ELFRIEDE URBAN | AGBEMEŊUTINYA
Mekpɔ Yayra Geɖe Le Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa Me
Tso keke nye ɖevime kea, agbea menɔ bɔbɔe kura o. Wodzim le Czechoslovakia le December 11, 1939 dzi. Ɣemaɣia, Xexemeʋa Evelia fe ati ɣleti etɔ̃ koe nye ema. Esime nɔnye nɔ nye dzima, nuwo sesẽ nɛ ŋutɔ, si wɔe be eku kwasiɖa eve le nye dzidzi megbe. Do ŋgɔ na emaa, fofonye ʋu yi Germany be yeadi dɔ. Dzidzɔtɔea, nɔnye dzilawo xɔm nyi. Ɣemaɣia, wonɔ nɔnye nɔvinyɔnu etɔ̃, siwo nye nɔgãnyewo, dzi kpɔm xoxo.
Nye kple mamanye kple tɔgbuinye
Aʋaa ke le ƒe 1945 me, gake agbea nɔ sesẽm ŋutɔ. Esi míenye Germanytɔwo taa, wonya mí le Czechoslovakia yi Germany. Aʋawɔwɔa wɔe be wogbã duwo ʋayaʋaya eye ame geɖe da ahe kolikoli. Ɣeaɖewoɣia, nɔgãnyewo nɔa fli me zã bliboa hafi kpɔa nuɖuɖu vi aɖe gbɔna vaa aƒe mee. Ɣebubuɣiwoa, míeyia ave me vae dia atikutsetsewo kple hlowo eye míetsɔa wo yina vae nana, ale be wonaa yevubolo mí ɖe eteƒe. Nuɖuɖu nɔ vevem ale gbegbe be kasia ko amewo ƒe aƒemelãwo bu, elabe amewo fia wo vae ɖana ɖuna. Enuenua, míemlɔa anyi dɔmeɣi.
Ale Si Nye Ƒomea Wɔ Ke Ðe Nyateƒea Ŋu
Tɔgbuinye kple mamanye nye Katolikotɔwo, gake Biblia menɔ mía si o. Nunɔlaa gbe be yemadzra Biblia na tɔgbuinye o, elabe egblɔ be hameviwo tɔ koe nye be woaɖo to ne wole mawunyaa gblɔm. Esia wɔe be biabia geɖe nɔ tɔgbuinye si ku ɖe Mawu ŋu siwo mekpɔ ŋuɖoɖo na o.
Ƒe adre ye mexɔ esi Yehowa Ðasefo eve aɖewo va mía gbɔ le aƒe me. Wozã Biblia tsɔ ɖo tɔgbuinye ƒe biabia siwo ku ɖe Mawuɖekaetɔ̃, dzomavɔ, nɔnɔme si me kukuawo le, kple nya bubuwo ŋu. Tɔgbuinye kpɔe be ale si Biblia ɖo yeƒe biabiawo ŋua me kɔ eye yese wo gɔme. Eya ta eka ɖe edzi be yeke ɖe nyateƒea ŋu. Tso ema dzia, atsu kple asi aɖe siwo nye Ðasefowo va nɔ Biblia srɔ̃m kple ƒome bliboa edziedzi.
Dɔ Si Medi Be Mawɔ Le Yehowa Subɔsubɔ Me
Tso esime menye ɖevi dzaa la, melɔ̃ Yehowa ŋutɔ. Melɔ̃a nuxexlẽ tso dutanyanyuigblɔla siwo le Yehowa subɔm le dukɔ didiwo mea ŋu. Mebiana be, ‘Aleke agbea nɔna na wo? Aleke wònɔna be ame naɖe gbeƒã na ame siwo mese Yehowa ƒe ŋkɔ kpɔ o?’
Foto sia ɖeɖe megbe kpuie ye meɖoe be mazu dutanyanyuigblɔla
Esi mexɔ ƒe 12 la, metso nya me be mava nye dutanyanyuigblɔla, eye meva nɔ nu siwo ana maɖo taɖodzinu ma gbɔa wɔm. Gbãa, medze agbagba va nye nyanyuigblɔla dovevienu. Emegbe mexɔ nyɔnyrɔ le December 12, 1954 dzi, eye le ɣeyiɣi aɖe megbea, meva zu mɔɖela. Mekpɔe be menɔ nye taɖodzinua gbɔ ɖom vivivi!
Menyae be ele be manya Eŋlisigbe dodo hafi ate ŋu ade Gilead Suku, afi si wonaa hehe amewo le wova zua dutanyanyuigblɔlawo, eya ta medo vevie Eŋlisigbea sɔsrɔ̃. Mesusu be mate ŋu anɔ Eŋlisigbea dom kple Amerika srafo siwo gakpɔtɔ nɔ Germany ɣemaɣi, ale be masrɔ̃ gbea dodo. Eya ta gbe ɖeka mete ɖe asrafo aɖe ŋu hegblɔ nɛ be, “Menye Kristo.” Ekpɔm dũu eye wògblɔ nam be, “Ewɔ nam be nya si nèdi be yeagblɔe nye be ‘Menye Kristotɔ.’” Mekpɔe be nyemeɖu tu na Eŋlisigbea abe ale si mesusui ene o!
Esi mexɔ ƒe 20 kple nu vi aɖea, meʋu yi England eye mewɔa dɔ na Ðasefowo ƒe ƒome aɖe. Nu si mewɔnae nye be meléa be na woƒe vidzĩ ne wodo le aƒe me. Le ŋdɔwo mea, mewɔa tso aƒe me yi aƒe me dɔa eye esia na mɔnukpɔkpɔ nyui aɖem be masrɔ̃ Eŋlisigbea dodo. Esi menɔ England ƒe ɖeka megbea, meva nya Eŋlisigbea dodo nyuie wu.
Metrɔ yi Germany, eye le October 1966 mea, woɖom mɔɖela vevi le Mechernich. Gake nutoa me tɔwo medina kura be yewoase míaƒe gbedeasia o. Yame fana le afi ma hã ale gbegbe. Ne yame fa miamiamia le vuvɔŋɔli gɔ̃ hãa, womeɖea mɔ na mí míegena ɖe woƒe aƒewo me o. Medoa gbe ɖa na Yehowa vevie zi geɖe be, “Ne èɖe mɔ meva zu dutanyanyuigblɔla gbe ɖekaa, meɖe kuku na woaɖom ɖe dukɔ si me yame mefana miamiamia le o.”
Meva Zu Dutanyanyuigblɔla
Esi menye mɔɖela vevi ɣleti eve aɖewo ko megbea, Yehowa na nye dzimedidia va eme nam! Wokpem be made Gilead Sukua ƒe klas 44 lia, eye mewu sukua nu le September 10, 1967 dzi. Dukɔ ka mee woɖom ɖo? Woɖom ɖe Nicaragua, si le Titina Amerika, afi si yame mefana miamiamia le o eye teƒea hã nya kpɔ! Dutanyanyuigblɔla siwo nɔ afi ma xoxoa, xɔ nye kple nye zɔhɛ etɔ̃ siwo woɖo ɖe afi ma la alɔeve. Mese le ɖokuinye me abe apostolo Paulo ene esi wòda “akpe na Mawu, eye dzi ɖo eƒo” esime nɔviawo va kpee.—Dɔwɔwɔwo 28:15.
Le Gilead Suku (nyee le miame), tsɔ kpe ɖe sukuvi bubu siwo nye Francis kple Margaret Shipley ŋu
Woɖom ɖe León, si nye du aɖe si me tomefafa le, eye meɖoe kplikpaa be masrɔ̃ Spaingbea kabakaba. Togbɔ be le ɣleti eve mea, mezãa gaƒoƒo 11 gbe sia gbe tsɔ srɔ̃a Spaingbea hãa, gbea sɔsrɔ̃ menɔ bɔbɔe kura o!
Gbe ɖeka, meɖo ŋku edzi be aƒemenɔla aɖe nam aha vivi aɖe si Nicaraguatɔwo yɔna be fresco. Mesusu be meɖo eŋu nɛ be “tsi ƒuƒlu” ko dim mele. Gake edze abe nyɔnua tɔtɔ ene. Ŋkeke aɖewo megbe hafi meva de dzesii be esi wònye be nyemedoa Spaingbea nyuie tututu o taa, nya si megblɔ nɛ boŋue nye be “tsi kɔkɔe” ye medi be mano! Gake emegbea meva nya Spaingbea dodo nyuie.
Nye kple Marguerite, míewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe 17
Mesrɔ̃a nu kple ƒomewo hã zi geɖe. Esi mekpɔe be mele dedie le León taa, melɔ̃a Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ le fiẽsiwo eye ɣeaɖewoɣia, menɔa edzi ʋuu va de asi na zã ga ewo gɔ̃ hã. Menya ame sia ame kloe ƒe ŋkɔ le dua me. Ne metrɔ gbɔna va aƒe mea, medoa gbe na nutoa me tɔ siwo bɔbɔ nɔ woƒe aƒewo ŋkume le ya fafɛ xɔm. Nutoa me tɔwo doa vivi ɖe ame ŋu ŋutɔ.
Mekpe ɖe ame geɖe ŋu wosrɔ̃ nyateƒea le León. Wo dometɔ ɖeka nye vidada aɖe si ŋkɔe nye Nubia, si si viŋutsu enyi le. Míenɔ nua sɔsrɔ̃ dzi va se ɖe esime woɖom ɖe Managua le ƒe 1976 me. Nyemegase Nubia kple viawo ŋkɔ kpɔ o ƒe 18 sɔŋ, va se ɖe esime megatrɔ yi León be made takpekpe aɖe. Le takpekpea ƒe ɖiɖiɖemeɣia, ɖekakpui aɖewo va ƒo zi ɖe ŋunye—Nubia ƒe viwoe! Dzi dzɔm ale gbegbe esi mekpɔe be Nubia te ŋu he viawo le nyateƒea me.
Dutanyanyuigbɔgblɔdɔa Wɔwɔ Le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me
Le ƒe 1970-awo ƒe nuwuwu lɔƒoa, ʋunyaʋunyawo va nɔ edzi yim le Nicaragua. Gake míeyi edzi nɔ mía tɔ sinua wɔm nɔ gbeƒã ɖem. Nuto si me woɖom ɖoe nye Masaya, si le fiadua ƒe anyiehe. Edzɔna zi geɖe be amewo lɔa gbɔ, hoowɔwɔ yia edzi, eye amewo tsɔa lãnuwo. Gbe ɖeka fiẽ esi míenɔ kpekpe me le Fiaɖuƒe Akpataa mea, eva hiã be mí katã míamlɔ anyi ɖe anyigba, elabe tudada nɔ edzi yim le Sandinista aʋawɔlawo kple dziɖuɖusrafowo dome.a
Ɣebubuɣi esime menɔ gbeadzia, meva do go ɖe enu esime Sandinista aʋawɔla aɖe kple dziɖuɖusrafo aɖe nɔ tu dam wo nɔewo. Medze agbagba be masi, gake aʋawɔla bubu geɖewo va do. Meƒu du to kpɔdomee aɖe gake bebeƒe aɖeke menɔ anyi o. Kasia, dziɖuɖusrafowo tsɔ helikɔpta va do ɖe teƒea nɔ tu dam kpakpakpa eteƒe mekɔ o. Enumake ŋutsu aɖe ʋu eƒe ʋɔtru eye wòhem va xɔa me. Mekpɔe be Yehowa ye tsom xɔ!
Wonya Mí Le Dukɔa Me!
Mewɔ subɔsubɔdɔa le Masaya va de asi na March 20, 1982 dzi. Nyemaŋlɔ ŋkeke ma be gbeɖe o. Gbe ma gbe ƒe ŋdi esi ɣeyiɣia de be nye kple dutanyanyuigblɔla atɔ̃ bubu míaɖu ŋdinua, míekpɔ Sandinista ƒe aʋawɔla aɖewo kpla aʋawɔtu gãgãwo eye wozɔ gbɔna míaƒe aƒea me. Zi ɖeka kasia, woʋu ʋɔa gbla ge ɖe mía dzi, eye wo dometɔ ɖeka ɖe gbe be: “Míena gaƒoƒo ɖeka mi be mia dome ame sia ame nafɔ eƒe nuwo ade akplo ɖeka me eye miakplɔ mí ɖo.”
Asrafoawo kplɔ mí yi agble aɖe me eye wosika mí ɖe afi ma gaƒoƒo geɖe. Emegbe wona mí ame ene míeɖo bɔs sue aɖe eye wokplɔ mí yi Costa Rica ƒe dea dzi eye wonya mí le dukɔa me. Mlɔebaa, wonya dutanyanyuigblɔla 21 le dukɔa me.
Nɔvi siwo le Costa Rica xɔ mí nyuie eye le ŋkeke si kplɔe ɖo dzia, míeyi alɔdzedɔwɔƒe si le San José. Míenɔ alɔdzedɔwɔƒea wòdidi o. Eye anɔ abe ŋkeke ewo ene megbea, woɖo mí ame enyi ɖe Honduras be míayi míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi le afi ma.
Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Le Honduras
Le Honduras la, woɖom ɖe Tegucigalpa. Mewɔ subɔsubɔdɔa le afi ma ƒe 33, eye le ɣeyiɣi ma mea, hame ɖeka si nɔ anyi la dzi ɖe edzi va zu hame enyi. Nublanuitɔea, le ƒe aɖewo megbea, nu vlo wɔwɔ va xɔ aƒe ɖi le Tegucigalpa. Fiafiwo va bɔ eye wofi nye nuwo zi geɖe. Ɣeaɖewoɣia, adzogliwo va tsoam eye wogblɔna be ele be mana ga yewo eye woyɔa ga sia be “aʋawɔwɔ ƒe adzɔ.” Gake megblɔna na wo be, “Nane le asinye si xɔ asi sãsãsã wu ga,” eye metsɔa trakt alo magazine naa wo eye woɖea asi le ŋunye!
Ame akpa gãtɔ siwo le Tegucigalpa nye ŋutifafame siwo nyoa dɔme eye mekpe ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu wova xɔ nyateƒea. Le kpɔɖeŋu me, nye Biblia nusrɔ̃vi aɖe si ŋkɔe nye Betty nɔ ŋgɔyiyi nyuiwo wɔm, gake gbe ɖeka eva gblɔ nam be yedi be yeage ɖe evangelika sɔlemehaa me. Ete ɖe dzinye ya, gake le ƒe eve megbea, nuwo trɔ esi Betty do le tsɔtsia me eye míegadze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme. Nu ka tae wòdo le tsɔtsia me? Betty kpɔe be lɔlɔ̃ vavã si woɖena fiana ye le hamea mea mele nenema le tsɔtsia ya me o. (Yohanes 13:34, 35) Betty gblɔ nam be: “Miexɔa amewo katã nyuie le miaƒe kpekpewo me, wonye kesinɔtɔwo alo ame dahewo o. Miawo ya mieto vovo kura.” Le ɣeyiɣi aɖe megbea, Betty xɔ nyɔnyrɔ.
Le ƒe 2014 mea, woɖo dutanyanyuigblɔla siwo nɔ Tegucigalpa ɖe nuto bubuwo me eye woɖo nye hã ɖe Panama. Nye kple dutanyanyuigblɔla ene bubue le teƒe ɖeka fifia. Woawo hã wowɔ subɔsubɔdɔa ƒe geɖe.
Mekpɔ Dzidzɔ Vavã Esi Meɖo Nye Taɖodzinuwo Gbɔ
Mele dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm ƒe 55 aɖewoe nye esia. Gake fifia nyemegate ŋu le geɖe wɔm abe tsã ene o, le tsitsimekuxiwo ta. Ke hã, Yehowa kpe ɖe ŋunye megakpɔtɔ le nu fiam amewo tso eŋu.
Ðe mate ŋu atiae be mawɔ nu bubu le agbe me hafia? Ɛ̃, mate ŋui. Gake anye ne yayra geɖewo ato ŋunye! Mekpe ɖe ame siwo wu 50 ŋu wova srɔ̃ nyateƒea. Ame siawo va le abe gbɔgbɔme viŋutsuwo kple vinyɔnuwo ene nam, eye xɔlɔ̃ geɖewo hã le asinye. Tsɔ kpe ɖe “gbɔgbɔmeƒome” gã sia ŋua, edzɔ dzi nam ŋutɔ be nɔnye nɔvinyɔnu lɔlɔ̃a Steffi, si le Germany hã kpena ɖe ŋunye.
Togbɔ be nyemeɖe srɔ̃ o hãa, nyemetsi akogo kpɔ o. Yehowa nɔ kplim ɣeawokatãɣi. Medze xɔlɔ̃ nyui geɖewo hã, wo dometɔ ɖekae nye Marguerite Foster, si nye kplii míewɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe 17 sɔŋ. Míetsɔ dzidzɔ wɔ dɔ ɖekae ƒe geɖe, eye míegakpɔtɔ nye xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o va se ɖe egbe.—Lododowo 18:24.
Nu si nana nye dzi dzea eme wue nye ale si mezã nye agbe le mɔ nyuitɔ kekeake nu—si nye be metsɔe subɔ Yehowa bliboe. Meɖo taɖodzinu si nɔ asinye tso nye ɖevimea gbɔ, eye nuteƒekpɔkpɔ nyui geɖewo su asinye. Mele dzidzɔ vavãtɔ kpɔm, eye mele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me magayi edzi asubɔ Yehowa yi mavɔmavɔ me!
a Le ƒe 1970-awo ƒe nuwuwu lɔƒoa, dukɔa me tɔ geɖewo va de Sandinistatɔwo dzi eye mlɔebaa, wova ɖe fiaƒome si nɔ Nicaragua dzi ɖum ƒe 40 kple edzivɔa ɖa le zi dzi.