Nusɔsrɔ̃nyati 43
Nunya Vavãtɔ Le Ɣli Dom
“Nunya vavãtɔ le ɣli dom le kpɔdomee. Eƒe gbe le dzi dem le ablɔwo me.”—LOD. 1:20.
HADZIDZI 88 Na Manya Wò Mɔwo
NYA VEVIAWOa
1. Aleke ame geɖe wɔa nu ɖe nunya vavãtɔ ŋu? (Lododowo 1:20, 21)
ÐASEÐIÐI le ablɔwo dzi doa dzidzɔ na nɔvi geɖe. Wotsɔa dzidzɔ naa agbalẽwo ame siwo tso eme va yina. Ðe wò hã èɖe gbeƒã le ablɔ dzi nenema kpɔa? Ðaseɖimɔnu ma nana míeɖoa ŋku kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe si le Lododowo ƒe agbalẽa me dzi. Lododo ma gblɔ be, nunya le ɣli dom le ablɔwo me be amewo nase yeƒe gbe. (Xlẽ Lododowo 1:20, 21.) “Nunya vavãtɔ,” nye nunya si tso Yehowa gbɔ. Míate ŋu ake ɖe nunya sia ŋu le Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo me, eye esiae amewo hiã be woakpɔ agbe. Edzɔa dzi na mí ne amewo xɔ míaƒe agbalẽwo. Gake menye ame sia amee lɔ̃na xɔa wo o. Ame aɖewo medina be yewoanya nu si Biblia gblɔ o. Ame aɖewo hã koa mí. Wosusu be blemanyawoe le Biblia me. Ame aɖewo hã gblɔna be susu mele nu si Biblia fia ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu me o; wobua ame siwo wɔa wo dzi be woƒe nya me sẽ eye wowɔa wo ɖokuiwo ame dzɔdzɔewo akpa. Gake esi Yehowa lɔ̃ amewo katã taa, ele mɔnukpɔkpɔ nam wo be nunya vavãtɔ nasu wo si. Aleke wòle esia wɔmee?
2. Nu kawoe Yehowa na mí be woakpe ɖe mía ŋu míadze nunya, gake aleke ame akpa gãtɔ wɔa nui?
2 Nu siwo Yehowa na mí be woakpe ɖe mía ŋu nunya vavãtɔ nasu mía si dometɔ ɖekae nye Biblia; ele ame sia ame kloe si. Bubue nye agbalẽ siwo míetsɔ srɔ̃a Biblia; wole gbegbɔgblɔ 1,000 kple edzivɔ me. Ame siwo xlẽa Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo eye wowɔna ɖe nu siwo wosrɔ̃ dzi adze nunya. Gake ame akpa gãtɔ medina be yewoasrɔ̃ Biblia o. Wozãa woawo ŋutɔwo ƒe nunya alo nya si ame bubuwo gblɔ tsɔ tsoa nya me. Womedea bubu mía ŋu o le esi míewɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi ta. Le nyati sia mea, míadzro nu si tae amewo wɔa nu nenema ɖo me. Gake gbãa, míakpɔ nu siwo míawɔ be nunya si tso Yehowa gbɔ nasu mía si.
YEHOWA NYANYA NANA AME DZEA NUNYA
3. Nu kae míawɔ be míadze nunya?
3 Nunya fia be ame nawɔ nu si wònya ŋu dɔ atsɔ atso nya me nyuie. Gake nunya vavãtɔ yi ŋgɔ wu ema. Biblia gblɔ be: “Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmedzedze, eye [Kɔkɔetɔ la nyanyae] nye gɔmesese.” (Lod. 9:10) Eya ta hafi míatso nya me le nu vevi aɖe ŋua, ele be ‘míanya Kɔkɔetɔ la,’ si nye Yehowa, ƒe susu le eŋu. Míate ŋu awɔ esia ne míesrɔ̃a Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo. Esia aɖee afia be míedze nunya.—Lod. 2:5-7.
4. Gblɔ susu siwo tae Yehowa ɖeka koe ate ŋu ana míadze nunya.
4 Yehowa ɖeka hɔ̃ koe ate ŋu ana míadze nunya. Eya gbɔe nunya vavãtɔ tso. (Rom. 16:27) Nu ka tae? Gbãa, Yehowae wɔ mí, taa enya nu sia nu tso mía ŋu. (Ps. 104:24) Evelia, nunya dzena le nu sia nu si Yehowa wɔna me. (Rom. 11:33) Etɔ̃lia, nunya le Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo katã me eye woɖea vi ɣesiaɣi. (Lod. 2:10-12) Hafi nunya vavãtɔ nasu mía sia, ele be míalɔ̃ ɖe nyateƒenya mawo dzi, eye míana woafia mɔ mí le míaƒe nyametsotsowo kple nuwɔnawo me.
5. Ne amewo gbe nunya vavã si tso Mawu gbɔa, nu kae dona tso eme?
5 Ame aɖewo léa ŋku ɖe nuwɔwɔwo ŋu eye wonya kpɔna na wo, gake wogblɔna be menye ame aɖekee wɔ wo o. Ame aɖewo hã gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se, gake womebua Biblia be aɖe vi na yewo o, eye wowɔa nu si dzea woawo ŋutɔwo ŋu. Nu kae do tso esiawo katã me? Esi amewo gbe nunya si tso Mawu gbɔ eye wonɔa agbe ale si woawo ŋutɔwo dia, ɖe wòna nuwo nyo wu le xexea mea? Ðe wòna wole dzidzɔ vavãtɔ kpɔmaa? Ðe wòna wole mɔ kpɔm na etsɔme nyui aɖea? Kura o. Nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me ɖo kpe nyateƒenya sia dzi be: “Nunya alo gɔmesese alo tameɖoɖo aɖeke mate ŋu atsi tre ɖe Yehowa ŋu o.” (Lod. 21:30) Esia tae wòle be míatrɔ ɖe Yehowa ŋu be wòana nunya vavãtɔ mí. Gake ame akpa gãtɔ mewɔnɛ nenema o. Nu ka tae?
NU SI TAE AMEWO MEDINA BE NUNYA VAVÃTƆ NASU YEWO SI O
6. Le Lododowo 1:22-25 ƒe nya nua, ame kawoe medina be nunya vavãtɔ nasu yewo si o?
6 “Nunya vavãtɔ le ɣli dom” le ablɔwo dzi, gake ame geɖe medi be yewoaɖo to o. Biblia yɔ ame ƒomevi etɔ̃ aɖewo siwo gbe nunya vavãtɔ. Woawoe nye “ame manyanuwo,” “fewuɖulawo,” kple “bometsilawo.” (Xlẽ Lododowo 1:22-25.) Na míakpɔ nɔnɔme si le ame mawo si si tae wogbe nunya si tso Mawu gbɔ, kple ale si míawɔ atsri nɔnɔme mawo.
7. Nu ka tae ame aɖewo tiae be yewoakpɔtɔ anye “ame manyanuwo”?
7 “Ame manyanuwo” xɔa nya sia nya dzi sena eye wotea ŋu blea wo bɔbɔe. (Lod. 14:15) Míedoa go ame siawo tɔgbi le gbeadzi zi geɖe. Wò ya bu ame miliɔn geɖe siwo subɔsubɔhakplɔlawo kple dunyahelawo kplɔ trae ŋu kpɔ. Wo dometɔ aɖewo ƒe nu kuna eye wòtena ɖe wo dzi ne wova de dzesii be woble yewo. Gake ɖewo ya ŋutɔe tiae be yewoakpɔtɔ anye ame manyanuwo elabe wodii nenema. (Yer. 5:31) Ame siawo ŋue woƒo nu tsoe le Lododowo 1:22. Wowɔa nu si woawo ŋutɔwo di eye womedina be yewoanya nu si Biblia gblɔ alo awɔ Biblia ƒe sewo dzi o. Ame geɖe wɔa nu abe nyɔnu aɖe si le Quebec, Canada, si mefena kple sɔlemedede kura o la ene. Egblɔ na nɔviŋutsu aɖe be, “Ne míaƒe fadaa le mía blemaa, eya ŋutɔ ƒe ta dzie wòle!” Mímadi be míasrɔ̃ ame siwo nya nyuie be wole yewo blem gake wometsɔ ɖeke le eme o la ƒe nɔnɔme gbeɖe o!—Lod. 1:32; 27:12.
8. Nu kae míate ŋu awɔ be nunya vavãtɔ nasu mía si?
8 Esɔ ŋutɔ be Biblia ɖo aɖaŋu na mí be míaganye ame manyanuwo o, ke boŋ míanye “ame siwo tsi bliboe le nugɔmesese me.” (1 Kor. 14:20) Be nunya vavãtɔ nasu mía sia, ele be míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. Esia akpe ɖe mía ŋu vivivi be míaƒo asa na kuxiwo eye míatso nya me nyuie. Anyo be míanɔ mía ɖokui me dzrom be míakpɔ nu siwo me wòahiã be míayi ŋgɔ le. Le kpɔɖeŋu me, ne wole Biblia srɔ̃m kpli wò eye nèle kpekpeawo dem ɣeyiɣi aɖee nye esiaa, àte ŋu abia ɖokuiwò be, ‘Nu ka tae nyemekpɔ ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ haɖe o?’ Ne èxɔ nyɔnyrɔ xoxoa, ɖe nèle agbagba dzem be yeana yeƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia naganyo ɖe edzia? Ðe wò nyametsotsowo ɖenɛ fiana be Biblia le mɔ fiam wòa? Ðe nèwɔa nu ɖe amewo ŋu abe ale si Yesu awɔe enea? Ne ehiã be míagawɔ geɖe le nu siawo dometɔ aɖewo mea, ele be míade ŋugble le Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu vevie, elabe ‘wonana ame manyanuwo gɔ̃ hã dzea nunya.’—Ps. 19:7.
9. Aleke “fewuɖulawo” ɖenɛ fiana be yewomedi be nunya vavãtɔ nasu yewo si o?
9 Ame bubu siwo gbe nunya vavãtɔe nye “fewuɖulawo.” Woɖea alɔme le amewo ŋu. (Ps. 123:4) Míedoa go woawo hã le gbeadzi ɣeaɖewoɣi. Biblia gblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo mea, fewuɖulawo abɔ. (2 Pet. 3:3, 4) Abe ame dzɔdzɔe Lot ƒe toyɔviwo enea, ame aɖewo metsɔa ɖeke le Biblia ƒe nuxlɔ̃amewo me egbea o. (1 Mose 19:14) Wotia “woawo ŋutɔwo ƒe mawumavɔmavɔ̃ ƒe nudzodzrowo yome,” eye wokoa ame siwo wɔna ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. (Yuda 7, 17, 18) Nya si Biblia gblɔ tso fewuɖulawo ŋu la sɔ kple nɔnɔme si xɔsegbelawo kple ame siwo gbe Yehowa ɖena fiana.
10. Abe ale si wòdze le Psalmo 1:1 enea, nu kawoe míaƒo asa na be míagazu fewuɖulawo o?
10 Nu kawoe míate ŋu awɔ be míagazu fewuɖulawo o? Ðekae nye be míagade ha kple ame siwo dia vodada le nu ŋu o. (Xlẽ Psalmo 1:1.) Esia fia be mele be míaɖo to xɔsegbelawo alo axlẽ woƒe agbalẽwo o. Ehiã be míakpɔ nyuie be míagava nɔ vodada dim le nu sia nu ŋu eye míake ɖi Yehowa kple mɔfiame siwo nam wòle mí to eƒe habɔbɔa dzi o. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe metoa nyatoƒoe ne habɔbɔa na mɔfiame alo numeɖeɖe yeye aɖe mía? Ðe mekpɔa vodada le ame siwo le ŋgɔ xɔm ŋua?’ Ne míedze agbagba wɔ tɔtrɔ kabaa, Yehowa akpɔ dzidzɔ ɖe mía ŋu.—Lod. 3:34, 35.
11. Aleke “bometsilawo” bua Yehowa ƒe sewo?
11 Ame bubu siwo hã medina be nunya vavãtɔ nasu yewo si o ye nye “bometsilawo.” Wogbena be yewomawɔ ɖe Mawu ƒe sewo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu dzi o, ke boŋ yewoawɔ nu si dze yewo ŋu. (Lod. 12:15) Wogbea Yehowa, Ame si gbɔ nunya tso. (Ps. 53:1) Ne míedo go wo le gbeadzia, wohea nya ɖe mía ŋu le esi míeɖoe be míawɔ Biblia ƒe mɔfiamewo dzi ta. Gake mɔfiame gbagbe aɖeke mele wo si si aɖe vi wu o. Biblia gblɔ be: “Nunya vavãtɔ mate ŋu asu bometsila si o; nya aɖeke mele esi wòagblɔ le dugbo la nu o.” (Lod. 24:7) Nunya vavã aɖeke menɔa bometsilawo ƒe nyawo me o. Eya tae Yehowa xlɔ̃ nu mí be ‘míate ɖa le bometsilawo gbɔ.’—Lod. 14:7.
12. Nu kae míawɔ be míagasrɔ̃ bometsilawo o?
12 Mímesrɔ̃a ame siwo gbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo o, ke boŋ míedzea agbagba be míalɔ̃ eƒe mɔwo eye míawɔ eƒe sewo katã dzi. Be míawɔ esia geɖe wua, míate ŋu ade ŋugble le nu siwo do tso eme na ame siwo ɖo to Mawu, kple nu siwo do tso eme na ame siwo meɖo toe o la ŋu. Lé ŋku ɖe ame siwo gbe Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu nàkpɔ kuxi siwo wohe va wo ɖokuiwo dzi ɖa. Eyome bu ale si toɖoɖo Yehowa na wò agbenɔnɔ nyo wu la ŋu. Nu kae nède dzesii?—Ps. 32:8, 10.
13. Ðe Yehowa zia mía dzi be nunya vavãtɔ nasu mía sia?
13 Yehowa di be nunya vavãtɔ nasu amewo katã si, gake mezinɛ ɖe wo dzi o. Ke boŋ egblɔ nu si dona tsoa eme na ame siwo gbe nunya vavãtɔ. (Lod. 1:29-32) Ame siwo gbe be yewomaɖo to Yehowa o la ‘akpɔ woƒe nuwɔnawo me tsonuwo.’ Woƒe nuwɔna ahe kuxi kple vevesese geɖe vɛ na wo eye woatsrɔ̃ mlɔeba. Gake Yehowa do ŋugbe na ame siwo sea eƒe aɖaŋuɖoɖowo eye wowɔa wo dzi ya be: “Ame si ɖoa tom la, anɔ anyi dedie, aɖe dzi ɖi, eye vɔ̃ madzi ŋɔ nɛ o.”—Lod. 1:33.
NUNYA VAVÃTƆ ÐEA VI NA MÍ
Ne míeɖoa nya ŋu le kpekpeawo mea, mía kple Yehowa dome anɔ nyuie (Kpɔ memama 15 lia)
14-15. Nu kae míesrɔ̃ tso Lododowo 4:23?
14 Ne míena Mawu ƒe nunya su mía sia, aɖe vi na mí ɣesiaɣi. Abe ale si míegblɔe va yi enea, Yehowa na wòle bɔbɔe be eƒe nunya nasu mía si. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ɖo aɖaŋu geɖe le Lododowo ƒe agbalẽa me siwo ate ŋu aɖe vi na mí ɣesiaɣi. Na míadzro wo dometɔ ene me.
15 Kpɔ wò kpɔɖeŋudzia ta. Biblia gblɔ be: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nu bubu ɖe sia ɖe, elabena eya mee agbe tsona.” (Lod. 4:23) Nu kawoe míewɔna tsɔ kpɔa míaƒe dzi ta? Míeɖua nu nyuie, míedea kame nyuie, eye míeƒoa asa na numame gbegblẽwo. Ehiã be míawɔ nu mawo tɔgbi atsɔ akpɔ míaƒe kpɔɖeŋudzia ta. Ele be míanɔ nu ɖum, si fia be míanɔ Mawu ƒe Nyaa xlẽm gbe sia gbe, míadzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu, míade kpekpeawo eye míaɖo nya ŋu. Ele be míanɔ kame dem, si fia be míanɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm edziedzi. Ele be míaƒo asa na numame gbegblẽwo, si fia be míaƒo asa na hadede vɔ̃wo, modzakaɖeɖe siwo mesɔ o, kple nu sia nu si ate ŋu awɔe be míagava nɔ nuwo ŋu bum abe ale si Yehowa bua woe ene o.
Ne míetsia dzi ɖe ga ŋu fũu oa, nu siwo le mía si adze mía ŋu (Kpɔ memama 16 lia)
16. Alekee Lododowo 23:4, 5 me nyawo aɖe vi na mí egbea?
16 Na nu si le asiwò nàdze ŋuwò. Biblia ɖo aɖaŋu be: “Mèganɔ hloloe tsom atraɖii be yeakpɔ kesinɔnu o. . . . Kaka wò ŋku nakpɔe la, enu yi xoxo, elabena ato aʋala abe hɔ̃ ene adzo ayi dzi ʋĩi.” (Lod. 23:4, 5) Ga kple kesinɔnuwo nu va yina kaba ŋutɔ. Gake egbea, kesinɔtɔwo kple ame dahewo siaa wɔa nu sia nu si woate ŋui be yewoakpɔ ga, ne esia aklo bubu le wo ŋu, agblẽ wo kple woƒe ame veviwo dome, alo ade woƒe agbe afɔku me gɔ̃ hã. (Lod. 28:20; 1 Tim. 6:9, 10) Nunya vavãtɔ kpena ɖe mía ŋu míetsia dzi ɖe ga ŋu fũu o. Esia ta míeklẽa ŋu o, ke boŋ nu siwo le mía si dzea mía ŋu eye míekpɔa dzidzɔ.—Nyagb. 7:12.
Ne míebua míaƒe nyawo ŋu hafi ƒoa nua, míaƒe nyawo magblẽ nu le amewo ŋu o (Kpɔ memama 17 lia)
17. Aleke míana míaƒe nyawo ‘nada gbe le ame ŋu’? (Lododowo 12:18)
17 Bu wò nyawo ŋu nyuie hafi nàƒo nu. Ne míekpɔ nyuie oa, míaƒe nyawo ate ŋu agblẽ nu le amewo ŋu. Biblia gblɔ be: “Nuƒoƒo eŋumabumabui le abe yitɔame ene, ke nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.” (Lod. 12:18) Míakpe asi ɖe eŋu be ŋutifafa nanɔ anyi ne míeƒoa nu tso amewo ƒe vodadawo ŋu na ame bubuwo o. (Lod. 20:19) Hafi míate ŋu aƒo nu wòada gbe le amewo ŋu, ke menye be wòagblẽ nu le wo ŋu oa, ele be míanɔ Biblia xlẽm, anɔ ŋugble dem le eŋu be wòatsi dzi me na mí. (Luka 6:45) Esia ana be míava nɔ abe “nunya ƒe vudo” ene, eye míaƒe nyawo anɔ abe tsi ene afa akɔ na amewo.—Lod. 18:4.
Ne míewɔna ɖe habɔbɔa ƒe mɔfiamewo dzia, míawɔ subɔsubɔdɔa nyuie (Kpɔ memama 18 lia)
18. Aleke aɖaŋuɖoɖo si dze le Lododowo 24:6 akpe ɖe mía ŋu míawɔ subɔsubɔdɔa nyuie?
18 Wɔ ɖe mɔfiame dzi. Biblia ɖo aɖaŋu nyui aɖe be: “Mɔfiame nyuitɔe nàtsɔ awɔ wò aʋae, eye aɖaŋuɖola geɖewo dzie wotona kpɔa dzidzedze.” (Lod. 24:6, etenuŋɔŋlɔ) Aleke aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ aɖe vi na mí le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me? Míedzea agbagba be míawɔ ɖe mɔfiame siwo wona mí ku ɖe subɔsubɔdɔa ŋu dzi, ke menye be míawɔe ale si míedi o. Míexɔa mɔfiame siawo le míaƒe kpekpewo me, afi si míexɔa hehe le. Ðewo nyea nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi siwo nɔvi kpɔnuteƒewo ƒona, eye ɖewo nyea wɔwɔfiawo. Azɔ hã, Yehowa ƒe habɔbɔa naa agbalẽwo kple video vovovowo mí be míatsɔ akpe ɖe amewo ŋu woase Biblia gɔme. Ðe nèsrɔ̃ ale si nàzã dɔwɔnu mawo nyuiea?
19. Aleke nèsena le ɖokuiwò me tso nunya si tso Yehowa gbɔ ŋu? (Lododowo 3:13-18)
19 Xlẽ Lododowo 3:13-18. Míedaa akpe na Mawu be wòɖoa aɖaŋu nyuiwo na mí le eƒe Nyaa me. Aleke míaƒe agbe anɔ ne ɖe Biblia mesu mía si o? Le nyati sia mea, míekpɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le Lododowo ƒe agbalẽa me siwo ate ŋu ana míadze nunya la dometɔ aɖewo. Ke hã, Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖowo le Biblia-gbalẽ bubuawo hã me. Mina míaɖoe kplikpaa awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo mawo dzi ɣesiaɣi. Ame akpa gãtɔ medea bubu nunya si tso Mawu gbɔ ŋu o, gake míawo ya míeka ɖe edzi bliboe be “woayɔ ame siwo [và nunya] goŋgoŋ la be dzidzɔtɔwo.”
HADZIDZI 36 Míadzɔ Míaƒe Dzi Ŋu
a Nunya si tso Yehowa gbɔ ƒo xexea tɔ ta sãsãsã. Le nyati sia mea, míaƒo nu tso kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi aɖe si dze le Lododowo ƒe agbalẽa me be nunya le ɣli dom le ablɔwo dzi la ŋu. Míakpɔ nu siwo míawɔ be nunya vavãtɔ nasu mía si, nu si tae ame aɖewo medii o, kple ale si wòaɖe vi na mí ne esu mía si.