NUSƆSRƆ̃NYATI 29
HADZIDZI 87 Miva, Ne Miakpɔ Gbɔdzɔe
Aleke Nàwɔ Aɖo Aɖaŋu Nyuiwo?
“Nye ŋku anɔ ŋuwò eye maɖo aɖaŋu na wò.”—PS. 32:8.
TAÐODZINUA
Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si míawɔ aɖo aɖaŋu siwo aɖe vi na amewo.
1. Agba kae le mí katã dzi, eye nu ka tae?
ÐE NÈLƆ̃NA be yeaɖo aɖaŋua? Ame aɖewo lɔ̃a aɖaŋuɖoɖo na amewo. Gake ame aɖewo ya hena ɖe megbe eye womevona le wo ɖokui me ne wole aɖaŋu ɖom o. Aleke kee nyaa ɖale o, agba le mí katã dzi be míaɖo aɖaŋu ɣeaɖewoɣi. Nu ka tae? Elabena Yesu gblɔ be lɔlɔ̃ si ye yomedzelawo aɖe afia wo nɔewo ye woatsɔ ade dzesi wo be wonye Kristotɔ vavãwo. (Yoh. 13:35) Eye mɔ siwo dzi míato aɖee afia mía nɔviwo be míelɔ̃ wo dometɔ ɖekae nye be míaɖo aɖaŋu na wo ne ehiã. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be “aɖaŋuɖoɖo si tso dzi me nana wozua xɔlɔ̃ veviwoe.”—Lod. 27:9.
2. Nu kae wòle vevie be hamemetsitsiwo nanɔ wɔwɔm, eye nu ka tae? (Kpɔ aɖaka si nye “Aɖaŋuɖoɖo Na Amewo Le Kwasiɖa Domedome Kpekpea Me” hã.)
2 Ele vevie be hamemetsitsiwo nanye aɖaŋuɖola nyuiwo. Yehowa to Yesu dzi de dɔ asi na nɔviŋutsu siawo be woalé be na hamea me tɔwo. (1 Pet. 5:2, 3) Mɔ siwo dzi wotona wɔa esia dometɔ ɖekae nye ale si wozãa Biblia tsɔ ɖoa aɖaŋu ne wole nuƒo ƒom le hamea me. Woɖoa aɖaŋu na mí ame ɖekaɖekawo hã, eye wokpena ɖe ame siwo tra mɔ ŋu be woatrɔ ava Yehowa gbɔ. Aleke hamemetsitsiwo kple mí katã míawɔ aɖo aɖaŋu nyuiwo na amewo?
3. (a) Aleke míawɔ anya ale si míaɖo aɖaŋu nyui? (Yesaya 9:6; kpɔ aɖaka si nye “Srɔ̃ Yesu Ne Èle Aɖaŋu Ðom” hã.) (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?
3 Ne míedi be míanye aɖaŋuɖola nyuiwo la, anyo be míasrɔ̃ Bibliameme siwo ɖo aɖaŋu nyuiwo la ƒe kpɔɖeŋu. Wo dometɔ vevitɔe nye Yesu. Bubuŋkɔ si wotsɔ nɛ dometɔ ɖekae nye “Aɖaŋuɖola Bibi.” (Xlẽ Yesaya 9:6.) Le nyati sia me la, míadzro nya vevi siwo gbɔna me: (1) Nu kae wòle be míawɔ ne ame aɖe bia aɖaŋuɖoɖo tso mía gbɔ? (2) Nu kae wòle be míawɔ ne amea mebia aɖaŋuɖoɖo o, gake míekpɔe be ehiã be míaɖo aɖaŋu nɛ? Azɔ hã míakpɔ nu si tae wòle vevie be míaɖo aɖaŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi eye míawɔe le mɔ nyuitɔ nu.
NE AME AÐE BIA BE NÀÐO AÐAŊU NA YE
4-5. Ne ame aɖe bia be nàɖo aɖaŋu na ye la, nya kae wòle be nàbia ɖokuiwò gbã? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.
4 Ne ame aɖe bia be nàɖo aɖaŋu na ye la, aleke wòle be nàwɔ nui? Le ame aɖewo gome la, avivi wo nu eye woadi be yewoaɖo aɖaŋu na amea enumake. Gake anyo be míabia mía ɖokui gbã be, ‘Ðe medze aɖo aɖaŋu nɛ tso nya sia ŋua?’ Ɣeaɖewoɣi la, nu nyuitɔ si nàwɔ atsɔ akpe ɖe amea ŋue nye be nàɖoe ɖe ame si dze aɖo aɖaŋu nɛ nyuie tso nya ma ŋu la gbɔ.
5 Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be xɔ̃wò aɖe dze dɔ vevie. Egblɔ na wò be yeku nu me tso dɔdamɔnu vovovo siwo li la ŋu, eye wòbia tso asiwò be nàɖo aɖaŋu na ye tso wo dometɔ si nèsusu be esɔ nyuie wu la ŋu. Ate ŋu awɔ na wò be dɔdamɔnuawo dometɔ aɖe sɔ wu, gake nya lae nye be menye ɖɔktae nènye o eye mèxɔ hehe tso dɔdamɔnu ma ŋu o. Le esia me la, mɔ nyuitɔ si dzi nàto akpe ɖe xɔ̃wòa ŋue nye be nàɖoe ɖe ame si dze nyuie akpe ɖe eŋu la gbɔ.
6. Nu ka tae mele be nàtsɔ dzitsitsi aɖo aɖaŋu o?
6 Ne ewɔ na wò be yedze aɖo aɖaŋu tso nya si amea tsɔ vɛ ŋu hã la, anyo be nàtɔ sẽe hafi aɖo aɖaŋu. Nu ka tae? Lododowo 15:28 gblɔ be “ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame hafi ɖoa nya ŋu.” Ke ne ewɔ na wò be yenya nu tso nyaa ŋu eye aɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo le asiwò ya ɖe? Egahiã kokoko be nàgbɔ dzi ɖi aku nu me, ado gbe ɖa ahade ŋugble nyuie tso aɖaŋu si nàɖo la ŋu. Ne èwɔe alea la, àte ŋu aka ɖe edzi be aɖaŋu si nàɖo la wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe susu.
7. Nufiame kae le nu si nyagblɔɖila Natan wɔ me na mí?
7 Nyagblɔɖila Natan wɔ nane si mesɔ o. Esi Fia David gblɔ na Natan be yedi be yeatu gbedoxɔ na Yehowa la, eɖo eŋu nɛ enumake be newɔe. Gake ɖe wòle be Natan nabia gbe Yehowa gbã hafi aɖo aɖaŋu. Nu ka tae? Elabe menye David ye Yehowa di be wòatu gbedoxɔ na ye o. (1 Kron. 17:1-4) Kpɔɖeŋu sia fia mí be ne ame aɖe bia tso mía si be míaɖo aɖaŋu na ye la, nunya le eme be míanɔ “blewu le nuƒoƒo me,” si fia be míade ŋugble nyuie hafi aƒo nu.—Yak. 1:19.
8. Susu bubu ka tae wòle be míakpɔ nyuie hafi aɖo aɖaŋu?
8 Susu bubu si tae nunya le eme be míagatsɔ dzitsitsi aɖo aɖaŋu o ye nye be ne ame aɖe nɔ te ɖe míaƒe aɖaŋuɖoɖo dzi tso nya me eye nuwo meva yi nyuie o la, anɔ eme be fɔbubua ƒe ɖe anɔ míaƒe ta dzi. Eya ta eme kɔ ƒãa be ele vevie be míabu nuwo ŋu nyuie hafi aɖo aɖaŋu.
NE AMEA MEBIA AÐAŊUÐOÐO O GAKE WÒHIÃ BE NÀÐO AÐAŊU NƐ
9. Hafi hamemetsitsiwo naɖo aɖaŋu la, nu ka dzie wòle be woaka ɖo? (Galatiatɔwo 6:1)
9 Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be hamemetsitsiwo naɖo aɖaŋu na nɔvi aɖe si le “afɔ baɖa” ɖem. (Xlẽ Galatiatɔwo 6:1.) Numeɖeɖe si ku ɖe mawunyakpukpui sia ŋu le nusɔsrɔ̃ Biblia me le yevugbe me gblɔ be ame ma “le afɔ gbegblẽ ɖem si ate ŋu akplɔe ade nu vɔ̃ si nye ŋkubiãnya me.” Hamemetsitsiwo ƒe taɖodzinue nye be yewoakpe ɖe amea ŋu be wòagatra ɖa le agbemɔ la dzi o. (Yak. 5:19, 20) Gake be hamemetsitsiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo naɖe vi la, ele be woaka ɖe edzi gbã be amea le afɔ gbegblẽ ɖem nyateƒe. Yehowa ɖe mɔ na mí katã be míanɔ te ɖe míaƒe dzitsinya dzi atso nya me. Eya ta enɔa susu me na hamemetsitsiwo be ne ame aɖe ƒe nyametsotso mesɔ kple yewo tɔ o la, mefia kokoko be ele afɔ gbegblẽ ɖem o. (Rom. 14:1-4) Ke ne nɔvi aɖe le afɔ gbegblẽ ɖem nyateƒe eye hamemetsitsiwo kpɔe be ele be yewoaɖo aɖaŋu nɛ ya ɖe, aleke woawɔe?
10-12. Afɔ kawoe wòle be hamemetsitsiwo naɖe hafi aɖo aɖaŋu na ame aɖe si mebia be woaɖo aɖaŋu na ye o? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu. (Kpɔ fotoawo hã.)
10 Menɔa bɔbɔe na hamemetsitsiwo ne ehiã be woaɖo aɖaŋu na ame aɖe si mebia aɖaŋuɖoɖo o. Nu ka tae? Apostolo Paulo gblɔ be ame aɖe ate ŋu aɖe afɔ gbegblẽ evɔ manya gɔ̃ hã o. Eya ta hafi hamemetsitsiwo naɖo aɖaŋu na ame aɖe la, nanewo li wòle be woawɔ gbã ale be wòanɔ bɔbɔe na amea be wòaxɔ aɖaŋuɖoɖoa.
11 Aɖaŋuɖoɖo na ame aɖe si mebiae o la sɔ kple nukuwo ƒaƒã ɖe anyigba si ƒu la dzi. Hafi agbledela naƒã nuku ɖe anyigba ma tɔgbi dzi la, gbã ele be wòadzobo anyigbaa wòabɔbɔ nyuie. Eyome aƒã nukua ahade tsii ale be wòatsi nyuie. Nenema kee hafi hamemetsitsi naɖo aɖaŋu na ame aɖe si mebia aɖaŋuɖoɖo o la, ele be wòadzra amea ƒe dzi ɖo gbã. Le kpɔɖeŋu me, le ɣeyiɣi si sɔ me la, ele be hamemetsitsia nana amea nanya be yetsɔ ɖe le eme nɛ vevie, eye yedi be yewoaɖo dze. Ne wonya hamemetsitsia be elɔ̃a ame eye wòwɔa nu ɖe amewo ŋu nyuie la, anɔ bɔbɔe be woaxɔ eƒe aɖaŋuɖoɖo.
12 Ne ɣeyiɣia de eye wova le dzea ɖom la, hamemetsitsia ate ŋu ayi edzi awɔ nu siwo ana anyigbaa nabɔbɔ. Ate ŋu ana amea nanya be mí katã míedaa vo eye eva hiãna be woaɖo aɖaŋu na mí. (Rom. 3:23) Hamemetsitsia aƒo nu le tufafa kple lɔlɔ̃ me eye wòahe eƒe susu ayi Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose si ana wòakpɔe be yele afɔ gbegblẽ ɖem la dzi. Ne nɔvia de dzesii be yeda vo la, ekema hamemetsitsia “aƒã nukua” le mɔ sia nu be agblɔ nu si wòawɔ atsɔ aɖɔ nɔnɔmea ɖo la nɛ eme nakɔ. Mlɔeba la, hamemetsitsia “ade tsi” nukua, si fia be akafui tso dzi me le nu siwo me wòle agbagba dzem le la ta, eye wòado gbe ɖa kplii.—Yak. 5:15.
Ebia lɔlɔ̃ kple aɖaŋudzedze be míate ŋu aɖo aɖaŋu na ame aɖe si mebia aɖaŋuɖoɖo o (Kpɔ memama 10-12)
13. Aleke hamemetsitsiwo awɔ aka ɖe edzi be amea se aɖaŋu si yewoɖo nɛ la gɔme nyuie?
13 Ɣeaɖewoɣi la, ate ŋu adzɔ be ame si wole aɖaŋu ɖom na nase nyawo gɔme bubui. Nu kae hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ be esia nagadzɔ o? Woate ŋu abia nya aɖewo le ŋuɖɔɖo me atsɔ ahe amea ƒe susu ayi nya veviawo dzi. (Nyagb. 12:11) Ale si amea aɖo wo ŋui akpe ɖe aɖaŋuɖolaa ŋu wòakpɔe be amea se aɖaŋuɖoɖoa gɔme nyuie eye wònya ale si wòatsɔe awɔ dɔe.
ÐO AÐAŊU LE ƔEYIƔI NYUITƆ DZI LE MƆ NYUITƆ NU
14. Nu ka tae mele be míaɖo aɖaŋu ne míedo dziku o?
14 Esi mí katã míede blibo o ta la, míawɔ nane alo agblɔ nya aɖe si ave ame aɖe godoo. (Kol. 3:13) Biblia na eme kɔ be ate ŋu adzɔ be míawɔ nane si ado dziku na ame aɖe. (Ef. 4:26) Gake mele be míaɖo aɖaŋu esime míedo dziku o. Nu ka tae? Elabena “ame ƒe dziku mewɔa nu si le dzɔdzɔe le Mawu ŋkume o.” (Yak. 1:20) Ne míedo dziku hafi le aɖaŋu ɖom alo le ame aɖe ɖɔm ɖo la, míava gblẽ nyaa ɖe edzi kura. Gake esia mefia be mele be míagblɔ ale si míese le mía ɖokui me na ame si do dziku na mí o. Ne míelala míaƒe dzi fa la, ana míaƒo nu kple amea nyuie. Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖe tso Elihu si ɖo aɖaŋu nyui na Hiob gbɔ.
15. Nu kae míesrɔ̃ tso Elihu ƒe kpɔɖeŋua me? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)
15 Hiob xɔlɔ̃ aɖewo gblɔ nya siwo mesɔ o tso eŋu. Hiob dze agbagba be yeana woanya be nya si gblɔm wole mele eme o. Elihu gbɔ dzi ɖi ɖo to se Hiob ƒe nyawo katã ŋkeke geɖe. Esia na Elihu se veve ɖe enu. Ke hã, Elihu do dziku ɖe Hiob ŋu elabe Hiob gblɔ nya aɖewo siwo mesɔ o tso Yehowa ŋu esime wònɔ eɖokui ta ʋlim. Togbɔ be ele alea hã la, Elihu lala va se ɖe esime wòɖo edzi be wòaƒo nu. Esi wònɔ Hiob ɖɔm ɖo la, eƒo nu nɛ le tufafa kple bubu deto me. (Hiob 32:2; 33:1-7) Elihu ƒe kpɔɖeŋua fia nyateƒenya vevi aɖe mí si nye be, míaɖo aɖaŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi eye míawɔe le mɔ nyuitɔ nu, le bubu kple lɔlɔ̃ me.—Nyagb. 3:1, 7.
Togbɔ be nya siwo Hiob gblɔ wɔe be Elihu do dziku hã la, Elihu lala eƒe dziku nu fa hafi ɖo aɖaŋu na Hiob le tufafa kple bubu deto me (Kpɔ memama 15)
YI EDZI NÀÐO AÐAŊU EYE NÀLƆ̃ WOAÐO AÐAŊU NA WÒ
16. Nu kae nèsrɔ̃ tso Yehowa gbɔ le Psalmo 32:8?
16 Mawunyakpukpui si dzi wotu nusɔsrɔ̃ sia ɖo gblɔ be ‘Yehowa ƒe ŋku nɔa mía ŋu eye wòɖoa aɖaŋu na mí.’ (Xlẽ Psalmo 32:8.) Nya siawo fia be Yehowa ayi edzi akpe ɖe mía ŋu. Menye ɖeko wòɖoa aɖaŋu na mí ko evɔ o, ke ekpena ɖe mía ŋu hã be míawɔ edzi. Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi míate ŋu asrɔ̃! Ne mɔnukpɔkpɔ su mía si be míaɖo aɖaŋu na ame aɖe la, neva eme be míasrɔ̃ Yehowa anɔ dzi dem ƒo nɛ, eye míana kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si wòhiã lae be wòate ŋu atso nya me nyuie.
17. Ne hamemetsitsiwo tu woƒe aɖaŋuɖoɖowo ɖe Biblia dzi la, aleke esia nana míesena le mía ɖokui me? Ðe eme. (Yesaya 32:1, 2)
17 Míehiã aɖaŋuɖoɖo nyuiwo fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe, eye ehiã be míaɖo aɖaŋu nyuiwo na amewo hã. (2 Tim. 3:1) Hamemetsitsi siwo ɖoa aɖaŋu siwo sɔ siwo wotu ɖe Biblia dzi la le abe “tɔsisiwo le kuɖiɖinyigba dzi” ene. (Xlẽ Yesaya 32:1, 2.) Míeda akpe be xɔlɔ̃ vavã siwo mehena ɖe megbe ne ehiã be woaɖo aɖaŋu na mí o la le mía si. Woƒe nyawo “le abe sikatɔtɔŋuti le klosalogba me ene.” (Lod. 25:11) Neva eme be mí katã míasrɔ̃ ale si míaɖo aɖaŋu nyuiwo na amewo eye míawo hã míalɔ̃ faa woaɖo aɖaŋu na mí.
HADZIDZI 109 Milɔ̃ Mia Nɔewo Vevie Tso Dzi Me Ke