KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
De Ha Kple Ame Siwo Lɔ̃ Yehowa
Nu ka tae wòle be míade ha kple ame siwo lɔ̃ Yehowa? Elabe ame siwo míedea ha kplii la ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui alo ŋusẽ gbegblẽ ɖe mía dzi. (Lod 13:20) Le kpɔɖeŋu me, Fia Yehoas wɔ “nu si nyo le Yehowa ŋkume” zi ale si wòyi edzi de ha kple Nunɔlagã Yehoyada. (2Kr 24:2) Le Yehoyada ƒe ku megbe la, Yehoas gblẽ Yehowa ɖi le esi wòyi edzi de ha kple ame gblẽkuwo ta.—2Kr 24:17-19.
Le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli me la, apostolo Paulo tsɔ Kristo hamea sɔ kple “aƒe gã” aɖe, eye wòtsɔ hamea me tɔwo sɔ kple ‘aƒemenuzazãwo.’ Ne míetsri hadede kple ame sia ame, si wɔa nu si medzea Yehowa ŋu o, amea ɖanye míaƒe ƒometɔ alo hamea me tɔ o, ke míakpɔtɔ anye “ŋudɔwɔnu si li na nu si ŋu bubu le.” (2Ti 2:20, 21) Eya ta mina míayi edzi ade ha kple ame siwo lɔ̃ Yehowa, siwo ade dzi ƒo na mí be míasubɔe.
MIKPƆ VIDEO SI NYE TSRI HADEDE VƆ̃WO, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
Aleke wòate ŋu adzɔe be míava nɔ ha dem kple ame gblẽkuwo le manyamanya me?
Le video si míekpɔ fifia me la, nu kae kpe ɖe Kristotɔ etɔ̃ siawo ŋu wova tsri hadede vɔ̃wo?
Biblia me gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtia ame siwo nàde ha kplii la nyuie?
Ðe menye ‘ŋudɔwɔnu si li na nu si ŋu bubu lea’?—2Ti 2:21