INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 August axa 8-13
  • Ka Ðe Edzi Be Yehowa Lɔ̃ Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ka Ðe Edzi Be Yehowa Lɔ̃ Wò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NU SI TAE WÒLE VEVIE BE NÀKA ÐE EDZI BE YEHOWA LƆ̃ WÒ
  • NU KAE AKPE ÐE ŊUWÒ NÀKA ÐE EDZI BE YEHOWA LƆ̃ WÒ?
  • YESU KPE ÐE MÍA ŊU BE MÍAKA ÐE YEHOWA ƑE LƆLƆ̃ DZI
  • YI EDZI NÀNƆ NU SIWO ANA NÀKA ÐE EDZI BE YEHOWA LƆ̃ WÒ LA WƆM
  • Yehowa Lɔ̃ Wò Vevie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Nu Kawoe Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Tafe Ƒe Ðoɖoa Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Nu Metsina O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Lɔ̃ Ðe Edzi Ðokuibɔbɔtɔe Be Menye Nu Sia Nue Yeate Ŋu Anya O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 August axa 8-13

NUSƆSRƆ̃NYATI 33

HADZIDZI 4 “Yehowae Nye Kplɔlanye”

Ka Ðe Edzi Be Yehowa Lɔ̃ Wò

“Meyi edzi ɖe lɔlɔ̃ si nu metsina o la fia wò eye mehe wò ɖe ɖokuinye ŋu.”—YER. 31:3, etenuŋɔŋlɔ.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu si tae wòle vevie be míaka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí. Azɔ hã, míakpɔ nu siwo akpe ɖe mía ŋu be míaka ɖe eƒe lɔlɔ̃ dzi.

1. Nu ka tae nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa? (Kpɔ fotoa hã.)

ÐE NÈÐO ŋku ɣeyiɣi si me nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa dzia? Esi nèva nya Yehowa eye nèlɔ̃e tae nètso nya me be yeatsɔ ye ɖokui anae ɖo. Èdo ŋugbe nɛ be yeana eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ nanye nu vevitɔ na ye le agbe me eye be yeayi edzi alɔ̃e kple dzi, luʋɔ, tamesusu kple ŋusẽ blibo. (Marko 12:30) Tso ɣemaɣi la, ale si nèlɔ̃ eyama gade to ɖe edzi. Ke ne ame aɖe bia wò be, ‘Ðe nèka ɖe edzi be nèlɔ̃ Yehowa’ hã la, aleke nàɖo eŋui? Ðikeke mele eme o be àɖo eŋu enumake be, ‘Ɛ̃, melɔ̃e wu ame sia ame, eye melɔ̃e wu nu sia nu!’

Fotoawo: Nɔvinyɔnu aɖe le ŋku ɖom eƒe adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ dzi. 1. Enɔ anyi ɖe gota le gbe dom ɖa. 2. Exɔ nyɔnyrɔ le tɔsisi aɖe me.

Ðe nèɖo ŋku ale si nèlɔ̃ Yehowa esime nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe nɛ hexɔ nyɔnyrɔ dzia? (Kpɔ memama 1)


2-3. Nu ka dzie Yehowa di be míaka ɖo, eye nu ka mee míadzro le nyati sia me? (Yeremiya 31:3)

2 Ke aleke nàɖo eŋu ne ame aɖe bia wò be, ‘Ðe nèka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wòa?’ Ðe nàɖo eŋu enumakea, alo ɖe eŋuɖoɖo asesẽ na wò vie le esi nèsusu be yemedze na Yehowa ƒe lɔlɔ̃ o ta? Nɔvinyɔnu aɖe si se le eɖokui me tso ɖevime ke be ye dzilawo melɔ̃ ye o la gblɔ be: “Menya be melɔ̃ Yehowa. Meka ɖe esia dzi. Gake zi geɖe la, mebiaa ɖokuinye nenye beYehowa lɔ̃m.” Ke wò hã ɖe, ɖe nèka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wòa?

3 Yehowa di be nàka ɖe edzi bliboe be yelɔ̃ wò. (Xlẽ Yeremiya 31:3.) Le nyateƒe me la, Yehowa ye he wò ɖe eɖokui ŋu. Eye esi nètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe nɛ hexɔ nyɔnyrɔ la, eƒe nunana tɔxɛ aɖe va su asiwò. Eyae nye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o. Esia fia be elɔ̃ wò ale gbegbe eye magblẽ wò ɖi akpɔ gbeɖe o. Esi Yehowa lɔ̃ esubɔla wɔnuteƒewo katã ta la, ebua wo be wonye yeƒe “nunɔamesi tɔxɛ,” eye wò hã èle wo dome. (Mal. 3:17) Apostolo Paulo ka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ye, eye Yehowa di be nàka ɖe yeƒe lɔlɔ̃ dzi nenema ke. Paulo gblɔ kple kakaɖedzi be: “Meka ɖe edzi bliboe be, eɖanye ku o, eɖanye agbe o, eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖuɖuwo o, eɖanye nu siwo li fifia o, eɖanye nu siwo le vava ge o, eɖanye ŋusẽwo o, eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ . . . gbɔ o.” (Rom. 8:​38, 39) Le nyati sia me la, míakpɔ nu si tae wòle vevie be míaka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí. Azɔ hã, míakpɔ nu siwo akpe ɖe mía ŋu be míaka ɖe eƒe lɔlɔ̃ dzi geɖe wu.

NU SI TAE WÒLE VEVIE BE NÀKA ÐE EDZI BE YEHOWA LƆ̃ WÒ

4. Aleke míawɔ atsi tre ɖe Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃ aɖe si menya kpɔna dzea si bɔbɔe o la ŋu?

4 Ne èka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò la, àte ŋu anɔ te sesĩe ɖe Satana ƒe ‘aɖaŋu vɔ̃awo’ dometɔ ɖeka nu. (Ef. 6:11) Satana le agbagba ɖe sia ɖe dzem be yeana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Eƒe aɖaŋu vɔ̃awo dometɔ ɖeka si menya kpɔna dzea si bɔbɔe o ye nye alakpanya si nye be Yehowa melɔ̃ mí o. Ðo ŋku edzi be Satana nɔa mɔnu dim le mía ŋu ɣesiaɣi. Zi geɖe ne nu siwo me míeto va yi, nu siwo me tom míele fifia, alo nu siwo me míesusu be míava to le etsɔme wɔe be dzi ɖe le mía ƒo la, Satana dina be yeawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ adze mía dzi. (Lod. 24:10) Biblia tsɔ Satana sɔ kple dzata. Dzatawo dina be yewoadze lã siwo gbɔdzɔ la dzi. Nenema kee ne míegbɔdzɔ alo dzi ɖe le mía ƒo la, Satana dina be yeana míana ta. Gake ne míeka ɖe edzi bliboe be Yehowa lɔ̃ mí la, anɔ bɔbɔe na mí be ‘míatsi tsitre ɖe’ Satana kple eƒe aɖaŋu vɔ̃awo ŋu.—1 Pet. 5:​8, 9; Yak. 4:7.

5. Nu ka tae wòle vevie be nàse le ɖokuiwò me be Yehowa lɔ̃ wò hedea asixɔxɔ ŋuwò?

5 Ne èka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò la, esia ate wò ɖe eyama ŋu geɖe wu. Nu ka tae míegblɔe alea? Yehowa wɔ mí hede didia mía me be míalɔ̃ amewo eye amewo hã nalɔ̃ mí. Le dzɔdzɔme nu la, ne ame aɖe lɔ̃ wò la, wò hã àlɔ̃e. Eya ta zi ale si nèsena le ɖokuiwò me be Yehowa lɔ̃ ye hedea asixɔxɔ ye ŋu la, zi nenemae wò hã àlɔ̃e. (1 Yoh. 4:19) Eye ne míaƒe lɔlɔ̃ na eyama le to dem ɖe edzi la, eya hã ƒe lɔlɔ̃ na mí anɔ to dem ɖe edzi. Biblia gblɔe eme kɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yak. 4:8) Nu kawoe míawɔ be míaka ɖe edzi bliboe be Yehowa lɔ̃ mí?

NU KAE AKPE ÐE ŊUWÒ NÀKA ÐE EDZI BE YEHOWA LƆ̃ WÒ?

6. Ne mèka ɖe edzi tututu be Yehowa lɔ̃ wò o la, nu kae wòle be nàwɔ?

6 Nɔ gbe dom ɖa na Yehowa edziedzi be wòakpe ɖe ŋuwò nàde dzesii be elɔ̃ wò. (Luka 18:1; Rom. 12:12) Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàbu ɖokuiwò abe ale si wòbua wò ene, ne ehiã be nàwɔ esia zi geɖe le ŋkekea me gɔ̃ hã. Anɔ eme be ne wò dzi bua fɔ wò la, manɔ bɔbɔe be nàka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò o. Gake ɖo ŋku edzi be Yehowa nye gã wu wò dzi. (1 Yoh. 3:​19, 20) Enya wò nyuie wu ale si nènya ɖokuiwò, eye edea dzesi nɔnɔme nyui aɖewo le mewò siwo ɖewohĩ wò ŋutɔ mède dzesi o gɔ̃ hã. (1 Sam. 16:7; 2 Kron. 6:30) Eya ta gblɔ ale si tututu nèle sesem le ɖokuiwò me la nɛ, eye nàbiae be wòakpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi be elɔ̃ wò. (Ps. 62:8) Eyome wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo gbɔna dzi.

7-8. Psalmowo me nya kawoe na míeka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí?

7 Ka ɖe nya si Yehowa gblɔ dzi. Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã Biblia ŋlɔlawo, eya ta nya siwo wogblɔ tso eŋu nye nyateƒe. Bu ale si David ɖɔ Yehowa le eƒe psalmo aɖe me ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe ame siwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ; exɔna na ame siwo ƒo dzi ɖe le.” (Ps. 34:​18, etenuŋɔŋlɔ) Ne dzi ɖe le ƒowò la, ate ŋu awɔ na wò be ame aɖeke mate ŋu ase nu gɔme na ye o. Gake Yehowa do ŋugbe be le ɣeyiɣi mawo me la, yetsɔ ɖe gbɔwò elabe enya be ɣemaɣie nèhiã ye wu. David gblɔ le Psalmo bubu aɖe hã me be: “Kɔ nye aɖatsiwo ɖe wò lãgbalẽgolo me.” (Ps. 56:8) Ne èlé blanui eye nèle veve sem la, Yehowa nyana. Etsɔa ɖe le eme na wò vevie ŋutɔ eye wòsea veve ɖe nuwò. Yehowa kɔa wò aɖatsiwo ɖe eƒe lãgbalẽgolo me le mɔ sia nu be mefena le wò vevesesewo kple wò aɖatsiwo ŋu o, abe ale si ko ame aɖe si le mɔ zɔm le gbedadaƒo mefena le tsinono si le eƒe nugo me ŋu o ene. Psalmo 139:3 gblɔ be: “Nye mɔwo katã le nyanya na wò [Yehowa] nyuie.” Yehowa kpɔa wò nuwɔnawo katã, gake nu nyui siwo nèwɔna ŋu koŋue wòléa ŋku ɖo tsitotsito. (Heb. 6:10) Nu ka tae? Elabena edea asixɔxɔ gã ale si nèle kutri kum be yeadze eŋu la ŋu.a

8 Nya fakɔname siawo tɔgbi siwo Yehowa zã le Biblia me la ɖee fia be ele gbɔgblɔm na wò be: “Medi be nànya be melɔ̃ wò vevie ŋutɔ eye metsɔa ɖe le eme na wò.” Gake abe ale si míede dzesii va yi ene la, Satana di be nàxɔe ase be Yehowa melɔ̃ wò o. Eya ta ɣeaɖewoɣi ne mèka ɖe edzi tututu be Yehowa lɔ̃ wò o la, tɔ sẽe nàbia ɖokuiwò be, ‘Ame ka ƒe nyawo dzie maxɔ ase—“aʋatsokafofo” la tɔe loo alo “nyateƒe Mawu” la tɔ?’—Yoh. 8:44; Ps. 31:5.

9. Ŋugbe kae Yehowa do na ame siwo lɔ̃e? (2 Mose 20:​5, 6)

9 Di ɣeyiɣi nàde ŋugble tso ale si Yehowa bua ame siwo lɔ̃e la ŋu. Bu nya si Yehowa gblɔ na Mose kple Israel-viwo ŋu kpɔ. (Xlẽ 2 Mose 20:​5, 6.) Yehowa do ŋugbe be yeayi edzi aɖe lɔlɔ̃ si nu metsina o afia ame siwo lɔ̃ ye. Kakaɖedzinya mawo na míekpɔe be mía Mawu wɔnuteƒe la magbe ame siwo lɔ̃e la lɔlɔ̃ o. (Neh. 1:5) Eya ta ne ewɔna na wò ɣeaɖewoɣi be Yehowa melɔ̃ ye o la, tɔ sẽe nàbia ɖokuiwò be: ‘Ðe melɔ̃ Yehowa?’ Nyateƒeae nye be, ne èlɔ̃e eye nèle agbagba ɖe sia ɖe dzem be yeawɔ nu wòadze eŋu la, ke ka ɖe edzi be eya hã lɔ̃ wò vevie. (Dan. 9:4; 1 Kor. 8:3) Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, ne èka ɖe edzi be yelɔ̃ Yehowa eye ɖikeke mele ema ŋu o la, ke nu ka tae nàke ɖi eya ƒe lɔlɔ̃ na wò? Àte ŋu aka ɖe edzi bliboe be alɔ̃ wò ɣesiaɣi eye magblẽ wò ɖi akpɔ o.

10-11. Aleke Yehowa di be nàbu tafeae? (Galatiatɔwo 2:20)

10 De ŋugble le tafea ŋu. Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa ye nye Yehowa ƒe nunana gãtɔ kekeake na ameƒomea. (Yoh. 3:16) Gake ɖe Yehowa dɔ Via be wòava ku ɖe wò hã tawòa? Ɛ̃! Bu apostolo Paulo ŋu kpɔ. Ðo ŋku edzi be ewɔ nu vɔ̃ gãwo hafi va zu Kristotɔ eye wòhiã be wòayi edzi anɔ avu wɔm kple eƒe blibomademadewo. (Rom. 7:​24, 25; 1 Tim. 1:​12-14) Ke hã, eva ka ɖe edzi be tafea nye nunana tso Yehowa gbɔ na ye. (Xlẽ Galatiatɔwo 2:20.) Ðo ŋku edzi be Yehowa to eƒe gbɔgbɔa dzi ʋã Paulo wòŋlɔ ale si wòva se le eɖokui me la ɖi. Eye ɖe woŋlɔ nu siwo katã le Biblia me la ɖi be woatsɔ afia nu mí. (Rom. 15:4) Paulo ƒe nyawo ɖee fia be Yehowa di be wò hã nàbu tafea be enye nunana tso ye gbɔ na wò. Ne èbua tafea nenema la, ado ŋusẽ wò nàka ɖe edzi bliboe be Yehowa lɔ̃ wò.

11 Míeda akpe na Yehowa be wòdɔ Via Yesu ɖe anyigba dzi wòva ku ɖe mía ta. Gake susu bubu si hã tae Yesu va anyigba dzi ɖoe nye be wòava fia Mawu ŋuti nyateƒea mí. (Yoh. 18:37) Nyateƒe si wòva fia la ƒe ɖee nye be Yehowa lɔ̃ viawo vevie.

YESU KPE ÐE MÍA ŊU BE MÍAKA ÐE YEHOWA ƑE LƆLƆ̃ DZI

12. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe nya sia nya si Yesu gblɔ tso Yehowa ŋu dzi?

12 Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eƒo nu tso ame si ƒomevi Yehowa nye ŋu na amewo faa. (Luka 10:22) Míate ŋu aka ɖe nya sia nya si Yesu gblɔ tso Yehowa ŋu dzi bliboe. Yesu nɔ Yehowa gbɔ le dziƒo ƒe miliɔn gbogbo aɖewo hafi va anyigba dzi. (Kol. 1:15) Yesu nya ale si gbegbe ye Fofo lɔ̃ ye. Yesu kpɔe be ye Fofo lɔ̃ mawudɔla wɔnuteƒewo kple amegbetɔ siwo katã wɔa nu dzɔdzɔe le anyigba dzi. Aleke Yesu kpe ɖe amewo ŋu woka ɖe edzi be Mawu lɔ̃ yewo?

13. Aleke Yesu di be míabu Yehowae?

13 Yesu di be míanya ale si tututu Yehowa sena le eɖokui me tso mía ŋu. Le Nyanyuigbalẽawo me la, Yesu yɔ Yehowa be “Fofo” wòwu zi 160 sɔŋ. Ne ele nu ƒom na eyomedzelawo la, ezãa nyawo abe “mia Fofo” alo “mia Fofo si le dziƒo” ene. (Mat. 5:16; 6:26) Nusɔsrɔ̃ ƒe Biblia si le yevugbe me la ɖe nu me tso Mateo 5:16 ŋu ale: “Mawusubɔla siwo do ŋgɔ la dometɔ geɖe zã bubuŋkɔwo abe ‘Ŋusẽkatãtɔ,’ ‘Dziƒoʋĩtɔ,’ kple ‘Wɔla Gã la’ ene ne wole nu ƒom tso Yehowa ŋu. Gake zi geɖe la, Yesu ya zãa nya bɔbɔe si nye ‘Fofo’ ne ele nu ƒom tso Yehowa ŋu. Eye esia ɖea kadodo kplikplikpli si le Yehowa kple esubɔlawo dome fiana.” Eme kɔ ƒãa be Yesu di be míabu Yehowa be enye mía Fofo si lɔ̃ mí viawo ale gbegbe. Yesu zã nya “Fofo” zi geɖe, gake na míadzro esia ƒe kpɔɖeŋu eve pɛ ko me.

14. Aleke Yesu ɖee fia be mía dometɔ ɖe sia ɖe le vevie na mía Fofo si le dziƒo? (Mateo 10:​29-31) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

14 Gbã la, de ŋugble le Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 10:​29-31 ŋu. (Xlẽe.) Atsutsrɔewo nye xe sue siwo mate ŋu alɔ̃ Yehowa ahasubɔe o. Ke hã, mía Fofo la dea asixɔxɔ atsutsrɔewo ŋu ale gbegbe be ne wo dometɔ ɖeka ge dze anyigba la, enyana. Ne nyaa le alea la, ke ɖe made asixɔxɔ esubɔla wɔnuteƒe siwo lɔ̃e la ŋu eye wòalé be na wo geɖe wu oa? Yesu gblɔ le kpukpui 30 lia me be “woxlẽ miaƒe taɖawo katã gɔ̃ hã.” Numeɖeɖe si kpe ɖe kpukpui sia ŋu le Nusɔsrɔ̃ Biblia me gblɔ be: “Ale si gbegbe Yehowa nya nu suetɔ kekeake tso mía ŋu tsitotsito la ɖee fia be Kristo yomedzela ɖe sia ɖe le vevie nɛ ŋutɔ.” Ðikeke mele eme o be Yesu di be míaka ɖe edzi be mía dometɔ ɖe sia ɖe xɔ asi na mía Fofo si le dziƒo la vevie.

Yesu le asi fiam atsutsrɔe aɖe si le dzedzem ɖe anyigba. Eƒe nusrɔ̃lawo le to ɖomee vevie.

Yehowa dea asixɔxɔ atsutsrɔe ɖeka gɔ̃ hã ŋu eye enyana ne ege dze anyigba. Ke aleke gbegbe wòalɔ̃ wò, ame si nye esubɔla wɔnuteƒe wue nye esi! (Kpɔ memama 14)


15. Nu kae nya siwo Yesu gblɔ le Yohanes 6:44 la fia wò tso Fofowò si le dziƒo la ŋu?

15 Míagakpɔ teƒe bubu aɖe si Yesu zã nya “Fofo” le. (Xlẽ Yohanes 6:44.) Fofowò si le dziƒo la ŋutɔe he wò ɖɔɖɔɖɔ va eɖokui gbɔ, alo va nyateƒea me. Nu ka tae wòkplɔ wò va eɖokui gbɔ? Elabe ekpɔe be dzi ƒe nɔnɔme nyui le asiwò. (Dɔw. 13:48) Numeɖeɖe si ku ɖe Yohanes 6:44 ŋu le Nusɔsrɔ̃ Biblia me la gblɔ be Yesu anya nɔ susu hem yi Yeremiya ƒe nya siwo dze le mawunyakpukpui si dzi wotu nusɔsrɔ̃ sia ɖo me la dzi, si gblɔ be: “Metsɔ lɔlɔ̃ mavɔ lɔ̃ wò [alo, meyi edzi ɖe lɔlɔ̃ si nu metsina o la fia wò].” (Yer. 31:​3, etenuŋɔŋlɔ; tsɔe sɔ kple Hosea 11:4.) Wò ya bu nu si esia fia ŋu kpɔ ko. Mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la dea dzesi nɔnɔme nyui siwo le asiwò siwo wò ŋutɔ mènya gɔ̃ hã o.

16. (a) Nu ka gɔmee Yesu di be míase, eye nu ka tae wòle be míaka ɖe eƒe nyawo dzi? (b) Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi be Yehowae nye Fofo nyuitɔ na wò? (Kpɔ aɖaka si nye “Fofo Si Mí Katã Míehiã.”)

16 Esi Yesu ɖɔ Yehowa be mía Fofo la, kpuie ko la enɔ gbɔgblɔm na mí be: “Menye Fofonye koe wònye o, enye miawo hã mia Fofo. Eye meka ɖe edzi na mi be elɔ̃ mi vevie eye wòtsɔ ɖe le eme na mia dometɔ ɖe sia ɖe.” Eya ta ne ewɔna na wò ɣeaɖewoɣi be Yehowa melɔ̃ ye o la, tɔ sẽe nàbia ɖokuiwò be, ‘Ne Yesu si nya Fofoa nyuie hetoa nyateƒe ɣesiaɣi gblɔ be ye Fofo lɔ̃ mí la, ɖe nyemaka ɖe edzi oa?’—1 Pet. 2:22.

“Fofo Si Mí Katã Míehiã”

Nya siawo dze le Te Ðe Yehowa Ŋu gbalẽa ƒe ŋgɔdonyawo me. Esi wonɔ taɖodzinu si tae wota agbalẽ sia ɖo me ɖem la, wogblɔ be: “Míakpɔe be Yehowae . . . nye Fofo si mí katã míehiã. Esi wònye ŋusẽtɔ, dzɔdzɔetɔ, nunyala, kple lɔlɔ̃tɔ ta la, megblẽa via wɔnuteƒewo ɖi gbeɖe o.”

Ame aɖe si fofo sẽ ŋuta le eŋu si xlẽ agbalẽ sia gblɔ be: “Agbalẽa fiam be nya ‘Fofo’ menye vɔvɔ̃ kura o. Fifia mese nu si fofo nyui nye la gɔme. Menya be Yehowa xɔm abe via ene, eye nye hã melɔ̃ be wòanye Fofonye.” Ame bubu aɖe si hã xlẽ agbalẽ sia gblɔ be: “Vavãe, Yehowae nye Fofo nyuitɔ kekeake si ate ŋu asu ame si!”

Be nàte ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa nye Fofo si nèhiã la, ɖe manyo be nàɖoe ɖokuiwò dzi agaxlẽ agbalẽ sia oa?

YI EDZI NÀNƆ NU SIWO ANA NÀKA ÐE EDZI BE YEHOWA LƆ̃ WÒ LA WƆM

17. Nu ka tae wòle vevie be míayi edzi aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí?

17 Ele be míayi edzi anɔ nu siwo ana míaka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí la wɔm. Ðo ŋku edzi be míaƒe futɔ Satana le agbagba ɖe sia ɖe dzem be yeana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. Awɔ nu sia nu si wòate ŋui be yeana míase le mía ɖokui me be Mawu melɔ̃ mí o. Mele be míaɖe mɔ nɛ kura o!—Hiob 27:5.

18. Nu kae nàwɔ atsɔ aka ɖe edzi na ɖokuiwò be Yehowa lɔ̃ wò?

18 Míesrɔ̃ nu siwo nàwɔ be nàka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ye la le nyati sia me. Àte ŋu ado gbe ɖa nɛ abiae be wòakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nɔnɔme nyui siwo wòkpɔna le mewò. De ŋugble le ale si Biblia ŋlɔlawo ɖɔ ale si Yehowa ɖea lɔlɔ̃ fiaa ame siwo subɔnɛ la ŋu. Ðo ŋku edzi be Yehowa lɔ̃a ame siwo lɔ̃nɛ la ɣesiaɣi. De ŋugble le tafea ŋu eye nàkpɔe be tawòe wonae ɖo. Ka ɖe nya si Yesu gblɔ be Yehowa nye Fofowò si le dziƒo la dzi. Ke ne edzɔ be ame aɖe bia wò be: “Èka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wòa?” Aleke nàɖo eŋui? Àɖo eŋu kple kakaɖedzi be: “Ɛ̃, elɔ̃m ŋutɔ! Eye mewɔa tɔnye sinua gbe sia gbe ɖenɛ fianɛ be melɔ̃e!”

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Nu ka tae wòle vevie be nàka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò?

  • Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ wò?

  • Aleke Yesu kpe ɖe mía ŋu be míaka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí?

HADZIDZI 154 Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O

a Be nàke ɖe mawunyakpukpui fakɔname siwo ana nàka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí ŋu la, kpɔ nyati si nye “Ne Ewɔ Na Mí Be Míele Vevie Na Yehowa O” le Biblia Me Mɔfiamewo Na Kristotɔwo gbalẽa me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe