TE ESIA KPƆ
Na Biblia Ƒe Titinanuŋɔŋlɔwo Naɖe Vi Na Wò
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ƒe titinanuŋɔŋlɔwo nana míekpɔnɛ be ɖekawɔwɔ le Biblia bliboa me nyawo me, eye enana míekpɔa mawunyakpukpui bubu siwo do ƒome kple kpukpui aɖe. Woda ŋɔŋlɔdzesi suesuesue aɖewo ɖe Biblia me nya aɖewo gbɔ eye woawo yɔm míele be titinanuŋɔŋlɔwo. Le Biblia ƒe tatatɔ me la, ŋɔŋlɔdzesi suesuesue mawo siwo nàkpɔ le nya aɖewo gbɔ la dze le axaa titina. Eya ta di ŋɔŋlɔdzesi ma tututu be nàkpɔ mawunyakpukpui bubu siwo do ƒome kple nya ma. Le jw.org alo le JW Library® dɔwɔnua dzia, te asi ɖe ŋɔŋlɔdzesi sue mawo dzi eye aʋu mawunyakpukpui siwo do ƒome kplii la na wò.
Titinanuŋɔŋlɔwo ana nàkpɔ nu siwo gbɔna kple bubu geɖewo:
Nudzɔdzɔ Ma Ke: Mawunyakpukpui siwo nàkpɔ la akplɔ wò ayi afi si nudzɔdzɔ mawo ke dze le le Biblia ƒe akpa bubu. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ 2 Samuel 24:1 kple 1 Kronika 21:1.
Nya Siwo Amewo Gblɔ: Mawunyakpukpui siwo nàkpɔ la akplɔ wò ayi afi si ame aɖe gblɔ nya mawo tututu le va yi. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ Mateo 4:4 kple 5 Mose 8:3.
Ale Si Nyagblɔɖi Aɖe Va Emee: Mawunyakpukpui siwo nàkpɔ la afia asi afi si wogblɔ nyagblɔɖi aɖe le alo afi si wòva eme lea na wò. Le kpɔɖeŋu me, kpɔ Mateo 21:5 kple Zakariya 9:9.