Subɔsubɔ Kpekpe Ƒe Ðoðowɔði
MIDE DZESII: Tso Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe tata sia dzi la, míatsɔ ɣleti si kplɔe ɖo ƒe Subɔsubɔ Kpekpe gbãtɔ ƒe ɖoɖowɔɖi akpe ɖe Subɔsubɔ Kpekpe ƒe Ðoɖowɔɖia ŋu. Míele tɔtrɔ sia wɔm kple susu be wòakpe ɖe mia ŋu nenye be Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ tsi megbe.
Kwasiɖa si Dze Egɔme December 6
Hadzidzi 207
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.
15 min: “Srɔ̃ Yehowa ƒe Ameŋkumemakpɔmakpɔ.” Wò ŋgɔdonya megade aɖabaƒoƒo ɖeka o eye nàwɔe wòanye nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro. Ðe ameŋkumemakpɔmakpɔ gɔme eye nàƒo nu tso alesi Yehowa ɖenɛ fianae, kple alesi míate ŋu aɖe esia afiae le míaƒe subɔsubɔdɔa me ŋu.—Kpɔ Insight, Babla 1, axa 1192, memama 4-7.
20 min: “Ðe Míesee Kpɔ Oa?” Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo. Kpe nyaselawo ne woagblɔ alesi nu ɖeka sɔsrɔ̃ edziedzi kpe ɖe wo ŋu be wose nyateƒea gɔme hekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu nyuie wu.—Kpɔ Gbetakpɔxɔ, July 15, 1995, axa 21-2, kple August 15, 1993, axa 13-14, memama 10-12.
Hadzidzi 218 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme December 13
Hadzidzi 168
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubu. Ðo aɖaŋu le alesi míalɔ̃ gbe na amewo ŋuɖɔɖotɔe le azãɖugbedonamewo me ŋui. Ne Ame Vevitɔ alo Nufiala Gã ƒe agbalẽawo le hamea si la, fia alesi woate ŋu azã wo nyuie le gbeadzi le Kristmas ŋkekenyuiawo ɖuɣi.
15 min: “Ƒe 2000 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua.” Teokrasi Subɔsubɔ Suku dzikpɔla ƒe nuƒo. Dzro tɔtrɔ siwo gbɔna si wowɔ le ƒe yeyea ƒe ɖoɖowɔɖia me la me. Woatu dɔdasi 3 lia ɖe “Bible Topics for Discussion” (Biblia me Dzeɖonyawo) si dze le New World Translation me dzi. Dɔdasi 4 lia akpɔtɔ aku ɖe Bibliamemewo ŋu tso Insight on the Scriptures me eye ƒea ƒe ɣleti etɔ̃ mamlɛawo tɔ atso “Bible Topics for Discussion” (Biblia me Dzeɖonyawo) me. Ne dzesi si nye (#) dze le dɔdasi sia xa la, anyo be nɔviŋutsu nawɔe. De dzi ƒo na amewo katã be woalé fɔ ɖe woƒe Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽa ŋu eye woado vevie nu le sukua me dɔdasiwo wɔwɔ me.
20 min: “Nya Kae Nàgblɔ na Mawudzimaxɔsela?” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Dzro susu vovovo siwo ta ame geɖe megaxɔ Mawu dzi se o me. Ðo aɖaŋu le mɔ siwo dzi míate ŋu ato ate ɖe wo ŋu, akpe ɖe wo ŋu woakpɔ nusita susu le eme be míaxɔe ase be Mawu li la ŋu. Na woawɔ wɔwɔfia kpui ɖeka alo eve. Kpɔ Reasoning-gbalẽa, axa 145-51, kple Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee, ta 14 hena nyatakaka bubuwo.
Hadzidzi 220 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme December 20
Hadzidzi 219
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Na gbeƒãɖelawo nagblɔ nuteƒekpɔkpɔ kpui siwo su wo si le gbeadzisubɔsubɔdɔa me nyitsɔ laa.
15 min: Alesi Nàte Ŋu Aɖo Dzeɖonyanutsinyawo Ŋui. Numedzodzro kple nyaselawo kpakple wɔwɔfiawo. Xlẽ “Comments” si le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 15-16 (alo “Numeɖeɖewo” le Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii ƒe agbalẽvia ƒe axa 7-8). Tia “dzeɖonyanutsinya” eve alo etɔ̃ tso Reasoning-gbalẽa ƒe axa 16-20, (Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme ƒe agbalẽvia ƒe axa 8-12) alo zã bubu siwo miedoa goe le miaƒe anyigbamama me edziedzi. Dzro ŋuɖoɖo siwo wona la dometɔ aɖewo me, eye nàfia nusita miate ŋu azã wo akpɔ dzidzedze le mia gbɔ. Na woawɔ wo dometɔ ʋɛ aɖewo ƒe wɔwɔfiawo. Kpe nyaselawo ne woagblɔ ŋuɖoɖo siwo wozã wòɖe vi la.
20 min: Ðe Wòle Be Mawɔ Dɔ na Subɔsubɔ Habɔbɔ Aɖea? Hamemegã ƒe nuƒo si wotu ɖe April 15, 1999, Gbetakpɔxɔ, axa 28-30 dzi. Ame aɖewo xɔ dɔ siawo ƒomevi eye emegbe wova kpɔe be nusi wɔm yewonɔ la mewɔ ɖeka kple Biblia ƒe gɔmeɖosewo o. Dzro nyabiabia siwo ŋu wòle be míade ŋugble le ne míele dɔwɔɖui si do ƒome kple subɔsubɔha aɖe ŋuti nyametsotso wɔm la me. De dzi ƒo na amesiame be wòawɔ nusi ana be tenɔnɔ nyui nanɔ esi le Yehowa ŋkume.—Kor. II, 6:3, 4, 14-18.
Hadzidzi 109 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme December 27
Hadzidzi 166
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ne miaƒe hamea atrɔ kpekpeyiɣiwo le ƒe yeyea me la, tsɔ tufafa de dzi ƒo na amesiame ahaxlɔ̃ nu wo be woayi edzi ade kpekpeawo edziedzi ɖe ɣeyiɣi yeyeawo dzi. Mina Biblia nusrɔ̃viwo kple ɖetsɔlemetɔwo nanya tɔtrɔ ɖesiaɖe si miawɔ. Ðo ŋku edzi na amesiame be wòatsɔ December gbeadzikɔntabubu ana.
15 min: Miaƒe Nuhiahiãwo.
20 min: Agbalẽ Xoxowo Nana le January Me. Nuƒo kple wɔwɔfiawo. Tsɔ axa 192 ƒe agbalẽ xoxo siwo wota do ŋgɔ na ƒe 1986 si le hamea si la dometɔ eve alo etɔ̃ fia, eye nàde dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woaxɔ wo dometɔ aɖewo ayi gbeadzie. (Ne ɖeke meli o la, ƒo nu tso agbalẽ siwo wofia be miana ɖe eteƒe le January me ŋu.) Ðe nusita agbalẽ siawo gakpɔtɔ nyo be míatsɔ anyɔ amewo ƒe ɖetsɔleme ɖe Biblia ŋui la me. Te gbe ɖe nya siwo ŋu míate ŋu aƒo nu tsoe kple nɔnɔmetata siwo míate ŋu azã atsɔ adze dzeɖoɖo gɔmee dzi. Na woawɔ enana ƒe mɔnu ɖeka alo eve ƒe wɔwɔfia. Le afisiwo woaɖe ɖetsɔleme afia le la, miate ŋu azã Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza atsɔ adze nusɔsrɔ̃ gɔmee.
Hadzidzi 224 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme January 3
MIDE DZESII: Mele be hameawo nahe woƒe Subɔsubɔ Kpekpe hena kwasiɖa si dze egɔme January 3 ava fiẽ si do ŋgɔ nɛ o negbe ne nutome sue dzikpɔla le wo gbɔ ko.
Hadzidzi 10
8 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo.
17 min: Nya Alesi Nàɖo Nya Ŋui. (Kol. 4:6) Nuƒo kpakple numedzodzro kple nyaselawo. Reasoning-gbalẽa nye dɔwɔnu nyui aɖe si míate ŋu atsɔ aʋu mɔ si dzi míato agblɔ Biblia me nyateƒea na amewo. Ne aƒemenɔla aɖe bia nya ku ɖe míaƒe dzixɔsewo dometɔ aɖe ŋu la, míate ŋu azã akpa si nye “Ne Ame aɖe Gblɔ Be—” si le akpa si ƒo nu tso dzixɔse ma ŋu ƒe nuwuwu. Ƒo nu tso nya siwo amewo gblɔ tso Biblia ŋu siwo woŋlɔ ɖe axa 64-8 la ŋu, eye nàgblɔ nusita ŋuɖoɖo siwo wona la ate ŋu awɔ dɔ.
20 min: “Zã Míaƒe Agbalẽwo Nyuie.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro. Le memama 7 lia me dzodzro vɔ megbe la, na woawɔ wɔwɔfia kpui ɖeka alo eve siwo wotu ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo wona le memama 4-7 me la dzi.
Hadzidzi 19 kple gbedodoɖa hena kpakpã.