NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | NYAÐEÐEFIA 7-9
Yehowa Yra Ameha Gã Aɖe Siwo Mele Xexlẽ Me O
Nu ka tae Yehowa yra ameha gã la?
Wole “tsitre ɖe [Yehowa ƒe] fiazikpui la ŋgɔ,” eye wode Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi bliboe
Wodo “awu ʋlaya ɣiwo,” si fia be wole kɔkɔe, hele dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume elabena woxɔ Kristo ƒe tafevɔsaa dzi se
Wole “subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm nɛ zã kple keli,” eye wole Yehowa subɔm veviedodotɔe ɣeawokatãɣi
Nu kae wòle be mawɔ be manɔ ameha gã la dome?