INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ol akpa 8 axa 25-28
  • Do le Alakpasubɔsubɔ me Nàge Ðe Subɔsubɔ Vavãtɔ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Do le Alakpasubɔsubɔ me Nàge Ðe Subɔsubɔ Vavãtɔ Me
  • Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Do Go le Alakpasubɔsubɔ Me
  • Tsɔ Nusiwo Nèzãna le Alakpasubɔsubɔ me Ƒu Gbe
  • De Ha Kple Yehowa ƒe Amewo
  • Mɔ Nyuitɔ Si Dzi Míato Asubɔ Mawu
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Subɔ Yehowa, Ke Menye Satana O
    Ame Kukuwo ƒe Gbɔgbɔwo—Ðe Woate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò alo Awɔ Nuvevi Wòa? Woli Nyateƒea?
  • Subɔsubɔ si Dzea Mawu Ŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Tsri Alakpasubɔsubɔ!
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
Kpɔ Bubuwo
Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
ol akpa 8 axa 25-28

AKPA 8

Do le Alakpasubɔsubɔ me Nàge Ðe Subɔsubɔ Vavãtɔ Me

1. Tiatia kae dze ŋgɔ amewo egbea le subɔsubɔ gome?

YESU gblɔ be: “Amesi ke mele kplim o la, eya to vo ɖe ŋutinye.” (Mateo 12:30) Ne míele Yehowa ƒe akpa dzi o la, ke Satana ƒe akpa dzie míele. Ame akpa gãtɔ susunɛ be yewole Mawu subɔm alesi dze eŋu, gake Biblia gblɔ be Satana le ‘xexeame katã blem.’ (Nyaɖeɖefia 12:9) Ame miliɔn geɖe xɔe se be Mawu subɔm yewole, gake Satana Abosam boŋ subɔm wole! Tiatia aɖe dze ŋgɔ amewo egbea: Woasubɔ Yehowa, ‘Mawu nyateƒetɔ’ la loo, alo woasubɔ Satana, “aʋatsokafofo” la.—Psalmo 31:6; Yohanes 8:44.

Do Go le Alakpasubɔsubɔ Me

2. Mɔ siwo dzi Satana tona be yeaxe mɔ na amewo be woagasubɔ Yehowa o dometɔ ɖeka ɖe?

2 Nyametsotso si nàwɔ be yeasubɔ Yehowa nye esi me nunya le, eyae nye tiatia si ana wò nu nadze Mawu ŋu. Gake Satana mekpɔa dzidzɔ ɖe amesiame si subɔa Mawu ŋu o; eɖea fu na amesiwo subɔa Mawu. Mɔ siwo dzi wòwɔnɛ to dometɔ ɖekae nye be wòana amewo naɖu fewu le ŋuwò alo woatsi tre ɖe ŋuwò, woate ŋu anye xɔ̃wòwo kple ƒowòmetɔwo gɔ̃ hã. Yesu xlɔ̃ nu be: “Ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo.”—Mateo 10:36.

3. Ne wò ƒometɔwo alo xɔ̃wòwo tsi tre ɖe wò Mawu subɔsubɔ ŋu la, nukae nàwɔ?

3 Ne nu ma dzɔ ɖe dziwò la, aleke nàwɔ? Ame geɖe nya be yewoƒe subɔsubɔ menyo o, gake womedina be yewoado le eme o. Wobuna be dodo le eme anye nuteƒemawɔmawɔ na yewoƒe ƒometɔwo. Ðe susu le eme nenema? Ne èse be wò ƒometɔ kpamkpamwo le atike vɔ̃ɖiwo zãm la, ɖe màxlɔ̃ nu wo be atike vɔ̃ɖiawo agblẽ nu le wo ŋu oa? Màno atike vɔ̃ɖiawo ɖe wo ti o ɖe, alo?

4. Nya kae Yosua gblɔ na Israel-viwo tso mawusubɔsubɔ ŋu le eŋɔli?

4 Yosua de dzi ƒo na Israel-viwo be woaɖe asi le wo tɔgbuiwo ƒe subɔsubɔ nuwɔna kple kɔnyinyi gbegblẽwo ŋu. Egblɔ be: “Mivɔ̃ Yehowa, eye misubɔe blibo le nyateƒe me, miɖe mawu, siwo mia fofowo subɔ le tɔsisi la godo kple Egipte la ɖa, eye misubɔ Yehowa!” (Yosua 24:14) Yosua wɔ nuteƒe na Mawu, eye Yehowa yrae. Ne míawo hã míewɔ nuteƒe na Yehowa la, ayra mí.—Samuel II, 22:26.

Subɔsubɔhawo ƒe Nufiafiawo—Nyateƒetɔ Kple Alakpatɔ

  • Mawuɖekaetɔ̃: Subɔsubɔha geɖe fiaa nu be Mawu nye Mawuɖekaetɔ̃. Wogblɔna be “Fofo la nye Mawu, Vi la [Yesu] nye Mawu, eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la nye Mawu, gake menye Mawu etɔ̃ ye li o ke Mawu ɖeka koe.”

    Biblia mezã nya “Mawuɖekaetɔ̃” gɔ̃ hã o, eye mefia nu be Yehowa nye ame etɔ̃ le ɖeka me o. Yehowa ɖeɖekoe nye Mawu. Korintotɔwo I, 8:6 gblɔ be ‘Mawu ɖeka, si nye Fofo, ye li na mi.’ Yehowae nye Nuwokatãtaƒola. Yesu menye Mawu o, ke “Mawu Vi” wònye. (Yohanes I, 4:15) Nenema ke gbɔgbɔ kɔkɔe la hã menye Mawu o. Gbɔgbɔ kɔkɔea menye ame gɔ̃ hã o. Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ wònye.—Dɔwɔwɔwo 1:8; Efesotɔwo 5:18.

  • Luʋɔ: Subɔsubɔha geɖe fiaa nu be luʋɔ nye nane si le ame me si mate ŋu aku akpɔ gbeɖe o. Biblia fia be ame lae nye luʋɔ eye abe alesi míenyae ene la, ame te ŋu kuna.—Mose I, 2:7; Xezekiel 18:4.

  • Dzomavɔ: Alakpasubɔsubɔhawo fiaa nu be wowɔa fu ame vɔ̃ɖiwo ƒe luʋɔ le dzomavɔ me tegbee. Biblia gblɔ be kukuawo “menya naneke o.” (Nyagblɔla 9:5) Biblia fia hã be ‘Mawu nye lɔlɔ̃.’ (Yohanes I, 4:8) Yehowa, si nye lɔlɔ̃ Mawu, mawɔ fu amewo le dzo me akpɔ gbeɖe o.

Aɖaka la: Nukae Biblia fia tso Mawuɖekaetɔ̃, luʋɔ, kple dzomavɔ ŋu?

Tsɔ Nusiwo Nèzãna le Alakpasubɔsubɔ me Ƒu Gbe

5. Nukatae wòle be míatsɔ dzo nuwo aƒu gbe?

5 Gododo le alakpasubɔsubɔ me fia hã be míagblẽ dzo nu siwo katã le mía si dome keŋkeŋ, siwo ƒe ɖewoe nye atiblɛwo, tilawo, dzosigɛwo kple bokɛwo, kple nusiawo tɔgbe. Esia le vevie elabena efia be Yehowa ŋu koe míeɖo ŋu ɖo bliboe.

6. Nukae Kristotɔ gbãtɔwo wɔ kple woƒe afakagbalẽwo?

6 Bu nusi Kristotɔ gbãtɔ aɖewo wɔ esime woɖoe be yewoasubɔ le mɔ vavãtɔ nu ŋu kpɔ. Biblia gblɔ be: “Ame geɖe, siwo ka afa la, wotsɔ woƒe agbalẽwo va ƒo ƒu, eye wotɔ dzo wo le wo katã ƒe ŋku me.”—Dɔwɔwɔwo 19:19.

7. Nukae míate ŋu awɔ ne gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖea fu na mí?

7 Gbɔgbɔ vɔ̃wo ate ŋu aɖe fu na ame aɖewo siwo va dze Yehowa subɔsubɔ gɔme evɔ tsã wokpɔ gome le adzewɔwɔ, afakaka, alo dzosasa me tẽ. Ne wòdzɔ ɖe dziwò alea la, yɔ Yehowa sesĩe le gbedodoɖa me, yɔ eƒe ŋkɔ. Akpe ɖe ŋuwò.—Lododowo 18:10; Yakobo 4:7.

8. Aleke Kristotɔwo bua legbawo, nɔnɔmewɔwɔwo, kple nɔnɔmetata siwo wozãna le alakpasubɔsubɔ mee?

8 Mele be legba, nɔnɔmewɔwɔ, alo nɔnɔmetata siwo wozãna le alakpasubɔsubɔ me ƒe ɖeke nakpɔtɔ anɔ amesiwo di be yewoasubɔ Yehowa si loo alo be woaganɔ wo zãm o. Kristotɔ vavãwo ‘zɔna le xɔse me, menye le nukpɔkpɔ me o.’ (Korintotɔwo II, 5:7) Wodea bubu Mawu ƒe se si tsri nɔnɔmewɔwɔwo zazã le tadedeagu me ŋu.—Mose II, 20:4, 5.

De Ha Kple Yehowa ƒe Amewo

9. Aɖaŋu kae Biblia ɖo le alesi míawɔ azu nunyala ŋu?

9 Biblia gblɔ be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya.” (Lododowo 13:20) Ne míedi be míadze nunya la, ke ehiã be míazɔ kple Yehowa Ðasefowo, alo ade ha kple wo. Woawoe nye amesiwo le agbe mavɔ mɔ la dzi zɔm.—Mateo 7:14.

10. Aleke Yehowa Ðasefowo ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe be nàsubɔ Mawu?

10 Ðasefowo tsɔ ɖe le eme na amewo ŋutɔ. Woƒe dɔe nye be woakpe ɖe dzianukwaretɔwo ŋu woase Biblia ƒe nyateƒenya siwo naa wokpɔa agbe mavɔ la gɔme. Woate ŋu akpe ɖe ŋuwò asrɔ̃ Biblia kpli wò femaxee. Woaɖo wò biabiawo ŋu eye woafia alesi nàzã Biblia me sidzedze le wò agbenɔnɔ mee wò.—Yohanes 17:3.

11. Aleke Kristotɔwo ƒe kpekpewo akpe ɖe ŋuwòe?

11 Àte ŋu agasrɔ̃ nu geɖe tso Yehowa ƒe mɔwo ŋu le woƒe kpekpe siwo zi geɖe wowɔna le Fiaɖuƒe Akpata me la me. Woado ŋusẽ didi si le mewò be nàsubɔ le mɔ vavãtɔ nu. Eye àxɔ hehe hã be nàkpe ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ Biblia ƒe nyateƒeawo.—Hebritɔwo 10:24, 25.

12. Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwòe be nàsubɔ Mawu?

12 Ne èva le nu srɔ̃m yi ŋgɔe le Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe tameɖoɖo ŋu la, ava eme be alesi nèse eƒe lɔlɔ̃mɔwo gɔmee la ade to ɖe edzi. Ele be wò didi be yeadze eŋu eye nàtsri nusi medze eŋu o hã nadzi ɖe edzi. Ðo ŋku edzi be àte ŋu ate ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me abiae be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu nyui ahatsri nuvɔ̃.—Korintotɔwo I, 6:9, 10; Filipitɔwo 4:6.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Aleke nàwɔ asubɔ le mɔ nyuitɔ nu?

13. Aleke nàwɔ anye amesi ado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi?

13 Le ɣeyiɣi aɖewo megbe, ne èva le tsitsim le gbɔgbɔ me la, ɖikeke mele eme o be àva kpɔe be ehiã be yeazu Yehowa ƒe Ðasefo ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ. Ne èva wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amewo la, àdo dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Lododowo 27:11) Àva nye amesiwo ŋu Mawu gblɔ le be, “Manɔ wo dome, eye mazɔ wo dome, eye manye Mawu na wo, eye woawo hã woanye nye dukɔ” la dometɔ ɖeka.—Korintotɔwo II, 6:16.

Medo le Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Si Me

Gbeɖeka zã me esi mía kple srɔ̃nyeŋutsu míemlɔ anyi la, mese gbe aɖe wòyɔ nye ŋkɔ zi etɔ̃. Emegbe mekpɔ be míaƒe xɔa ƒe dzisasrã me ma, eye nane si le abe bɔl ene gake wòle bibim la ge va dze nye ƒodo dzi. Gake srɔ̃nye mete ŋu kpɔ nusiawo dometɔ aɖeke o. Ke hã mekpɔ be nye lãme va xɔ dzo gbagbagbã ɣleti geɖe.

Ɣleti ade megbe gbeɖiɖia gayɔm ake. Enumake aƒe bliboa wɔ abe ɖe wòle tsi goglo aɖe me ene. Ʋɔ gã aɖe do go tso tsia me va xatsa ɖe nye abɔ ŋu. Medze agbagba ʋuʋu abɔ be wòage ʋuu do kpoe. Vɔvɔ̃ ɖom. Emegbe tsia kple da la bu, eye nua tsɔm xlã ɖe anyi sesĩe. Meyi ɖime gaƒoƒo geɖe. Emegbe gbeɖiɖia gblɔ nam be mayi dɔyɔƒe aɖe si le dua me. Esi mebia gbɔgbɔa ƒe ŋkɔ la, eyɔ ŋkɔ si gɔmee nye ‘kesinɔtɔ gake konɔ.’ Edo ŋugbe nam be yeana mazu kesinɔtɔ to dɔyɔyɔ dzi.

Dɔnɔwo tsoa didiƒe kple kpuiƒe vaa gbɔnye. Hafi woaɖo aƒenye me la, wodzena mekpɔna le ahuhɔ̃e tɔxɛ si le asinye me. Emegbe ne amea va ɖo la, metsɔa nye asi ƒoa eƒe asiƒome, eye enumake woɖea eƒe dɔléle alo kuxi si ƒomevi wònye kple atike si adae fiaam. Gbɔgbɔa gblɔa ga home si wòle be amewo naxe hã nam.

Le alesi dɔyɔyɔa wɔa dɔe ta la, ɖeko ga kple nunanawo nɔ vavam bibibi. Meva zu “kesinɔtɔ,” gake meva se “konɔ” nyenye hã gɔme. Ɣesiaɣi si madzi vi la, ɖevi si yome wòdzɔ ɖo kuna. Enyea nuxaxa nam ŋutɔ. Le ƒe 12 siwo metsɔ subɔ gbɔgbɔ siae me la, vi ade ku nam.

Meva dze gbedodoɖa na Mawu be wòakpe ɖe ŋunye. Medoa gbe ɖa vevie. Gbeɖeka Yehowa Ðasefowo va ƒo ʋɔ nam. Togbɔ be ɖe menyaa wo tsã hã la, meɖoe gbemagbe be mase nya si le wo si. Le dze siwo míeɖo me la, mekpɔe be gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔm menɔ! Metso nya me be madzudzɔ gbɔgbɔyɔyɔ.

Esi megblɔ nya sia na gbɔgbɔa la, egblɔ be makpɔ nyuie le nye nyametsotsoa ŋu. Gake megblɔ nɛ be: “Nya aɖeke megale mía kple wò dome o.”

Metɔ dzo nusiwo katã mezãna le afakaka me. Mena Ðasefowo srɔ̃ Biblia kplim, meva zu Yehowa subɔla, eye mexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1973 me. Vi sesẽ atɔ̃e le asinye fifia. Srɔ̃nye hã va zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔ.—Abe alesi Josephine Ikezu gblɔe ene.

Aɖaka la: Aleke nyɔnu aɖe wɔ do le gbɔgbɔ vɔ̃wo si me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe