“Kristo ƒe lɔlɔ̃ la ƒonɛ ɖe mía nu.”—2Ko 5:14
KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Àwɔ Kpekpeɖeŋu Mɔɖeɖedɔa Le March Alo April Mea?
Àdi be yeawɔ dɔ geɖe na Yehowa le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣia mea? (2Ko 5:14, 15) Ame siwo di be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa le March kple April mea ate ŋu atiae be yewoana gaƒoƒo 30 alo 50. Ne àte ŋu awɔ dɔ tɔxɛ sia, ke kpe agbalẽvia ɖo nàtsɔe ana Hamea Ƒe Subɔsubɔ Kɔmitia. Woayɔ ame siwo katã dzi woda asi ɖoa ƒe ŋkɔwo na hamea le ɣleti ɖe sia ɖe si me woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa. Esia awɔe be nɔvi siwo le hamea me la nakpe ɖe wo ŋu woaɖo woƒe gaƒoƒonudidia gbɔ. Neva eme be mí katã míawɔ Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣia ŋu dɔ bliboe atsɔ ana míaƒe nufiafiaɖaŋuwo naganyo ɖe edzi, eye míade dzi ƒo na mía nɔewo.—1Te 5:11.