã nya mawo miatsɔ adzra ɖo ɖe numedzodzro si miagava wɔ kplii ŋu.
3 Dzadzraɖo ɖe Tɔtrɔyi Wɔwɔ Ŋu: Mito nusiwo miede dzesi le yiyi zi gbãtɔ me la me, eye fia nusrɔ̃via alesi wòatia Fiaɖuƒegbedasia ŋu nya aɖe koŋ si alé dzi na aƒemenɔla ma. (Kor. I, 9:19-23) Midzra dzeɖonya kpui aɖe ɖo, si me miazã mawunyakpukpui ɖeka kple memama ɖeka tso nusrɔ̃gbalẽ aɖe me le. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, midzra nyabiase aɖe ɖo si miagblẽ ɖe amea gbɔ le dzeɖoɖoa ƒe nuwuwu atsɔ adzra ɖo ɖe tɔtrɔyi si miagawɔ ŋu. Fia gbeƒãɖela yeyea alesi wòana tɔtrɔyi ɖesiaɖe si wòawɔ la nakpe ɖe amea ŋu be Mawu ƒe Nya la ƒe sidzedze si le esi sum nanɔ dzidzim ɖe edzii.
4 Eɖea vi ne èfia nusrɔ̃via ŋgɔdonya bɔbɔe aɖe si wòazã le tɔtrɔyia wɔwɔ me. Ne miedo gbe na aƒemenɔlaa vɔ la, gbeƒãɖela yeyea ate ŋu agblɔ be: “Dze si míeɖo nyitsɔ do dzidzɔ nam ŋutɔ, eye megatrɔ va be míakpɔ nya si Biblia gblɔ le [yɔ nyatia] ŋu.” Ðewohĩ àkpɔe be ahiã be nàfia gbeƒãɖela yeyea nusi wòawɔ nenye be ame bubu aɖee wòva do goe le aƒea me.
5 Tɔtrɔyi Wɔwɔ Veviedodotɔe: De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòaɖo kpɔɖeŋu nyui le alesi wòatrɔ ayi amesiwo tsɔ ɖe le eme gbɔ kaba me. Ahiã be míaku kutri le tɔtrɔ yi amewo gbɔ me hafi míate ŋu ake ɖe wo ŋu. Fia nusrɔ̃via alesi wòawɔ anya ɣeyiɣi si asɔ na aƒemenɔlaa, si dzi wo kplii woalɔ̃ ɖo, eye nàkpe ɖe eŋu wòakpɔ nusita wòhiã be wòatrɔ ayi abe alesi wòdo ŋugbee ene la adze sii. (Mat. 5:37) Na hehe gbeƒãɖela yeyea be wòanyo dɔme, wòase nu gɔme na ame, eye wòade bubu ame ŋu ne ele amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo dim hele woƒe ɖetsɔleme tum ɖo.—Tito 3:2.