KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Ðe Nàzã Wò Ɣeyiɣi Kple Ŋusẽ Atsɔ Awɔ Dɔ Na Yehowa?
Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la le ta kekem ŋutɔ abe ale si Yesaya gblɔe ɖi ene. (Yes 54:2) Le esia ta, eva hiã be woatu Fiaɖuƒe Akpatawo, Takpexɔwo kple alɔdzedɔwɔƒe yeyewo. Ne wotu xɔ siawo vɔa, ehiã be woanɔ be lém na wo eye le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, eva hiãna be woagbugbɔ atrɔ asi le ɖewo ŋu. Mɔnukpɔkpɔ kawoe esia ʋuna ɖi na mí be míazã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ atsɔ awɔ dɔ na Yehowa?
Míate ŋu adzra Fiaɖuƒe Akpata me ɖo ne eɖo míaƒe gbeadziƒuƒoƒoa dzi be wòawɔ esia
Míate ŋu atsɔ mía ɖokui ana axɔ hehe ku ɖe ale si míalé be na míaƒe Fiaɖuƒe Akpata ŋu
Míate ŋu akpe Local Design/Construction Volunteer Application (DC-50) ɖo, ale be tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣia, míate ŋu akpe asi ɖe xɔtudɔ siwo le edzi yim le míaƒe nutoa me kple beléle na wo ŋu
Míate ŋu akpe Application for Volunteer Program (A-19) ɖo, ale be míakpe asi ɖe dɔ siwo le edzi yim le Betel alo Betelƒe bubuwo ŋu hena kwasiɖa ɖeka alo esi wu nenema
MIKPƆ VIDEO SI NYE WOWƆ ÐOÐO ÐE XƆTUDƆ YEYE AÐE ŊU—ƑE KPUITƆ, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
Nu kae na be tso ƒe 2014 mea míeva le videowo zãm wu tsã?
Be woate ŋu anɔ video siwo hiã wɔm la, dɔ kae wode to me, ɣekaɣie dɔa adze egɔme eye ɣekaɣie wòawu enu?
Aleke lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ate ŋu ava kpe asi ɖe dɔa ŋu?
Nu ka tae ame siwo le Amerika eye wodi be yewoakpe asi ɖe xɔtudɔa ŋu le Ramapo la, nakpe (DC-50) ɖo eye woanɔ asi kpem ɖe xɔtudɔ siwo le edzi yim le woƒe nutowo me ŋu?
Nu kawoe ɖo kpe edzi be Yehowae le mɔ fiam nɔviawo le dɔ sia me?
Ne míawo ŋutɔwo míate ŋu ava kpe asi ɖe dɔa ŋu o hã, nu kawoe míate ŋu awɔ?