INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g97 11/8 axa 26-27
  • Ðe Wònyo be Woafi Fi le Koɖoɖo Ta?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wònyo be Woafi Fi le Koɖoɖo Ta?
  • Nyɔ!—1997
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukae Mawu Gblɔ?
  • Nukae Ame Dahewo Awɔ?
  • Fififi—Nukata Nyemafi Fi O?
    Nyɔ!—1995
  • Mègava Zu Fiafitɔ Gbeɖe O!
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Ðe Wòle Be Nàɖi Anukware Ɣesiaɣia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Amesiwo Ahedada De Gae
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1997
g97 11/8 axa 26-27

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Ðe Wònyo be Woafi Fi le Koɖoɖo Ta?

“KOÐOÐO NYE FUTƆ GÃ AÐE NA AMEGBETƆ ƑE DZIDZƆKPƆKPƆ; EGBLẼA ABLƆÐE ME ŊUTƆŊUTƆ EYE EWƆNƐ BE NU NYUI AÐEWO MANYA WƆ O, EYE WÒNAA BUBUWO WƆWƆ SESẼNA ALE GBEGBE.”—Samuel Johnson, ƒe alafa 18 lia me agbalẽŋlɔla.

ROMA-DZIÐUÐUMEGà Magnus Aurelius Cassiodorus gblɔ be: “Koɖoɖoe dzia nuvlowɔwɔ.” Nukpɔsusu siawo na wòdze abe koɖoɖo ta koe wowɔa nu vlo aɖewo ene. Edze ƒã be ame geɖe da asi ɖe edzi egbea, vevietɔ ne nuvlowɔwɔa nye fi wofi.

Ame geɖe xɔe se egbea be esɔ be woafi fi le ameteteɖeanyi kple koɖoɖo ta. De ŋugble le ƒe alafa 14 lia me Eŋlisiawo ƒe ha aɖe si ku ɖe Robin Hood, si wobe enye sedzimawɔla nyanyɛ aɖe si daa adzo hotsuitɔwo hemãa nuawo na ame dahewo la ŋu kpɔ. Wobui kalẽtɔ ƒe alafa geɖe.

Nyateƒe wònye be ame geɖe le gakuxi sesẽwo me tom egbea. Xexeame ƒe Gadzraɖoƒegã bu akɔnta nyitsɔ laa be ga si nu ame biliɔn 1.3 nɔa agbe ɖo gbesiagbe la mede dɔlar ɖeka o. Philippinestɔ 70 le alafa me gblɔ le numekuku aɖe me be yewoda ahe. Le Brazil la, afimatɔwo ƒe alafa memamã 20 siwo nye gatɔ gãwo la xɔa fetu si sɔ gbɔ zi gbɔ zi 32 wu afimatɔwo ƒe alafa memamã 20 siwo nye ame dahe kolikoliwo. Nɔnɔme siawo tɔgbe ate ŋu aɖe dzi le ame aɖewo ƒo ale gbegbe be woato mɔ sia mɔ nu, ne eganye fififi hã, be yewoatsɔ akpɔ yewoƒe gbesiagbenuhiahiãwo gbɔ hafi ate ŋu anɔ agbe.

Edze ƒã be Biblia meda asi ɖe fififi dzi o. Se Ewoawo dometɔ enyilia gblɔ be: “Megafi fi o.” (Mose II, 20:15) Gake ame geɖe siwo xɔ Biblia dzi se dina be yewoagblɔ be fififi sɔ ne ganyae glo fiafitɔa wòva fi fi.

Nya sia fɔ biabia sesẽ aɖewo ɖe te: Ðe wòsɔ be woafi fi le koɖoɖo ta? Nukae wòle be woawɔ ne ganyawo sesẽ na ame ale gbegbe? Ke ne viawo le dɔ lém alo dɔ le wo wum wòle be wòakpɔ wo gbɔ ya ɖe? Ðe Yehowa Mawu alɔ̃ be woafi fi le go mawo me, vevietɔ ne nusiwo wofi la mate ɖe nutɔa dzi o gɔ̃ hã?

Nukae Mawu Gblɔ?

Esi wònye Yesu ɖe Fofoa ƒe amenyenye fia ta la, eƒe kpɔɖeŋu akpe ɖe mía ŋu be míanya Mawu ƒe nukpɔsusu. (Yohanes 12:49) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eƒe dɔme trɔ ɖe hiãtɔwo ŋu. Biblia gblɔ be “esi wòkpɔ amehawo la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti.” (Mateo 9:36) Ke hã, mede fififi dzi le nɔnɔme aɖeke me gbeɖe o. Nenema ke togbɔ be Mawu tsɔ ɖe le eme na ame dahewo hã la, mebui be esɔ be woafi fi le koɖoɖo ta o. Biblia gblɔ na mí le Yesaya 61:8 be Mawu ‘lé fu nuhaha vɔ̃ɖi.’ Eye apostolo Paulo gblɔe eme kɔ ƒã be fiafitɔwo manyi Mawu Fiaɖuƒe la ƒe dome o. Eyata womeɣla Mawu ƒe nukpɔsusu ɖe mí o.—Korintotɔwo I, 6:10.

Gake Lododowo 6:30 gblɔ be “womedoa vlo fiafitɔ, ne efi fi, be wòatsɔ atsi eƒe dɔwuame nu, esime ƒomenui le ewɔm o.” Ðe nya sia ɖe mɔ ɖe fififi ŋua? Gbeɖe. Nya bubu siwo kpe ɖe eŋu fia be Mawu ahe to na fiafitɔa ɖe eƒe nuvɔ̃ ta kokoko. Kpukpui si kplɔe ɖo gblɔ be: “Ke ne asi tui la, aɖo eteƒe zi adre, eye wòatsɔ eƒe me nuwo katã ana.”—Lododowo 6:31.

Togbɔ be amesi fi fi le dɔwuame ta madze na tohehe boo abe amesi fi fi le ŋukeklẽ ta alo kple susu be yeawɔ nu vevi nua tɔ ta o hã la, mele be amesiwo di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la nafi fi le mɔ aɖeke nu o. Ne woda ahe kolikoli hã la, fififi medea bubu Mawu ŋu o. Aleae Lododowo 30:8, 9 gblɔe enye esi: “Na maɖu nye nusi nye tɔnye . . . eye ne nyemagaɖo ko ayi fi fi ge ahada aƒu ɖe nye Mawu ƒe ŋkɔ ŋu o.” Ẽ, fiafitɔ doa vlo Mawu ƒe ŋkɔ. Esi fififi menye lɔlɔ̃ nuwɔna o ta la, eɖanye kesinɔtɔ alo ame dahe ƒe nue wofi o, nuvɔ̃e wònye. Mesɔ le amesiwo lɔ̃ Mawu kple wo havi gome be woafi fi kura o.—Mateo 22:39; Romatɔwo 13:9, 10.

Susu mele eme be woagblɔ be amesi si nu mele o la kpɔ mɔ afi fi o. Ðeko egbɔgblɔ alea sɔ kple gbɔgblɔ be kamedefefewɔla si nye ame beli la kpɔ mɔ ano atike siwo ŋu se meɖe mɔ ɖo o kple susu be yeaɖu dzi. Ne eɖu dzi gɔ̃ hã la, fi mɔ dzie wòto. Ame kemɛwo tɔ dzɔ ne wogblɔ be exɔ yewoƒe dziɖuɖufetu le yewo si to mɔ fitifiti dzi. Nenemae wòle le fiafitɔ hã gome. Eto fi mɔ dzi tsɔ ame bubuwo ƒe nu. Etɔ medzɔ be wòafi fi le esi nu mede edzi o ta o.

Fiafitɔ ɖesiaɖe si di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu la naɖe asi le eƒe agbenɔnɔ ŋu. Biblia xlɔ̃ nu be: “Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne wòatsɔ eƒe asiwo awɔ dɔ nyui.” (Efesotɔwo 4:28) Amesiwo nye fiafitɔwo tsã eye wotrɔ dzime vavã la ate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa atsɔe ake yewo.—Xezekiel 33:14-16.

Nukae Ame Dahewo Awɔ?

Biblia do ŋugbe be: “Yehowa megbea ame dzɔdzɔewo ƒe dɔwuamenutsitsi o; ke etutua ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi ɖa.” (Lododowo 10:3) Mawu makpe ɖe amesiwo ɖonɛ koŋ dana le eƒe sewo dzi tsɔ ɖia kɔ na woƒe didiwo la ŋu o. Gake eƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo dzea agbagba anukwaretɔe be yewoaɖo toe ŋu, eye ayra agbagba siwo dzem wole be yewoakpɔ nusiwo hiã yewo la.—Psalmo 37:25.

Ame miliɔn geɖe kpɔe xoxo be esi yewowɔ ɖe mawumegɔmeɖosewo dzi la, nuwo va ka ɖe eme na yewo le agbe me. Le kpɔɖeŋu me, esi wowɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be woado vevie dɔ wɔwɔ ahatsri nu vɔ̃ɖiwo abe tsatsadada, ahamumu, atamanono, kple atike vɔ̃ɖi zazã dzi la, ewɔe be wokpɔ nusiwo hiã wo ŋutɔŋutɔ la dometɔ geɖe. (Galatiatɔwo 5:19-21) Esia bia be woaɖe xɔse afia, eye amesiwo wɔe nenema la kpɔe be “Yehowa ƒe dɔme nyo” eye be ekpena ɖe amesiwo ɖoa ŋu ɖe eŋu la ŋu nyateƒe.—Psalmo 34:9.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]

Robin Hood: General Research Division/The New York Public Library/Astor, Lenox and Tilden Foundations

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe