INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w26 January axa 20-25
  • Aleke Nàɖee Afia Be Yekpɔa Ŋudzedze Ðe Tafea Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Nàɖee Afia Be Yekpɔa Ŋudzedze Ðe Tafea Ŋu?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2026
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • BIBLIA NUSRƆ̃VIWO
  • KRISTOTƆ XƆNYƆNYRƆWO
  • AME SIWO DZUDZƆ YEHOWA SUBƆSUBƆ
  • NU KAE NÀWƆ?
  • Ale Si Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Le Vi Ðem Na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Nu Kawoe Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Tafe Ƒe Ðoɖoa Me?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Nu Si Tae Míehiã Tafea
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2026
  • Èle Dzadzraɖoɖi Na Ŋkeke Vevitɔ Le Ƒea Mea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2026
w26 January axa 20-25

MARCH 23-29, 2026

HADZIDZI 18 Akpedada Ðe Tafea Ta

Aleke Nàɖee Afia Be Yekpɔa Ŋudzedze Ðe Tafea Ŋu?

“Kristo ƒe lɔlɔ̃ la ƒonɛ ɖe mía nu.”—2 KOR. 5:14.

TAÐODZINUA

Nyati sia akpe ɖe mí katã ŋu míakpɔ ale si míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu.

1-2. Nu kae wòle be Yesu ƒe tafevɔsaa naʋã mí míawɔ, eye nu ka tae? (2 Korintotɔwo 5:​14, 15) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

NE GLI gbagbãwo mu dze dziwò eye ame aɖe va xɔ na wò la, ɖe màda akpe nɛ oa? Àda akpe nɛ godoo atsɔ aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe nu si wòwɔ na wò la ŋu, ne menye wò ɖekae amea xɔ na o gɔ̃ hã.

2 Abe ale si míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me ene la, míawo ŋutɔ míate ŋu aɖe mía ɖokui tso nu vɔ̃ si dome míenyi la si me o. Ke hã, Yesu ƒe tafevɔsaa ate ŋu axɔ na mí, elabe ewɔe be (1) Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo kea mí, (2) mɔkpɔkpɔ su mía si be míava de blibo, eye (3) mía kple Mawu dome ate ŋu anɔ kplikplikpli. Tafea na mɔkpɔkpɔ mí be míava nɔ agbe tegbee le xexe yeye si ŋugbe Yehowa do la me. Nyateƒee, Yesu lɔ̃ amegbetɔwo hafi va anyigba dzi, gake esi wòtsɔ eƒe agbe sa vɔ ɖe mía ta la, esia ɖe ale si gbegbe wòlɔ̃ míi fia wu. (Lod. 8:​30, 31) Apostolo Paulo gblɔ be “Kristo ƒe lɔlɔ̃ la ƒonɛ ɖe mía nu.” (Xlẽ 2 Korintotɔwo 5:​14, 15.) Esia fia be míana Yesu ƒe lɔlɔ̃a naʋã mí míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ si wòɖe fia mí la ŋu, eye míagaŋlɔ nu si wòwɔ na mí la be gbeɖe o.

Ame aɖe va le ŋutsu si dzi gli gbagbã mu dze le nyati si do ŋgɔ me la ɖem.

Ne ame aɖe va ɖe wò tso gli gbagbãwo te la, àda akpe nɛ godoo elabe exɔ wò ɖe agbe. Ke ɖe mele vevie ŋutɔ wu be míaɖee afia Yehowa kple Yesu be míekpɔ ŋudzedze ɖe ale si woɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me oa? (Kpɔ memama 1-2)


3. Nu ka tae ale si míaɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu la ate ŋu ato vovo?

3 Nu kae nàwɔ atsɔ aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu? Ðewohĩ ale si nàɖo nya sia ŋu ato vovo na ame bubu tɔ. Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be ame etɔ̃ le mɔ zɔm yina teƒe ɖeka, gake wotso teƒe vovovowo. Mɔ vovovowoe woato hafi avae ɖo teƒea. Le mɔ ma ke nu la, nu si mía dometɔ ɖe sia ɖe awɔ atsɔ aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu ate ŋu ato vovo. Elabe esia nɔ te ɖe ƒomedodo si le eya kple Yehowa dome dzi. Le susu sia ta la, nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si ame vovovo siawo aɖee afia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu: (1) Biblia nusrɔ̃viwo, (2) Kristotɔ xɔnyɔnyrɔwo, kple (3) ame siwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ.

BIBLIA NUSRƆ̃VIWO

4. Aleke Yehowa bua Biblia nusrɔ̃viwoe?

4 Ne Biblia nusrɔ̃vie nènye la, ke bu nya sia ŋu kpɔ: Esi nèlɔ̃ le Biblia srɔ̃m be yeanya nu tso Yehowa ŋu la, esia ɖee fia be èle ame siwo hem Yehowa le ɖe eɖokui ŋu be woava nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kpli ye la dome. (Yoh. 6:44; Dɔw. 13:48) “Yehowae dzroa dziwo me kpɔna.” Eya ta enya agbagba siwo dzem nèle be yeasubɔ ye, eye edzɔa dzi nɛ ne ekpɔ tɔtrɔ siwo wɔm nèle be yeanɔ agbe ɖe nu siwo srɔ̃m nèle la nu. (Lod. 17:3; 27:11) Tafeae ʋu mɔ be wò kple Yehowa dome nava nɔ kplikplikpli. (Rom. 5:​10, 11) Mègaŋlɔ esia be gbeɖe o.

5. Aleke Biblia nusrɔ̃viwo ate ŋu awɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si dze le Filipitɔwo 3:16 la dzi?

5 Ne Biblia nusrɔ̃vie nènye la, aleke nàɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu? Mɔ ɖekae nye be nàwɔ ɖe aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na Filipitɔwo dzi. Egblɔ be: “Afi ka kee míeyi ŋgɔ se ɖo o, mina míayi ŋgɔ tẽe le ɖoɖo nu le mɔ ma ke nu.” (Flp. 3:16) Esia fia be mele be nàɖe mɔ naneke naxe mɔ na wò be nàgazɔ agbemɔ la dzi o.—Mat. 7:14; Luka 9:62.

6. Nu kae Biblia nusrɔ̃viwo ate ŋu awɔ ne ele sesẽm na wo be woawɔ tɔtrɔ aɖewo? (5 Mose 30:​11-14) (Kpɔ fotoa hã.)

6 Nu kae nàwɔ ne ele sesẽm na wò be nàxɔ Biblia ƒe nufiafia aɖe si nèsrɔ̃ nyitsɔ laa la dzi ase? Ku nu me tso nufiafia ma ŋu eye nàdo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàse egɔme. (Ps. 86:11) Ne egale sesẽm na wò kokoko la, àte ŋu aɖe susu ɖa le edzi vie gbɔ, gake mefia be nàdzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃ o. Ke ne ele sesẽm na wò be nàɖe asi le nuwɔna aɖe si Yehowa lé fui ŋu ya ɖe? Ðo ŋku edzi be Yehowa mabia nu si míate ŋu awɔ o la tso mía si o. Anya wɔ be nànɔ agbe ɖe eƒe nudidiwo nu. (Xlẽ 5 Mose 30:​11-14.) Yehowa ŋutɔ do ŋugbe be yeakpe ɖe ŋuwò. (Yes. 41:​10, 13; 1 Kor. 10:13) Eya ta mègana ta o. Wò susu neganɔ kuxiawo ŋu fũu o, ke boŋ tsɔ susu ɖo nu siwo katã Yehowa le wɔwɔm na wò la ŋu, vevietɔ ale si wòna Via va ku ɖe tawò. Ne wò lɔlɔ̃ na Yehowa va le to dem ɖe edzi la, àva kpɔe be “eƒe seawo menye agba o.”—1 Yoh. 5:3.a

Ame aɖe le “Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!” gbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ 40 lia xlẽm. Sigaret siwo wòno susɔ kple esiwo meno haɖe o la le kplɔ̃a dzi.

Yehowa mabia nu si míate ŋu awɔ o la tso mía si gbeɖe o. Akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nu si dzea eŋu (Kpɔ memama 6)


7. Nu ka ŋue sɔhɛ siwo wodzi ɖe nyateƒea me la ate ŋu ade ŋugble le?

7 Ke mi sɔhɛ siwo dzilawo nye Ðasefowo eye wole hehe nam mi le nyateƒea me ya ɖe? Biblia nusrɔ̃viwoe miawo hã mienye. Le nyateƒe me la, miawoe nye mia dzilawo ƒe Biblia nusrɔ̃vi vevitɔwo. Biblia gblɔ be: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu.” (Yak. 4:8; 1 Kron. 28:9) Ne èwɔa nu siwo ana nànye Yehowa xɔlɔ̃ la, eya hã ate ɖe ŋuwò. Yehowa mebua wò be èle amewo dome ko evɔ o. Eya ŋutɔe hea ame sia ame vaa eɖokui gbɔ, ame siwo wodzi ɖe nyateƒea me hã le eme. Nu kae ʋu mɔ be nàte ŋu anye Yehowa xɔlɔ̃? Tafeae. Enye nunana xɔasi si mele be nàŋlɔ be akpɔ o. (Rom. 5:​1, 2) Eya ta hafi nàde ƒe sia ƒe Ŋkuɖodzia la, ɖe manyo be nàde ŋugble le nu si Yesu ƒe kua fia na wò ŋu oa? Na esia naʋã wò nàlé ŋku ɖe wò agbenɔnɔ ŋu eye nàɖo taɖodzinu siwo aɖee afia be èkpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa wɔ na wò la ŋu.b

KRISTOTƆ XƆNYƆNYRƆWO

8. Aleke Kristotɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ xoxo la ɖee fia be yewokpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu?

8 Ne Kristotɔ xɔnyɔnyrɔe nènye la, ke èɖee fia xoxo le mɔ geɖe nu be yexɔ tafea dzi se. Le kpɔɖeŋu me, èɖe afɔ siwo na wò kple Yehowa dome va le kplikplikpli eye nèle agbe nɔm ɖe eƒe nudidiwo nu. Èle wɔwɔm ɖe se si Yesu de be míagblɔ nya nyuia na amewo la dzi eye nèle nu fiam amewo tso Yehowa kple Yesu ŋu. Èɖe adzɔgbe na Yehowa eye nèxɔ nyɔnyrɔ. Ðe amewo tsi tre ɖe ŋuwò le esi nèle Yehowa subɔm ta? (2 Tim. 3:12) Ale si nèle dzi dom nuteƒewɔwɔtɔe ɖee fia be èlɔ̃ Yehowa eye nèkpɔ ŋudzedze ɖe Via si wòtsɔ na wònye tafe ɖe mía ta la ŋu.—Heb. 12:​2, 3.

9. Nu ka ŋue wòle be ame siwo xɔ nyɔnyrɔ xoxo nanɔ ŋudzɔ ɖo?

9 Ehiã be ame siwo xɔ nyɔnyrɔ xoxo la nanɔ ŋudzɔ. Nu ka tae? Elabe ate ŋu adzɔ be ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ale si míekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu la dzi naɖe akpɔtɔ. Bu Kristotɔ siwo nɔ Efeso le ƒe alafa gbãtɔ me la ŋu kpɔ. Yesu si wofɔ ɖe tsitre la kafu wo ɖe woƒe dzidodo ta. Ke hã egblɔ na wo be: “Nya si le asinye ɖe ŋuwòe nye be, ègblẽ lɔlɔ̃ si nɔ asiwò gbã la ɖi.” (Nyaɖ. 2:​3, 4) Yesu ƒe nyawo fia be Kristotɔ ate ŋu ava nɔ Mawu subɔm kple dzi afã. Ame sia tɔgbi ate ŋu anɔ gbe dom ɖa, anɔ kpekpeawo kple gbeadzi dem, gake ɖeko wòanɔ esia wɔm le esi wozu numame nɛ ta, ke menye lɔlɔ̃ si le esi na Yehowa ye le eʋãm o. Nu kae nàte ŋu awɔ ne èkpɔe be lɔlɔ̃ si le ye si na Yehowa nu le tsitsim?

10. Aleke nàte ŋu awɔ ɖe nya si Paulo gblɔ na Timoteo la dzi? (1 Timoteo 4:​13, 15)

10 Apostolo Paulo gblɔ na Timoteo be ‘wòade ŋugble le’ nu siwo ana eƒe subɔsubɔ nanyo ɖe edzi la ŋu eye ‘wòalé fɔ ɖe wo ŋu.’ (Xlẽ 1 Timoteo 4:​13, 15.) Wò hã àte ŋu ade ŋugble le nu siwo ana wò subɔsubɔ nanyo ɖe edzi la ŋu ale be nàyi edzi ‘axɔ dzo le gbɔgbɔ la me.’ (Rom. 12:11) Esia ana nàde dzesi nu vevi siwo ŋu nàwɔ dɔ tsoe. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ àde dzesii be ehiã be yeadzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu nyuie wu. Esia ana wò susu nàku ɖe kpekpeawo ŋu. Alo àdi be yeagana wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ nalé vi wu, eya ta àdi teƒe si ɖoɖoezizi le si nàte ŋu asrɔ̃ nu ahade ŋugble le. Ale si ko wotua nakedzo ɖo be wòagatsi o la, nenemae wò hã àte ŋu alé fɔ ɖe nu siawo ŋu ale be nàyi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe tafea kple nu siwo Yehowa wɔ na wò ŋu. Azɔ hã tso fifia va de asi na Ŋkuɖodzia la, ɖe manyo be nàde ŋugble le yayra siwo kpɔm nèle le Yehowa subɔsubɔ me la ŋu oa? Ne èwɔe alea la, àkpɔ ŋudzedze ɖe tafea, si na wò kple Yehowa dome va le kplikplikpli la ŋu geɖe wu.

11-12. Ne edzɔ ɣeaɖewoɣi be dzo megale mewò ɖe subɔsubɔdɔa ŋu o la, ɖe wòfia be Mawu ƒe gbɔgbɔa megale dziwò oa? Ðe eme. (Kpɔ fotoa hã.)

11 Ne èsena le ɖokuiwò me be dzo megale ye me ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu abe tsã ene o la, dzi megaɖe le ƒowò o, eye mègaƒo nya ta be Mawu ƒe gbɔgbɔ megale ye dzi o. Ðo ŋku nya si apostolo Paulo gblɔ na Korintotɔwo dzi. Egblɔ be: “Ne [nyemewɔ subɔsubɔdɔa] tso dzi me o hã la, wotsɔ aƒedzikpɔkpɔdɔ de asi nam.” (1 Kor. 9:17) Nu kae eƒe nyawo fia?

12 Ɣeaɖewoɣi la, didia menɔa Paulo me be wòaɖe gbeƒã o. Ke hã, Paulo ɖoe kplikpaa be yeayi subɔsubɔdɔa dzi togbɔ be esena le eɖokui me nenema hã. Wò hã àte ŋu asrɔ̃ Paulo. Ðoe kplikpaa nàwɔ nu si sɔ ne didia meli o gɔ̃ hã. Do gbe ɖa nàbia Mawu be ‘wòana didia kple ŋusẽa wò be nàwɔ nu si dzea eŋu.’ (Flp. 2:13) Nɔ nu siwo ana wò kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la wɔm. Ka ɖe edzi be ʋɛʋɛʋɛ la, wò lɔlɔ̃ na Yehowa agasẽ ɖe edzi eye dzo agaɖo mewò.

Vidada aɖe si lé blanui la kɔ via ɖe kekevi me le gbeadzi kple nɔvinyɔnu tsitsi aɖe, eye nɔvinyɔnu tsitsia da asi ɖe kɔ me nɛ.

Yi edzi nànɔ nu siwo ana wò kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli la wɔm, ne esesẽna na wò ɣeaɖewoɣi gɔ̃ hã (Kpɔ memama 11-12)


13. Aleke míanɔ mía ɖokui dom kpɔ anya be ‘míekpɔtɔ le xɔse la me’?

13 Korintotɔwo Ƒe Agbalẽ Evelia ta 13:5 gblɔ be: “Minɔ mia ɖokui dom kpɔ be miele xɔse la me hã; minɔ mia ɖokui me dzrom kpɔ ne mianya ame siwo ƒomevi mienye.” Eya ta tso ŋkeke yi ŋkeke la, ele be míanɔ ŋugble dem le ale si míele agbea nɔmee ŋu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Ðe metsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le nye agbe mea?’ (Mat. 6:33) ‘Ðe nu siwo metsɔna ɖea modzakae ɖenɛ fiana be melé fu nu vɔ̃ɖia?’ (Ps. 97:10) ‘Ðe mewɔa nu siwo ana ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ nanɔ hamea mea?’ (Ef. 4:​2, 3) Asɔ ŋutɔ be míade ŋugble le nu siawo ŋu le Ŋkuɖodzi ƒe ɣeyiɣia me. Elabe eʋua mɔnukpɔkpɔ na mí míedea ŋugble le nu si Yehowa kple Yesu wɔ na mí ŋu eye wòʋãa mí be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ahanɔ agbe na Kristo, ke menye na mía ɖokui o.c

AME SIWO DZUDZƆ YEHOWA SUBƆSUBƆ

14. Nu ka tae Kristotɔ aɖewo dzudzɔ hadede kple hamea?

14 Mía nɔvi Kristotɔ siwo subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe la dometɔ aɖewo va dzudzɔ kpekpeawo dede. Nu ka tae? ‘Agbemedzimaɖitsitsiwo’ ɖe kpe na wo dometɔ aɖewo. (Luka 21:34) Le bubuwo gome la, nɔvi aɖe ƒe nuwɔna ɖia wo nu. (Yak. 3:2) Ðewo hã wɔ nu vɔ̃ gã gake ele ŋu kpem na wo be woabia kpekpeɖeŋu. Aleke kee wòɖale o, nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàgava wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amewo? Nu kae tafea kple lɔlɔ̃ si Yehowa kple Yesu ɖe fia la aʋã wò be nàwɔ?

15. Aleke Yehowa ɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na yeƒe alẽ siwo tra mɔ? (Ezekiel 34:​11, 12, 16)

15 De ŋugble le ale si Yehowa sena le eɖokui me tso ame siwo tra ɖa le egbɔ ŋu la ŋu kpɔ. Medo dziku ɖe wo ŋu o, eye meŋlɔ wo be hã o. Ke boŋ edia eƒe alẽ siwo bu. Ekpena ɖe wo ŋu be woatrɔ ava ye gbɔ eye wònyia wo. (Xlẽ Ezekiel 34:​11, 12, 16.) Ðe wòanye be Yehowa le esia tɔgbi wɔm na wò hã? Ɛ̃, ele ewɔm! Esi nèle nyati sia xlẽm la, efia be wò dzi kpɔtɔ ku ɖe Yehowa ŋu. Ale si ko Yehowa kpɔ nu nyui aɖe le mewò eye wòhe wò va nyateƒea me la, ɖe manye be fifia hã ele nu nyui aɖewo kpɔm le mewò eye wòle agbagba dzem be yeakplɔ wò ɖɔɖɔɖɔ nàtrɔ agbɔ na ye oa?

16. Nu kawoe akpe ɖe ame siwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ ŋu be woatrɔ ava egbɔ? (Kpɔ fotoa hã.)

16 Bu dzideƒonya sia si dze le Trɔ Va Yehowa Gbɔ gbalẽ gbadzaa me ŋu kpɔ: “Kakaɖedzi nènɔ asiwò be Yehowa axɔ wò alɔ eve ne ètrɔ va egbɔ. Akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe agbemedzimaɖitsitsiwo nu, àkpɔ akɔfafa tso nu siwo gbã dzi na wò me, eye àkpɔ dzidzeme si tsoa dzitsinya dzadzɛ tsɔtsɔ subɔ Mawui me. Ekema àgasu te asubɔ Yehowa kple hati tadeagula bubuwo ake.” Ðo ŋku edzi hã be hamemetsitsiwo di vevie be yewoakpe ɖe ŋuwò. Woanye “sitsoƒe tso ya nu kple bebeƒe tso tsidzadza gã nu” na wò. (Yes. 32:2) Ðikeke mele eme o be èkpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu eye èdi be yeada akpe na Yehowa ɖe eta. Eya ta bia ɖokuiwò be, ‘Afɔ kawoe mate ŋu aɖe fifia “atsɔ akpɔ nye kple Yehowa dome nyawo gbɔ?”’ (Yes. 1:18; 1 Pet. 2:25) Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàgate ŋu adze kpekpeawo dede le Fiaɖuƒe Akpataa mea? Ne èyi la, ɖe manyo be nàte ɖe hamemetsitsi aɖe ŋu agblɔ nɛ be yedi be woakpe ɖe ye ŋu yeatrɔ ava Yehowa gbɔ oa? Hamemetsitsiawo ate ŋu awɔ ɖoɖo nɔvi aɖe nava srɔ̃ Biblia kpli wò hena ɣeyiɣi aɖe. Ka ɖe edzi be Yehowa ayra ɖe agbagba siwo katã nàdze be yeatrɔ ava egbɔ atsɔ aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu la dzi.

Ŋutsu tsitsi aɖe si lé Biblia ɖe asi va tɔ Fiaɖuƒe Akpataa ŋgɔ le adzɔge. Ele ale si nɔvi siwo va ɖo Fiaɖuƒe Akpataa me le wòezɔ dom na wo nɔewo la kpɔm.

Bia ɖokuiwò be, ‘Afɔ kawoe mate ŋu aɖe fifia “atsɔ akpɔ nye kple Yehowa dome nyawo gbɔ?”’ (Kpɔ memama 16)


NU KAE NÀWƆ?

17-18. Aleke nàte ŋu awɔ wò ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie le ŋkeke siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia?

17 Yesu gblɔ be Yehowa dɔ ye be yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafe “be ame sia ame si xɔa [ye dzi] sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yoh. 3:16) Tafea nye ɖoɖo si Yehowa wɔ be yeatsɔ aɖe mí tso nu vɔ̃ kple ku si me. Ele be mí katã míayi edzi anɔ asixɔxɔ dem tafea ŋu. (Rom. 3:​23, 24; 2 Kor. 6:1) Eya ta le ŋkeke siwo do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia la, di ɣeyiɣi nàde ŋugble le lɔlɔ̃ si Yehowa kple Yesu ɖe fia wò la ŋu, eye esia naʋã wò nàɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia.

18 Nu kae nàwɔ atsɔ aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu? Ale si nàɖo nya sia ŋu ate ŋu ato vovo na ame bubu tɔ ya. Aleke kee wòɖale o, ka ɖe edzi be Yehowa ayra wò le esi nèle agbagba dzem be yeawɔ ɖeka kple esubɔla miliɔn geɖe siwo ‘megale agbe nɔm na wo ɖokuiwo o, ke na ame si ku ɖe wo ta la boŋ.’—2 Kor. 5:15.

ALEKE AME SIAWO AÐEE AFIA BE YEWOKPƆ ŊUDZEDZE ÐE TAFEA ŊU?

  • Biblia nusrɔ̃viwo

  • Kristotɔ xɔnyɔnyrɔwo

  • Ame siwo dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ

HADZIDZI 14 Mikafu Anyigba Ƒe Fia Yeye La

a Be nàte ŋu awɔ nu siwo srɔ̃m nèle le Biblia me dzi la, wɔ aɖaka si nye “Anyo Be Nàwɔ Esia,” si dze le Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee! gbalẽa ƒe nusɔsrɔ̃ ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la ŋu dɔ.

b Ne èdi aɖaŋuɖoɖo si akpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Yehowa ŋu geɖe wu la, kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo—‘Miyi Edzi Mianɔ Miaƒe Ðeɖekpɔkpɔ Ŋuti Dɔ La Wɔm’” si dze le December 2017 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

c Ne èdi be yeanya nu siwo nàwɔ be nàyi edzi ade asixɔxɔ tafea ŋu la, kpɔ nyati si nye “Nukae Ʋãa Wò Nèsubɔa Mawu?” si dze le June 15, 1995 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe