INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • bt ta 15 axa 117-123
  • ’Wole Ŋusẽ Dom Hameawo’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ’Wole Ŋusẽ Dom Hameawo’
  • ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Na Míatrɔ Ayi Aɖakpɔ Nɔviawo Ða” (Dɔw. 15:36)
  • “Wodo Dɔmedzoe . . . Ðe Wo Nɔewo Ŋu Vevie” (Dɔw. 15:37-41)
  • ‘Woƒo Nu Nyui Le Eŋu’ (Dɔw. 16:1-3)
  • “Hameawo Ƒe Xɔse Nɔ Ŋu Sẽm Ðe Edzi” (Dɔw. 16:4, 5)
  • Timoteo ƒo eɖokui ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me bliboe tso eƒe ɖekakpuime ke“Vinye Lɔlɔ̃a Kple Nuteƒewɔla Le Aƒetɔ La Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Timoteo—Esɔ Gbe Helɔ̃ Faa Be Yeasubɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Marko​—‘Nye Kpeɖeŋutɔ Le Subɔsubɔ Gome
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Timoteo—“Vinye Vavã le Xɔse Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
bt ta 15 axa 117-123

TA 15

‘Wole Ŋusẽ Dom Hameawo’

Dzikpɔla mɔzɔlawo do ŋusẽ hameawo

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 15:36–16:5 dzi

1-3. (a) Ame bubu kae Paulo va tia be wòazɔ mɔa kpli ye, eye ame ka ƒomevie wònye? (b) Nu kawoe míasrɔ̃ le ta sia me?

ESI wole zɔzɔm to duawo me mɔ glidzaglidzawo dzia, apostolo Paulo trɔ kpɔ ɖekakpui si le eƒe axa dzia dũu esi wòle ŋugble dem tso nu siwo me woato kpuiea ŋu. Ðekakpuia ŋkɔe nye Timoteo. Ðewohĩ esusɔ vie wòaxɔ ƒe 20 alo exɔ ƒe 20 to eŋu vie, eye ŋusẽ le eŋu. Wodzo le aƒe gbɔ, eye esi ŋkekea le enu wumaa, wogblẽ Listra kple Ikonio ɖe megbe ʋĩi. Nu kae le ŋgɔ na wo? Paulo ya nya, elabe eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ eveliae nye esia. Paulo nya be kuxiwo kple nɔnɔme sesẽ geɖe ava yewo dzi. Aleke ɖekakpui sia awɔ anɔ te ɖe nɔnɔme mawo nu?

2 Paulo ka ɖe Timoteo dzi wu ale si Timoteo ŋutɔ anya ka ɖe eɖokui dzi. Ale si nuwo meyi nyuie le Paulo kple ame si wòtia gbã be wòazɔ mɔ sia kpli ye dome o na wòkpɔe be ehiã be yeatia ame si dzi yeka ɖo be ate ŋu ayi edzi awɔ dɔ aduadu kpli ye. Paulo nya be ahiã be yewoawɔ ɖeka eye yewoaɖo tame kplikpaa hafi ate ŋu awɔ dɔ si dze ŋgɔ yewo, si nye be yewoasrã hameawo kpɔ ado ŋusẽ wo. Nu ka tae Paulo se le eɖokui me nenema? Ðewohĩ susuawo dometɔ ɖekae nye masɔmasɔ si ɖo eya kple Barnaba dome eteƒe medidi o, si wɔe be woma mɔ.

3 Le ta sia mea, míakpɔ mɔ nyui siwo dzi míato akpɔ masɔmasɔwo gbɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋua, míakpɔ susu siwo tae Paulo tia Timoteo be wòakpe ɖe ye ŋu le mɔzɔzɔa me kple akpa vevi siwo nutome sue dzikpɔla siwo li egbea wɔna.

“Na Míatrɔ Ayi Aɖakpɔ Nɔviawo Ða” (Dɔw. 15:36)

4. Nu kae Paulo ɖo be yeawɔ le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia sia me?

4 Le ta si do ŋgɔ mea, míekpɔe be esi wokpɔ aʋatsotso ƒe nyaa gbɔ vɔa, ame dɔdɔ ene, siwo nye Paulo, Barnaba, Yuda, kple Sila, zã dɔdzikpɔhaa ƒe nyametsotsoa tsɔ de dzi ƒo na hame si le Antiokia. Nu bubu kae Paulo gawɔ? Ete ɖe Barnaba ŋu eye wògblɔ nɛ be: “Azɔ na míatrɔ ayi aɖakpɔ nɔviawo ɖa le du sia du si me míeɖe gbeƒã Yehowa ƒe nya le la me, ne míakpɔ ale si wole ɖa.” (Dɔw. 15:36) Menye nɔvi siwo trɔ dzi me va zu Kristotɔ sasrã kpɔ dzro aɖe ko ƒe nya gblɔm Paulo le o. Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa na míekpɔ susu si le megbe na Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia sia. Gbãa, ayi edzi agblɔ ɖoɖo siwo dzi dɔdzikpɔhaa da asi ɖo na wo. (Dɔw. 16:4) Evelia, Paulo, si nye dzikpɔla mɔzɔlaa, ɖoe be yeado ŋusẽ nɔviawo ale be woali ke le xɔse me. (Rom. 1:11, 12) Aleke Yehowa Ðasefo siwo li egbea srɔ̃a kpɔɖeŋu nyui si apostoloawo ɖo ɖi?

5. Mɔ ka dzie Dɔdzikpɔha si li egbea tona nana mɔfiamewo ɖoa hamewo gbɔ eye wòdea dzi ƒo na wo?

5 Egbea, Kristo toa Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa dzi fiaa mɔ hamewo. Dɔdzikpɔhaa toa lɛtawo, agbalẽ siwo le mɔ̃ dzi kple esiwo wotana, kpekpewo, kple mɔnu bubuwo dzi nana mɔfiamea ɖoa hameawo gbɔ, eye wodea dzi ƒo na wo le xexea me godoo. Be woate ŋu awɔ esia, wozãa dzikpɔla mɔzɔlawo. Eya ta Dɔdzikpɔhaa ŋutɔ ɖoa hamemetsitsi siwo dze dometɔ akpe geɖe be woanye nutome sue dzikpɔlawo.

6, 7. Dɔ siwo nutome sue dzikpɔlawo wɔna dometɔ aɖewo ɖe?

6 Dzikpɔla mɔzɔla siwo li egbea hã ƒe taɖodzinue nye be yewoado ŋusẽ hame siwo yewosrãna kpɔnaa me tɔwo katã ƒe xɔse. Aleke wowɔa esiae? Wosrɔ̃a ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo, abe Paulo ene. Egblɔ na etɔ dzikpɔla aɖe be: “Ðe gbeƒã nya la, nɔ edzi vevie, le ɣeyiɣi deamedziwo kple ɣeyiɣi madeamedziwo me, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔgbɔ blewu kple nufiafiaɖaŋu me. . . . Wɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔ.”—2 Tim. 4:2, 5.

7 Le Paulo ƒe nya mawo taa, nutome sue dzikpɔla kple srɔ̃a—ne srɔ̃ le esi—wɔa ɖeka kple hameawo woɖea gbeƒã. Dzikpɔla mɔzɔla siawo tsɔa dzo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu, wobi le nufiafia me, eye esia ɖea vi na hamea. (Rom. 12:11; 2 Tim. 2:15) Wonya nutome sue dzikpɔlawo be wolɔ̃a ame. Wotsɔa wo ɖokuiwo nana faa be yewoasubɔ le nɔnɔme madeamedziwo kple nuto siwo me afɔkuwo le gɔ̃ hã me. (Flp. 2:3, 4) Tsɔ kpe ɖe eŋua, nutome sue dzikpɔlawo toa Biblia me nuƒowo dzi dea dzi ƒo na nɔviawo, fiaa nu wo, eye woxlɔ̃a nu wo. Eɖea vi na hamea me tɔwo katã ne wolé ŋku ɖe dzikpɔla mɔzɔla siawo ƒe agbenɔnɔ ŋu eye wosrɔ̃ woƒe xɔse.—Heb. 13:7.

“Wodo Dɔmedzoe . . . Ðe Wo Nɔewo Ŋu Vevie” (Dɔw. 15:37-41)

8. Aleke Barnaba xɔ Paulo ƒe amekpekpeae?

8 Barnaba lɔ̃ ɖe susu si Paulo do ɖa be yewoayi “aɖakpɔ nɔviawo ɖa” dzi. (Dɔw. 15:36) Wo ame evea wɔ dɔ va yi, eye wonya nutoa me kple nɔviawo nyuie. (Dɔw. 13:2–14:28) Eya ta esɔ na wo nyuie ŋutɔ be yewo ame evea yewoagawɔ dɔ ɖekae le mɔzɔzɔ sia me. Gake nya aɖe va fɔ ɖe te. Dɔwɔwɔwo 15:37 gblɔ be: “Barnaba ɖoe kplikpaa be yewoakplɔ Yohanes si wogayɔna be Marko hã ɖe asi.” Menye susu koe Barnaba do ɖa o lo. ‘Eɖoe kplikpaa’ be yewoakplɔ ye nɔvi Marko ɖe asi le dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ sia me.

9. Nu ka tae Paulo melɔ̃ ɖe susu si Barnaba do ɖa dzi o?

9 Paulo melɔ̃ ɖe Barnaba ƒe susua dzi o. Nu ka tae? Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Paulo ya meda asi ɖe edzi be [yewoakplɔ Marko] ɖe asi o, elabena etrɔ le wo yome le Pamfilia, eye meyi ɖawɔ dɔ kpli wo o.” (Dɔw. 15:38) Marko wɔ dɔ kple Paulo kple Barnaba va yi, gake mewɔ dɔa wu enu o. (Dɔw. 12:25; 13:13) Le mɔzɔzɔ gbãtɔ mea, Pamfilia ko woɖo, eye Marko gbugbɔ le wo yome trɔ va Yerusalem. Biblia megblɔ nu si tae wòtrɔ le wo yome ya o. Marko ƒe nuwɔnawo me mekɔ na apostolo Paulo tututu o, eya ta ɖewohĩ eƒo nya ta be enye ame si dzi womate ŋu aka ɖo o.

10. Aleke Paulo kple Barnaba wɔ nu ɖe wo nɔewo ŋu, eye nu kae va do tso eme?

10 Barnaba ganɔ tɔ tem ɖe edzi kokoko be Marko nayi kpli yewo. Paulo hã gbe gbidii be makplɔ yewo ɖo o. Dɔwɔwɔwo 15:39 gblɔ be: “Esia na wodo dɔmedzoe ɖe wo nɔewo ŋu vevie, ale be woma tso wo nɔewo gbɔ.” Barnaba ɖo tɔdziʋu yi wo de Kipro ƒukpoa dzi eye wòkplɔ Marko ɖe asi. Paulo hã metrɔ eƒe ɖoɖowo o. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Paulo ya tia Sila, eye esi nɔviawo bia Yehowa ƒe amenuveve na wo vɔ la, wodze mɔ.” (Dɔw. 15:40) Woyi “ɖato Siria kple Kilikia hele ŋusẽ dom hameawo.”—Dɔw. 15:41.

11. Ne nɔvi aɖe dze agɔ le mía dzia, Kristotɔwo ƒe nɔnɔme kawoe akpe ɖe mía ŋu be mama nagaɖo mía dome o?

11 Nuŋlɔɖi sia anya ɖo ŋku edzi na mí be míawo hã míede blibo o. Paulo kple Barnaba nye dɔdzikpɔhaa ƒe ame dɔdɔ tɔxɛwo. Anɔ eme be Paulo ŋutɔ va nye dɔdzikpɔhaa me tɔ. Togbɔ be ele alea hãa, esi Paulo kple Barnaba mede blibo o taa, wohe nya. Gake ɖe wona esia he mama de wo dome ɖaa? Togbɔ be Paulo kple Barnaba mede blibo o hãa, Kristo ƒe susu le wo si, eya ta wobɔbɔ wo ɖokuiwo. Wova ɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo fia, eye wotsɔ ke wo nɔewo. (Ef. 4:1-3) Emegbe Paulo wɔ dɔ kple Marko ɖekae.a—Kol. 4:10.

12. Abe Paulo kple Barnaba enea, nɔnɔme vevi kawoe wòle be wòaɖe dzesi le dzikpɔla siwo li egbea ŋu?

12 Ale si Paulo kple Barnaba do dɔmedzoe vevie le nya sia mea mefia be nenem mewoe wonye o. Wonya Barnaba be elɔ̃a ame eye wònyoa dɔme ale gbegbe be apostoloawo da ŋkɔ ɖe edzi be Barnaba, si gɔmee nye “Akɔfafavi,” evɔa eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔe nye Yosef. (Dɔw. 4:36) Wonya Paulo hã be esea veve ɖe ame nu eye wòfa tu. (1 Tes. 2:7, 8) Ele be Kristotɔ dzikpɔla siwo li egbea kple nutome sue dzikpɔlawo siaa nabɔbɔ wo ɖokuiwo ɣesiaɣi, awɔ nu ɖe wo nɔvi hamemetsitsiwo kple alẽha bliboa ŋu le tufafa me.—1 Pet. 5:2, 3.

‘Woƒo Nu Nyui Le Eŋu’ (Dɔw. 16:1-3)

13, 14. (a) Ame kae nye Timoteo, eye aleke Paulo wɔ do goe? (b) Aleke Paulo wɔ de dzesi Timoteo ƒe agbagbadzedze? (d) Dɔ vevi kae wode asi na Timoteo?

13 Le Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia mea, eyi Roma nuto si nye Galatia me, afi si hame ʋɛ aɖewo le. Emegbe eva “ɖo Derbe kple Listra” hã. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Nusrɔ̃la aɖe le afi ma, si ŋkɔe nye Timoteo, dadaa nye Yudatɔ xɔsetɔ, ke fofoa nye Helatɔ.”—Dɔw. 16:1.b

14 Anɔ eme be Paulo do go Timoteo ƒe ƒomea le eƒe mɔzɔzɔ gbãtɔ me le ƒe 47 K.Ŋ lɔƒo. Fifia, ƒe eve alo etɔ̃ va yi xoxo, eye le Paulo ƒe mɔzɔzɔ evelia sia mea, ede dzesi Timoteo ƒe agbagbadzedze. Aleke wòwɔ de dzesii? Nɔviawoe “ƒo nu nyui le eŋu.” Menye nɔvi siwo le eƒe hamea me le Listra koe lɔ̃e o, ke boŋ hame siwo te ɖe wo ŋu hã nya eƒe nɔnɔme nyuiwo. Nuŋlɔɖia gblɔ be nɔvi siwo le Ikonio, si didi tso wo gbɔ kilometa 30, hã ƒo nu nyui tso eŋu. (Dɔw. 16:2) Gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ hamemetsitsiawo woda asi ɖe Timoteo dzi be wòawɔ dɔ vevi aɖe, si nye be wòanɔ Paulo kple Sila ŋu le woƒe mɔzɔzɔwo me.—Dɔw. 16:3.

15, 16. Nu kawoe na woƒo nu nyui tso Timoteo ŋu?

15 Togbɔ be Timoteo nye sɔhɛ dzaa hãa, nu kae na woƒo nu nyui tso eŋu nenema? Eƒe dzɔdzɔmeŋutetewo, dzedzeme, alo ale si eƒe tagbɔ ɖa yea? Ŋutete siawo tɔgbi wɔa dɔ ɖe amegbetɔwo dzi ya. Nyagblɔɖila Samuel gɔ̃ hã na amegbetɔ ƒe dzedzeme kpɔ ŋusẽ ɖe edzi madzemadzee. Gake Yehowa ɖo ŋku edzi nɛ be: “Menye ale si amegbetɔ kpɔa nue nye ale si Mawu kpɔa nui o, elabena nu si le dzedzem koe amegbetɔ kpɔna, ke Yehowa ya kpɔa keke dzi me ke.” (1 Sam. 16:7) Menye ŋutete siwo le Timoteo sie na nɔviawo kafui o, ke boŋ ame si wònye le ememee.

16 Ƒe aɖewo megbea, Paulo gahe susu yi nɔnɔme nyui siwo le Timoteo si dzi. Paulo ƒo nu tso eƒe nuŋububu nyui, ale si lɔlɔ̃ ʋãnɛ wòtsɔa eɖokui saa vɔ, kple ale si wòdoa vevie Yehowa subɔsubɔ kple hamea me dɔwo ŋu. (Flp. 2:20-22) Tsɔ kpe ɖe eŋua, wonya Timoteo be xɔse “si me alakpa mele o” le esi.—2 Tim. 1:5.

17. Aleke sɔhɛ siwo li egbea srɔ̃a Timoteo?

17 Sɔhɛ siwo li egbea hã srɔ̃a Timoteo, eye woɖea Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo fiana. Esia wɔnɛ be wowɔa ŋkɔa nyui le Yehowa kple hamea gbɔ, ne wometsi boo o gɔ̃ hã. (Lod. 22:1; 1 Tim. 4:15) Woɖea xɔse si me alakpa mele o fiana, eye womenɔa agbe eve o. (Ps. 26:4) Esia wɔnɛ be sɔhɛ siawo wɔa dɔ veviwo le hamea me abe Timoteo ene. Ne wodze zu gbeƒãɖelawo, eye wodze agbagba ɖe adzɔgbe na Yehowa xɔ nyɔnyrɔa, edea dzi ƒo na ame siwo dome wole ŋutɔ!

“Hameawo Ƒe Xɔse Nɔ Ŋu Sẽm Ðe Edzi” (Dɔw. 16:4, 5)

18. (a) Esi Paulo kple Timoteo nye dzikpɔla mɔzɔlawo taa, mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ kawoe su wo si? (b) Aleke wòɖe vi na hameawo?

18 Paulo kple Timoteo wɔ dɔ ɖekae ƒe geɖe. Esi wonye dzikpɔla mɔzɔlawo taa, wonɔ dɔdzikpɔhaa teƒe wɔ dɔ geɖe. Biblia gblɔ be: “Esi wole duawo me tom la, wogblɔ ɖoɖo siwo dzi apostoloawo kple hamemetsitsi siwo le Yerusalem ɖo kpee la na wo, be woalé wo me ɖe asi.” (Dɔw. 16:4) Edze ƒãa be hameawo wɔ ɖe apostoloawo kple hamemetsitsi siwo le Yerusalem ƒe mɔfiamewo dzi. Woƒe toɖoɖo alea wɔe be “hameawo ƒe xɔse nɔ ŋu sẽm ɖe edzi, eye woƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi gbe sia gbe.”—Dɔw. 16:5.

19, 20. Nu ka tae wòle be Kristotɔwo naɖo to “ame siwo le ŋgɔ xɔm”?

19 Nenema kee wòɖea vi na Yehowa Ðasefo siwo li egbea hã ne woɖo to “ame siwo le ŋgɔ xɔm” le wo dome eye wowɔ ɖe woƒe mɔfiamewo dzi. (Heb. 13:17) Esi xexea ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm taa, ele vevie be Kristotɔwo katã nawɔ ɖe mɔfiame siwo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” nana dzi. (Mat. 24:45; 1 Kor. 7:29-31) Ne míewɔnɛ alea, mímatra ɖa tso nyateƒea gbɔ alo ana xexea naƒo ɖi mí o.—Yak. 1:27.

20 Abe Paulo, Barnaba, Marko, kple hamemetsitsi bubu siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na le ƒe alafa gbãtɔ me enea, Kristotɔ dzikpɔla siwo li egbea kple Dɔdzikpɔhaa me tɔwo siaa mede blibo o. (Rom. 5:12; Yak. 3:2) Gake esi Dɔdzikpɔha si li egbea wɔna ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi eye wosrɔ̃a kpɔɖeŋu si apostoloawo ɖo ɖi taa, hamea me tɔwo kana ɖe wo dzi. (2 Tim. 1:13, 14) Esia wɔnɛ be wodoa ŋusẽ hameawo eye hamea me tɔwo ƒe xɔse gadzina ɖe edzi.

TIMOTEO SUBƆ ABE KLUVI ENE “LE NYA NYUI LA DODO ÐE ŊGƆ ME”

Apostolo Paulo de asixɔxɔ Timoteo ŋu be enye kpeɖeŋutɔ nyui aɖe na ye. Esi wo ame evea wowɔ dɔ ɖekae ƒe 11 kloea, Paulo gblɔ tso Timoteo ŋu be: “Ame aɖeke mele asinye si ƒe nɔnɔme de etɔ nu, si akpɔ miaƒe nyawo gbɔ ale si dze o. . . . Mienya ale si wòɖee fia be yedze, eye abe vi kple tɔ ene la, nenema wòsubɔ kplim abe kluvi ene le nya nyui la dodo ɖe ŋgɔ me.” (Flp. 2:20, 22) Timoteo tsɔ eɖokui na faa be yeawɔ gbeƒãɖeɖedɔa, esia na Paulo lɔ̃e vevie eye wònye kpɔɖeŋu na míawo hã.

Timoteo

Esi Timoteo fofo nye Helatɔ eye nɔa nye Yudatɔ taa, anɔ eme be Listra ye wònɔ tsi. Tso ɖevime kee Timoteo nɔ, Eunike kple mamaa Lois fia Ŋɔŋlɔawoe. (Dɔw. 16:1, 3; 2 Tim. 1:5; 3:14, 15) Edze abe Timoteo, nɔa, kple mamaa va zu Kristotɔwo esime Paulo va Listra zi gbãtɔ.

Esi Paulo trɔ yi afi ma ƒe aɖewo megbea, anya susɔ vie Timoteo naxɔ ƒe 20 alo exɔ ƒe 20 to eŋu vie, eye “nɔvi siwo le Listra kple Ikonio la ƒo nu nyui le eŋu.” (Dɔw. 16:2) Mawu ƒe gbɔgbɔa na ‘wogblɔ nya ɖi’ ku ɖe sɔhɛ sia ŋu, eye le esia taa, Paulo kple hamemetsitsiawo ɖoe be yewoade subɔsubɔdɔ vevi aɖewo asi nɛ. (1 Tim. 1:18; 4:14; 2 Tim. 1:6) Wodi be wòakpe ɖe Paulo ŋu le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me. Be Timoteo nate ŋu awɔ dɔ siaa, ele be wòadzo le eƒe ƒomea gbɔ, gake be wòagaɖia Yudatɔ siwo gbɔ yim wòle nu oa, ele be wòana woatso aʋa nɛ.—Dɔw. 16:3.

Timoteo zɔ mɔ yi teƒe geɖe. Eya, Paulo kple Sila woɖe gbeƒã le Filipi. Emegbe eya kple Sila woɖe gbeƒã le Beroia, eye eya ɖeka ɖi ɖase le Tesalonika. Esi Timoteo gava do go Paulo le Korinto la, egblɔ nya nyui tso Tesalonika nɔviawo ƒe nuteƒewɔwɔ kple lɔlɔ̃ ŋu nɛ, togbɔ be nɔviawo le nɔnɔme sesẽwo me tom hã. (Dɔw. 16:6–17:14; 1 Tes. 3:2-6) Esi Paulo nɔ Efeso eye wòsee be nanewo mele edzi yim nyuie le Korinto oa, ekpɔe be ehiã be yeagadɔ Timoteo ɖe Korinto ake. (1 Kor. 4:17) Esi wòtrɔ gbɔa, Paulo gadɔ eya kple Erasto ɖe Makedonia. Gake esime Paulo ŋlɔ agbalẽ na Romatɔwoa, Timoteo gbɔ va egbɔ le Korinto. (Dɔw. 19:22; Rom. 16:21) Mɔ siwo Timoteo zɔ le nya nyuia taa ƒe ɖewoe nye esiawo.

Dzideƒonamenya si Paulo gblɔ na Timoteo fia be ɖewohĩ Timoteo nɔ hehem ɖe megbe be wòazã ŋusẽ si Yehowa nɛa le hamea me. Paulo gblɔ nɛ be: “Mègana ame aɖeke nado vlo wò ɖekakpuinyenye o.” (1 Tim. 4:12) Gake Paulo ka ɖe Timoteo dzi eye wòdɔe ɖe hame siwo me kuxiwo le eye wòna mɔfiamee be: ‘De se na ame aɖewo be, woaganɔ nu bubu fiam o.’ (1 Tim. 1:3) Paulo na ŋusẽ Timoteo hã be wòaɖo dzikpɔlawo kple subɔsubɔdɔwɔlawo le hamea me.—1 Tim. 5:22.

Timoteo ƒe nɔnɔme nyuiwo wɔe be Paulo lɔ̃e vevie. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be ɖekakpui wɔnuteƒe sia nɔ Paulo ŋu kplikplikpli eye wòva zu abe vi ene na Paulo. Paulo gblɔ be yeɖoa ŋku Timoteo ƒe aɖatsiwo dzi, edzroa ye vevie be yeakpɔe eye yedoa gbe ɖa ɖe eta. Esi Paulo tsɔ ɖe le eme na Timoteo abe via ene taa, eɖo aɖaŋu nɛ ku ɖe eƒe “lãmegbegblẽ enuenu” si anye dɔmeɖui aɖe la ŋu.—1 Tim. 5:23; 2 Tim. 1:3, 4.

Esi wode Paulo gaxɔ me le Roma zi gbãtɔa, Timoteo nɔ eŋu. Eya ta Timoteo hã nɔ gaxɔ me na ɣeyiɣi aɖe. (Filem. 1; Heb. 13:23) Ale si Paulo kple Timoteo dome le kplikplikpli taa, esi Paulo kpɔe be yeƒe kuɣi gogoa, edɔ ame ɖe Timoteo gblɔ nɛ be: “Dze agbagba ɖe sia ɖe nàva gbɔnye kaba.” (2 Tim. 4:6-9) Ŋɔŋlɔawo megblɔe ne Timoteo va ɖo eƒe aɖaŋuɖola malɔ̃nugbɔa gbɔ hafi wòku o.

SUBƆSUBƆMƆNUKPƆKPƆ GEÐE SU MARKO SI

Marko ƒe Nyanyuigbalẽa gblɔ be esi wolé Yesua, wodi be woalé “ɖekakpui aɖe” hã, gake ‘esi amamae.’ (Marko 14:51, 52) Esi Marko si wogayɔna be Yohanes koe ƒo nu tso nudzɔdzɔ sia ŋu taa, edze ƒãa be eya ŋutɔe nye ɖekakpui ma. Ne nenemaea, ke efia be Marko do go Yesu kpɔ.

Marko

Ƒe 11 aɖewo megbe esi Herodes Agripa nɔ Kristotɔwo yome tim la, hame si nɔ Yerusalem me tɔ “geɖewo” ƒo ƒu ɖe Maria, si nye Marko nɔ ƒe aƒe me be yewoado gbe ɖa. Maria ƒe aƒe mee Petro yi esime woɖee le gaxɔ me nukutɔe. (Dɔw. 12:12) Eya ta esia fia be Marko tsi le aƒe si me wova wɔa Kristotɔwo ƒe kpekpewo le emegbea me. Anɔ eme be enya Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo nyuie eye esia kpɔ ŋusẽ nyui ɖe edzi.

Marko wɔ dɔ asi-le-asi-me kple dzikpɔla siwo nɔ Kristo hamea me le ƒe alafa gbãtɔ me. Subɔsubɔdɔ gbãtɔ si wòwɔ míenyae nye esime wòwɔ dɔ kple nɔvia Barnaba kple Paulo le Antiokia si nɔ Siria. (Dɔw. 12:25) Marko nɔ Barnaba kple Paulo ŋu le woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ gbãtɔ me yi Kipro kple Asia Sue. Tso afi maa, Marko trɔ le wo yome yi Yerusalem, evɔ míenya susu ka tae o. (Dɔw. 13:4, 13) Esi nyaʋiʋli aɖe ɖo Barnaba kple Paulo dome ku ɖe Marko ŋu abe ale si wòdze le Dɔwɔwɔwo ta 15 lia enea, Marko kple Barnaba yi subɔsubɔdɔa dzi le Kipro.—Dɔw. 15:36-39.

Kaka ƒe 60 alo 61 K.Ŋ. naɖoa, nyaʋiʋli si ɖo wo dome va yia zu gbe aɖe gbe nya, elabe Marko kple Paulo gava wɔ dɔ ɖekae le Roma. Paulo si nɔ gaxɔ me le Roma ɣemaɣia, ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Kolose hamea be: “Aristarko, si le gaxɔ me kplim, do gbe na mi, Barnaba ƒe ƒometɔ Marko hã (ame si ƒe nya míegblɔ na mi be ne eva mia gbɔ la, miaxɔe nyuie).” (Kol. 4:10) Eya ta Paulo ɖoe be yeadɔ Yohanes si wogayɔna be Marko tso Roma ayi Kolose.

Ɣeaɖeɣi le ƒe 62 kple 64 K.Ŋ. mea, Marko wɔ dɔ kple apostolo Petro le Babilon. Abe ale si míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta 10 lia me enea, wo dome va nɔ kplikplikpli ale gbegbe be Petro yɔe be “vinye Marko.”—1 Pet. 5:13.

Mlɔeba esi wolé Paulo de gaxɔ me zi evelia le ƒe 65 K.Ŋ. me lɔƒo le Roma la, eŋlɔ agbalẽ na eƒe hadɔwɔla Timoteo si nɔ Efeso be: “Kplɔ Marko ɖe asi vɛ, elabena enye kpeɖeŋutɔ nyui aɖe nam le subɔsubɔdɔ la me.” (2 Tim. 4:11) Marko wɔ ɖe amekpekpe ma dzi enumake eye wòtso le Efeso yi Roma. Mewɔ nuku o be Barnaba, Paulo kple Petro dea asixɔxɔ Marko ŋu!

Mɔnukpɔkpɔ gãtɔ si su Marko sie nye be Yehowa na eƒe gbɔgbɔa ʋãe wòŋlɔ Nyanyuigbalẽawo dometɔ ɖeka. Amewo gblɔna be apostolo Petro nue wòanya se eƒe nya akpa gãtɔ le. Marko ƒe agbalẽa ɖo kpe esia dzi, elabe ame si kpɔ nudzɔdzɔawo teƒe abe Petro ene koe ate ŋu agblɔ nya siawo. Gake anɔ eme be Marko ŋlɔ eƒe Nyanyuigbalẽa le Roma, ke menye le Babilon esime wònɔ Petro gbɔ o. Marko zã Latingbe me nyawo eye wòɖe Hebrigbe me nya geɖe siwo gɔmesese asesẽ na ame siwo menye Yudatɔwo oa gɔme. Esia fia be Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo koŋue Marko anya ŋlɔ eƒe agbalẽa na.

a Kpɔ aɖaka si nye “Subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ Geɖe Su Marko Si.”

b Kpɔ aɖaka si nye “Timoteo Subɔ Abe Kluvi Ene ‘Le Nya Nyui La Dodo Ðe Ŋgɔ Me.’”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe