INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Ŋɔŋlɔawo Xexlẽ Kple Gbeteteɖedzi Nyuitɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
    • NUSƆSRƆ̃ 21

      Ŋɔŋlɔawo Xexlẽ Kple Gbeteteɖedzi Nyuitɔ

      Nukae wòle be nàwɔ?

      Te gbe ɖe nya kple nyagbɔgblɔ siwo ɖo kpe wò numeɖeɖea dzi la dzi. Xlẽ wo kple seselelãme si sɔ.

      Nukata Wòle Vevie?

      Ne wotsɔ gbeteteɖedzi nyuitɔ xlẽ ŋɔŋlɔawoe la, woƒe ŋusẽ blibo dzena kɔte.

      NE ÈLE nu ƒom na ame ɖekaɖekawo alo na ame geɖe le nuƒolanɔƒea tso Mawu ƒe tameɖoɖowo ŋu la, ele be wò numedzodzroa nanɔ te ɖe nusi le Mawu ƒe Nya la me dzi. Zi geɖe esia biana be nàxlẽ ŋɔŋlɔawo tso Biblia me, eye ehiã be nàxlẽe nyuie.

      Seselelãme Kpɔa Ŋusẽ Ðe Gbeteteɖedzi Nyuitɔ Dzi. Ele be nàxlẽ Ŋɔŋlɔawo kple seselelãme. Bu kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ. Ne èkɔ gbe dzi le Psalmo 37:11 xlẽm la, ele be wòadze dzidzɔtɔe le wò gbe me be èle mɔ kpɔm na ŋutifafa sia si ƒe ŋugbe wodo. Ne èle Nyaɖeɖefia 21:4 xlẽm le alesi woava ɖe fukpekpe kple ku ɖae ŋu la, ele be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔdzɔe wɔnuku si ƒe nya wogblɔ ɖi ŋu nadze le wò gbe me. Ele be woatsɔ gbe si bia nuwɔwɔ kpata axlẽ Nyaɖeɖefia 18:2, 4, 5 ƒe amekpekpe be woado go le ‘Babilon Gã’ si me nuvɔ̃ yɔ taŋ la me. Nyateƒee, ele be woaɖe seselelãme si tso dzime afia gake mele be woawɔe wòagbɔ eme o. Seselelãme alesinu hiã la nɔ te ɖe mawunyakpukpuia ŋutɔ kple alesi wole ezãmee dzi.

      Te Gbe Ðe Nya Siwo Sɔ Dzi. Ne mawunyakpukpuia ƒe akpa aɖe ko ŋue nya si gblɔm nèle ku ɖo la, ele be nàna akpa ma naɖe dzesi ne èle exlẽm. Le kpɔɖeŋu me, ne èle Mateo 6:33 xlẽm kple taɖodzinu be yeakɔ nusi “midi mawufiaɖuƒe la . . . gbãgbiagbã” fia me la, mahiã be nàte gbe ɖe “eƒe dzɔdzɔenyenye” alo “woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti” dzi o.

      Le Subɔsubɔ Kpekpea me la, ɖewohĩ èɖoe be yeaxlẽ Mateo 28:19. Nya kawo dzie nàte gbe ɖo? Ne èdi be yeade dzi ƒo be woado vevie nu adze aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ gɔme la, ke te gbe ɖe “woanye nusrɔ̃lawo” dzi. Gake ne agba si le Kristotɔwo dzi be woagblɔ Biblia ƒe nyateƒea na dukɔ bubu me tɔ siwo ʋu va mia gbɔ mee nèdi be yeadzro alo nèdi be yeade dzi ƒo na gbeƒãɖela aɖewo be woasubɔ le afisi hiahiã la lolo wu le la, àte ŋu ate gbe ɖe “dukɔwo katã” dzi.

      Zi geɖe la, míeyɔa ŋɔŋlɔ aɖe wònyea ŋuɖoɖo na biabia aɖe alo tsɔ dea nya aɖe si ŋu amewo ʋlia nya le la dzi. Ne ète gbe ɖe nya ɖesiaɖe dzi sɔsɔe le mawunyakpukpuia me la, wò nyaselawo makpɔ akpa si de nyaa dzi o. Nya la me akɔ na wò gake eme makɔ na woawo ya o.

      Le kpɔɖeŋu me, ne èle Psalmo 83:19 xlẽm le Biblia si me Mawu ƒe ŋkɔ dze le me la, gbetete ɖe akpa si gblɔ be “wò ɖeɖe koe ɖo kpo” dzi mana aƒemenɔlaa nakpɔ Mawu ŋutɔ ƒe ŋkɔ si dze ƒã la o. Ele be nàte gbe ɖe ŋkɔ “Yehowa” dzi. Gake ne èle ŋɔŋlɔ ma ke zãm tsɔ le nu me ɖem tso Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu la, ele be nàte gbe ɖe akpa si nye “wò ɖeɖe koe ɖo kpo” dzi. Nenema ke ne èle Yakobo 2:24 xlẽm be yeaɖee afia be ele vevie be woatsɔ dɔwɔwɔwo akpe ɖe xɔse ŋu la, gbetete ɖe “tso afia na ame” dzi le esi teƒe be woate gbe ɖe “dɔwɔwɔwo” dzi awɔe be nyaa ƒe akpa vevia nabu ɖe nyaselawo.

      Kpɔɖeŋu bubu si akpe ɖe mía ŋu dze le Romatɔwo 15:7-13. Esia nye lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na hame si me tɔwo nye Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo kple dzɔdzɔme Yudatɔwo siaa ƒe akpa aɖe. Apostoloa ɖe nu me le afisia be menye Yudatɔ aʋatsotsotɔwo koe Kristo ƒe subɔsubɔdɔa ɖe vi na o ke eɖe vi na dukɔwo me tɔwo hã, ale be “trɔ̃subɔlawo [nakafu] Mawu le eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋuti.” Eyome Paulo yɔ nya tso ŋɔŋlɔ ene bubuwo me tsɔ he susu yi mɔnukpɔkpɔ ma si su dukɔwo me tɔwo si la dzi. Aleke nàxlẽ nyayɔyɔ mawoe ale be nàte gbe ɖe nya si nɔ susu me na Paulo dzi? Ne èle dzesi dem nyagbɔgblɔ siwo dzi nèdi be yeate gbe ɖo la, ɖewohĩ àde dzesi “le trɔ̃subɔlawo dome” si le kpukpui 9 lia, “mi trɔ̃subɔlawo” si le kpukpui 10 lia, “mi trɔ̃subɔlawo katã” kple “mi dukɔwo katã” siwo le kpukpui 11 lia, kpakple “xexemedukɔwo” si le kpukpui 12 lia. Dze agbagba nàxlẽ Romatɔwo 15:7-13 kple gbeteteɖedzi ma. Ne èle esia wɔm la, Paulo ƒe numeɖeɖea ƒe akpa veviawo katã me akɔ eye egɔme anya se na wò nyuie wu.

      Gbeteteɖedzi Mɔnuwo. Àte ŋu ato mɔ vovovo nu ate gbe ɖe nya siwo de susu vevi siwo katã nèdi be woadze ƒã la dzi. Mɔnu si nàzã newɔ ɖeka kple ŋɔŋlɔa eye wòasɔ ɖe nuƒoa ƒe nɔnɔme nu. Eŋuti ɖaŋuɖoɖo ʋɛ aɖewoe nye esi.

      Gbetɔtrɔ. Esia ku ɖe tɔtrɔ ɖesiaɖe si nàwɔ le gbea ƒe ɖiɖime ŋu si awɔe be nya siwo de susu vevia dzi nato vovo tso nya mamlɛawo gbɔ. Gbeteteɖedzia adze ne ètrɔ gbea ƒe sesẽme—nàkɔ gbe dzi alo nàbɔbɔ gbe. Le gbegbɔgblɔ geɖe me la, alesi nyayɔyɔ aɖe aɖii la tɔtrɔ nyea gbeteteɖedzi. Gake le gbegbɔgblɔ bubuwo me la, nyayɔyɔ aɖe ƒe ɖiɖi tɔtrɔ ana gɔmesesea natrɔ bubui kura. Ne wogbɔ dzi ɖi vie le nya vevi siwo dzi wodi be woate gbe ɖo yɔyɔ me la, esia te ŋu nyea gbeteteɖedzi. Le gbegbɔgblɔ siwo me manya wɔ be woatrɔ gbea wòanye gbeteteɖedzi ƒe mɔnu o la, ahiã be woawɔ nusianu si woate ŋui si asɔ le gbegbɔgblɔ ma me ŋudɔ be wòaɖo taɖodzinu sia gbɔ.

      Gbɔɖeme. Woate ŋu awɔ esia do ŋgɔ na ŋɔŋlɔa ƒe akpa vevia xexlẽ alo le exexlẽ vɔ megbe—alo do ŋgɔ kple emegbe siaa. Gbɔgbɔɖeme do ŋgɔ teti na nya vevi aɖe xexlẽ wɔnɛ be wonɔa mɔkpɔkpɔ me; gbɔɖeme si vana ɖe eyome naa nya si wogblɔ wɔa dɔ ɖe ame dzi yia ŋgɔe. Gake ne gbɔɖemea sɔ gbɔ akpa la, nya aɖeke maɖe dzesi o.

      Nyagbugbɔgagblɔ. Àte ŋu ate gbe ɖe nya vevi aɖe dzi ne ètɔ, eye nègbugbɔ xlẽ nya la alo nyagbɔgblɔawo. Mɔnu si sɔ wu enye be nàwu ŋɔŋlɔa xexlẽ nu eye eyome nàgbugbɔ akpa vevia agblɔ.

      Ŋutinuwo ŋudɔwɔwɔ. Wò ametia ƒe akpa aɖewo zazã kpakple wò mo ƒe dzedzeme ate ŋu ana seselelãme nakpe ɖe nya alo nyagbɔgblɔ aɖewo ŋu.

      Gbe ƒe ɖiɖime. Le gbegbɔgblɔ aɖewo me la, woate ŋu axlẽ nyawo le mɔ aɖe si akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe gɔmesese dzi alo wòana wòaɖe dzesi nu. Le afisia hã ele be woaɖɔ ŋu ɖo, vevietɔ ne nya la ate ŋu aɖi gbɔ ame.

      Ne Ame Bubuwo Xlẽ Ŋɔŋlɔawo. Ne aƒemenɔla xlẽ ŋɔŋlɔa la, ɖewohĩ ate gbe ɖe nya siwo mehiã o dzi alo mate gbe ɖe ɖeke dzi kura o. Ekema nukae nàte ŋu awɔ? Zi geɖe la, ele be nàna gɔmesesea nadze ne èle alesi mawunyakpukpuia ku ɖe nyaa ŋui me ɖem. Ne èɖe alesi wòku ɖe nyaa ŋui me vɔ la, àte ŋu ahe susu ayi nya siwo de susu vevia dzi le Biblia me la dzi tẽ.

      ALESI NÀWƆ GBETETEÐEDZI ŊUDƆWƆWƆ NAMA WÒ

      • Le ŋɔŋlɔ ɖesiaɖe si nèɖo be yeaxlẽ me la, bia ɖokuiwò be: ‘Seselelãme alo nɔnɔme kae dze le nya siawo me? Aleke mawɔ aɖee afia?’

      • Lé ŋku ɖe mawunyakpukpui siwo nèɖo be yeazã ŋu nyuie. Le wo dometɔ ɖesiaɖe gome la, bia ɖokuiwò be: ‘Taɖodzinu ka gbɔe mawunyakpukpui sia aɖo? Nya kawo dzie wòle be mate gbe ɖo be maɖo taɖodzinu ma gbɔ?’

      DƆDASIWO: (1) Lé ŋku ɖe ŋɔŋlɔ aɖe si nèɖo be yeazã le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la ŋu nyuie. Xlẽe kple seselelãme si sɔ zi gbɔ zi geɖe. Esi alesi nèdi be yeazã mawunyakpukpui sia le susu me na wò la, xlẽe sesĩe eye nàte gbe ɖe nya si(wo) sɔ dzi. (2) Le agbalẽ aɖe si srɔ̃m míele fifia me la, tia memama ɖeka si me ŋɔŋlɔ siwo woyɔ me nyawo dze le. Lé ŋku ɖe alesi wozã ŋɔŋlɔawoe ŋu nyuie. Te fli ɖe nya siwo me susu veviawo dze le te alo nàde dzesi wo. Kɔ gbe dzi nàxlẽ memama bliboa ale be ŋɔŋlɔawo xexlẽ kple gbeteteɖedzi nyuitɔ nadze.

  • Ŋɔŋlɔawo Ŋudɔwɔwɔ Wòasɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
    • NUSƆSRƆ̃ 22

      Ŋɔŋlɔawo Ŋudɔwɔwɔ Wòasɔ

      Nukae wòle be nàwɔ?

      Kpɔ egbɔ be ŋɔŋlɔ ɖesiaɖe ŋudɔwɔwɔ sɔ kple nya siwo ƒo xlãe eye wòwɔ ɖeka kple Biblia bliboa. Alesi woawɔ eŋudɔe nasɔ kple nusi “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ta hã.

      Nukata Wòle Vevie?

      Mawu ƒe Nya la fiafia nye agbanɔamedzi si nye ŋkubiãnya. Eƒe lɔlɔ̃nu enye be amewo nava “nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Tim. I, 2:3, 4) Esia da agba ɖe mía dzi be míafia Mawu ƒe Nya la wòasɔ pɛpɛpɛ.

      NE MÍELE nu fiam amewo la, nu geɖe hiã wu Biblia ƒe kpukpuiwo xexlẽ dzro ko. Apostolo Paulo ŋlɔ na ehati Timoteo be: ‘Do vevie be nàtsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla si mehiã be ŋu nakpee o, kpakple amesi ma nyateƒenya la me pɛpɛpɛ ene.’—Tim. II, 2:15.

      Esia wɔwɔ bia be alesi míeɖea ŋɔŋlɔawo mee nawɔ ɖeka kple nusi Biblia la ŋutɔ fia. Ehiã be míabu nya siwo ƒo xlãe ŋu, ke menye be míatia nyagbɔgblɔ siwo nya se na mí ahatsɔ mía ŋutɔwo míaƒe nukpɔsusu akpee o. Yehowa to nyagblɔɖila Yeremya dzi xlɔ̃ nu le nyagblɔɖila siwo gblɔ be Yehowa ƒe numenya gblɔm yewole evɔ wònye “woawo ŋutɔ ƒe dzi ƒe ŋutega tom wole” ŋu. (Yer. 23:16) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be woagatsɔ amegbetɔ ƒe xexemenunya aƒo ɖi Mawu ƒe Nya lae o esi wòŋlɔ bena: “Míegbea ŋukpenanu ɣaɣlawo boŋ, eye míezɔna le aɖaŋu vɔ̃ me o, eye míebaɖa mawunya hã o.” Le ŋkeke mawo me la, wein sitsala anukwaremaɖilawo tɔa tsi woƒe wein la be wòasɔ gbɔ ne yewoakpɔ ga gbogbo. Míetɔa tsi Mawu ƒe Nya la to amegbetɔ ƒe xexemenunya tsɔtsɔ tsakae me o. Paulo gblɔ be: “Míele abe ame geɖe, siwo baɖa Mawu ƒe nya la ene o; ke boŋ abe vavãnyenye me kple Mawu me míetsɔnɛ tsonɛ gblɔa nya le Mawu ƒe ŋku me le Kristo me ene.”—Kor. II, 2:17; 4:2.

      Ɣeaɖewoɣi la, àyɔ ŋɔŋlɔ aɖe atsɔ aɖo kpe gɔmeɖose aɖe dzii. Biblia la yɔ fũ kple gɔmeɖose siwo ana mɔfiame nyui mí le nɔnɔme vovovowo gbɔ kpɔkpɔ me. (Tim. II, 3:16, 17) Gake ele be nàka ɖe edzi be alesi nèwɔ eŋudɔe la sɔ pɛpɛpɛ eye be mèle ŋɔŋlɔa zãm madzemadzee, ahana wòadze abe ŋɔŋlɔae le egblɔm nenema ene evɔ wònye wòe le egblɔm o. (Ps. 91:11, 12; Mat. 4:5, 6) Ele be eŋudɔwɔwɔ nawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe tameɖoɖo, eye wòasɔ ɖe Mawu ƒe Nya bliboa nu.

      Gbɔgbɔ si dze le nya si gblɔm Biblia le me la kpɔkpɔ hã le ‘nyateƒenya la mama pɛpɛpɛ’ me. Menye “kpo” wònye nàtsɔ anɔ ame ƒom o. Subɔsubɔhakplɔla siwo tsi tre ɖe Yesu Kristo ŋu la yɔ nya tso Ŋɔŋlɔawo me, gake woŋe aɖaba ƒu nusiwo le kpekpem wu—esiwo ku ɖe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ kpakple nuteƒewɔwɔ ŋu—siwo nye nusiwo dim Mawu le la dzi. (Mat. 22:23, 24; 23:23, 24) Yesu ɖea Fofoa ƒe amenyenye fiana le Mawu ƒe Nya la fiafia me. Dzonɔameme si Yesu ɖe fia ɖe nyateƒea ŋu wɔ ɖeka kple lɔlɔ̃ deto si nɔ eme na amesiwo wòfia nui. Ele be míadze agbagba asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu.—Mat. 11:28.

      Aleke míawɔ aka ɖe edzi be míele ŋɔŋlɔ aɖe ŋudɔ wɔm alesi sɔ? Biblia xexlẽ edziedzi akpe ɖe mía ŋu. Ele be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia be Yehowa na “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” siwo nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe ha, amesiwo dzi wòtona naa gbɔgbɔmenuɖuɖu eƒemetɔ siwo nye xɔsetɔwo. (Mat. 24:45) Ðokuisinusɔsrɔ̃ kpakple hame ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le wo me akpe ɖe mía ŋu nufiame siwo dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la nana la naɖe vi na mí.

      Ne agbalẽ si nye Reasoning From the Scriptures le mia degbe me eye nèsrɔ̃ alesi nàzãe nyuie la, mɔfiame siwo hiã na mawunyakpukpui alafa geɖe siwo míezãna zi geɖe le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la ŋudɔwɔwɔ anɔ bɔbɔe na wò. Ne èdi be yeazã ŋɔŋlɔ aɖe si gɔme mèse tututu o la, ɖokuibɔbɔ aʋã wò be nàwɔ numekuku si hiã ale be ne èle nu ƒom la, wòanye nyateƒenya la ŋudɔwɔwɔ pɛpɛpɛ.—Lod. 11:2.

      Na Eŋudɔwɔwɔ Me Nakɔ. Ne èle nu fiam amewo la, kpɔ egbɔ be ɖekawɔwɔ si le nyati si me dzrom nèle kple ŋɔŋlɔ siwo zãm nèle dome la dze ƒã na wo. Ne nyabiasee nètsɔ do ŋgɔ na ŋɔŋlɔa xexlẽ la, ele be wò nyaselawo nakpɔ alesi ŋɔŋlɔa ɖo biabia ma ŋui. Ne ètsɔ ŋɔŋlɔa le kpe ɖom nya aɖe dzii la, kpɔ egbɔ be nusrɔ̃via kpɔ alesi mawunyakpukpuia de nyaa dzii la dze sii nyuie.

      Ŋɔŋlɔawo xexlẽ ko—ne enye kple gbeteteɖedzi gɔ̃ hã—ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ðo ŋku edzi be ame akpa gãtɔ menya Biblia nyuie o eye ɖewohĩ womase wò nya la me le exexlẽ zi ɖeka ko me o. He susu yi mawunyakpukpuia ƒe akpa si wɔ ɖeka tẽ kple nya si me dzrom nèle la dzi.

      Zi geɖe esia bia be nàtɔ asi nya vevi siwo ku ɖe nya si me dzrom nèle ŋu tẽ la dzi. Ewɔwɔ mɔnu bɔbɔetɔ enye be nàgbugbɔ susu veviawo agblɔ. Ne ame ɖekae nèle nu ƒom na la, àte ŋu abia nya aɖe si ana be wòakpɔ nya veviawo adze sii. Ne nuƒola aɖewo le nu ƒom na amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖe la, woɖonɛ be yewoazã nya bubu siwo ƒe gɔmesese sɔ kple esiwo yewozã la alo agbugbɔ nya bliboa agblɔ le mɔ bubu nu. Gake ne èɖoe be yeawɔe alea la, kpɔ nyuie be kadodo si le nya si gblɔm nèle kple esi le ŋɔŋlɔa me nyawo dome la nagabu ɖe nyaselawo o.

      Esi nètɔ asi nya veviawo dzi la, èɖo gɔmeɖoanyi nyui aɖe anyi. Azɔ yi edzi kple numeɖeɖe si hiã. Ðe nèƒo nu tso ŋɔŋlɔa ŋu ale be susu si ta nèle mawunyakpukpuia zãm la dze ƒã do ŋgɔa? Ne èƒo nu tso eŋu la, ekema fia asi alesi nya siwo nèna wòɖe dzesi la wɔ ɖeka kple nusiwo nèna wò nyaselawo nɔ mɔ kpɔm na lae. Na ƒomedodo si le wo dome nadze nyuie. Ne mèƒo nu tso mawunyakpukpuia ŋu wòdze ƒã alea do ŋgɔ o gɔ̃ hã la, ele be nàyi edzi kple numeɖeɖe si hiã.

      Farisitɔwo bia nya aɖe Yesu si wobu be eŋuɖoɖo asesẽ ŋutɔ, be: “Woɖe mɔ na ame bena, wòaɖe asi le srɔ̃a ŋu le nya sia nya ŋuti mahã?” Yesu tu eƒe ŋuɖoɖoa ɖe Mose I, 2:24 dzi. De dzesii be nyaa ƒe akpa aɖe dzi koe wòhe susu yii, eye le esia megbe wòfia alesi woawɔ edzii. Esi Yesu fia asi nya si nye be ŋutsu kple nyɔnu azu “ŋutilã ɖeka” vɔ la, eƒo eta be: “Azɔ nusi ke Mawu bla la, ame nagamã eme o.”—Mat. 19:3-6.

      Numeɖeɖe agbɔsɔsɔme kae hiã be nàna ŋɔŋlɔawo ŋudɔwɔwɔ me nakɔ? Wò nyaselawo ƒe ŋutete kple nya si me dzrom nèle ƒe vevienyenye dzie wòanɔ te ɖo. Ðoe wò taɖodzinui be nyawo gɔmesese nanɔ bɔbɔe eye woanɔ tẽ.

      Dzro Ŋɔŋlɔawo Me Kple Amewo. Dɔwɔwɔwo 17:2, 3 gblɔ tso apostolo Paulo ƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ le Tesalonika ŋu be ‘edzro ŋɔŋlɔawo me kple amewo.’ Esia nye nɔnɔme si wòle be Yehowa subɔla ɖesiaɖe nadze agbagba atu ɖo. Le kpɔɖeŋu me, Paulo gblɔ nya siwo ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔ ŋu, eɖee fia be wogblɔ esiawo ŋu nya ɖi le Hebri Ŋɔŋlɔawo me, eye eyome wògblɔ nyataƒonya ʋãme aɖe be: “Amesiae nye Kristo Yesu, amesi ŋutinya gblɔm mele le mia fiam.”

      Esi Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Hebritɔwo la, eyɔ nya zi geɖe tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me. Zi geɖe ne edi be yeate gbe ɖe nya aɖe dzi alo akɔ eme la, etɔa asi nya ɖeka alo nyagbɔgblɔ ʋɛ aɖewo ko dzi eye wòfiaa nusi ŋu wòku ɖo. (Heb. 12:26, 27) Paulo yɔ nya tso Psalmo 95:7-11 le ŋutinya si le Hebritɔwo ta 3 me. De dzesii be eyi edzi kɔ nu me yi ŋgɔe le eƒe akpa etɔ̃ ŋu: (1) nya si wogblɔ tso dzia ŋu (Heb. 3:8-12), (2) nusi nyagbɔgblɔ “Egbegbe” fia (Heb. 3:7, 13-15; 4:6-11), kple (3) gɔmesese si le nyagbɔgblɔ: “Ne woahade nye dzudzɔ la me fĩ” ŋu (Heb. 3:11, 18, 19; 4:1-11). Dze agbagba nàsrɔ̃ kpɔɖeŋu ma ne èle ŋɔŋlɔ ɖesiaɖe ŋudɔ wɔm.

      De dzesi alesi Yesu dzro Ŋɔŋlɔawo mee wòsɔ nyuie le nuŋlɔɖi si le Luka 10:25-37 me. Ŋutsu aɖe si bi nyuie ɖe Sea me biae be: “Nufiala, nuka mawɔ, be manyi agbe mavɔ dome mahã?” Le eŋuɖoɖo me la, gbã Yesu bia tso ŋutsua si be wòagblɔ eƒe nukpɔsusu le nyaa ŋu, eye eyome Yesu te gbe ɖe alesi wòle vevie be woawɔ ɖe nya si Mawu ƒe Nya la gblɔ dzi. Esi wòdze ƒã be ŋutsua menɔ nusi wòfia gɔme sem o la, Yesu dzro mawunyakpukpuia me nya ɖeka ko me yi ŋgɔe—eyae nye ‘ame havi.’ Le esi teƒe be wòaɖe nya ma gɔme ko la, ezã kpɔɖeŋu aɖe be wòakpe ɖe ŋutsua ŋu be eya ŋutɔ naɖo nyataƒoƒo si sɔ gbɔ boŋ.

      Eɖe dzesi be ne Yesu le nya ŋu ɖom la, menye ɖeko wòyɔa mawunyakpukpui si ana ŋuɖoɖoa nadze ƒã ko o. Edzroa nya si wogblɔ le afima me eye wòwɔa eŋudɔ wòsɔna ɖe biabia si le tò me la nu.

      Esi Zadukitɔwo nɔ nya hem tso tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa ŋu la, Yesu he susu yi Mose II, 3:6 ƒe akpa vevi ɖeka ko dzi. Gake menye ɖeko wòyɔ ŋɔŋlɔ ma ko evɔ o. Edzro eme be wòadze ƒã be tsitretsitsia nye Mawu ƒe tameɖoɖo ƒe akpa aɖe.—Mar. 12:24-27.

      Ne èbi ɖe alesi nàdzro Ŋɔŋlɔawo me pɛpɛpɛ wòasɔ nyuie me la, ana nàwɔ ŋgɔyiyi geɖe le wò nufiala nyui zuzu me.

      ALESI NÀWƆ ŊUTETE SIA NASU ASIWÒ

      • Xlẽ Biblia la ɣesiaɣi. Srɔ̃ Gbetakpɔxɔ nyuie eye nàdzra ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo ŋu nyuie.

      • Kpɔ egbɔ be yese ŋɔŋlɔ ɖesiaɖe si yedi be yeazã la me nyawo gɔme. Xlẽ mawunyakpukpuia nyuie be nàse nya si gblɔm wole la gɔme pɛpɛpɛ.

      • Na numekuku wɔwɔ le míaƒe Kristotɔwo ƒe agbalẽwo me nazu numame na wò.

      DƆDASI: Dzro gɔmesese si le Petro II, 3:7 me nyawo ŋu me. Ðe gɔmesesea ɖo kpe edzi be woatsɔ dzo atsrɔ̃ anyigba la? (Ne èle “anyigba” me ɖem la, bu nusi “dziƒo” hã fia ŋu. Mawunyakpukpui kawoe ɖee fia be woate ŋu azã “anyigba” le kpɔɖeŋu nyagbɔgblɔ me wòatsi tre ɖi na nu bubu? Ameka alo nuka tututue woatsrɔ̃, abe alesi kpukpui 7 lia fia ene? Aleke esia wɔ ɖeka kple nusi dzɔ le Noa ƒe ŋkekea mee, esi ƒe nya wogblɔ le kpukpui 5 kple 6 lia me?)

  • Eŋudɔwɔwɔ Ƒe Vevienyenye Nadze Ƒã
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
    • NUSƆSRƆ̃ 23

      Eŋudɔwɔwɔ Ƒe Vevienyenye Nadze Ƒã

      Nukae wòle be nàwɔ?

      Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woakpɔ alesi nya si me dzrom nèle la ka woe alo alesi woate ŋu awɔ eŋudɔe wòaɖe vi na wo.

      Nukata Wòle Vevie?

      Ne amewo mekpɔ alesi wòle vevie be woawɔ nya si gblɔm nèle ŋudɔe o la, woate ŋu agblɔ be meka yewo o, alo woate ŋu aɖe susu ɖa le eŋu, eye woana woƒe susu nanɔ tsatsam.

      EÐANYE ame ɖekaɖekawo alo ƒuƒoƒo gãe nèle nu ƒom na o, nunya manɔ eme be nàsusui be wò nuƒoa adzɔ dzi na wò nyasela(wo) le esi wòdzɔ dzi na wò ŋutɔ ta o. Wò nya la le vevie, gake ate ŋu adzɔ be màlé wò nyaselawo ƒe ɖetsɔleme ɖe te ɣeyiɣi didi ne mèna eŋudɔwɔwɔ ƒe vevienyenye dze ƒã o.

      Ele alea le Fiaɖuƒe Akpata me nyaselawo gɔ̃ hã gome. Ðewohĩ woƒe susu atrɔ ɖe nya la ŋu ne èle kpɔɖeŋu alo nuteƒekpɔkpɔ aɖe si womese kpɔ o gblɔm. Gake woƒe susu ate ŋu agadzo le edzi ne èle nu ƒom tso nusiwo wonya xoxo ŋu, vevietɔ nenye be mègatrɔ asi le eŋu yi ŋgɔe o. Ele be nàkpe ɖe wo ŋu woakpɔ nusita nya si gblɔm nèle aɖe vi na wo ŋutɔŋutɔ kple alesi wòaɖe vi na woe la adze sii.

      Biblia de dzi ƒo na mí be míabu nu ŋu abe alesi nuwo le le agbe me ŋutɔŋutɔ ene. (Lod. 3:21) Yehowa zã Yohanes Amenyrɔɖetsimela be wòafia mɔ amewo va “ame dzɔdzɔewo ƒe nunya [ŋutɔŋutɔ] me.” (Luka 1:17) Nunya siae nye esi wotu ɖe Yehowa vɔvɔ̃ nyuitɔ dzi. (Ps. 111:10) Amesiwo kpɔa ŋudzedze ɖe nunya sia ŋu va xɔa kpekpeɖeŋu be woakpe akɔ kple agbenɔnɔ dzidzedzetɔe fifia eye bene woƒe asi nasu agbe vavãtɔ, si nye agbe mavɔ si gbɔna, la dzi.—Tim. I, 4:8; 6:19.

      Ewɔwɔ be Nuƒoa Nasɔ Ðe Agbemenudzɔdzɔ Ŋutɔŋutɔwo Nu. Be wò nuƒoa nasɔ ɖe nusiwo dzɔna le agbe me ŋutɔŋutɔ nu la, ahiã be nàbu nyatia kple wò nyaselawo siaa ŋu vevie. Mègabu wo be wonye ƒuƒoƒo dzro aɖe ko o. Ame ɖekaɖekawo kple ƒomewoe le ƒuƒoƒo ma me. Wo dometɔ aɖewo anye ɖeviwo, ƒewuiviwo, ame tsitsiwo, kpakple amegãɖeɖi kple nyagãɖeɖiwo. Ðewohĩ ɖetsɔlemetɔ yeyewo kpakple amesiwo dze Yehowa subɔsubɔ gɔme hafi wodzi wò ŋutɔ gɔ̃ hã anɔ wo dome. Wo dometɔ aɖewo anye gbɔgbɔmemetsitsiwo; bubuwo anye amesiwo dzi xexeame ƒe nɔnɔme alo nuwɔna aɖewo gakpɔ ŋusẽ ɖo vevie kokoko. Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke nyati si me dzro ge megbɔna aɖe vi na nyaselawoe? Aleke mawɔ akpe ɖe wo ŋu be woakpɔ nya vevi si le eme la adze sii?’ Ðewohĩ àtiae be yeada susu ɖe ƒuƒoƒo siwo míeyɔ le afisia dometɔ ɖeka alo eve aɖewo koŋ dzi. Ke hã mègaŋlɔ bubuawo be keŋkeŋ o.

      Ke ne Biblia ƒe gɔmedzenufiafia aɖe ŋue wode dɔ asi na wò be nàƒo nu tsoe ɖe? Aleke nàwɔ nuƒoa naɖe vi na nyasela siwo xɔ nufiafia ma dzi se xoxo lae? Dze agbagba nàgatu woƒe kakaɖedzi ɖo ɖe edzi. To mɔ ka nu? To Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzinyawo ŋu bubu kple wo me. Àte ŋu ana hã be woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Biblia ƒe nufiafia ma ŋu nagade to ɖe edzi. Àte ŋu awɔ esia to eɖeɖe fia me be nufiafia sia wɔ ɖeka kple Biblia me nyateƒe bubuwo kpakple Yehowa ŋutɔ ƒe amenyenye. Zã kpɔɖeŋuwo—agbemenuteƒekpɔkpɔ ŋutɔŋutɔwo ne anya wɔ—si afia alesi nufiafia sia gɔmesese ɖe vi na amewoe kple alesi wòkpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nukpɔsusu le etsɔme ŋu dzii.

      Alesi woawɔ eŋudɔe megase ɖe nya ʋɛ aɖewo gbɔgblɔ le wò nuƒoa ƒe nyataƒonya me ko dzi o. Tso nuƒoa ƒe gɔmedzedze ke la, ele be nyasela ɖesiaɖe nase le eɖokui me be “nya sia kam.” Le gɔmeɖoanyi sia ɖoɖo vɔ megbe la, yi edzi nàna eŋudɔwɔwɔ ƒe vevienyenye nadze esi nèle nya veviawo dometɔ ɖesiaɖe me dzrom le nuƒoa ŋutɔ me kpakple le eƒe nuwuwu siaa.

      Ne èle alesi woawɔ eŋudɔe fiam la, kpɔ egbɔ be yewɔe le mɔ si wɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu. Esia gɔme ɖe? Efia be nàwɔe le lɔlɔ̃ kple veveseseɖeamenu ɖeɖe fia me. (Pet. I, 3:8; Yoh. I, 4:8) Esi apostolo Paulo nɔ nya sesẽwo gɔ̃ hã gbɔ kpɔm le Tesalonika la, ekpɔ egbɔ be yeƒo nu tso nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo nɔ afima ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyui ŋu alesi dze. Eɖe kakaɖedzi hã fia be le nya si me dzrom yenɔ ɣemaɣi me la, anye woƒe didi be yewoawɔ nusi sɔ. (Tes. I, 4:1-12) Kpɔɖeŋu nyui si wòle be míasrɔ̃ kae nye si!

      Ðe wò nuƒoa ƒe taɖodzinu enye be wòaʋã nɔviwo na nyanyui gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ kple nufiafia amewoa? Tu woƒe dzonɔameme kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ sia ŋu ɖo. Gake le esia wɔwɔ me la, nenɔ susu me na wò be akpa si amesiame ate ŋu awɔ le dɔ sia me la le vovovo, eye Biblia hã bu nuwo ŋu alea. (Mat. 13:23) Mègana nɔviwòwo nanɔ fɔɖiɖi sem le wo ɖokui me o. Hebritɔwo 10:24 xlɔ̃ nu mí be “míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me.” Ne míeʋã wo le lɔlɔ̃ me la, dɔwɔwɔwo akplɔe ɖo kple susu nyui. Le esi míazi wo dzi be woawɔ nusi míedi teƒe la, de dzesii be nusi dim Yehowa le boŋ enye be míade “xɔse ƒe toɖoɖo” ƒe dzi ƒo. (Rom. 16:26) Ne esia le susu me na mí la, míadi be míado ŋusẽ xɔse—mía ŋutɔwo kple mía nɔviwo tɔ siaa.

      Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woakpɔ Eƒe Vevienyenye. Ne èle gbeƒã ɖem na amewo la, ɖo ŋku edzi nàna nyanyuia tsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me ƒe vevienyenye nadze ƒã. Esia bia be nànya nusi le susu me na wò anyigbamama me tɔwo. Aleke nàwɔ anya? Ðo to radio alo television dzi nyadzɔdzɔwo. Kpɔ nya vevi siwo le nyadzɔdzɔgbalẽwo ƒe axa gbãtɔ. Hekpe ɖe eŋu la, dze agbagba nàhe amewo ade dzeɖoɖo me, eye ɖo to ne wole nu ƒom. Ðewohĩ àkpɔe be wole ʋiʋlim be yewoakpɔ kuxi kpatawo gbɔ—anye dɔ ƒe gbegblẽ na ame, xɔfe xexe, dɔdzedze, ƒometɔ aɖe ƒe ku, nuvlowɔwɔ, amegã aɖe ƒe numadzɔmadzɔwɔwɔ ɖe wo ŋu, srɔ̃ɖeɖe me ƒe gbegblẽ, ɖeviwo hehe, kpakple bubuawo. Ðe Biblia ate ŋu akpe ɖe wo ŋua? Godoo.

      Anɔ eme be nyati aɖe anɔ susu me na wò ne èdze dzeɖoɖo gɔme. Gake ne amea ɖee fia be nya bubu aɖe hiã ye kpata wu la, mègahe ɖe megbe le nyati ma boŋ me dzodzro me ne anya wɔ o, alo gblɔ nɛ be yeayi aɖadi nyatakaka nyui aɖewo atrɔ ava. Gake ‘míedea nu nya siwo meka mí o me ya o,’ ke boŋ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui siwo wɔa dɔ lae míetsɔa dzidzɔ gblɔna na amewo. (Tes. II, 3:11) Edze ƒã be nusi wɔa dɔ ɖe amewo dzi wu enye Biblia ƒe nuxlɔ̃ame si ku ɖe woa ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ ŋu.

      Ne amewo mekpɔ alesi míaƒe gbedasia ka woe o la, woate ŋu atsi dzeɖoɖoa nu enumake. Ne woɖe mɔ na mí be míaƒo nu gɔ̃ hã la, míaƒe nyaa mawɔ dɔ boo aɖeke ɖe woƒe agbenɔnɔ dzi o, nenye be míena nyaa ŋudɔwɔwɔ ƒe vevienyenye dze ƒã o. Gake ne míena amewo kpɔ alesi nya la sɔ ɖe woƒe agbemenuhiahiãwo nui la, míaƒe dzeɖoɖoa ate ŋu anye nusi aʋã wo woawɔ tɔtrɔ veviwo le woƒe agbenɔnɔ me.

      Ne èle Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔm la, yi edzi nànɔ gbe tem ɖe nyawo dzi wɔwɔ dzi. (Lod. 4:7) Kpe ɖe nusrɔ̃viwo ŋu woase Ŋɔŋlɔawo me nuxlɔ̃amewo, gɔmeɖosewo, kple kpɔɖeŋu siwo fia alesi woazɔ Yehowa ƒe mɔwo dzii la gɔme. Te gbe ɖe viɖe siwo esia wɔwɔ hena vɛ dzi. (Yes. 48:17, 18) Aʋã nusrɔ̃viwo be woawɔ tɔtrɔ siwo hiã le woƒe agbenɔnɔ me. Na lɔlɔ̃ na Yehowa kple didi be yewoawɔ nusi dzea eŋu nasẽ ŋu ɖe wo me, eye na nusi aʋã wo be woawɔ ɖe Mawu ƒe Nya la me nuxlɔ̃amenyawo dzi la natso ememe, tso woawo ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu me faa.

      ALESI NÀWƆE

      • Ne èle dzadzram ɖo ɖe nuƒo ŋu la, bu nyatia kple wò nyaselawo siaa ŋu. Trɔ asi le eŋu le mɔ si aɖe vi ŋutɔŋutɔ na wo nu.

      • Mègagblẽ eŋudɔwɔwɔ ƒe vevienyenye ɖi vaseɖe esime nèɖo nyataƒonya dzi hafi o. Ele be wòadze le nuƒoa katã me.

      • Ne èle dzadzram ɖo ɖe gbeƒãɖeɖe ŋu la, bu nusi le susu me na wò anyigbamama me tɔwo ŋu.

      • Ne èle gbeƒã ɖem la, lé to ɖe nya siwo amea agblɔ ŋu eye nàtrɔ wò nyaa wòasɔ ɖe enu.

      DƆDASI: Dzro Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ siwo le asiwò me, eye nàtia dzeɖonya ɖeka alo eve siwo nèsusu be wo ŋudɔwɔwɔ asɔ nyuie na wò anyigbamama me tɔwo. Te wo zazã kpɔ le gbeadzi.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe