NUSƆSRƆ̃NYATI 41
HADZIDZI 108 Mawu Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃
Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ Nu Metsina O
“Mida akpe na Yehowa, elabena eya amea nyo; eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.”—PS. 136:1.
TAÐODZINUA
Nyati sia aɖo ŋku edzi na mí be ale si Biblia ƒo nu tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu la ɖe dzesi, eye esia nyanya akpe ɖe mía ŋu míanɔ te sesĩe le nɔnɔme sesẽwo me.
1-2. Aleke kuxiwo nana Kristotɔ geɖewo sena le wo ɖokuiwo me egbea?
KPƆE ÐA le susu me be tɔdziʋu aɖee nye ema ahomya sesẽ aɖe tu va kpe. Atsiaƒua dze agbo eye wòle tɔdziʋua nyamam. Ne ame siwo le tɔdziʋua me meda seke nɛ o la, yaa akɔe ɖe enu ayi afi sia afi. Sekea alé tɔdziʋua ɖe te ale be ahomya la nagakɔe adzoe o.
2 Ne nɔnɔme sesẽwo alo xaxawo ɖe kpe na wò la, ɖewohĩ àkpɔ ɖokuiwò abe tɔdziʋu ma ene. Wò susu madze akɔ anyi kura o. Àte ŋu ase le ɖokuiwò me egbea be Yehowa lɔ̃ ye hele kpekpem ɖe ye ŋu, gake kaka ŋu nake la, ànɔ ɖokuiwò biam be, ‘Ðe Yehowa nya nu si me tom mele kura gɔ̃ hã ya?’ (Ps. 10:1; 13:1) Ðewohĩ nɔvi aɖe de dzi ƒo na wò si na wò dzi dze eme vie. (Lod. 17:17; 25:11) Gake sẽ kple sẽ koa, ɖikeke gaɖo mewò nàva nɔ ɖokuiwò biam be, ‘Ðe mele vevie na Yehowa?’ Ne edzɔ alea la, aleke nàte ŋu ada sekea le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, ale be nànɔ te sesĩe? Ne míagblɔe bubui la, nu kae ana nàka ɖe edzi ɣesiaɣi be Yehowa lɔ̃ ye eye wòayi edzi akpe ɖe ye ŋu?
3. Nu kae nya “lɔlɔ̃ si nu metsina o” si wozã le Psalmo 31:7 kple 136:1 la fia, eye nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yehowae ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake ɖi? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)
3 Nu si akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe xaxa siwo le abe ahom ene nu dometɔ ɖekae nye be nàɖo ŋku Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la dzi. (Xlẽ Psalmo 31:7; 136:1.) Nya “lɔlɔ̃ si nu metsina o” fia ale si woaku ɖe ame ŋu goŋgoŋ ɖaa. Yehowa ye ɖe lɔlɔ̃ si nu metsina o fia wòɖe dzesi wu ɖe sia ɖe. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu be ‘eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la sɔ gbɔ.’ (2 Mose 34:6, 7) Biblia gagblɔ tso Yehowa ŋu be: “Amenuveve bɔ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa wò la.” (Ps. 86:5) Bu nu si nya sia fia ŋu kpɔ: Yehowa megblẽa esubɔla wɔnuteƒewo ɖi gbeɖe o! Ne èɖoa ŋku edzi be Yehowa wɔa nuteƒe ɣesiaɣi la, esia anye seke si alé wò ɖe te ne èle nɔnɔme sesẽwo me tom.—Ps. 23:4.
Ale si ko seke léa tɔdziʋu ɖe te ne ahom tu la, nenema kee ne míeka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí la, esia alé mí ɖe te le nɔnɔme sesẽwo me (Kpɔ memama 3)
NYA SI BIBLIA GBLƆ TSO YEHOWA ƑE LƆLƆ̃ ŊU NYE NUFIAFIA VEVI AÐE
4. Biblia ƒe nufiafia vevi aɖewo ɖe, eye nu ka tae míeka ɖe wo dzi bliboe?
4 Nu ɖeka aɖe si ate ŋu alé wò ɖe te ne èle nɔnɔme sesẽwo me tom ye nye be nàɖo ŋku edzi be nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu la nye Biblia ƒe nufiafia vevi aɖe. Aleke nèse nya “Biblia ƒe nufiafia vevi” gɔme? Ðewohĩ wò susu ayi nyateƒenya aɖe si nèsrɔ̃ le Mawu ƒe Nyaa me la dzi. Le kpɔɖeŋu me, èva srɔ̃e be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa, eye Yesu nye Mawu ƒe Tenuvi. Èsrɔ̃e hã be ame kukuwo meganya naneke o, eye be anyigba ava zu Paradiso eye amegbetɔwo anɔ edzi tegbee. (Ps. 83:18; Nyagb. 9:5; Yoh. 3:16; Nyaɖ. 21:3, 4) Esi nèva srɔ̃ nyateƒenya vevi siawo la, ame aɖeke magate ŋu aflu wò bɔbɔe o. Nu ka tae? Elabena èva kpɔe be kpeɖodzi sẽŋuwo le wo ŋu. Enyanya be ale si Yehowa lɔ̃ mí nye Biblia ƒe nufiafia vevi aɖe la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míagbe susu totro si nye be Yehowa metsɔ ɖeke le eme na mí alo nya nu siwo me tom míele o. Na míakpɔ nu si tae ɖa.
5. Aleke nèwɔ ɖe asi le alakpanufiafiawo ŋu?
5 Esi nète Biblia sɔsrɔ̃ la, nu kae kpe ɖe ŋuwò nègbe nu le alakpanufiafiawo gbɔ? Anɔ eme be ètsɔ nu siwo nènya esime nènɔ sɔleme dem sɔ kple nu siwo Biblia fia. Bu esia ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ: Tsɔe be tsã la, èxɔe se be Yesue nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Gake esi nèva le Biblia srɔ̃m la, èbia ɖokuiwò be, ‘Ðe nufiafia sia nye nyateƒea?’ Esi nèse nya siwo Biblia gblɔ tso nya sia ŋu gɔme la, èkpɔe be menye Yesu kee ganye Mawu o. Èɖe asi le alakpanufiafia ma ŋu eye nèxɔ nu si Biblia fia la dzi se, si nye be: Yesue nye “nuwɔwɔwo katã ƒe gbãtɔ,” “Mawu ƒe Tenuvi la.” (Kol. 1:15; Yoh. 3:18) Nyateƒee, ate ŋu asesẽ be ame naɖe asi le alakpanufiafia siwo ‘ƒo ke ɖe to sesĩe’ la ŋu. (2 Kor. 10:4, 5) Gake esi nète ŋu ɖe asi le alakpanufiafia mawo ŋu la, ègbe nu le wo gbɔ keŋkeŋ.—Flp. 3:13.
6. Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa ƒe “lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee”?
6 Nu si nèwɔ hafi te ŋu ɖe asi le alakpanufiafiawo ŋu la kee ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàxɔe ase be Yehowa lɔ̃ ye. Ne èle nɔnɔme sesẽ aɖe me tom si wɔe be mèka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ye o la, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe ale si mele nuwo ŋu bum la sɔa?’ Tsɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la sɔ kple ale si woɖɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ le Psalmo 136:1 si nye mawunyakpukpui si dzi wotu nyati sia ɖo. Bia ɖokuiwò be, ‘Nu ka tae Yehowa gblɔ be yeƒe ‘lɔlɔ̃ nu metsina o’? Nu ka tae wozã nya “eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee” zi gbɔ zi 26 sɔŋ le Psalmo sia me?’ Abe ale si míegblɔe va yi ene la, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o hã nye Biblia ƒe gɔmedzenufiafia siwo dzi nèva xɔ se la dometɔ ɖeka. Susu si nye be Yehowa mebua mí ɖe ɖeke me o alo be melɔ̃ mí o la nye alakpa. Gbee, abe ale si ko nàgbe nu le alakpanufiafia ɖe sia ɖe gbɔ ene!
7. Mawunyakpukpui siwo ɖo kpe edzi be Yehowa lɔ̃ mí dometɔ aɖewo ɖe?
7 Nya geɖewo le Biblia me siwo ɖo kpe edzi na mí be Yehowa lɔ̃ mí vevie. Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Miexɔ asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.” (Mat. 10:31) Yehowa ŋutɔ gblɔ na eƒe amewo be: “Mado ŋusẽ wò; makpe ɖe ŋuwò. Matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusi alé wò ɖe te.” (Yes. 41:10) Nya siawo me kɔ ŋutɔ. Yesu megblɔ be ‘Anɔ eme be miexɔ asi sãsãsã wu wo’ o, ke boŋ ɖe wògblɔ be “Miexɔ asi sãsãsã wu.” Nenema kee Yehowa megblɔ be ‘Ðewohĩ makpe ɖe ŋuwò’ o. Ke boŋ ɖe wògblɔ be: “Makpe ɖe ŋuwò.” Ne èle nɔnɔme sesẽ aɖe me tom si wɔe be mèka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ ye o la, menye ɖeko kpukpui siawo ana nàse le ɖokuiwò me be Yehowa lɔ̃ ye ko o, ke woana nàka ɖe edzi bliboe hã be elɔ̃ ye. Wonye nyateƒenya vavãwo. Gbedodoɖa kple ŋugbledede le kpukpui siawo ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò hã àte ŋu agblɔ nya siwo dze le 1 Yohanes 4:16, afi si gblɔ be: “Míawo míeva nya ale si gbegbe Mawu lɔ̃ míi, eye míexɔ esia dzi se hã.”a
8. Nu kae akpe ɖe ŋuwò ne ewɔna na wò ɣeaɖewoɣi be Yehowa melɔ̃ ye o?
8 Ke ne egawɔna na wò kokoko be Yehowa melɔ̃ ye o ɖe, nu kae nàwɔ? Tsɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me la sɔ kple nu si nènya tso Yehowa ŋu. Míaƒe seselelãmewo tea ŋu trɔna eye míate ŋu aka ɖe edzi ɣesiaɣi o, gake Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la nye nyateƒe matrɔmatrɔ si dzi míate ŋu aka ɖo. Ne ame aɖe gakpɔtɔ le ɖi kem nya sia la, ke efia be ele gbɔgblɔm be nya si Biblia gblɔ be “Mawu nye lɔlɔ̃” la nye alakpa.—1 Yoh. 4:8.
DE ŊUGBLE LE ALE SI YEHOWA ‘MELƆ̃A NU LE GBƆWÒ O’ LA ŊU
9-10. Nu ka ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe hafi gblɔ be “Fofo la ŋutɔ melɔ̃a nu le mia gbɔ o”? (Yohanes 16:26, 27) (Kpɔ fotoa hã.)
9 Míagate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu ne míede ŋugble le nya si Yesu gblɔ na eyomedzelawo la ŋu. Egblɔ be: “Fofo la ŋutɔ melɔ̃a nu le mia gbɔ o.” (Xlẽ Yohanes 16:26, 27.) Yesu megblɔ nya sia be yeatsɔ ana dzi nadzɔ ye yomedzelawo ko o. Le nyateƒe me la, kpukpui siwo do ŋgɔ la na míekpɔe be menye woƒe seselelãmewo ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe hafi gblɔ nya sia o. Ke boŋ, nu bubu kura ŋue wònɔ nu ƒom tsoe, si nye gbedodoɖa.
10 Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa na Mawu le yeƒe ŋkɔ me, ke menye na ye o. (Yoh. 16:23, 24) Ele vevie be woanya esia. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre la, ate ŋu adzɔ be eyomedzela aɖewo nadi be yewoado gbe ɖa nɛ elabe Yesu nye wo xɔlɔ̃ vevi. Woanya susui be esi wòlɔ̃ yewo vevie ta la, esia aʋãe wòase yewoƒe kokoƒoƒowo eye wòagblɔe na Fofoa be wòawɔ nu si yewodi na yewo. Ke hã, Yesu medi be woabu nuwo ŋu nenema o. Nu ka tae? Egblɔ na wo be: “Elabena Fofo la ŋutɔ melɔ̃a nu le mia gbɔ o.” Yesu ƒe nyawo fia be Yehowa ŋutɔ lɔ̃ wo vevie eye wòdi be yease woƒe gbedodoɖawo. Esia nye Biblia ƒe nufiafia vevi aɖe si ku ɖe gbedodoɖa ŋu. Bu nu si wòfia na wò ŋu kpɔ: Biblia sɔsrɔ̃ na nèva nya Yesu, èlɔ̃e eye nèva zu eƒe nusrɔ̃la. (Yoh. 14:21) Abe nusrɔ̃la gbãtɔwo ene la, wò hã àte ŋu aka ɖe nya si Yesu gblɔ la dzi ado gbe ɖa na Mawu kple kakaɖedzi.—1 Yoh. 5:14.
Àte ŋu ado gbe ɖa na Yehowa kple kakaɖedzi, elabe ènyae be ‘eya ŋutɔ melɔ̃a nu le gbɔwò o’ (Kpɔ memama 9-10)b
DE DZESI NU SIWO NANA MÍESUSUNA ƔEAÐEWOƔI BE YEHOWA MELƆ̃ MÍ O
11. Nu ka tae wòanye dzidzɔ na Satana ne ewɔ na mí be Yehowa melɔ̃ mí o?
11 Nu ka gbɔe wòtsona be ɣeaɖewoɣi la, míesusuna be Yehowa melɔ̃ mí o? Ðewohĩ àɖo eŋu be Satana gbɔe wòtso. Ɛ̃, nyateƒee, akpa aɖe tso egbɔ. Abosam di be ‘yeavuvu mí ami’ eya ta adzɔ dzi nɛ ŋutɔ ne ewɔna na mí be Yehowa melɔ̃ mí o. (1 Pet. 5:8) Nyateƒeae nye be, lɔlɔ̃e ʋã Yehowa wòtsɔ tafea na ɖe mía ta, gake Satana di be míase le mía ɖokui me be míaƒe nɔnɔmea vloe ale gbegbe be tafea maɖe vi aɖeke na mí o. (Heb. 2:9) Eya ta ne míeka ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ dzi o la, ame kae akpɔ dzidzɔ? Satana ye. Eye ame kae wòadzɔ dzi na ne dzi ɖe le mía ƒo míedzudzɔ Yehowa subɔsubɔ? Satana kee. Wò ya bu eŋu kpɔ ko: Satana boŋue Yehowa melɔ̃ o, gake etoa eƒe “aɖaŋu vɔ̃wo” dzi be yeana míawo míase le mía ɖokui me be Yehowa gbe mí eye melɔ̃ mí o. (Ef. 6:11) Ne míede dzesi nu si míaƒe futɔ Abosam le agbagba dzem be yeawɔ la, esia ado ŋusẽ mí míawo hã míaɖoe kplikpaa ‘atsi tre ɖe eŋu.’—Yak. 4:7.
12-13. Aleke nu vɔ̃ si dome míenyi wɔnɛ be míesena le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi be Yehowa melɔ̃ mí o?
12 Nu bubu aɖe hã li si ate ŋu ana míasusui be Yehowa melɔ̃ mí o. Eyae nye nu vɔ̃ si dome míenyi. (Ps. 51:5; Rom. 5:12) Nu vɔ̃ gblẽ amegbetɔ kple Ewɔla dome. Azɔ hã, egblẽ nu le míaƒe nuŋububu, seselelãme kple lãmesẽ ŋu.
13 Nu vɔ̃ gblẽ nu le mía ŋu ale gbegbe be enana míebua fɔ mía ɖokui, míetsia dzimaɖi, míesena le mía ɖokui me be míele dedie o, eye ŋu kpea mí. Seselelãme siawo tea ŋu ɖea fu na mí vevie ne míewɔ nu vɔ̃. Aga te ŋu aɖe fu na mí ne míeɖo ŋku edzi be míenye nu vɔ̃ mewo, evɔ menye nenemae Yehowa wɔ amegbetɔwo hafi o. (Rom. 8:20, 21) Ale si ko ʋu mate ŋu azɔ nyuie ne eƒe taya gbã o la, nenema kee mí amegbetɔ madeblibowo hã míate ŋu awɔ nu sia nu wòade edeƒe o. Eya ta mewɔ nuku o be ɣeaɖewoɣi la, míesusuna be Yehowa melɔ̃ mí o. Ɣesiaɣi si míese le mía ɖokui me be Yehowa melɔ̃ mí o la, anyo be míaɖo ŋku edzi be Yehowae nye “Mawu gã si ŋu ŋɔdzi le, ame si wɔa eƒe nubabla dzi, eye wòvea ame siwo lɔ̃nɛ heléa eƒe sededewo me ɖe asi la nu.”—Neh. 1:5.
14. Aleke ŋugbledede le tafea ŋu akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí? (Romatɔwo 5:8) (Kpɔ aɖaka si nye “Nɔ Ŋudzɔ Ðe ‘Nu Vɔ̃ Ƒe Amebleŋusẽ’ Ŋu.”)
14 Nyateƒee, ɣeaɖewoɣi la, míase le mía ɖokui me be míedze na Yehowa ƒe lɔlɔ̃ o. Eye ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, míedze nɛ o nyateƒe. Esia tae Yehowa ƒe lɔlɔ̃ la le etɔxɛ ɖo. Naneke meli si míawɔ si ana míadze na Yehowa ƒe lɔlɔ̃ o. Ke hã, esi Yehowa lɔ̃ mí tae wòtsɔ tafea na ale be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. (1 Yoh. 4:10) Ðo ŋku edzi be nu vɔ̃ wɔlawo tae Yesu va ku. (Xlẽ Romatɔwo 5:8.) Mía dometɔ aɖeke mate ŋu awɔ nu wòade blibo o, eye Yehowa hã mebiaa esia tso mía si o. Nyanya be míaƒe blibomademade ate ŋu ana míasusui be Yehowa melɔ̃ mí o akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ be esia nagadzɔ o.—Rom. 7:24, 25.
ÐOE KPLIKPAA NÀYI EDZI AWƆ NUTEƑE
15-16. Ne míeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa la, nu ka dzie míate ŋu aka ɖo, eye nu ka tae? (2 Samuel 22:26)
15 Yehowa di be míaɖoe kplikpaa ‘aku ɖe ye ŋu’ goŋgoŋ. (5 Mose 30:19, 20) Ne míewɔe alea la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa hã ayi edzi awɔ nuteƒe na mí. (Xlẽ 2 Samuel 22:26.) Ne míeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa la, míate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme ɖe sia ɖe me.
16 Míeva srɔ̃e be susu geɖewo li siwo tae míate ŋu ana Yehowa nanye míaƒe seke le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. Míenya be Yehowa lɔ̃ mí vevie eye akpe ɖe mía ŋu. Esiae Biblia fia mí. Eya ta ne ègase le ɖokuiwò me be Yehowa melɔ̃ ye o la, dze agbagba nàɖe susu ɖa le seselelãmea dzi eye nàbu nu siwo nènya tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ŋu la ŋu. Neva eme be míaka ɖe Biblia ƒe nufiafia sia dzi bliboe be, Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee.
HADZIDZI 159 Tsɔ Bubu Si Yehowa Dze Na La Nɛ
a Mawunyakpukpui bubu siwo ɖo kpe edzi be Yehowa lɔ̃ mí ye nye 5 Mose 31:8, Psalmo 94:14 kple Yesaya 49:15.
b NU SI LE EDZI YIM LE FOTOA ME: Nɔviŋutsu aɖe le gbe dom ɖa be Yehowa nakpe ɖe ye ŋu yealé be na ye srɔ̃ si ƒe lãme gblẽ, yeawɔ ɖoɖo nyui ɖe yeƒe gazazãwo ŋu, eye yeahe ye vinyɔnua wòalɔ̃ Yehowa.