INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Egbe

Fiɖa, August 29

Mena wonya wò ŋkɔ la.—Yoh. 17:26.

Menye Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa ɖeɖe koe Yesu na amewo nya o. Yudatɔ siwo Yesu fia nui la nya Mawu ƒe ŋkɔa xoxo. Eya ta Yesu “ɖe ame si wònye la [hã] fia” wo. (Yoh. 1:​17, 18) Le kpɔɖeŋu me, Hebri Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Yehowa nye nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula. (2 Mose 34:​5-7) Yesu na nyateƒenya sia me gakɔ nyuie esi wògblɔ vi nudomegblẽlaa ƒe ŋutinyaa na wo. Yesu gblɔ be esi vifofoa kpɔ via si trɔ dzi me “wòle mɔ dzi ʋĩi gbɔna la,” eƒu du yi ɖawɔ atuu nɛ eye wòtsɔ nu si wòwɔa kee faa. Esia na míese ale si gbegbe Yehowa nye nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula la gɔme nyuie. (Luka 15:​11-32) Nyateƒee, Yesu ɖe ame si tututu Fofoa nyea fia. w24.02 10 ¶8-9

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Memleɖa, August 30

Míato akɔfafa si míekpɔ tso Mawu gbɔ la dzi afa akɔ na [amewo].—2 Kor. 1:4.

Yehowa faa akɔ na ame siwo dzi nu te ɖo eye wònana woƒe dzi dzea eme. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ase veve ɖe amewo nu eye míafa akɔ na wo? Mɔ ɖekae nye be míatu nɔnɔme siwo ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míase veve ɖe amewo nu ahafa akɔ na woa ɖo. Nɔnɔme mawo dometɔ aɖewoe nye kawo? Nu kae míate ŋu awɔ be lɔlɔ̃ si le mía si la nu nagatsi o eye ‘míayi edzi anɔ akɔ fam na mía nɔewo’ gbe sia gbe? (1 Tes. 4:18) Eyae nye be míatu nɔnɔme nyuiwo abe nɔvilɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo ene ɖo. (Kol. 3:12; 1 Pet. 3:8) Aleke esia wɔwɔ aɖe vi na mí? Ne míetu nɔnɔme mawo ɖo eye míesea veve ɖe amewo nu tso dzi me kea, míadi vevie be míafa akɔ na ame siwo le xaxawo me tom. Esia tae Yesu gblɔ be: “Nya si wu dzi lae nu gblɔna. Ame nyui ɖea nu nyuiwo ɖe go tso eƒe nu nyui dzraɖoƒe.” (Mat. 12:​34, 35) Vavãe, ne míaƒe dzi ʋã mí míefa akɔ na mía nɔvi Kristotɔwo le nɔnɔme sesẽwo mea, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo nyateƒe. w23.11 10 ¶10-11

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025

Kwasiɖa, August 31

Ame siwo si gɔmesese deto le la ase egɔme.—Dan. 12:10.

Be míate ŋu ase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔmea, ahiã be woakpe ɖe mía ŋu. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be èle mɔ zɔm yina teƒe aɖe si mènya o, gake xɔ̃wò aɖe si le mɔa zɔm kpli wò ya nya teƒea nyuie. Enya afi si tututu mieɖo kple afi si mɔ vovovoawo ɖo tae. Ðikeke mele eme o be dzi adzɔ wò ŋutɔ be xɔ̃wòa lɔ̃ faa be yeayi kpli wò! Yehowa le abe xɔ̃wò ma ene; enya ɣeyiɣi si me míele kple nu siwo ava dzɔ le etsɔmea nyuie. Eya ta be míate ŋu ase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔmea, ehiã be míabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ɖokuibɔbɔtɔe. (Dan. 2:28; 2 Pet. 1:​19, 20) Abe ale si dzila nyui ɖe sia ɖe dina enea, Yehowa di be ye viwo nakpɔ dzidzɔ eye etsɔme nanyo na wo. (Yer. 29:11) Ŋutete mele amegbetɔwo si be woagblɔ etsɔme ɖi o, gake Yehowa ya ate ŋu agblɔ etsɔme ɖi wòava eme pɛpɛpɛ. Yehowa na woŋlɔ nyagblɔɖiwo ɖe eƒe Nyaa me ale be míanya nu ɖedzesi siwo gbɔna dzɔdzɔ ge hafi woava dzɔ.—Yes. 46:10. w23.08 8 ¶3-4

Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025
Wòe Zɔ
Esia nye dɔwɔnu siwo wotsɔ wɔa numekuku le Yehowa Ɖasefowo ƒe agbalẽwo me le gbe vovovowo me.
Ne èdi be yeawɔ agbalẽwo ƒe kɔpi la, taflatsɛ yi ɖe jw.org.
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe