Mɔkpɔkpɔ Wɔnuku Aɖe!
“Amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o.”—YOHANES 11:26.
1. Nɔnɔme ka mee woafɔ ame miliɔn geɖe siwo ku fifia ɖe tsitre le?
NE WOFƆ ame miliɔn geɖewo le tsitretsitsia me la, womagbɔ agbe wo woava nɔ anyigba ƒuƒlu dzi o. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Woafɔ ɖe teƒe siwo dze ani wu eye woakpɔe be wodzra nɔƒe, nudodo, kple nuɖuɖu geɖe ɖo na yewo. Amekawoe awɔ dzadzraɖo siawo katã? Edze ƒã be ele be amewo nanɔ xexe yeyea me hafi anyigba dzi tsitretsitsia nadze egɔme. Gake amekawoe?
2-4. Mɔkpɔkpɔ tɔxɛ kae li na amesiwo le agbe le “ŋkeke mamlɛawo” me?
2 Biblia me nyagblɔɖi ƒe emevava ɖee fia be míele nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me.a (Timoteo II, 3:1) Fifia eteƒe madidi kura o Yehowa Mawu ade nu amegbetɔ ƒe nyawo me eye wòaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba dzi. (Psalmo 37:10, 11; Lododowo 2:21, 22) Nukae adzɔ ɖe amesiwo le Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe dzi ɣemaɣi?
3 Yehowa matsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo akpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o. (Psalmo 145:20) Mewɔ nusia tɔgbe kpɔ o, eye mawɔ nenema ne ele vɔ̃ɖinyenye katã ɖem ɖa le anyigba dzi o. (Tsɔe sɔ kple Mose I, 18:22, 23, 26.) Le nyateƒe me la, Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ ƒo nu tso “ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la, tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me,” eye wodo go tso “xaxa gã” la me ŋu. (Nyaɖeɖefia 7:9-14) Ẽ, ameha gã aɖe atsi agbe le xaxa gã si me fifi xexe vɔ̃ɖia awu enu le la me, eye woage ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me. Le afima la, ameƒome toɖolawo ate ŋu akpɔ viɖe bliboe tso mɔnuɖoɖo nyui si Mawu wɔ be wòatsɔ ana ablɔɖe ameƒomea tso nuvɔ̃ kple ku me la me. (Nyaɖeɖefia 22:1, 2) Eyata mehiã be “ameha gã” la me tɔwo naku akpɔ o. Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae nye si!
4 Ðe míate ŋu aka ɖe mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia dzia? Ẽ, míate ŋu aka ɖe edzi! Yesu Kristo ŋutɔ ɖee fia be ɣeyiɣi aɖe ava esime amewo anɔ agbe eye womaku akpɔ o. Hafi Yesu nafɔ exɔlɔ̃ Lazaro ɖe tsitre teti la, egblɔ na Marta be: “Amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o.”—Yohanes 11:26.
Wò Hã Àte Ŋu Anɔ Agbe Tegbee
5, 6. Ne èdi be yeanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi la, nukae wòle be nàwɔ?
5 Èdi be yeanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzia? Èdi be yeagakpɔ yeƒe ame veviwoa? Ekema ele be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze nasu asiwò. Yesu gblɔ le gbedodoɖa na Mawu me be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.
6 Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wònye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Timoteo I, 2:3, 4) Fifia enye ɣeyiɣi si nàsrɔ̃ alesi mia kple ame miliɔn geɖe bubu siwo le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm xoxo miate ŋu anɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be woakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu bubu geɖe tso Mawu kple eƒe nudidiwo ŋu. Nukata màva kpɔ wo le Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe ŋuwò me alo nàzã adrɛs siwo woɖo ɖe axa si kplɔe ɖo dzi dometɔ si tsɔ ɖe gbɔwò aŋlɔ lɛta na wo o?
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe axa 98-107.
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Mehiã be “ameha gã” la me tɔ aɖewo naku akpɔ o