INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w17 August axa 32
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Maria Ƒe Kpɔɖeŋu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Maria Fɔ Fu Evɔ Meɖe Srɔ̃ O
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Exɔ Mawu ƒe Mɔfiafia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Enɔ Nyaawo “Ŋu Bum Le Eƒe Dzi Me”
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
w17 August axa 32

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nu ka tae nu siwo Mateo kple Luka ŋlɔ ɖi tso Yesu dzidzi kple eƒe ɖevimenɔɣi ŋu la to vovo?

Susu si tae nu siwo Mateo ŋlɔ tso Yesu dzidzi kple eƒe ɖevimenɔɣi ŋu la to vovo na Luka ƒe nuŋlɔɖia le mɔ aɖewo nu ye nye be Nyanyuigbalẽŋlɔla eveawo ƒe taɖodzinuwo to vovo.

Mateo ƒo nu tso nudzɔdzɔ siwo ku ɖe Yosef ŋu la koŋ ŋu le eƒe nuŋlɔɖia me. Eƒo nu tso ale si Yosef wɔ nui gbã esime wòse be Maria fɔ fu, eƒe drɔ̃e si me mawudɔla aɖe ɖe nu si nɔ edzi yim la me nɛ le kple eƒe lɔlɔ̃ ɖe numeɖeɖea dzi ŋu. (Mat. 1:19-25) Esia megbe la, Mateo yi edzi ƒo nu tso Yosef ƒe drɔ̃e si me mawudɔla aɖe xlɔ̃ nui le be wòasi ayi Egipte, eya kple eƒe ƒomea ƒe sisi, eƒe drɔ̃e si me mawudɔla aɖe gblɔ nɛ le be wòagatrɔ ayi Israel-nyigba dzi, eƒe tɔtrɔyi kple ale si wòtso nya me be ye kple yeƒe ƒomea yewoayi aɖanɔ Nazaret ŋu. (Mat. 2:13, 14, 19-23) Le Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa ƒe ta gbãtɔawo me la, eyɔ Yosef ŋkɔ zi enyi, gake eyɔ Maria ŋkɔ zi ene pɛ ko.

Gake Luka ƒe nuŋlɔɖia ya ku ɖe Maria koŋ ŋu. Eƒo nu tso ale si mawudɔla Gabriel va srã Maria kpɔ, ale si Maria yi ɖasrã eƒe ƒometɔ Elizabet kpɔ kple kafukafunya siwo Maria gblɔ tso Yehowa ŋu la ŋu. (Luka 1:26-56) Azɔ hã, Luka ƒo nu tso nya si Simeon gblɔ na Maria ku ɖe fu siwo Yesu ava kpe le etsɔme ŋu la ŋu. Esi Luka nɔ nudzɔdzɔ si me Maria ƒe ƒomea yi gbedoxɔa me esime Yesu xɔ ƒe 12 la ŋu nya ŋlɔm ɖi la, Maria ƒe nyawo dzie Luka he susu yi, ke menye Yosef tɔ o. Luka gblɔ hã be nudzɔdzɔ mawo katã wɔ dɔ ɖe Maria dzi vevie. (Luka 2:19, 34, 35, 48, 51) Le Luka ƒe Nyanyuigbalẽa ƒe ta eve gbãtɔawo me la, eyɔ Maria ƒe ŋkɔ zi 12, gake zi 3 pɛ koe wòyɔ Yosef ŋkɔ. Eya ta, Mateo he susu yi nu siwo ŋu Yosef tsi dzi ɖo kple nu siwo wòwɔ la koŋ dzi, ke Luka ya he susu yi akpa si Maria wɔ kple nu siwo me wòto la dzi geɖe wu.

Nenema kee Nyanyuigbalẽŋlɔla eveawo ƒe dzidzimenuŋlɔɖiwo hã to vovo. Ƒome si me Yosef dzɔ tso la dzie Mateo he susu yi heɖee fia be gome le Yesu, si Yosef xɔ nyi la si be wòanye David ƒe fiazikpuia domenyila le se nu. Nu ka tae? Nu si tae nye be, Fia David ƒe ƒomea mee Yosef dzɔ tso to David vi Salomo dzi. (Mat. 1:6, 16) Gake edze ƒãa be Luka ya he susu yi ƒome si me Maria dzɔ tso dzi heɖee fia be le dzɔdzɔme nu, si fia be “le ŋutilã nu” la, Yesu dze be wòanye David ƒe fiazikpuia domenyila. (Rom. 1:3) Nu ka tae? Nu si tae nye be, Fia David ƒe ƒomea mee Maria dzɔ tso, to David vi Natan dzi. (Luka 3:31) Gake esi Eli nye Maria fofo la, nu ka tae Luka meyɔ Maria ŋkɔ le eƒe dzidzimenuŋlɔɖia me be enye Eli vinyɔnu o? Nu si tae nye be, le ɖoɖoa nu la, ŋutsuwo koŋ ƒe ŋkɔwoe woyɔna le dzidzimenuŋlɔɖiwo me. Eya ta esi Luka yɔ Yosef ŋkɔ hegblɔ be enye Eli vi la, amewo se egɔme be nu si wòwɔnɛ ye nye be Yosef nye Eli ƒe toyɔvi.—Luka 3:23.

Mateo kple Luka ƒe dzidzimenuŋlɔɖiawo ɖo kpe edzi eme kɔ ƒãa be Yesu ye nye Mesia si ŋu nya wogblɔ ɖi la. Le nyateƒe me la, ame geɖe nya nu tso Yesu ƒe dzidzimenuŋlɔɖia ƒe nyateƒenyenye ŋu ale gbegbe be Farisitɔwo kple Zadukitɔwo gɔ̃ hã mete ŋu ƒo nu tsi tre ɖe eŋu o. Egbea, Mateo kple Luka ƒe dzidzimenuŋlɔɖiawo gakpɔtɔ nye míaƒe xɔse ƒe gɔmeɖoanyia ƒe akpa aɖe eye wonana míekana ɖe edzi be Mawu ƒe ŋugbedodo susɔeawo katã ava eme.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe