INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w26 January axa 14-19
  • Nu Si Tae Míehiã Tafea

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Tae Míehiã Tafea
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2026
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • TAFEA WƆE BE YEHOWA TSƆA MÍAƑE NU VƆ̃WO KEA MÍ
  • TAFEA WƆE BE MƆKPƆKPƆ LI BE MÍAVA DE BLIBO
  • TAFEA WƆE BE AMEGBETƆWO KPLE MAWU DOME ATE ŊU ANƆ KPLIKPLIKPLI
  • TAFEA ÐE YEHOWA ƑE NUBLANUIKPƆKPƆ FIA
  • Nu Kawoe Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Tafe Ƒe Ðoɖoa Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Aleke Nàɖee Afia Be Yekpɔa Ŋudzedze Ðe Tafea Ŋu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2026
  • Ale Si Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Le Vi Ðem Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Míedaa Akpe Na Yehowa Be Etsɔa Míaƒe Nu Vɔ̃wo Kea Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2026
w26 January axa 14-19

MARCH 16-22, 2026

HADZIDZI 20 Ètsɔ Viwò Lɔlɔ̃a Na

Nu Si Tae Míehiã Tafea

“Ame kae aɖem tso kuŋutilã sia si me?”—ROM. 7:24.

TAÐODZINUA

Le nyati sia me la, míakpɔ ale si tafea ate ŋu awɔe be Yehowa natsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, ana míava de blibo, eye mía kple Yehowa dome nava nɔ kplikplikpli wu.

1-2. Nu ka mee wòhiã be woaɖe mí tsoe, eye nu ka tae? (Romatɔwo 7:22-24) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

KPƆE ÐA le susu me be xɔ mu dze ŋutsu aɖe dzi. Ekpɔtɔ le agbe ya, gake eya ŋutɔ mate ŋu ado le gli gbagbãwo te o. Nu si ko wòate ŋu awɔe nye be wòanɔ ɣli dom anɔ mɔ kpɔm be woava xɔ na ye.

2 Mía dometɔ ɖe sia ɖe le nɔnɔme ma tɔgbi me. Le mɔ ka nu? Esi Adam gbe toɖoɖo Ewɔla la, eva zu nuvɔ̃me. Mí eƒe dzidzimeviwo hã míeva nyi nu vɔ̃ ma dome. Esia wɔe be ameƒome bliboa va zu nuvɔ̃mewo. Eye abe ŋutsu ma si tsi gli gbagbãwo te ene la, míate ŋu avo tso nu vɔ̃ si me le mía ɖokui si o. Ehiã be woakpe ɖe mía ŋu. Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Romatɔwo me la, egblɔ ale si nu vɔ̃ si dome míenyi la nana míesena le mía ɖokui me. (Xlẽ Romatɔwo 7:22-24.) Eɖe kuku vevie be ame aɖe naɖe ye tso “kuŋutilã sia si me.” Paulo kpɔe be yemate ŋu ado le nu vɔ̃ si dome yenyi, si akplɔ ye ayi ku me, la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te o. (Rom. 6:23) Nɔnɔme ma ke mee míawo hã míele. Eye ehiã be ame aɖe naɖe mí!

Ŋutsu aɖe si dzi gli gbagbãwo mu dze eye wòxɔ abi vevie la do asi ɖa be woaxɔ na ye.

Ale si ko wòhiã be woakpe ɖe ŋutsu si dzi xɔ mu dze ŋui la, nenemae nu vɔ̃ si dome míenyi na wòhiã be ame aɖe nava ɖe mí (Kpɔ memama 1-2)


3. Mɔ kawo nue tafea ɖea vi na mí le?

3 Esi Paulo ƒo nu tso nɔnɔme wɔnublanui si me wòle ŋu vɔ la, efa konyi be: “Ame kae aɖem tso kuŋutilã sia si me?” Nya si wògblɔ kplɔe ɖo la na mɔkpɔkpɔ mí. Egblɔ be: “Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ la dzi!” (Rom. 7:25) Yesu ƒe tafevɔsaa ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe. Tafea wɔe be: (1) Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí, (2) mɔkpɔkpɔ li be míava de blibo, eye (3) amegbetɔwo kple Mawu dome ate ŋu anɔ kplikplikpli. Nu siawo me dzodzro ana míagava lɔ̃ Yehowa, “Mawu si naa mɔkpɔkpɔ la,” geɖe wu. (Rom. 15:13) Ana míakpɔ ŋudzedze ɖe Yesu, “ame si dzi [Mawu to] ɖe mí to tafe la dzi,” la ŋu geɖe wu.—Kol. 1:14.

TAFEA WƆE BE YEHOWA TSƆA MÍAƑE NU VƆ̃WO KEA MÍ

4-5. Nu ka tae mí katã míehiã na tafea? (Nyagblɔla 7:20)

4 Be Yehowa natsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí la, míehiã na tafea. Esi míede blibo o ta la, mí katã míewɔa nu vɔ̃ alo daa vo le míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo me. (Xlẽ Nyagblɔla 7:20.) Nu vɔ̃ aɖewo nye ŋkubiãnya. Le kpɔɖeŋu me, le Mose ƒe Sea nu la, ne ame aɖe wɔ ahasi alo wu ame la, edze na ku. (3 Mose 20:10; 4 Mose 35:30, 31) Nu vɔ̃ aɖewo menye ŋkubiãnya nenema gbegbe o; ke hã, nu vɔ̃ ya koa nu vɔ̃e. Le kpɔɖeŋu me, hakpala David gblɔ be: “Malé ŋku ɖe nye zɔzɔme ŋu, be nyemawɔ nu vɔ̃ kple nye aɖe o.” (Ps. 39:1) Esia fia be míaƒe nyagbɔgblɔ aɖewo gɔ̃ hã ate ŋu anye nu vɔ̃.—Yak. 3:2.

5 Bu nya siwo nègblɔ kple nu siwo nèwɔ va yi la ŋu kpɔ. Ðe nègblɔ nya aɖe kpɔ si va ve wò emegbea? Ðe nèda vo aɖe si va te ɖe dzi wò emegbea? Ðikeke mele eme o be àɖo nya eve mawo ŋu be ɛ̃. Biblia gblɔ be: “Ne míegblɔna be, ‘Nu vɔ̃ mele mía ŋu o’ la, ekema míele mía ɖokuiwo flum, eye nyateƒe la mele mía me o.”—1 Yoh. 1:8.

6-7. Nu ka dzie Yehowa nɔa te ɖo tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

6 Yehowa dɔ Yesu ɖa wòxe tafe ɖe mía ta ale be yeate ŋu anɔ te ɖe edzi atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. (Ef. 1:7) Ke hã, esia mefia be Yehowa ŋea aɖaba ƒua míaƒe nu vɔ̃wo dzi abe ɖe metsɔ ɖeke le eme o ene o. Nya lae nye be, medzɔa dzi na Yehowa ne míewɔ nu vɔ̃ o. (Yes. 59:2) Esi Yehowa nye Mawu si drɔa ʋɔ̃nu dzɔdzɔe ta la, ehiã be wòawɔ nane si dzi wòanɔ te ɖo atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí.

7 Mose ƒe Sea bia tso Israel-viwo si be woatsɔ lãwo asa vɔe alé avu ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta. (3 Mose 4:27-31; 17:11) Vɔsa mawo nye vɔvɔli na Yesu ƒe vɔsa si de ŋgɔ wu kple yayra siwo wòahe vɛ. Yesu ƒe vɔsaa nye nu si dzi Yehowa nɔa te ɖo le se nu tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí. Paulo de dzesi nu nyui siwo ado tso Yesu ƒe vɔsaa me, eye esia dze le lɛta si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Korinto la me. Esi wòƒo nu tso nuwɔna gbegblẽ siwo me woƒo wo ɖokuiwo ɖo tsã ŋu vɔ la, egblɔ be: “Ke wole tsi na mi; ke wona mia ŋuti kɔ; ke wobu mi ame dzɔdzɔewo le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la kple mía Mawu ƒe gbɔgbɔ la me.”—1 Kor. 6:9-11.

Israel-vi aɖe kple eƒe ƒomea tsɔ alẽ le nunɔlaa nam kple dzidzɔ.

Lãwo ƒe vɔsa si Israel-viwo tsɔ lé avu ɖe woƒe nu vɔ̃wo ta la nye vɔvɔli na Yesu ƒe tafevɔsaa kple yayra siwo ado tso eme (Kpɔ memama 6-7)


8. Esi nèle dzadzram ɖo ɖe ƒe sia ƒe Ŋkuɖodzia ŋu la, nu ka ŋue nàte ŋu ade ŋugble le?

8 Esi nèle dzadzram ɖo ɖe ƒe sia ƒe Ŋkuɖodzia ŋu la, di ɣeyiɣi nàde ŋugble le ale si Yehowa ƒe tsɔtsɔke ɖe vi na wòe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le tafea ta la, megahiã be nànɔ fɔ bum ɖokuiwò ɖe nu vɔ̃ siwo nèwɔ va yi eye nètrɔ dzi me la ta o. Ke ne ele sesẽm na wò be nàka ɖe edzi be Yehowa tsɔ nu vɔ̃ siwo nèwɔ va yi la ke wò ŋutɔŋutɔ ya ɖe? Ðewohĩ ègblɔ na ɖokuiwò be, ‘Menya be Yehowa tsɔna kena, gake nye ya nyemate ŋu atsɔ ake ɖokuinye o.’ Ne èsena le ɖokuiwò me alea la, ke ɖo ŋku edzi be Yehowa koe nye ame si tsɔa nu vɔ̃ kena, eye ena ŋusẽ Via be wòadrɔ̃ ʋɔnu mí. Yehowa mede dɔ asi na wò alo ame bubu aɖeke be wòatia ame si yeakpɔ nublanui na alo ame si yemakpɔ nublanui na o. Biblia gblɔ be: “Ne míele zɔzɔm le kekeli la me abe ale si [Yehowa] ŋutɔ hã le kekeli la me ene la, . . . Via Yesu ƒe ʋu klɔa nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋu.” (1 Yoh. 1:6, 7) Ele be míaka ɖe nya sia dzi abe ale si míeka ɖe Biblia ƒe nufiafia bubuwo dzi ene. Tafe lae nye nu si dzi Yehowa nɔa te ɖo le se nu tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí eye eƒe Nya la gblɔ be ‘elɔ̃a tsɔtsɔke.’—Ps. 86:5.

TAFEA WƆE BE MƆKPƆKPƆ LI BE MÍAVA DE BLIBO

9. Le Biblia me la, nu kae nya “nu vɔ̃” fia? (Psalmo 51:5 kple etenuŋɔŋlɔ)

9 Le Biblia me la, nya “nu vɔ̃” fia nu si mesɔ o wɔwɔ, eye wògafia blibomademade si dome míenyi tso esime míenye fu nɔ dɔme hã. (Xlẽ Psalmo 51:5 kple etenuŋɔŋlɔ.) Nɔnɔme sia si me míele la wɔe be susu vɔ̃wo vaa tame na mí eye míewɔa nu vɔ̃ ɣeaɖewoɣi. Azɔ hã míaƒe ŋutilã metea ŋu wɔa dɔ nyuie abe ale si Yehowa di ene o; míedzea dɔ, tsina eye míekuna. Esia na míekpɔ susu si tae vidzĩ siwo mewɔ nu vɔ̃ aɖeke kpɔ o gɔ̃ hã dzea dɔ hekuna. Eye míekpɔ nu si tae ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo siaa kpea fu hekuna. Adam ƒe dzidzimeviwo katã va le nɔnɔme wɔnublanui sia me.

10. Aleke nu vɔ̃ gblẽ nu le Adam kple Xawa ŋui?

10 Bu ale si nu vɔ̃ gblẽ nu le Adam kple Xawa ŋui ŋu kpɔ. Nu vɔ̃ na seselelãme manyomanyowo ɖe fu na wo. Esi wodze aglã ɖe Mawu ŋu teti ko la, woƒe dzitsinya te fuɖeɖe na wo le esi womewɔ ɖe se si Yehowa de na wo dzi o ta. (Rom. 2:15) Wode dzesii enumake be nane trɔ. Wose le wo ɖokui me be ehiã be yewoatsyɔ nu yewoƒe ama, eye wonɔ bebem na wo Wɔla. (1 Mose 3:7, 8) Emae nye zi gbãtɔ Adam kple Xawa bu fɔ wo ɖokui, wotsi dzimaɖi, wose le wo ɖokui me be yewomele dedie o, wose veve, eye ŋu kpe wo. Seselelãme mawo yi edzi ɖe fu na wo ʋuu va se ɖe esime woku.—1 Mose 3:16-19.

11. Aleke míaƒe blibomademade nana míesena le mía ɖokui me?

11 Esi míawo hã míede blibo o ta la, ɣeaɖewoɣi míebua fɔ mía ɖokui, ŋu kpea mí eye míetsia dzimaɖi. Eye blibomademade kee na be nu tena ɖe mía dzi eye míesea veve. Aleke kee míeɖaku kutri be eme nanyo na mí le agbe me o, míado go kuxi siwo ŋu míate ŋu awɔ naneke tsoe o la godoo. Nu ka tae? Biblia gblɔ be “wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe toflokonyenye te.” (Rom. 8:20) Alea tututue wòle le mí ame ɖekaɖekawo kple ameƒome bliboa gome. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si gbegbe amegbetɔwo le agbagba dzem be yewoalé be na anyigbaa, yewoatsi nu vlo wɔwɔ nu, aɖe ahedada ɖa, eye yewoana ŋutifafa nanɔ dukɔwo dome, la ŋu kpɔ. Togbɔ be wole agbagba siawo katã dzem hã la, gbeɖegbeɖea koe. Aleke tafea wɔe be woaɖe mí tso nu vɔ̃ si dome míenyi la si me?

12. Mɔkpɔkpɔ kae tafea na mí?

12 Tafea wɔe be mɔkpɔkpɔ su mía si be “woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ . . . tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me.” (Rom. 8:21) Esia fia be ne míeva de blibo le paradisoa me la, míagadze dɔ o eye nu magate ɖe mía dzi o. Míagabu fɔ mía ɖokui alo ŋu nakpe mí o, eye míagatsi dzimaɖi o. Azɔ hã, “Ŋutifafafia” Yesu Kristo, ame si xe tafea ɖe mía ta ye anɔ fia ɖum. Akpe ɖe amegbetɔƒomea ŋu woakpɔ woƒe kuxiwo katã gbɔ.—Yes. 9:6, 7.

13. Nu bubu ka ŋue nàgate ŋu ade ŋugble le esi nèle dzadzram ɖo ɖe ƒe sia ƒe Ŋkuɖodzia ŋu?

13 Bu ale si agbea anɔ na wò ne èva de blibo ŋu kpɔ. Ŋdi sia ŋdi si nàfɔ la, ànɔ lãmesẽ me, màtsi dzi be wò ŋutɔ alo wò ame veviwo makpɔ nu aɖu o, eye màtsi dzi hã be yewoava dze dɔ alo aku o. Fifia gɔ̃ hã la, wò dzi ate ŋu adze eme va se ɖe afi aɖe ne èyi edzi lé ‘mɔkpɔkpɔ si le mía si abe seke ene na míaƒe luʋɔwo, si ŋu kakaɖedzi le, eye wòli ke’ la me ɖe asi. (Heb. 6:18, 19) Abe ale si ko seke léa tɔdziʋu ɖe te ene la, mɔkpɔkpɔ si le asiwò ate ŋu ado ŋusẽ wò xɔse eye wòakpe ɖe ŋuwò nàdo dzi le nɔnɔme ɖe sia ɖe me. Nyateƒee, àte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa aɖo eteƒe na “ame siwo dinɛ vevie la.” (Heb. 11:6) Tafeae wɔe be míekpɔa akɔfafa egbea, eye etsɔmemɔkpɔkpɔ hã su mía si.

TAFEA WƆE BE AMEGBETƆWO KPLE MAWU DOME ATE ŊU ANƆ KPLIKPLIKPLI

14. Aleke nu vɔ̃ gblẽ mía kple mía Wɔla la domee, eye nu ka tae?

14 Tso esime Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ la, ƒomedodo nyui megava nɔ amegbetɔwo kple Mawu dome o. Biblia gblɔ gɔ̃ hã be nu vɔ̃ te amegbetɔwo ɖa tso wo Wɔla la gbɔ. (Rom. 8:7, 8; Kol. 1:21) Nu ka tae? Elabena Yehowa de blibo eye meda asi ɖe nu vɔ̃ wɔwɔ dzi o. Biblia gblɔ tso Yehowa ŋu be: “Wò ŋkuwo dza ale gbegbe be màte ŋu anɔ nu gbegblẽ wɔwɔ kpɔm o, eye màte ŋu anɔ vɔ̃ɖinyenye teƒe kpɔm o.” (Hab. 1:13) Nu vɔ̃ va le abe ʋe gã aɖe si ma amegbetɔwo kple Mawu dome ene. Mía kple Yehowa dome mate ŋu anɔ nyuie o, negbe ɖe woxe ʋe ma. Tafeae va nye nu si xe ʋea, si wɔe be míate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu.

15. Nudidi ka gbɔe tafea kpɔ, eye nu kae do tso eme?

15 Biblia gblɔ be Yesu ye “nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.” (1 Yoh. 2:2) Mɔ ka nue Yesu ƒe tafevɔsaa léa avu le mía kple Yehowa dome le? Ele be míanyae be Yesu ƒe ku medzɔ dzi na Yehowa le mɔ aɖeke nu o. Ke hã esi Yehowa nye ʋɔnu dzɔdzɔe drɔ̃la ta la, ehiã nane si dzi wòanɔ te ɖo be eya kple amegbetɔwo dome naganyo, eye tafeae kpɔ nudidi ma gbɔ. (Rom. 3:23-26) Yehowa te ŋu bu esubɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Yesu ƒe kua gɔ̃ hã ame dzɔdzɔewo. (1 Mose 15:1, 6) Aleke esia anya wɔ? Tafea dzie Yehowa nɔ te ɖo wɔ esia. Yehowa ka ɖe edzi be ye Via axe tafea godoo. (Yes. 46:10) Tafea ye ʋu mɔ ɖi na amegbetɔwo be woa kple Mawu dome nagava nɔ nyuie.

16. Nu bubu ka ŋue nàte ŋu ade ŋugble le esi nèle dzadzram ɖo be yeade Ŋkuɖodzia? (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

16 Bu viɖe siwo kpɔm nèle le esi wò kple Mawu dome va le nyuie ŋu kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu ayɔ Yehowa be “Fofo” abe ale si Yesu fia mí ene. (Mat. 6:9) Ɣeaɖewoɣi la, àte ŋu ayɔ Yehowa be “Xɔ̃nye” gɔ̃ hã. Ne míele Yehowa yɔm be “Fofo” alo “Xɔ̃nye” la, ele be míawɔ esia le ɖokuibɔbɔ kple bubu deto me. Nu ka tae? Elabena esi míenye nuvɔ̃mewo ta la, menye míawo ŋutɔ gbɔe wòtso be mía kple Yehowa dome va le nyuie o. Tafea ye ʋu mɔ be esia nanya wɔ. Yehowa to Yesu dzi ‘dzra eya kple nu bubuwo katã dome ɖo, esi wòto ʋu si Kristo kɔ ɖi le fuwɔameti la ŋu dzi wɔ ŋutifafa.’ (Kol. 1:19, 20) Esia tae togbɔ be míede blibo o hã la, míate ŋu anye Yehowa xɔlɔ̃.

Roma-srafowo gbɔna Yesu he ge ɖe ati ŋu. Asrafo eve kplɔ Yesu va fuwɔametia gbɔ eye asrafo bubu hã lé zu kple gatagbadzɛ ɖe asi.

Yesu ƒe kua koe nye nu si dzi Yehowa nɔa te ɖo le se nu nana mía kplii dome va nɔa kplikplikpli (Kpɔ memama 16)


TAFEA ÐE YEHOWA ƑE NUBLANUIKPƆKPƆ FIA

17. Aleke tafea ɖee fia be Yehowa kpɔa nublanui? (Efesotɔwo 2:4, 5)

17 Tafea ɖee fia be Yehowa ƒe “nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ.” “Togbɔ be míeku le dzidadawo me hã la, egbɔ agbe mí.” (Xlẽ Efesotɔwo 2:4, 5.) Abe ŋutsu ma si tsi gli gbagbãwo te si mate ŋu ado le eɖokui si o ene la, ɖokuibɔbɔlawo hã dea dzesii be yewole nu vɔ̃ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te eye ehiã be ame aɖe naɖe yewo. Ame siawo ɖea kuku vevie be woakpe ɖe yewo ŋu. (Dɔw. 13:48) Yehowa to Fiaɖuƒenya nyui la dzi le kpekpem ɖe wo ŋu be woava nya nu tso ye kple ye Via ŋu. (Yoh. 17:3) Ne Satana susui be Adam kple Xawa ƒe aglãdzedzea agblẽ Mawu ƒe tameɖoɖowo me la, ke ekui wòɖuɖu.

18. Ne míele ŋugble dem le tafea ŋu la, nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí?

18 Esi míele ŋugble dem le vi siwo ɖem tafea le na mí ŋu la, ele be susu si koŋ ta Yehowa wɔ tafe ƒe ɖoɖoa hã nanɔ susu me na mí. Mele be míasusui be míaƒe viɖe ta koe Yehowa wɔ esia o, ke boŋ ele be míaɖo ŋku edzi be tafea dzie Yehowa to ɖo nya si Satana fɔ ɖe te le Eden-bɔa me la ŋu. (1 Mose 3:1-5, 15) Yehowa to tafea dzi na wòdze ƒãa be nya siwo katã Satana gblɔ tso ye ŋu la nye alakpa sɔŋ. Ewɔ tafe ƒe ɖoɖoa hã be yeaɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me ale be yeato esia dzi aɖo kpe ale si gbegbe yelɔ̃ míi dzi. Togbɔ be míenye nuvɔ̃mewo hã la, Yehowa ve mía nu na mɔnukpɔkpɔ mí be míaɖee afia be nya siwo Satana tsɔ ɖe ye ŋu la mele eme o. (Lod. 27:11) Nu kae nàwɔ atsɔ aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu? Míakpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo le nyati si kplɔe ɖo me.

ALEKE TAFEA WƆE BE . . .

  • Yehowa ate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí?

  • mɔkpɔkpɔ su mía si be míava de blibo?

  • amegbetɔwo kple Mawu dome ate ŋu anɔ kplikplikpli?

HADZIDZI 19 Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu La

a NYAMEÐEÐE: Tafe nye fe si woxena be woaɖe asi le ame ŋu. Yesu ƒe vɔsakua nye tafe si wòxe ɖe amegbetɔ toɖolawo ta be woavo tso nu vɔ̃ kple ku si me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe