Memleɖa, August 30
Míato akɔfafa si míekpɔ tso Mawu gbɔ la dzi afa akɔ na [amewo].—2 Kor. 1:4.
Yehowa faa akɔ na ame siwo dzi nu te ɖo eye wònana woƒe dzi dzea eme. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa ase veve ɖe amewo nu eye míafa akɔ na wo? Mɔ ɖekae nye be míatu nɔnɔme siwo ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míase veve ɖe amewo nu ahafa akɔ na woa ɖo. Nɔnɔme mawo dometɔ aɖewoe nye kawo? Nu kae míate ŋu awɔ be lɔlɔ̃ si le mía si la nu nagatsi o eye ‘míayi edzi anɔ akɔ fam na mía nɔewo’ gbe sia gbe? (1 Tes. 4:18) Eyae nye be míatu nɔnɔme nyuiwo abe nɔvilɔlɔ̃ kple dɔmenyonyo ene ɖo. (Kol. 3:12; 1 Pet. 3:8) Aleke esia wɔwɔ aɖe vi na mí? Ne míetu nɔnɔme mawo ɖo eye míesea veve ɖe amewo nu tso dzi me kea, míadi vevie be míafa akɔ na ame siwo le xaxawo me tom. Esia tae Yesu gblɔ be: “Nya si wu dzi lae nu gblɔna. Ame nyui ɖea nu nyuiwo ɖe go tso eƒe nu nyui dzraɖoƒe.” (Mat. 12:34, 35) Vavãe, ne míaƒe dzi ʋã mí míefa akɔ na mía nɔvi Kristotɔwo le nɔnɔme sesẽwo mea, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ wo nyateƒe. w23.11 10 ¶10-11
Kwasiɖa, August 31
Ame siwo si gɔmesese deto le la ase egɔme.—Dan. 12:10.
Be míate ŋu ase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔmea, ahiã be woakpe ɖe mía ŋu. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be èle mɔ zɔm yina teƒe aɖe si mènya o, gake xɔ̃wò aɖe si le mɔa zɔm kpli wò ya nya teƒea nyuie. Enya afi si tututu mieɖo kple afi si mɔ vovovoawo ɖo tae. Ðikeke mele eme o be dzi adzɔ wò ŋutɔ be xɔ̃wòa lɔ̃ faa be yeayi kpli wò! Yehowa le abe xɔ̃wò ma ene; enya ɣeyiɣi si me míele kple nu siwo ava dzɔ le etsɔmea nyuie. Eya ta be míate ŋu ase Biblia me nyagblɔɖiwo gɔmea, ehiã be míabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ɖokuibɔbɔtɔe. (Dan. 2:28; 2 Pet. 1:19, 20) Abe ale si dzila nyui ɖe sia ɖe dina enea, Yehowa di be ye viwo nakpɔ dzidzɔ eye etsɔme nanyo na wo. (Yer. 29:11) Ŋutete mele amegbetɔwo si be woagblɔ etsɔme ɖi o, gake Yehowa ya ate ŋu agblɔ etsɔme ɖi wòava eme pɛpɛpɛ. Yehowa na woŋlɔ nyagblɔɖiwo ɖe eƒe Nyaa me ale be míanya nu ɖedzesi siwo gbɔna dzɔdzɔ ge hafi woava dzɔ.—Yes. 46:10. w23.08 8 ¶3-4
Dzoɖa, September 1
Agudzedze [atso] dziƒo ava kpɔ mí ɖa.—Luka 1:78.
Mawu na ŋusẽ Yesu be wòakpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã gbɔ. Nukunu siwo Yesu wɔ ɖo kpe edzi be ate ŋu akpɔ kuxi siwo katã ɖe kpe na amegbetɔwo, siwo womele ta kpɔm na oa gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ŋusẽ le Yesu si be wòaɖe mí tso nu si gbɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo katã tso, si nye nu vɔ̃, si he dɔléle kple ku vɛ si me. (Mat. 9:1-6; Rom. 5:12, 18, 19) Nukunu siwo Yesu wɔa ɖo kpe edzi hã be ate ŋu ada dɔléle ‘ɖe sia ɖe ƒomevi’ eye wòafɔ ame siwo ku gɔ̃ hã ɖe tsitre. (Mat. 4:23; Yoh. 11:43, 44) Ŋusẽ le esi hã be wòana ahomya sesẽwo nu nafa, eye wòana amewo navo tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me. (Marko 4:37-39; Luka 8:2) Edea dzi ƒo na mí ŋutɔ be Yehowa na ŋusẽ sia gbegbe Via Yesu! Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be nu nyui siwo ŋugbe Mawu do be Fiaɖuƒea awɔa, ava eme godoo. Nukunu siwo Yesu wɔ esime wònɔ anyigba dzi na míekpɔe be esi wòva nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia le dziƒo ta, awɔ geɖe wu. w23.04 3 ¶5-7