INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 109
  • Ɣekaɣie Xexea Ƒe Nuwuwu Ava?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ɣekaɣie Xexea Ƒe Nuwuwu Ava?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Xexea Me Ƒe Nuwuwu​—Èvɔ̃nɛa, Èkpɔa Mɔ Nɛa, Alo Eti To Me Na Wò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyabiase Ene Le Nuwuwua Ŋu Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • “Nuwuwu La”—Nu Kae Wòfia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia?
    Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia?
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 109
Eƒo ga wuieve kloe le gaƒoɖokui si wotsɔ ku gli ŋu

Ɣekaɣie Xexea Ƒe Nuwuwu Ava?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Ele vevie be míase ale si Biblia zã nya “xexea” gɔme, esia akpe ɖe mía ŋu míanya ɣeyiɣi si xexea ƒe nuwuwu ava. Zi geɖe la, Helagbe me nya ko′smos, si gɔme woɖena be “xexea,” fiana amegbetɔƒomea, vevietɔ ame siwo meɖoa to Mawu alo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu o. (Yohanes 15:18, 19; 2 Petro 2:5) Ɣeaɖewoɣi la, wozãa nya ko′smos wòkuna ɖe amegbetɔwo ƒe nuɖoanyia ŋu, eye esia lɔ asitsahabɔbɔwo, dunyahehabɔbɔwo kple subɔsubɔhawo ɖe eme.—1 Korintotɔwo 7:31; 1 Yohanes 2:15, 16.a

Nu kae nye “xexea me ƒe nuwuwu”?

Woagate ŋu aɖe nya, “xexea me ƒe nuwuwu,” si dze le Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo me la, gɔme be “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mateo 24:3) Nya ma mefia be woatsrɔ̃ anyigba alo amegbetɔwo katã o, ke boŋ efia be amegbetɔwo ƒe nuɖoanyia awu enu.—1 Yohanes 2:17.

Biblia na míenya be “woatsrɔ̃ ame vlowo,” ale be ame nyuiwo nate ŋu ase vivi na agbea le anyigba dzi. (Psalmo 37:9-11) Ame vlowo ƒe tsɔtsrɔ̃ sia adze egɔme le “xaxa gã” la me, eye wòawu enu le Armagedon-ʋa la me.—Mateo 24:21, 22; Nyaɖeɖefia 16:14, 16.

Ɣekaɣie xexea ƒe nuwuwu ava?

Yesu gblɔ be: “Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o, mawudɔla siwo le dziƒo la menyae o, eye Vi la hã menyae o, negbe Fofo la ko.” (Mateo 24:36, 42) Egblɔ kpee be nuwuwua ava le vo me, “le gaƒoƒo si miesusu be eya dzie wòava o la dzi.”—Mateo 24:44.

Togbɔ be míate ŋu anya ŋkekea kple gaƒoƒoa o hã la, Yesu gblɔ “dzesi,” alo nudzɔdzɔ siwo aɖee afia be xexea ƒe nuwuwu gogo. (Mateo 24:3, 7-14) Biblia yɔ ɣeyiɣi si me nudzɔdzɔ mawo ava eme la be “nuwuɣi la,” kple “ŋkeke mamlɛawo.”—Daniel 12:4; 2 Timoteo 3:1-5.

Ðe nane agasusɔ ne wotsrɔ̃ xexea?

Ɛ̃. Anyigba akpɔtɔ anɔ anyi, elabena Biblia gblɔ be “maʋã akpɔ o tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Psalmo 104:5) Eye anyigba dzi ayɔ fũu kple amewo, abe ale si Biblia do ŋugbee ene be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Mawu ana nuwo nanɔ abe ale si wòɖoe tso gɔmedzedzea me ene:

  • Anyigba azu Paradiso.—Yesaya 35:1; Luka 23:43.

  • Dedienɔnɔ kple nudzedziname axɔ aƒe ɖi.—Mika 4:4.

  • Ame sia ame awɔ dɔ nyui si me dzidzeme le.—Yesaya 65:21-23.

  • Dɔléle kple amegãkuku alo nyagãkuku maganɔ anyi o.—Hiob 33:25; Yesaya 33:24.

Ame siwo le paradiso me le dzidzɔ dom na wo ɖokuiwo le ƒuta

a  Woɖe Helagbe me nya si nye ai·on′ hã gɔme le Biblia aɖewo me be “xexea.” Ne wozã ai·on′ alea la, gɔmesese si nɔa eŋu la dea sɔsɔ ge kple ko′smos, si nye amegbetɔwo ƒe nuɖoanyia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe