INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • Gbeƒãɖeɖewo
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995 | June
    • Gbeƒãɖeɖewo

      ◼ Agbalẽ si míana le June me: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? July Kple August: Míate ŋu ana axa 32-gbalẽ gbadza ɖesiaɖe negbe Suku-gbalẽ gbadzaa koe mele eme o. September: Míana Agbe Tegbee gbalẽa, eye míadze agbagba adze aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme.

      ◼ Dzikpɔla zimenɔla alo ame aɖe si wòtia la nato hamea ƒe gakɔntawo me le June 1 dzi alo le emegbe teti. Miɖe gbeƒãe na hamea ne miewɔe vɔ.

      ◼ Míeɖo “Application for Unassigned Territory” (S-90) ƒe agbalẽvi eve ɖe hame ɖesiaɖe. Taflatse mikpe wo ame evea ɖo keŋkeŋ eye miagbugbɔ ɖeka aɖo ɖe Habɔbɔa kaba be wòawɔ dɔ le eŋu. Míekafui be miatia ɣleti etɔ̃ ɖesiaɖe siwo tsiã ɖe enu si asɔ na hamea be miawɔ dɔ le anyigbamamã si wometsɔ de asi na ame aɖeke o la me. Taflatse miɖo eŋu nyatakakawo ɖe Habɔbɔa enumake ne miewɔ dɔ le eme vɔ.

      ◼ Agbalẽ Yeye Siwo Gava:

      Eŋlisigbe: 1994 Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! bablawo; 1995 Yearbook of Jehovah’s Witnesses. Eʋegbe: Midzi Kafukafuhawo na Yehowa (Hadzigbalẽ Suetɔ).

      ◼ Kɔmpiuta Diskɛt Siwo Li:

      Eŋlisigbe: New World Translation of the Holy Scriptures—With Reerences; New World Translation of the Holy Scriptures—With References kple Insight on the Scriptures. Mide Dzesii: Mikpɔ wo ŋuti numeɖeɖewo le Cost List la me.

      ◼ Agbalẽ Siwo Gali:

      Eŋlisigbe: New World Translation Deluxe Bible (Suetɔ); Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee; Comprehensive Concordance; Yehowa Ðasefowo—Wole Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Ðekae le Xexeame Katã; Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee!; Midzi Kafukafuhawo na Yehowa (Hadzigbalẽ gãtɔ si ƒe nuŋɔŋlɔwo lolo). Eʋegbe: Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee! Twi: Ðe Wòle Be Naxɔ Mawuɖekaetɔ̃ la Dzi Asea?

  • February Subɔsubɔ Ƒe Akɔntabubu
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995 | June
    • February Subɔsubɔ Ƒe Akɔntabubu

      Gaƒ. Mag. TY BN

      Xexlẽme: m.d. m.d. m.d. m.d.

      Mɔɖ. V. 137 138.6 11.6 77.2 13.0

      Gbe. Mɔɖ. 3,017 75.0 8.0 39.8 7.1

      Kpe. Mɔɖ. 1,548 58.1 5.8 24.2 4.8

      Gbeƒ. 38,153 12.6 1.2 5.9 1.5

      YE KATÃ 42,855 Nyɔnyrɔ̃xɔlawo: 72

  • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995 | June
    • Ŋkeke Ðeka Takpekpe Tɔxɛ ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye

      1 Woaƒo nu tso tanya si nye “Miyi Edzi Miaɖi Ðase le Nyateƒea Ŋu” la ŋuti le míaƒe ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ si adze egɔme le July me la me. Takpekpea me nuƒoawo katã aku ɖe kpɔɖeŋu si Yesu gblẽ ɖi na mí kple alesi wòzã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe tsɔ gblɔ nyateƒea na amewo la ŋu. Woate gbe ɖe nusiwo nye míaƒe agbanɔamedzi esi míenye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo be míasrɔ̃e le ɖaseɖiɖi le nyateƒea ŋu me la dzi na mí.—Kor. I, 11:1.

      2 Woaƒo nu tso nusi hamea wɔna le nyateƒea dodo ɖe ŋgɔ me la ŋu. Woate gbe ɖe míaƒe magazinewo kple agbalẽ bubuwo zazã nyuie hã dzi.

      3 Nuƒo vevitɔ si nuƒola si Habɔbɔa dɔ ɖa aƒo ƒe tanyae nye “Ðaseɖiɖi le Nyateƒea Ŋu—Vi Siwo Wòɖena.” (Yoh. 8:32) Ðikekemanɔmee la, ŋkeke ɖeka takpekpe tɔxɛ ƒe ɖoɖowɔɖi sia ana míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyateƒea ŋu nade to ɖe edzi wu eye wòakpe ɖe mí katã ŋu be míanɔ tsitre sesĩe ‘ali ke ɖe nyateƒea me.’—Pet. II, 1:12; Kor, I, 15:58.

  • Wɔ Wò Ɣeyiɣi Ŋuti Dɔ Nyuie
    Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995 | June
    • Wɔ Wò Ɣeyiɣi Ŋuti Dɔ Nyuie

      1 Ɣeyiɣi le vevie na Yehowa. Edi be ɣeyiɣi nanɔ vevie na míawo hã. Etoa eƒe habɔbɔa dzi kpena ɖe mía ŋu be ɣeyiɣi nanɔ vevie na mí. Wodea dzi ƒo na mí ɣesiaɣi be míawɔ ‘dɔ geɖe le Aƒetɔ ƒe dɔwɔwɔ la me.’ (Kor. I, 15:58) Esia ana míate ŋu awɔ dɔ nyuie wu le Yehowa subɔsubɔ me.

      2 Ɣeyiɣi sɔsɔe nɔa mí katã si kwasiɖa ɖesiaɖe—gaƒoƒo 168 sɔŋ. Aleke míezãa míaƒe ɣeyiɣiwoe? Ðe míeɖenɛ fiana be míenya ɣeyiɣi si me míele le Yehowa ƒe nukpɔsusu nua? Ðe nusiwo mele vevie o hea mía?

      3 Ele vevie be míawɔ nu le ɖoɖo nu nyuie. Ame geɖe dzea agbagba be yewoaŋlɔ dɔ siwo yewoawɔ ɖi. Woɖoa wo ɖe esiwo hiã wu nu. Aleke woawɔ anya? Biblia gblɔ be ele be ‘wòanyo na ame le eƒe agbagbadzedzewo katã me.’ (Nyagb. 3:13) Dɔ aɖewo wɔwɔ ɖea vi wu bubuwo. Bu viɖe si ado tso ɖesiaɖe me la ŋu. Ðe dɔa wɔwɔ wu nu aɖe vi geɖea? Ðe wò agbagbadzedzewo me ‘anyo’ na wòa? Ne manyo o la, ke manye dɔ si le vevie o.

      4 Le Míaƒe Subɔsubɔdɔa Me: Edzɔa dzi na mí ne ame bubuwo va kpekpe hena gbeadziyiyi ɖe game dzi, woɖo to se nufiamewo nyuie, eye wodzo enumake yi anyigbamamãwo me. Anyo be míanɔ gbeƒã ɖem kple ŋkubiã tsɔ wu be míanɔ lalam. Edze ƒã be ɖoɖowɔwɔ nyuie nɔ vevie na Paulo esime wòŋlɔ be: “Mina woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.”—Kor. I, 14:40.

      5 Ne míele gbeadzi la, míate ŋu agblẽ ɣeyiɣi xɔasiwo ɖe ɖiɖiɖeme hena nunono ŋu. Gake ne ŋdɔ nu sẽ alo yame mele kɔkɔm o la, ɖiɖiɖeme ate ŋu ado ŋusẽ mí eye wòakpe ɖe mía ŋu míayi dɔa dzi. Gake ame geɖe dina be yewoayi ɖaseɖiɖi na amewo dzi tsɔ wu be yewoava nɔ nɔviwo gbɔ le ɖiɖiɖemeɣiwo le ɣeyiɣi siwo woɖo ɖi na subɔsubɔdɔa ŋu me. Ehiã be míada asɔ.

      6 Biblia gblɔ be: “Damixe . . . nya eƒe azã” si me wòaʋu eye anyidi ‘ƒoa eƒe abolo le dzomeŋɔli’ be wòadzra ɖo ɖe vuvɔŋɔli ŋu. (Yer. 8:7; Lododowo 6:6-8) Aleae wowɔa ɣeyiɣi ŋudɔ nyuie. Ele be míawo hã ƒe ‘ɖoɖowo nanɔ nyanya na mí nyuie.’ Togbɔ be mele be míaxaxa akpa o hã la, ele be míawɔ míaƒe ɣeyiɣi ŋudɔ nyuie. Menye nusi le be míawɔ koe hiã be míanya o ke ele be míanya ɣeyiɣi si wòhiã be míawɔe hã. Ele be ŋugbledede le nusiwo ate ŋu ahe mí ɖe megbe ŋu do ŋgɔ namã mí. Eye ele be míalɔ̃ atso dɔ aɖewo dzi atrɔ ɖe bubu si hiã wu la ŋu, abe dzadzraɖo ɖe míaƒe kpekpewo ŋu, gbeadziyiyi, kple teokrasidɔ bubuwo ene.

      7 Míedi be míanɔ abe míaƒe Dziƒofofo, Yehowa Mawu, amesi fia mí be “ɣeyiɣi li na nusianu” ene. (Nyagb. 3:1) Ne míezã míaƒe ɣeyiɣi nyuie la, míate ŋu ‘awu míaƒe subɔsubɔdɔ nu bliboe.’—Tim. II, 4:5.

Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
Do Le Eme
Ge Ɖe Eme
  • Eʋegbe
  • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
  • Tiatiawo
  • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
  • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
  • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
  • JW.ORG
  • Ge Ɖe Eme
Ɖoe Ɖe Ame Aɖe