NU SIWO NÀGATE ŊU ASRƆ̃
Mawuvɔ̃lawo Tsoa Nya Me Nyuie
Xlẽ 1 Mose 25:29-34 ne nàkpɔe ɖa be ɖe Esau kple Yakob tso nya me nyuie hã.
Ku nudzɔdzɔ bliboa me. Nu kae dzɔ do ŋgɔ? (1 Mose 25:20-28) Nu kae va dzɔ emegbe?—1 Mose 27:1-46.
Ku eme tsitotsito. Le ɣeyiɣi mawo me la, gome kawoe le ŋgɔgbevi si, eye agba kawo hãe le edzi?—1 Mose 18:18, 19; w10 5/1 13.
Ðe wòle be ame nanye ŋgɔgbevi kokoko hafi adze anye Mesia la tɔgbuia? (w17.12 14-15)
De dzesi nufiameawo eye nàwɔ wo dzi. Nu ka tae Yakob de asixɔxɔ ŋgɔgbevinyenyea ŋu wu Esau? (Heb. 12:16, 17; w03 10/15 28-29) Aleke Yehowa se le eɖokui me tso nɔvi eve siawo ŋu, eye nu ka tae? (Mal. 1:2, 3) Anye nu kae Esau ate ŋu awɔ be wòatso nya me nyuie hafi?
Bia ɖokuiwò be, ‘Aleke mate ŋu aɖee afia be mawusubɔsubɔ le vevie nam ne mele ɖoɖo wɔm ɖe ƒometadedeagu kple nu bubuwo ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa?’