NUSƆSRƆ̃NYATI 28
HADZIDZI 88 Na Manya Wò Mɔwo
Aleke Nàwɔ Adi Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo?
“Nunya tso aƒe ɖe ame siwo dia aɖaŋuɖoɖo gbɔ.”—LOD. 13:10.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míawɔ be aɖaŋuɖoɖo nyuiwo naɖe vi na mí.
1. Nu kae ana míatso nya me nyuie eye míaƒe ɖoɖowo nadze edzi? (Lododowo 13:10; 15:22)
MÍ KATÃ míedina be míatso nya me nyuie. Eye mí katã míedina hã be míaƒe ɖoɖowo nadze edzi. Be esiawo nava eme la, Mawu ƒe Nyaa na míenya be ele be míadi aɖaŋuɖoɖo.—Xlẽ Lododowo 13:10; 15:22.
2. Nu kae Yehowa do ŋugbe be yeawɔ na mí?
2 Mía Fofo Yehowae nye ame nyuitɔ si gbɔ míayi be wòana nunya mí eye wòaɖo aɖaŋu nyuiwo hã na mí. Edo ŋugbe be yeakpe ɖe mía ŋu esi wògblɔ be: “Nye ŋku anɔ ŋuwò eye maɖo aɖaŋu na wò.” (Ps. 32:8) Esia fia be menye ɖeko Yehowa ɖoa aɖaŋu na mí ko evɔ o, ke etsɔa ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ ɖe yeƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi.
3. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?
3 Le nyati sia me la, Mawu ƒe Nyaa akpe ɖe mía ŋu míaɖo nyabiase ene aɖewo ŋu: (1) Nɔnɔme nyui kawoe wòle be wòanɔ asinye ale be aɖaŋuɖoɖo nyuiwo naɖe vi nam? (2) Ame kawoe ate ŋu aɖo aɖaŋu nyuiwo nam? (3) Aleke mate ŋu aʋu nye dzi kple susu axɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo? (4) Nu ka tae mele be mabia amewo be woatso nya me nam o?
NƆNƆME KAWOE WÒLE BE WÒANƆ ASINYE?
4. Be aɖaŋuɖoɖo nyui naɖe vi na mí la, nɔnɔme kawoe wòle be wòanɔ mía si?
4 Be aɖaŋuɖoɖo nyuiwo naɖe vi na mí la, ele be míabɔbɔ mía ɖokui eye míanya afi si míaƒe ŋutete se ɖo. Ele be míalɔ̃ ɖe edzi be menye nu sia nue míenya o, eye míehiã ame bubuwo ƒe aɖaŋuɖoɖo be míate ŋu atso nya me nyuie. Ne míebɔbɔa mía ɖokui o la, Yehowa makpe ɖe mía ŋu o. Le esia ta la, ne míexlẽ eƒe Nyaa gɔ̃ hã, awɔ na mí be aɖaŋuɖoɖo siwo le emea meka mí o. Ðeko wòanɔ abe tsi kɔm míele ɖe kpe dzi ene. (Mika 6:8; 1 Pet. 5:5) Gake ne míebɔbɔa mía ɖokui la, míawɔ kaba axɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo awɔ ɖe edzi be wòaɖe vi na mí.
5. Nu kawoe Fia David wɔ si ate ŋu ana wòada hafi?
5 Bu nu si míate ŋu asrɔ̃ tso Fia David ƒe kpɔɖeŋua me ŋu kpɔ. Ete ŋu wɔ nu nyui geɖe, gake esia mena wòdo eɖokui ɖe dzi o. Hafi woaɖoe fia la, enye hadzila xɔŋkɔ. Wobia tso esi gɔ̃ hã be wòanɔ ha ƒom na fia la. (1 Sam. 16:18, 19) Yehowa tia David be wòava nye Israel-fia eye wòtsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe do ŋusẽe. (1 Sam. 16:11-13) David xɔ ŋkɔ le aʋawɔwɔ me. Ewu Filistitɔ Goliat kple futɔ geɖewo le aʋa me. Le esia ta la, amewo kafunɛ ŋutɔ. (1 Sam. 17:37, 50; 18:7) Ne dadala aɖee te ŋu wɔ nu siawo gbegbe la, anye ne malɔ̃ kura be ame aɖeke naɖo aɖaŋu na ye o. Gake David ya to vovo kura.
6. Aleke míewɔ nya be David lɔ̃na xɔa aɖaŋuɖoɖo? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)
6 Esi woɖo David zi dzi wòzu fia la, ekpɔtɔ ku ɖe exɔlɔ̃ siwo ɖoa aɖaŋu nyuiwo nɛ la ŋu. (1 Kron. 27:32-34) Esia mewɔ nuku kura o, elabena nɔnɔme ma le esi xoxoxo; elɔ̃na xɔa aɖaŋuɖoɖo. Menye ŋutsuwo ƒe aɖaŋuɖoɖo koe David xɔna o, ke elɔ̃ xɔ nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Abigail hã ƒe aɖaŋuɖoɖo. David mele abe Abigail srɔ̃ Nabal si nye dadala, ame mabuame, eye nu medzea eŋu o la ene o. David bɔbɔ eɖokui wɔ ɖe aɖaŋu si Abigail ɖo nɛ la dzi, eye esia na wòƒo asa na vodada gã aɖe wɔwɔ.—1 Sam. 25:2, 3, 21-25, 32-34.
Fia David bɔbɔ eɖokui xɔ Abigail ƒe aɖaŋuɖoɖo hewɔ ɖe edzi (Kpɔ memama 6)
7. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu nyui si David ɖo la me? (Nyagblɔla 4:13) (Kpɔ fotoawo hã.)
7 Míate ŋu asrɔ̃ nu nyui aɖewo tso David gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ŋutete nyuiwo le asiwò alo ele agbanɔamedzinɔƒe aɖe. Ne ele alea la, mele be míasusui be míenya nu sia nu eya ta míegahiã na aɖaŋuɖoɖo o. Ele be míasrɔ̃ David, alɔ̃ faa woaɖo aɖaŋu nyuiwo na mí, metsɔ le ame si le aɖaŋua ɖom na mí me o. (Xlẽ Nyagblɔla 4:13.) Ne míewɔe alea la, míaƒo asa na vodada gã siwo ate ŋu agblẽ nu le míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo ŋu la wɔwɔ.
Ele be míalɔ̃ faa axɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo, metsɔ le ame si le aɖaŋua ɖom na mí me o (Kpɔ memama 7)c
AME KAWOE ATE ŊU AÐO AÐAŊU NYUIWO NAM?
8. Nu ka tae Yonatan dze aɖo aɖaŋu na David le nɔnɔme ma me?
8 Míate ŋu asrɔ̃ nu bubu aɖe hã tso David gbɔ. Ebia aɖaŋuɖoɖo tso ame siwo vɔ̃a Yehowa gbɔ, eye ameawo nya nu tso nɔnɔme siwo me tom wòlea ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, esime David di be yeanya ne yeate ŋu avae wɔ ŋutifafa kple Fia Saul la, ewɔ ɖe aɖaŋu si Yonatan si nye Saul ƒe vi ɖo nɛ la dzi. Nu ka tae Yonatan te ŋu ɖo aɖaŋu nyui na David? Elabe kadodo nyui nɔ Yonatan kple Yehowa dome. Azɔ hã Yonatan nya Saul nyuie. (1 Sam. 20:9-13) Nufiame kae le esia me na mí?
9. Ame ka ŋue míate ɖo be wòaɖo aɖaŋu na mí? Ðe eme. (Lododowo 13:20)
9 Ne míehiã aɖaŋuɖoɖo la, anyo be míate ɖe ame si vɔ̃a Yehowa henya nu tso míaƒe nɔnɔmea ŋu nyuie la ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu.a (Xlẽ Lododowo 13:20.) Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe le nɔvinyɔnu si asɔ nɛ wòaɖe la dim. Ame kae ate ŋu aɖo aɖaŋu nyui nɛ? Exɔlɔ̃ aɖe si meɖe srɔ̃ o ate ŋu azã Biblia atsɔ aɖo aɖaŋu nyuiwo nɛ ya. Gake nɔviŋutsua akpɔ aɖaŋuɖoɖo si aɖe vi nɛ wu ne ebiae tso atsu kple asi siwo nyae nyuie, siwo le dzidzɔ kpɔm le woƒe srɔ̃ɖeɖe me, eye wole Yehowa subɔm ɖekae ƒe aɖewoe nye esia la gbɔ. Menye ɖeko woazã Biblia atsɔ aɖo aɖaŋu nɛ ko evɔ o, ke woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ si su wo si le woƒe srɔ̃ɖeɖea me hã nɛ.
10. Nu kawo mee míadzro azɔ?
10 Míedzro nɔnɔme eve siwo wòle be wòanɔ mía si kple ame siwo ŋu míate ɖo be woaɖo aɖaŋu nyuiwo na mí la me. Azɔ míadzro biabia siwo gbɔna me: Aleke nàʋu wò dzi kple susu be aɖaŋuɖoɖo nyuiwo naɖe vi na wò? Ðe wòle be nàbia amewo be woatso nya me na wòa?
ALEKE NÀƲU WÒ DZI KPLE SUSU BE AÐAŊUÐOÐO NYUIWO NAÐE VI NA WÒ?
11-12. (a) Ɣeaɖewoɣi la, nu kae ame aɖewo wɔna si mesɔ o? (b) Afɔ kae Fia Rehabeam ɖe esi wòhiã be wòatso nya me le nya vevi aɖe ŋu?
11 Ɣeaɖewoɣi adze abe ɖe ame aɖe le aɖaŋuɖoɖo dim ene gake le nyateƒe me la, etso nya me xoxo; ɖeko wòle didim be woagblɔ nya aɖe si asɔ ɖe edzi na ye. Ne nenemae la, ke menye aɖaŋuɖoɖo dimee amea le o. Ele be ame sia nasrɔ̃ nu tso nu si dzɔ ɖe Fia Rehabeam dzi la me.
12 Le Israel-fia Salomo ƒe ku megbe la, via Rehabeam ye va xɔ ɖe eteƒe. Esi Rehabeam zu fia la, nu de amewo dzi le dukɔa me, gake wose le wo ɖokui me be Salomo bia nu geɖe akpa tso yewo si. Eya ta wova Rehabeam gbɔ va ɖe kuku nɛ be wòaɖe agbaa dzi kpɔtɔ na yewo. Rehabeam gblɔ na wo be woana ɣeyiɣi ye, yeaɖo eŋu na wo. Gbãa, ewɔe nyuie be wòbia aɖaŋuɖoɖo tso ame siwo nɔ fofoa Salomo ŋu la gbɔ. (1 Fia. 12:2-7) Gake egbe aɖaŋu si ame tsitsiawo ɖo nɛ. Nu ka tae wòwɔ nu nenema? Ðe wòanye be Rehabeam tso nya me xoxo eye wòle didim be amewo nagblɔ nya aɖe si asɔ ɖe ye tɔ dzia? Ne ema dimee wòle la, ke ema ŋue wòke ɖo le ehatiwo gbɔ. (1 Fia. 12:8-14) Aɖaŋu si ehatiawo ɖo nɛ dzie wòwɔ ɖo tsɔ ɖo nya ŋu na dumemetsitsiawo. Esia wɔe be amewo dze aglã ɖe Rehabeam ŋu eye woɖo fia bubu. Tso ema dzi la, Rehabeam megakpɔ ŋutifafa aɖeke o.—1 Fia. 12:16-19.
13. Aleke míawɔ anya ne míeʋua míaƒe dzi kple susu xɔa aɖaŋuɖoɖo nyuiwo?
13 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Rehabeam dzi me? Mele be míatso nya me hafi ava nɔ aɖaŋuɖoɖo dim o, ke boŋ míaʋu míaƒe dzi kple susu axɔ aɖaŋuɖoɖo nyuiwo. Aleke míawɔ anya ne míelɔ̃na xɔa aɖaŋuɖoɖo? Míate ŋu abia mía ɖokui be, ‘Ðe mebiaa aɖaŋuɖoɖo gake meŋea aɖaba ƒua edzi ne mewɔ ɖeka kple nu si mele mɔ kpɔm be mase oa?’ Míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖa.
14. Ne woɖo aɖaŋu na mí la, nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ fotoa hã.)
14 Tsɔe be nɔviŋutsu aɖe kpɔ dɔ aɖe si ana wòakpɔ ga geɖe. Hafi wòalɔ̃ axɔ dɔa la, ebia aɖaŋuɖoɖo tso hamemetsitsi aɖe gbɔ. Ena hamemetsitsia nya be dɔa ana yeanɔ dzodzom le yeƒe ƒomea gbɔ kwasiɖa geɖe enuenu. Hamemetsitsia zã Biblia me gɔmeɖosewo tsɔ ɖo ŋku edzi na nɔviŋutsua be eƒe agbanɔamedzi vevitɔe nye be wòakpɔ eƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. (Ef. 6:4; 1 Tim. 5:8) Tsɔe be aɖaŋu si hamemetsitsia ɖo na nɔviŋutsua medzɔ dzi nɛ o, eye wòvae bia nɔvi bubuwo ƒe susu le nya ma ŋu va se ɖe esime wo dometɔ aɖe gblɔ nya si wòdi be yease la nɛ. Ðe míagblɔ be nɔviŋutsu ma le aɖaŋuɖoɖo dim ŋutɔŋutɔa, alo etso nya me xoxo eye wòdi be ame aɖe nagblɔ nya si asɔ ɖe edzi na yea? Mele be míaŋlɔ be o be alakpatɔe míaƒe dzia nye. (Yer. 17:9) Ɣeaɖewoɣi la, aɖaŋuɖoɖo si tututu míehiã ye nye esi masɔ tome na mí o.
Ðe míele aɖaŋuɖoɖo dim ŋutɔŋutɔa, alo míetso nya me xoxo eye míedi be ame aɖe nagblɔ nya si asɔ ɖe edzi na mía? (Kpɔ memama 14)
ÐE WÒLE BE NÀBIA AMEWO BE WOATSO NYA ME NA WÒA?
15. Nu kae wòle be míakpɔ nyuie be míagawɔ o, eye nu ka tae?
15 Agba le mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi be eya ŋutɔ natso nya me na eɖokui. (Gal. 6:4, 5) Abe ale si míedzro eme va yi ene la, nunyala adi aɖaŋuɖoɖo tso Mawu ƒe Nyaa me kple Kristotɔ tsitsiwo gbɔ hafi atso nya me. Gake mele be míabia tso amewo si be woatso nya me na mí o. Ame aɖewo tea ŋu biaa ame si ŋu wodea bubui tẽe be, “Ne wòe le nɔnɔme sia me la, nu kae nàwɔ?” Ame aɖewo ya mebiana tẽe o. Nu si wowɔnae nye be, wokpɔa ale si ame bubuwo ɖea afɔe eye woawo hã wowɔnɛ nenema, evɔ woawo ŋutɔwo menɔ anyi de ŋugble nyuie tso nɔnɔmea ŋu o.
16. Nya kae do mo ɖa le Korinto hamea me tso lã si wotsɔ sa vɔ na trɔ̃wo ŋu, eye ame ka ƒe agbae wònye be wòatso nya me le nu si wòawɔ ŋu? (1 Korintotɔwo 8:7; 10:25, 26)
16 Bu nu si dzɔ le ƒe alafa gbãtɔ me le Korinto hamea me ŋu kpɔ. Eva hiã be woatso nya me ku ɖe lã si woanya tsɔ sa vɔ na trɔ̃wo ŋu. Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Kristotɔ mawo be: “Míenyae be trɔ̃ menye naneke le xexea me o, eye be Mawu ɖeka hɔ̃ koe li.” (1 Kor. 8:4) Le nya si Paulo gblɔ ta la, nɔvi aɖewo tiae be yewoate ŋu aƒle lã si woanya tsɔ sa vɔ na trɔ̃wo si dzram wole le asime la faa. Nɔvi bubuwo ya tso nya me be yewoƒe dzitsinya maɖe mɔ na yewo be yewoaɖu lã mawo tɔgbi o. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 8:7; 10:25, 26.) Ame ŋutɔ ƒe nyametsotsoe esia nye. Paulo megblɔ na Korinto nɔviawo be woatso nya me na ame bubuwo alo akpɔ ale si ame bubuwo tso nya mee eye woawo hã woatso nya me nenema o. Wo dometɔ ɖe sia ɖe “abu akɔnta le eɖokui ŋu na Mawu.”—Rom. 14:10-12.
17. Ne ale si ame aɖe tso nya me dzie míenɔa te ɖo tsoa nya me la, nu kae ate ŋu adzɔ? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ fotoawo hã.)
17 Aleke nu ma tɔgbi ate ŋu adzɔ egbeae? Bu ʋumenu suesuewo ƒe nyaa ŋu kpɔ. Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nawɔ eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee ŋu dɔ atso nya me le ʋumenu suesuewo ƒe nyaa ŋu.b Ate ŋu asesẽ be míase egɔme bliboe ya, gake nyametsotso sia nye mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe agba si wòle be wòatsɔ. (Rom. 14:4) Ne ale si ame aɖe tso nya me dzie míenɔa te ɖo tsoa nya me la, ate ŋu ana míaƒe dzitsinya nagbɔdzɔ. Ne míewɔa mía ŋutɔ míaƒe dzitsinya ŋu dɔ tsoa nya me ko hafi míate ŋu amla dzitsinyaa wòawɔ dɔ nyuie. (Heb. 5:14) Ke ɣekaɣie wòasɔ be míabia aɖaŋuɖoɖo tso Kristotɔ tsitsi aɖe gbɔ? Ne míawo ŋutɔ míeku nu me tso nyaa ŋu, gake míegahiã kpekpeɖeŋu be míase ale si Biblia me gɔmeɖosewo ka míaƒe nɔnɔmeae gɔme la, ke míabia kpekpeɖeŋu.
Anyo be míaku nu me tso nyaa ŋu hafi abia aɖaŋuɖoɖo tso amewo gbɔ (Kpɔ memama 17)
YI EDZI NÀDI AÐAŊUÐOÐO NYUIWO
18. Nu kawoe Yehowa wɔ na mí?
18 Yehowa ka ɖe mía dzi ale gbegbe be eɖe mɔ na mí be míatso nya me na mía ɖokui. Ena eƒe Nya Biblia la mí. Eye wòna xɔlɔ̃ vavã siwo akpe ɖe mía ŋu míade ŋugble le Biblia me gɔmeɖosewo ŋu la hã mí. Esi wònye Fofo lɔ̃ame ta la, eto mɔ siawo dzi wɔ eƒe akpa dzi. (Lod. 3:21-23) Nu kae míawɔ atsɔ aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo wòwɔ na mí ŋu?
19. Nu kawoe míawɔ si ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ ɖe mía ŋu?
19 Bu nya sia ŋu kpɔ: Edzɔa dzi na dzilawo ne wo viwo tsi va zu Yehowa subɔla siwo bua nuwo ŋu nyuie hedze nunya. Nenema kee wòdzɔa dzi na Yehowa ne ekpɔ mí míeyi edzi le tsitsim le gbɔgbɔ me, míedia aɖaŋuɖoɖo nyuiwo eye míetsoa nya me nyuie wòdea bubu eyama ŋu.
HADZIDZI 127 Ame Si Ƒomevi Wòle Be Manye
a Asɔ ɣeaɖewoɣi be Kristotɔ nabia aɖaŋuɖoɖo tso ame siwo mesubɔa Yehowa o gbɔ ku ɖe ganyawo, dɔlényawo, alo nya bubuwo ŋu.
b Ne èdi nyatakaka geɖe tso nya sia ŋu la, ʋu Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ 39, numedzodzro 5 lia, kple akpa si nye “Ku Nu Me Tso Nyatia Ŋu.”
c NU SI LE EDZI YIM LE FOTOAWO ME : Hamemetsitsi aɖe le aɖaŋu ɖom na hamemetsitsi bubu ku ɖe ale si wòƒo nu le woƒe kpekpe aɖe mee ŋu. Axa 5: Nɔvinyɔnu aɖe le aɖaŋuɖoɖo biam tso ame vovovowo gbɔ. Esi wo dometɔ aɖeke ƒe aɖaŋuɖoɖo mesɔ ɖe edzi nɛ o ta la, edzo.