Afikae Míate Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Vavãtɔ Le?
EWƆNA na ame geɖe be ŋutilãmenuwo ƒe amesinɔnɔ ate ŋu ana yewoakpɔ dzidzɔ. Ke wò hã ɖe? Togbɔ be enye nyateƒe be ŋutilãmenuwo ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ hã la, kakaɖedzi mele eŋu be woana míakpɔe kokoko o; eye ŋutilãmenudzedzinamewo metua ame ƒe xɔse ɖo alo naa gbɔgbɔ me nuhiahiãwo ame o.
Yesu Kristo gblɔ le eƒe Todzimawunya la me be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me, elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la.” (Mateo 5:3, NW) Yesu gagblɔ be: “Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.”—Luka 12:15.
Ame geɖe dia dzidzɔkpɔkpɔ le gbɔdɔdɔ manɔsenuwo kple ‘ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ’ bubuwo me. (Galatiatɔwo 5:19-21) Gake mɔɖeɖe ɖe ŋutilã la ƒe vivisesewo ŋu mehea dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ si nɔa anyi didina la vɛ o. Le nyateƒe me la, amesiwo wɔa nusiawo tɔgbe la manyi Mawu Fiaɖuƒea ƒe dome o.—Korintotɔwo I, 6:9, 10.
Ame bubuwo trɔna ɖe woawo ŋutɔ ɖokui ŋu le alesi wodzea agbagba be bubu nanɔ yewo ŋu me ne wole dzidzɔkpɔkpɔ dim. Agbalẽ siwo fiaa alesi woatrɔ asi le ame ƒe agbenɔnɔ ŋutii bɔ ɖe agbalẽdzraɖoƒewo kple agbalẽdzraƒewo, gake agbalẽ siawo mete ŋu kpena ɖe amewo ŋu dzidzɔ si nɔa anyi didina la sua wo si o. Ke afika gɔ̃e míate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ le?
Bene míakpɔ dzidzɔ vavã la, ele be míade dzesii be wowɔ mí kple nɔnɔme si nye be gbɔgbɔmenuwo nahiã mí. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye amesiwo tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me.” Gake hiahiã sia kpɔkpɔ dze sii ɖeɖe naneke mawɔmawɔ le eŋu maɖe vi aɖeke na mí o. Le kpɔɖeŋu me: Nukae adzɔ ɖe dulegbeƒula si le dua ƒuƒu vɔ megbe gbe tsi nono togbɔ be tsikɔ le ewum vevie hã la dzi? Ðe tsi mavɔ le lãme nɛ le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me eye nu bubuwo hã ato eme agblẽ le eŋu vevie oa? Nenema ke ne míewɔ naneke le míaƒe gbɔgbɔmenuɖuɖu xɔxɔ ŋu o la, mlɔeba la, ɖeko wòana míayrɔ le gbɔgbɔ me. Esia ana míagakpɔ dzidzɔ ase vivi na agbea o.
Yesu de dzesi eƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã kɔte, si nye Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ edziedzi kple ŋugbledede le eŋu. Ete ŋu kpɔa afisi Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me mawunyakpukpuiwo le bɔbɔe xlẽna, eye efia ame bubuwo be woawo hã nawɔe nenema ke. (Luka 4:16-21; tsɔe sɔ kple Efesotɔwo 4:20, 21.) Yesu gatsɔ Fofoa si le dziƒo ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ sɔ kple nuɖuɖu. Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ na wòkpɔ dzidzɔ geɖe.—Yohanes 4:34.
Ẽ, ŋutilãmenuwo ƒe amesinɔnɔ mate ŋu ana woakpɔ dzidzɔ vavãtɔ o; nenema ke dzidzɔdodo na nuvɔ̃ŋutilã la hã menaa wokpɔa dzidzɔ o. Dzi ƒe nɔnɔmee dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ nye, eye xɔse vavãtɔ kple ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Yehowa Mawu gbɔe wòtsona. Eyata esɔ be hakpala Dawid dzi ha be: “[Dzidzɔtɔwoe nye] dukɔ, si ƒe Mawu Yehowa nye!”—Psalmo 144:15b.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Xɔse kple ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu ana nàkpɔ dzidzɔ vavãtɔ