INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Egbe

Yawoɖa, August 28

Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ, ɛ̃, ɖe ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ.—Ps. 145:18.

Yehowa si nye ‘lɔlɔ̃ ƒe Mawu la’ li kpli mí! (2 Kor. 13:11) Etsɔ ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Míeka ɖe edzi be ‘eƒe amenuveve ƒo xlã mí.’ (Ps. 32:10) Ne míedea ŋugble le ale si wòɖea lɔlɔ̃ fia mí ŋua, ana míakpɔe be eléa be na mí eye míate ɖe eŋu. Míate ŋu ado gbe ɖa nɛ faa agblɔ ale si gbegbe míehiã eƒe lɔlɔ̃a nɛ. Míate ŋu agblɔ míaƒe dzimaɖitsitsiwo katã nɛ, elabe míeka ɖe edzi be ase nu gɔme na mí eye edi vevie be yeakpe ɖe mía ŋu. (Ps. 145:19) Ale si ko le vuvɔŋɔli míetena ɖe dzo ŋu be wòaɖo lãme na mí la, nenema kee Yehowa ƒe lɔlɔ̃ dea agbe mía me eye wòtena mí ɖe eyama ŋu. Nyateƒee wònye be Yehowa ƒe lɔlɔ̃ de to, efaa akɔ na ame eye wònana ame ƒe dzi dzea eme. Ðe medzɔa dzi na wò be Yehowa lɔ̃ wò oa? Esi Yehowa lɔ̃ mí alea gbegbe taa, mina míawo hã míawɔ nu abe hakpalaa ene esi wògblɔ be: “Melɔ̃a Yehowa”!—Ps. 116:1. w24.01 31 ¶19-20

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Fiɖa, August 29

Mena wonya wò ŋkɔ la.—Yoh. 17:26.

Menye Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ɖeɖe koe Yesu na amewo nya o. Yudatɔ siwo Yesu fia nui la nya Mawu ƒe ŋkɔa xoxo. Eya ta Yesu “ɖe ame si wònye la [hã] fia” wo. (Yoh. 1:​17, 18) Le kpɔɖeŋu me, Hebri Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Yehowa nye nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula. (2 Mose 34:​5-7) Yesu na nyateƒenya sia me gakɔ nyuie esi wògblɔ vi nudomegblẽlaa ƒe ŋutinyaa na wo. Yesu gblɔ be esi vifofoa kpɔ via si trɔ dzi me “wòle mɔ dzi ʋĩi gbɔna la,” eƒu du yi ɖawɔ atuu nɛ eye wòtsɔ nu si wòwɔa kee faa. Esia na míese ale si gbegbe Yehowa nye nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula la gɔme nyuie. (Luka 15:​11-32) Nyateƒee, Yesu ɖe ame si tututu Fofoa nyea fia. w24.02 10 ¶8-9

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Memleɖa, August 30

Míato akɔfafa si míekpɔ tso Mawu gbɔ la dzi afa akɔ na [amewo].—2 Kor. 1:4.

Yehowa faa akɔ na ame siwo dzi nu te ɖo eye wònana woƒe dzi dzea eme. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ase veve ɖe amewo nu eye míafa akɔ na wo? Mɔ ɖekae nye be míatu nɔnɔme siwo ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míase veve ɖe amewo nu ahafa akɔ na woa ɖo. Nɔnɔme mawo dometɔ aɖewoe nye kawo? Nu kae míate ŋu awɔ be lɔlɔ̃ si le mía si la nu nagatsi o eye ‘míayi edzi anɔ akɔ fam na mía nɔewo’ gbe sia gbe? (1 Tes. 4:18) Eyae nye be míatu nɔnɔme nyuiwo abe nɔvilɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo ene ɖo. (Kol. 3:12; 1 Pet. 3:8) Aleke esia wɔwɔ aɖe vi na mí? Ne míetu nɔnɔme mawo ɖo eye míesea veve ɖe amewo nu tso dzi me kea, míadi vevie be míafa akɔ na ame siwo le xaxawo me tom. Esia tae Yesu gblɔ be: “Nya si wu dzi lae nu gblɔna. Ame nyui ɖea nu nyuiwo ɖe go tso eƒe nu nyui dzraɖoƒe.” (Mat. 12:​34, 35) Vavãe, ne míaƒe dzi ʋã mí míefa akɔ na mía nɔvi Kristotɔwo le nɔnɔme sesẽwo mea, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo nyateƒe. w23.11 10 ¶10-11

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe