INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 October axa 30-31
  • Dɔdzikpɔha Me Tɔ Yeye Eve

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dɔdzikpɔha Me Tɔ Yeye Eve
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔdzikpɔha Me Tɔ Yeye Eve
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Nu Kae Nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Dɔdzikpɔhaa Me Tɔ Yeye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Dziɖuha la me Tɔ Yeyewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 October axa 30-31

Dɔdzikpɔha Me Tɔ Yeye Eve

LE OCTOBER 5, 2024 ƒe sia ƒe takpekpea me la, woɖe gbeƒã dzidzɔnya aɖe be: Woɖo Nɔviŋutsu Jody Jedele kple Jacob Rumph be woanye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa me tɔwo. Wo ame evea siaa wosubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe.

Jody Jedele kple srɔ̃a Damaris

Nɔviŋutsu Jedele dzilawo nye Yehowa Ðasefowo eye wodzii le Missouri, le Amerika. Eƒe ƒomea nɔ nuto aɖe si me Yehowa Ðasefowo mede ha le o me. Eya ta edoa go nɔvi geɖe siwo tso dukɔa ƒe teƒe vovovowo, wovaa nutoa me va ɖea gbeƒã nya nyuia. Lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le nɔviawo dome la kpɔ ŋusẽ nyui ɖe edzi. Exɔ nyɔnyrɔ le October 15, 1983 me esime wònye ƒewuivi ko. Elɔ̃ gbeƒãɖeɖedɔa eya ta esi wòwu sekɛndrisuku nu la, edze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme le September 1989 me.

Esime Nɔviŋutsu Jedele nye sɔhɛ dzaa la, edzilawo kplɔa eya kple nɔvianyɔnu wovae ɖia tsa le Betel. Esia wɔe be woɖoe woƒe taɖodzinu be yewoava subɔ le Betel, eye nenema tututue wòdzɔe. Nɔviŋutsu Jedele dze subɔsubɔ le Wallkill Betel le September 1990 me. Gbãa, ewɔ dɔ le Dzadzɛnyenye Dzi Kpɔƒea eye emegbe evae wɔ dɔ le Lãmesẽnyawo Dzi Kpɔƒea.

Ɣemaɣi la, Spaniagbe hamewo nɔ dzidzim ɖe edzi eya ta wohiã na nɔviŋutsuwo. Le esia ta la, Nɔviŋutsu Jedele ʋu yi hame mawo dometɔ ɖeka me eye wònɔ Spaniagbea srɔ̃m. Ema megbe kpuie la, edo go nɔvinyɔnu Damaris, si nɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm le woƒe nutome suea me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖe wo nɔewo eye wo ame evea siaa nɔ subɔsubɔm le Betel.

Le ƒe 2005 me la, wodzo le Betel yi ɖalé be na wo dzila tsitsiwo. Le ɣeyiɣi mawo me la, Nɔviŋutsu Jedele kple srɔ̃a nɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔm. Nɔviŋutsu Jedele fiaa nu le Mɔɖelawo Ƒe Subɔsubɔ Suku me eye wònye Kɔdzi Kadodo Kɔmiti kple Nuto Me Xɔtukɔmiti me tɔ.

Le ƒe 2013 me la, wogakpe Nɔviŋutsu Jedele kple srɔ̃a be woava kpe asi ɖe Warwick Betel xɔtudɔa ŋu. Emegbe la, wosubɔ le Patterson kple Wallkill hã. Nɔviŋutsu Jedele wɔ dɔ le Dukɔa Me Xɔtuɖaŋu Kple Xɔtudɔ Dzikpɔƒe kple Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakadɔwɔƒea hã. Le March 2023 me la, woɖoe wònye Subɔsubɔ Kɔmitia ƒe kpeɖeŋutɔ. Esi wòbu dɔ siwo katã wòwɔ va yi ŋu la, egblɔ be: “Ne wode dɔ yeye aɖewo asi na wò la, ɣeaɖewoɣia vɔvɔ̃ aɖo wò eye àse le ɖokuiwò me be yemate ŋu awɔe o. Gake ɣemaɣie wòle be nàɖo ŋku edzi aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, elabena eyae nana míetea ŋu wɔa dɔ ɖe sia ɖe si wode mía si.”

Jacob Rumph kple srɔ̃a Inga

Wodzi Nɔviŋutsu Rumph le California, le Amerika. Le eƒe ɖevime la, edada dze agbagba fiae Biblia me nyateƒea togbɔ be eya ŋutɔ megadea kpekpeawo alo gbeadzi o hã. Ƒe sia ƒe la, Rumph yina ɖasrãa mamaa si nye Yehowa Ðasefo dovevienu la kpɔna. Mamaa kpe ɖe eŋu wòtsɔ ɖe le nyateƒea me eya ta esi wòxɔ ƒe wuietɔ̃ la, ebia be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Le September 27, 1992 dzi la, exɔ nyɔnyrɔ esime wònɔ eƒe ƒewuiwo me. Dzidzɔtɔe la, dadaa gava te gbeadzi dede eye fofoa kple nɔviawo hã yi ŋgɔ va xɔ nyɔnyrɔ.

Esi Nɔviŋutsu Rumph nye sɔhɛ la, ekpɔe be gbesiagbe mɔɖelawo kpɔa dzidzɔ ŋutɔ. Eya ta esi wòwu sekɛndrisuku (lycée) nu la, edze mɔɖeɖedɔa gɔme le September 1995 me. Le ƒe 2000 me la, eʋu yi Ecuador ɖasubɔ le afi si gbeƒãɖela geɖewo hiã le. Afi mae wòdo go nɔvinyɔnu Inga, si nye gbesiagbe mɔɖela si tso Canada le, eye emegbe woɖe wo nɔewo. Le woƒe srɔ̃ɖeɖe megbe la, wovae subɔ le Ecuador ƒe nuto aɖe me, afi si gbeƒãɖela ʋɛ aɖewo ko le. Gake fifia la, ezu hame si le vevie dom nu.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖo Nɔviŋutsu Rumph kple srɔ̃a mɔɖela veviwo, eye emegbe wova wɔ nutome sue dzikpɔkpɔdɔa. Le ƒe 2011 me la, wokpe wo wode Gilead Suku ƒe klas 132 lia. Esi wowu sukua nu la, wosubɔ le dukɔ vovovowo me eye wowɔ subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovowo hã; wosubɔ le Betel, eye wowɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa kple nutome sue dzikpɔkpɔdɔa. Azɔ hã mɔnukpɔkpɔ su Nɔviŋutsu Rumph si wòfiaa nu le Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku.

Le corona dɔvɔ̃ si nɔ kakam ɖe xexea me ta la, Nɔviŋutsu Rumph kple srɔ̃a trɔ gbɔ va Amerika. Wokpe wo be woava subɔ le Wallkill Betel, afi si wona hehe Nɔviŋutsu Rumph le be wòawɔ dɔ le Subɔsubɔdɔ Dzikpɔƒea. Emegbe woɖo wo ɖe Ecuador alɔdzedɔwɔƒea, eye Nɔviŋutsu Rumph subɔ le Alɔdzekɔmitia me. Le ƒe 2023 me la, woɖo wo ɖe Warwick. Le January 2024 me la, woɖo Nɔviŋutsu Rumph Subɔsubɔ Kɔmitia ƒe kpeɖeŋutɔ. Esi wòbu afi siwo katã wòsubɔ le ŋu la, egblɔ be, “Menye afi si míele subɔsubɔm lee ana míaƒe subɔsubɔ nanɔ etɔxɛ o, ke boŋ ame siwo míewɔa dɔ kplii ye.”

Míekpɔ ŋudzedze ɖe nɔviŋutsu siawo ƒe dɔwo ŋu eye ‘míayi edzi ade bubu ame siawo ƒomevi ŋu vevie.’—Flp. 2:29.

Nɔviŋutsu amesiamina 11 ye ƒo ƒu wɔ Dɔdzikpɔhaa: Kenneth Cook, Jr.; Gage Fleegle; Samuel Herd; Geoffrey Jackson; Jody Jedele; Stephen Lett; Gerrit Lösch; Jacob Rumph; Mark Sanderson; David Splane; kple Jeffrey Winder.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe