INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ‘Wokplɔa Ame Geɖewo Vaa Dzɔdzɔenyenyemɔ Dzi’
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022 | September
    • 6. Ne ameha gãa tso xaxa gãa vɔa, nu kae adzɔ? Ðe eme. (Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” si dze le Gbetakpɔxɔ sia me ku ɖe ame siwo woafɔ ɖe tsitre be woanɔ anyigba dzi ŋu.)

      6 Xlẽ Daniel 12:2. Ne ameha gãa tsi agbe le xaxaɣi ma me vɔa, nu kae adzɔ? Tsãa, míegblɔ be nyagblɔɖi sia ku ɖe tsitretsitsi bubu aɖe si nye ale si wogbɔ agbe Mawu subɔlawo tso ƒe 1919 me be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔa la ŋu. Gake fifia míese egɔme be nya mawo ku ɖe ale si woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre be woanɔ xexe yeyea me ŋu.c Nu ka tae? Nya “anyigba tume” si dze le Daniel ƒe agbalẽa me kple nya “to me” si dze le Hiob 17:16 la siaa fia nu ɖeka, si nye “Tsiẽƒe.” Eya ta Daniel 12:2 me nyawo ku ɖe ale si woafɔ amewo ɖe tsitre le ŋkeke mamlɛawo kple Armagedon-ʋaa megbe ŋu.

      7. (a) Nu kae wòfia be woafɔ ame aɖewo ɖe tsitre “na agbe mavɔ”? (b) Mɔ ka nue tsitretsitsi ma ‘anyo wu’ le?

      7 Ke nu kae nya si Daniel 12:2 gblɔ be woafɔ ame aɖewo ɖe tsitre “na agbe mavɔ” fia? Ame siwo woafɔ ɖe tsitre le ƒe 1,000 la mea dometɔ aɖewo nya Yehowa kple Yesu xoxo, gake ɣemaɣie ɖewo ya ava nya wo zi gbãtɔ. Aleke kee wòɖale o, ele be wo katã woayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Yehowa kple Yesu ŋu eye woaɖo to wo hafi woate ŋu akpɔ agbe mavɔ mlɔeba. (Yoh. 17:3) Togbɔ be wofɔ ame aɖewo ɖe tsitre kpɔ va yi hãa, tsitretsitsi si gbɔna ‘anyo wu.’ (Heb. 11:35) Nu ka tae? Elabe ame madeblibo siwo wofɔ ɖe tsitre va yi la gaku ake.

      8. Nu kae wòfia be woafɔ ame aɖewo “na vlododo kple ŋunyɔ mavɔ”?

      8 Gake menye ame siwo woafɔ ɖe tsitrea katãe alɔ̃ awɔ nu si wosrɔ̃ dzi o. Daniel ƒe nyagblɔɖia gblɔ be woafɔ ame aɖewo ɖe tsitre “na vlododo kple ŋunyɔ mavɔ.” Esi ame mawo adze aglã taa, womaŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe agbegbalẽa me o; womakpɔ agbe mavɔ o, ke boŋ “ŋunyɔ mavɔ,” si fia be woatsrɔ̃ wo ɖikaa. Eya ta Daniel 12:2 me nyawo ku ɖe nu si ava dzɔ ɖe ame siwo katã woafɔ ɖe tsitre dzi ŋu. Ena míese egɔme be ale si woawɔ nu le woƒe tsitretsitsi megbe ye afia nu si adzɔ ɖe wo dzi.d (Nyaɖ. 20:12) Wo dometɔ aɖewo akpɔ agbe mavɔ, eye ɖewo atsrɔ̃.

  • ‘Wokplɔa Ame Geɖewo Vaa Dzɔdzɔenyenyemɔ Dzi’
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022 | September
    • a Le nyati sia mea, míadzro gɔmesese yeye si su mía si ku ɖe nufiafiadɔ gã si ŋu nya wogblɔ ɖi le Daniel 12:2, 3 ŋu la me. Míakpɔ ɣeyiɣi si nu sia adzɔ kple ame siwo awɔ dɔ sia. Azɔ hã, míakpɔ ale si nufiafiadɔ sia adzra ame siwo le anyigba dzi la ɖo ɖe dodokpɔ mamlɛtɔ si ava le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu ŋu.

  • ‘Wokplɔa Ame Geɖewo Vaa Dzɔdzɔenyenyemɔ Dzi’
    Gbetakpɔxɔ (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022 | September
    • c Numeɖeɖe sia xɔ ɖe esi míegblɔ tsã le agbalẽ siawo mea teƒe: Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ta 17, kple July 1, 1987 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 21-25 (ele yevugbe me).

      d Míesrɔ̃e va yi be woyɔ ame siwo woafɔ ɖe tsitre le Dɔwɔwɔwo 24:15 be “ame dzɔdzɔewo” kple “ame madzɔmadzɔwo” eye wogayɔ wo le Yohanes 5:29 be “ame siwo wɔ nu nyuiwo” kple “ame siwo wɔ nu vlowo.” Gake agbe si ƒomevi wonɔ hafi ku tae woyɔ wo nenema.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe