Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Esi wodzi Yesu le Betlehem megbea, nu ka tae Yosef kple Maria metrɔ yi wo de Nazaret o?
Biblia megblɔ susu si tae o. Gake egblɔ nu si gbɔ wòanya tso be wotso nya me nenema.
Mawudɔla aɖe gblɔ na Maria be afɔ fu adzi vi. Ɣemaɣia, Maria kple Yosef nɔ Nazaret le Galilea; du ma mee Yosef tso. (Luka 1:26-31; 2:4) Emegbe esi wogbɔ tso Egiptea, wotrɔ yi Nazaret. Afi mae Yesu tsi le eye wòva zu Nazaretetɔ. (Mat. 2:19-23) Eya ta esɔ be míayɔ Yesu, Maria, kple Yosef be Nazaretetɔwo.
Maria ƒe ƒometɔ aɖe si ŋkɔe nye Elizabet nɔ Yuda. Elizabet nye nunɔla Zakariya srɔ̃ eye eyae va dzi Yohanes Amenyrɔɖetsimela. (Luka 1:5, 9, 13, 36) Maria yi Elizabet gbɔ le Yuda eye wònɔ afi ma ɣleti etɔ̃. Eyome etrɔ gbɔ va Nazaret. (Luka 1:39, 40, 56) Ta edze ƒãa be Maria nya Yuda nutowo me.
Ɣeyiɣi aɖewo megbea, wode se be ame sia ame nayi wo de ne ‘woaŋlɔ woƒe ŋkɔwo,’ eye Yosef wɔ ɖe sea dzi. Esia abia be woazɔ mɔ tso Nazaret ayi Betlehem, si nye “David ƒe du,” afi si wogblɔ ɖi be woadzi Mesia le la me. (Luka 2:3, 4; 1 Sam. 17:15; 20:6; Mika 5:2) Esi wònye Maria va dzi vi teti koe nye ema taa, Yosef mena wozɔ mɔ legbee ma trɔ yi Nazaret o. Woyi edzi nɔ Betlehem, si didi tso Yerusalem gbɔ kilometa 9. Esia ana wòanɔ bɔbɔe be woakɔ vidzĩa ayi gbedoxɔa me eye woasa vɔ si Mose ƒe Sea bia.—3 Mose 12:2, 6-8; Luka 2:22-24.
Mawudɔlaa gblɔ na Maria do ŋgɔ be woatsɔ “David ƒe fiazikpui” ana via eye ‘wòaɖu Fia.’ Ðe wòanye be Yosef kple Maria kpɔe be eɖe dzesi ŋutɔ be yewodzi Yesu le David ƒe du la mea? (Luka 1:32, 33; 2:11, 17) Ðewohĩ woanya susui be anyo be yewoakpɔtɔ anɔ afi ma eye yewoakpɔ Mawu sinu be wòafia nu si yewoawɔ la yewo.
Mímenya ɣeyiɣi didi si wonɔ Betlehem hafi ɣletivimefakalawo va wo gbɔ o. Gake ɣemaɣia, ƒomea nɔ aƒe aɖe me eye ‘wo via’ meganye vidzĩ o. (Mat. 2:11) Edze be wometrɔ yi Nazaret o, ke boŋ woyi edzi nɔ Betlehem ɣeyiɣi didi aɖe eye afi ma dze eme na wo.
Herodes ɖe gbe be woawu “ŋutsuvi siwo katã xɔ ƒe eve kple esiwo mexɔ nenema haɖe o” le Betlehem. (Mat. 2:16) Mawudɔla aɖe xlɔ̃ nu Yosef tso nya sia ŋu, eya ta ekplɔ Maria kple Yesu si yi Egipte eye wonɔ afi ma va se ɖe esime Herodes ku. Emegbe Yosef kplɔ eƒe ƒomea yi Nazaret. Nu ka tae wometrɔ va Betlehem o? Elabena Herodes vi Arkelao si nye ame vɔ̃ɖie nɔ dzi dum ɣemaɣi. Azɔ hã, mawudɔlaa xlɔ̃ nu Yosef tso afi ma yiyi ŋu. Le Nazaret la, woanɔ dedie eye anɔ bɔbɔe be wòahe Yesu be wòasubɔ Mawu.—Mat. 2:19-22; 13:55; Luka 2:39, 52.
Edze ƒaa be, Yosef ku hafi Yesu xe tafe si ʋu mɔnukpɔkpɔa ɖi be ame aɖewo nate ŋu ava nɔ agbe le dziƒo. Eya ta woafɔ Yosef wòava nɔ agbe le anyigba dzi. Mɔnukpɔkpɔ asu ame geɖe si be woado goe eye woase susu siwo tae eya kple Maria tiae be yewoayi edzi anɔ Betlehem esime wodzi Yesu teti.