INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/99 axa 1
  • Ðe Míesee Kpɔ Oa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Míesee Kpɔ Oa?
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Èlɔ̃ Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Vevie Ŋutɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Ðe Yehowa ƒe Ŋkuɖodzinyawo Le Mía Nyɔm le Gbɔgbɔ Mea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Yehowa Ƒe Ŋkuɖodzinyawo Le Eteƒe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Na Mawu Ƒe Nya Nanye Kekeli Na Wò Toƒe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 12/99 axa 1

Ðe Míesee Kpɔ Oa?

1 Ẽ, míesee kpɔ! Yehowa gblɔ nya aɖewo zi geɖe le eƒe Nya la me be wòaɖe vi na eƒe amewo. Enuenu la, Yesu fiaa nu ɖeka ma ƒomevi zi geɖe ne ele nu ƒom tso Fiaɖuƒea ƒe akpa vovovowo ŋu. Edziedzi la, eƒe apostolowo dzroa gbɔgbɔmenyawo me kple amesiwo li ke nyuie le nyateƒea me xoxo.—Rom. 15:15; Pet. II, 1:12, 13; 3:1, 2.

2 Le míaƒe ɣeyiɣia me la, Yehowa ƒe habɔbɔa wɔa ɖoɖo enuenu be míagbugbɔ nyati vevi aɖewo asrɔ̃ le hamea ƒe kpekpewo me. Míesrɔ̃ agbalẽ aɖewo zi geɖe. Ẽ, ele vevie be míagase nya siwo míese kpɔ la ake!

3 Nya Gbugbɔgagblɔ Kpɔa Hiahiã Vevi Aɖe Gbɔ: Yehowa ƒe ŋkuɖodzinyawo nana míaƒe nugɔmesese dea to, wo kekea míaƒe nukpɔsusu ɖe nu, eye wòdoa ŋusẽ tame si míeɖo be míanɔ ŋute le gbɔgbɔ me. (Ps. 119:129) Mawu ƒe dzidzenuwo kple gɔmeɖosewo me dzodzro le abe ahuhɔ̃e me kpɔkpɔ ene. Ekpena ɖe mía ŋu be míadzro mía ɖokui me bene míagazu ‘nyasela, siwo ŋlɔa nu be o.’—Yak. 1:22-25.

4 Ne míeyi edzi le ŋku ɖom nyateƒea dzi na mía ɖokuiwo o la, nu bubuwo akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dziwo dzi. Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo doa ŋusẽ mí be míatsi tre ɖe Satana ƒe xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo ŋu. (Ps. 119:2, 3, 99, 133; Fil. 3:1) Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava ŋuti ŋkuɖodzinya siwo míexɔna edziedzi la ʋãa mí be ‘míanɔ ŋudzɔ!’ (Mar. 13:32-37) Ŋɔŋlɔawo me nyateƒeawo gbugbɔgagblɔ kpena ɖe mía ŋu be míakpɔtɔ anɔ agbemɔa dzi.—Ps. 119:144.

5 Alesi Wòaɖe Vi na Mía Ŋutɔwoe: Ele be ‘míabi míaƒe dzi ɖe Mawu ƒe ŋkuɖodzinyawo ŋu.’ (Ps. 119:36) Nenye be míagasrɔ̃ nu nyanyɛ aɖe le hamea ƒe kpekpe aɖe me la, ele be míadzra ɖo do ŋgɔ, axlẽ mawunyakpukpui siwo woyɔ, ahade ŋugble le alesi míawɔ nyatakakawo ŋudɔe ŋu. Migana míagbe dzadzraɖo ɖe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me nuŋɔŋlɔ ƒe dodokpɔ ŋu, ahabui be mehiã o. (Luka 8:18) Megadzɔ gbeɖe be míagbe toɖoɖo le míaƒe kpekpewo me le esi wogbugbɔ fiaa gɔmedzenyateƒewo edziedzi ta o.—Heb. 5:11.

6 Mina nɔnɔme si le hakpala la si nanɔ míawo hã si be: “Mekpɔ dzidzɔ ɖe wò ŋkuɖodzinyawo ƒe mɔwo ŋu abe ɖe kesinɔnu bubuawo katã ŋu ene.” (Ps. 119:14, NW) Ẽ, míese nya vevi siawo kpɔ, eye anɔ eme be míagase wo ake. Nukatae? Elabena Yehowa nyae be ehiã be míase wo!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe