NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 KORINTOTƆWO 7-9
Trenɔnɔ—Nunanae Wònye
Ƒe geɖee nye esia si Kristotɔ geɖe va de dzesii be trenɔnɔ nana mɔnukpɔkpɔ gbogbo aɖewo ʋuna ɖi na ame be wòate ŋu akeke eƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu, alɔ̃ ame geɖe wu eye wòana ame kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli wu.
Nɔvi siawo ɖe gbeƒã le Australia dukɔ bliboa me, 1937; Gilead sukunuwula aɖe va ɖo Mexico afi si woɖoe ɖo, 1947
Nɔvi sia le gbeƒã ɖem le Brazil; nɔviwo le Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku le Malawi
DE ŊUGBLE LE NYA SIA ŊU: Ne tree nènye la, aleke nàwɔ wò trenɔnɔ naɖe vi na wò wu?
Mɔ ka nue hamea me tɔwo ate ŋu ade dzi ƒo na trewo eye woado alɔ wo le?