INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/99 axa 7
  • Ƒe 2000 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ƒe 2000 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒe 2001 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • Ƒe 1998 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Suku
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1997
  • Suku si Dzraa Mí Ðo ɖe Nusiwo Hiã Wu Ŋuti
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Xexeame Katã ƒe Suku Kpɔdzidzedze aɖe
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1999
km 12/99 axa 7

Ƒe 2000 ƒe Teokrasi Subɔsubɔ Sukua

1 Teokrasi Subɔsubɔ Sukua nye yayra gã aɖe na Yehowa ƒe amewo. Le ƒe 50 siwo va yi me la, ekpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu wodzi woƒe dutoƒonuƒoƒo kple Biblia me nyateƒea fiafia ƒe ŋutetewo ɖe edzi. (Ps. 145:10-12; Mat. 28:19, 20) Àte ŋu akpɔ alesi sukua kpe ɖe ŋuwòea? Ate ŋu ayi edzi akpe ɖe ŋuwò le ƒe 2000 lia me ne èkpɔ gome le eme bliboe hetsɔ aɖaŋuɖoɖo siwo woana la awɔ dɔe.

2 Woŋlɔ dɔdasiawo ŋuti mɔfiamewo kple agbalẽ siwo míazã la ɖe ƒe 2000 ƒe suku ɖoɖowɔɖia ƒe axa gbãtɔ. Woƒo nu tso ɣeyiɣi si wona akpa ɖesiaɖe, afisi dɔdasiawo atso, alesi woawɔ dɔawoe, kple bubuawo ŋu. Taflatse gbɔ dzi ɖi nàxlẽ mɔfiameawo nyuie ahawɔ wo ŋudɔ.

3 Kwasiɖa Ðesiaɖe ƒe Biblia Xexlẽ: Kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Biblia xexlẽ ŋuti ɖoɖowɔɖi vovovo evee le suku ƒe ɖoɖowɔɖia dzi. Ðeka nye nuxexlẽ ƒe ɖoɖo si dzi amesiame azɔ ɖo si ade Biblia ƒe axa atɔ̃. Nuxexlẽ sia dzie wotua Biblia xexlẽ me nya veviwo ƒe nuƒoa ɖo. Nuxexlẽ evelia nye esi wotsɔ kpe ɖe eŋu eye wònye gbãtɔa ƒe teƒe eve. Ne èzɔ ɖe ɖoɖowɔɖi sia dzi la, àte ŋu axlẽ Biblia bliboa le ƒe etɔ̃ me. Míenya be ame aɖewo adi be yewoaxlẽ geɖe wu esi wona ɖe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi si wotsɔ kpe ɖe eŋua me, eye ame bubuwo mate ŋu axlẽ wo katã o. Le esi teƒe be nàtsɔ ɖokuiwò anɔ sɔsɔm kple ame bubuwo la, kpɔ dzidzɔ ɖe esi nàte ŋu axlẽ la ŋu boŋ. (Gal. 6:4) Nu vevitɔe nye Mawu ƒe Nya la xexlẽ gbesiagbe.—Ps. 1:1-3.

4 Be nàte ŋu aŋlɔ ŋkɔ ɖe sukua me la, ele be nàgblɔe na sukudzikpɔla la. Taflatse wɔ wò dɔdasiawo kple moveviɖoɖo, eye megaɖe asi le wo ŋu le nyamaɖinyawo ta ko o. Bu sukua be enye ɖoɖo si tso Yehowa gbɔ. Dzra ɖo nyuie, wò dɔdasia me nyawo nema nu na wò, eye nàƒo nu tso dzi me, ale be nàkpɔ viɖe tso suku tɔxɛ sia me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe