KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ | ÐO TAÐODZINUWO LE SUBƆSUBƆƑE YEYEA ME
Kpe Asi Ðe Teokrasixɔtudɔwo Ŋu
Teokrasixɔwo tutu nye subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa aɖe. (2Mo 36:1) Ðe nàte ŋu akpe agbalẽvi si nye DC-50 ɖo be nàkpe asi ɖe xɔtudɔwo ŋu le miaƒe nutoa me ɣeaɖewoɣia? Alo ɖe nàte ŋu akpe A-19 gbalẽvia ɖo be nàkpe asi ɖe xɔtudɔwo ŋu le nuto bubuwo me hena kwasiɖa aɖewo alo ɣleti geɖewoa? Mehiã be nànya nu tso xɔtudɔwo ŋu hafi atsɔ ɖokuiwò ana o.—Ne 2:1, 4, 5.
MIKPƆ WƆWƆFIA ƑE VIDEO SI NYE XƆSE NEƲÃ WÒ NÀWƆ GEÐE NA YEHOWA—KPE ASI ÐE TEOKRASIXƆTUDƆWO ŊU, EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:
Nu ka ŋue Sarah tsi dzi ɖo, eye nu kae kpe ɖe eŋu?