Kuɖa, October 22
Xɔse . . . ne dɔwɔwɔ mekpe ɖe eŋu o la, enye nu kuku.—Yak. 2:17.
Yakobo gblɔ be ame aɖe ate ŋu asusu be xɔse le ye si, gake ɖe wòdze le eƒe dɔwɔwɔwo mea? (Yak. 2:1-5, 9) Azɔ hã, Yakobo ƒo nu tso ame aɖe si kpɔ nɔvia si si ‘nuɖuɖu alo awu mele o’ gake mewɔ naneke tsɔ kpe ɖe eŋu oa ŋu. Ne ame ma susu be xɔse le ye si gɔ̃ hã, meɖee fia le eƒe dɔwɔwɔwo me o. (Yak. 2:14-16) Yakobo he susu yi Rahab dzi be enye ame si to eƒe dɔwɔwɔwo me ɖee fia be xɔse le ye si. (Yak. 2:25, 26) Rahab se nu tso Yehowa ŋu eye wòkpɔe be enɔ kpekpem ɖe Israel-viwo ŋu. (Yos. 2:9-11) Exɔ Yehowa dzi se eye wòɖee fia to eƒe dɔwɔwɔwo me. Eɣla Israel-vi ŋkutsalawo esime woƒe agbe ɖo afɔku me. Esia ta Mawu bu nyɔnu sia si nye ame madeblibo eye menye Israel-vi o la be enye ame dzɔdzɔe, abe ale si wòbu Abraham ene. Rahab ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be ele vevie be míatsɔ dɔwɔwɔwo akpe ɖe míaƒe xɔse ŋu. w23.12 5-6 ¶12-13
Yawoɖa, October 23
Ne miaƒo ke ɖe to ali ke sesĩe ɖe gɔmeɖoanyi la dzi.—Ef. 3:17.
Menye Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo koe mí Kristotɔ vavãwo míedina be míanya o. Míedina vevie be míasrɔ̃ “Mawu ƒe nu goglowo” hã, eye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ esia. (1 Kor. 2:9, 10) Ðe manyo be nàde ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo aɖe to me si akpe ɖe ŋuwò be nàgate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli oa? Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aku nu me tso ale si Yehowa ɖe lɔlɔ̃ fia esubɔlawo le blema ŋu eye esia ana nàkpɔe be elɔ̃ wò hã vevie. Àte ŋu asrɔ̃ nu tso ɖoɖo si Yehowa wɔ ɖe esubɔsubɔ ŋu na blema Israel-viwo, eye nàtsɔe asɔ kple ɖoɖo si wòwɔ na Kristo hamea egbea. Alo àte ŋu aku nu me tso nyagblɔɖi siwo ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔa kple ale si wova emee ŋu. Dzi adzɔ wò ŋutɔ ne èzã Numekuku Ŋuti Mɔfiagbalẽ Na Yehowa Ðasefowo tsɔ ku nyati siawo me. Biblia me nya goglowo me dzodzro ate ŋu ado ŋusẽ wò xɔse eye wòakpe ɖe ŋuwò ‘wò asi natu sidzedze Mawu.’—Lod. 2:4, 5. w23.10 18-19 ¶3-5
Fiɖa, October 24
Vevietɔ la, milɔ̃ mia nɔewo vevie, elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nu vɔ̃ geɖe dzi.—1 Pet. 4:8.
Helagbe me nya si apostolo Petro zã si gɔme woɖe be “vevie” la fia be woakeke nane me. Kpukpuia ƒe akpa evelia gblɔ be ne lɔlɔ̃ ma tɔgbi le mía sia, atsyɔ mía nɔviwo ƒe nu vɔ̃wo dzi. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Ne kplɔ̃ aɖe le mía si evɔ edzi menya kpɔ oa, zi geɖe míetsɔa avɔ dzeani aɖe eye míekekea eme tsɔna tsyɔa edzi. Nenema kee ne míelɔ̃ mía nɔewo veviea, míaƒe lɔlɔ̃a atsyɔ, menye nu vɔ̃ ɖeka alo eve ko dzi o, ke boŋ “nu vɔ̃ geɖe” dzi. Lɔlɔ̃ sia aʋã mí míatsɔ ake alo aŋe aɖaba aƒu woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Ele be lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔvi Kristotɔwo nasẽ ale gbegbe be míalɔ̃ faa atsɔ woƒe vodadawo ake wo, ne esia wɔwɔ sesẽ na mí gɔ̃ hã. (Kol. 3:13) Ne míedzea agbagba tsɔna kea amewoa, esia ɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo vevie, eye míedi be míaƒe nu nadze Yehowa ŋu. w23.11 10-12 ¶13-15