NUSƆSRƆ̃ 45
Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ/Kpɔɖeŋu Siwo Me Nufiame Le
KPƆÐEŊUNYAGBƆGBLƆWO kpakple kpɔɖeŋuwo nye nufiafia mɔnu sẽŋuwo. Zi geɖe la, wohea ame ƒe susu helénɛ ɖe te wòɖea dzesi nyuie ŋutɔ. Wonaa wobua tame. Wowɔa dɔ ɖe ame ƒe seselelãme dzi eye wòte ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe dzitsinya dzi heɖoa dzia gbɔ. Ɣeaɖewoɣi la, woate ŋu awɔ kpɔɖeŋuwo ŋudɔ atsɔ atsi nazãbubu nui. Wote ŋu naa nu tsia susu me na ame nyuie. Èzãa wo le nufiafia mea?
Nuwo ɖɔɖɔ ƒe mɔnuwo nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siwo bia nya ʋɛ aɖewo ko zazã; ke hã wote ŋu naa nuwo dzena le susu me na ame nyuie. Ne wotia wo nyuie la, zi geɖe gɔmesesea ŋutɔ ƒe akpa gãtɔ dzena le eɖokui si. Gake nufialaa ate ŋu agana gɔmesesea nade to wu ne etsɔ numeɖeɖe kpui aɖe kpee. Esiawo ƒe kpɔɖeŋu geɖe dze le Biblia la me siwo me nàte ŋu asrɔ̃ nu tsoe.
Dze Egɔme Kple Nuwo Tsɔtsɔ Sɔ Kple Wo Nɔewo Kpakple Nu Tsɔtsɔ Ðɔ Nui. Nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewoe nye nuwo ɖɔɖɔ ƒe mɔnu bɔbɔetɔ. Ne fifiae nèle kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo ŋudɔwɔwɔ srɔ̃m la, àkpɔe be ade ye dzi ne yedze egɔme kple esiawo. Zi geɖe la, wozãa nya siwo nye “abe . . . ene” le wo me. Ne wotsɔ nu eve siwo to vovo kura le sɔsɔm kple wo nɔewo la, enana be ɖekawɔwɔ si le wo dome dzena nyuie. Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siwo ku ɖe nuwɔwɔwo—numiemiewo, lãwo, dziƒonuwo—kpakple amegbetɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo siaa ŋu la bɔ ɖe Biblia me fũ. Le Psalmo 1:3 la, wogblɔ na mí be amesi xlẽa Mawu ƒe Nya la edziedzi la le abe “ati, si wodo ɖe tɔʋuwo to” ene, wònye ati si tsea ku eye eƒe aŋgba melũa xe o. Wogblɔ le ame vɔ̃ɖi ŋu be ele “abe dzata” si de xa ɖi be yealé nu ene. (Ps. 10:9) Yehowa do ŋugbe na Abraham be eƒe dzidzimeviwo ƒe xexlẽme “asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo” ene eye woanɔ abe “ƒutake ene.” (Mose I, 22:17) Yehowa Mawu gblɔ le ƒomedodo kplikplikpli si nɔ woa kple Israel-dukɔa dome ŋu be: “Alesi alidziblanu nɔa ali na ŋutsui la,” nenemae Yena Israel kple Yuda mia ɖe Ye ŋui.—Yer. 13:11.
Nane tsɔtsɔ ɖɔ nu bubu aɖee hã nana ƒomedodo si le nusiwo to vovo kura dome dzena. Gake ŋusẽ nɔa nane tsɔtsɔ ɖɔ nu bubui ƒe mɔnu sia ŋu wu. Enaa wòdzena abe ɖe nu ɖeka nye evelia ene, eye to mɔ sia nu la, nɔnɔme aɖe si le ekemɛa ŋu dzena le esia hã ŋu. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miawoe nye xexeame ƒe kekeli.” (Mat. 5:14) Esi nusrɔ̃la Yakobo nɔ nusi wòate ŋu agblẽ ne womekpɔ ame ƒe nuƒoƒo dzi nyuie o gblɔm la, eŋlɔ bena: “Aɖe la, dzo wònye.” (Yak. 3:6) Dawid dzi ha na Yehowa be: “Wòe nye nye agakpe kple nye mɔ̃ sesẽ.” (Ps. 31:4) Zi geɖe la, nu tsɔtsɔ ɖɔ nui si wotia nyuie la megabiaa numeɖeɖe boo alo ɖeke kura o. Nyaawo sẽa ŋu hewɔa dɔ ɖe ame dzi le esi wòle kpuie ta. Nu tsɔtsɔ ɖɔ nui ate ŋu akpe ɖe wò nyaselawo ŋu be woaɖo ŋku nya vevi aɖe dzi nyuie wu nyateƒenya aɖe gbɔgblɔ dzaa ko.
Mɔnu bubu enye nuɖɔɖɔ si woɖe ami ɖo, si ŋudɔ wòle be woawɔ ŋuɖɔɖɔɖotɔe bene woagase egɔme bubui o. Yesu wɔ nuɖɔɖɔ mɔnu sia ŋudɔ tsɔ gblɔ nya aɖe si womaŋlɔ be akpɔ o esi wòbia be: “Nuka wɔ nèkpɔa ati fefe, si ɖo nɔviwò ƒe ŋku me la, eye atikpo, si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi la, mèdzea si eya o mahã?” (Mat. 7:3) Hafi nàte esia alo nuwo ɖɔɖɔ ƒe mɔnu bubuwo ŋudɔwɔwɔ kpɔ la, srɔ̃ alesi nàwɔ nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo kpakple nu tsɔtsɔ ɖɔ nui ŋudɔ nyuie do ŋgɔ.
Wɔ Kpɔɖeŋuwo. Ðe nuwo ɖɔɖɔ mɔnuwo ŋudɔwɔwɔ teƒe la, àte ŋu aɖoe be yeawɔ kpɔɖeŋuwo, eye ate ŋu anye ŋutinya si menye nusi dzɔ ŋutɔŋutɔ o loo alo agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ siwo nàtsɔ afia nui. Edzɔna be wotea gbe ɖe nuwo dzi wògbɔa eme le wo me, eyata ehiã ŋuɖɔɖɔɖo. Ele be woawɔ kpɔɖeŋu siawo atsɔ aɖo kpe nya vevi siwo hiã ŋutɔŋutɔ ko dzi, eye ele be woagblɔe le mɔ si ana woaɖo ŋku nufiame si le eme dzi nu, ke menye be wòanye ŋutinya dzro ko o.
Togbɔ be menye kpɔɖeŋuwo katãe anye nusiwo dzɔ ŋutɔŋutɔ o hã la, ele be woasɔ ɖe nɔnɔme alo nusiwo te ŋu dzɔna ŋutɔŋutɔ le agbe me nu. Eyata esi Yesu nɔ nu fiam tso alesi wòle be woabu nuvɔ̃wɔla trɔdzimewoe ŋu la, etsɔ ŋutsu si kpɔ eƒe alẽ bubu la ƒe dzidzɔ si wòkpɔ wɔ kpɔɖeŋui. (Luka 15:1-7) Esi Yesu nɔ nya ŋu ɖom na ŋutsu aɖe si menɔ nufiame si le Se si gblɔ be woalɔ̃ ame havi me la gɔme sem o la, egblɔ Samariatɔ aɖe si kpe ɖe ŋutsu si xɔ abi ŋu esime nunɔla aɖe kple Lewitɔ aɖe ya gbe kpekpe ɖe eŋu ƒe ŋutinya nɛ. (Luka 10:30-37) Ne èléa ŋku ɖe amewo ƒe nɔnɔme kple nuwɔnawo ŋu nyuie la, àte ŋu awɔ nufiafiamɔnu sia ŋudɔ wòaɖe vi.
Nyagblɔɖila Natan gblɔ ŋutinya aɖe si medzɔ ŋutɔŋutɔ o wònye mɔnu si ŋudɔ wòwɔ tsɔ ka mo na Fia Dawid. Ŋutinyaa wɔ dɔ nyuie elabena womegblɔe le mɔ si ana Dawid nanɔ eɖokui ta ʋlim nu o. Ŋutinyaa ku ɖe kesinɔtɔ aɖe si si alẽ gbogbo aɖewo nɔ, kpakple ŋutsu dahe aɖe si si alẽnɔ ɖeka pɛ ko nɔ wònɔ be lém nɛ lɔlɔ̃tɔe la ŋu. Esi Dawid ŋutɔ kplɔ alẽ kpɔ ta la, ete ŋu se alẽ ɖeka ma tɔ ƒe seselelãmewo gɔme. Esɔ be Dawid do dziku ɖe kesinɔtɔ si lé ame dahea ƒe alẽ si gbɔ melɔ̃a nu le o la ŋuti. Natan gblɔ na Dawid kaŋ azɔ be: “Wòe nye ŋutsu la!” Nyaa wɔ dɔ ɖe Dawid ƒe dzi dzi, eye wòtrɔ dzi me anukwaretɔe. (Sam. II, 12:1-14) Ne èsrɔ̃ mɔnu sia ŋudɔwɔwɔ nyuie la, àte ŋu anya alesi woakpɔ nya siwo wɔa dɔ ɖe ame ƒe seselelãme dzi le mɔ si alé dzi na ame nu.
Àte ŋu aɖe kpɔɖeŋu geɖe siwo sɔ nyuie na nufiafia tso nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me la me. Yesu wɔ esia kple nya ʋɛ aɖewo ko esi wògblɔ be: “Miɖo ŋku Lot srɔ̃ dzi!” (Luka 17:32) Esi Yesu nɔ eƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi gblɔm la, efia asi “Noa ƒe ŋkekewo.” (Mat. 24:37-39) Apostolo Paulo yɔ ŋutsu kple nyɔnu 16 ƒe ŋkɔwo be wonye xɔse ƒe kpɔɖeŋuɖolawo, le Hebritɔwo ta 11. Ne èva le nu geɖe nyam tso Biblia me la, àte ŋu aɖe kpɔɖeŋu sẽŋuwo tso eme woaku ɖe nusi Ŋɔŋlɔawo gblɔ le nudzɔdzɔwo kple amesiwo ƒe ŋkɔ wòyɔ le eme ŋu.—Rom. 15:4; Kor. I, 10:11.
Ɣeaɖewoɣi àkpɔe be aɖe vi ne yezã egbegbe agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ aɖe tsɔ te gbe ɖe nufiamenya aɖe dzii. Gake le esia wɔwɔ me la, kpɔ egbɔ be yezã nudzɔdzɔ siwo ŋu kpeɖodzi le la ko, eye mègazã esiwo ate ŋu aɖia wò nyaselawo dometɔ aɖewo nu dzodzro alo esiwo ahe susu ayi nyati aɖe si ŋu wohea nya le dzi evɔ menye eya me dzrom nèle hafi o. Ðo ŋku edzi hã be ele be nudzɔdzɔa naɖo taɖodzinu aɖe gbɔ. Mègava nɔ eƒe akpa siwo mehiã o me ɖem tsitotsito wòahe susu ɖa tso wò nuƒoa ƒe taɖodzinu gbɔ o.
Egɔme Anya Sea? Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ alo kpɔɖeŋu ka ke zãm nèle o, ele be wòaɖo taɖodzinu aɖe koŋ gbɔ. Ðe wòaɖo taɖodzinua gbɔ ne mèfia alesi wòku ɖe nyati si me dzrom nèle ŋui oa?
Esi Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo be wonye “xexeame ƒe kekeli” vɔ la, egblɔ nya ʋɛ aɖewo kpee tso alesi wowɔa akaɖi ŋudɔe kple agba si esia da ɖe wo dzi ŋu. (Mat. 5:15, 16) Le eƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe alẽ bubu la ŋu gbɔgblɔ vɔ la, eyi edzi ƒo nu tso dzidzɔ si wònyena le dziƒo ne nuvɔ̃wɔla ɖeka trɔ dzime ŋu. (Luka 15:7) Nenema ke esi Yesu gblɔ ŋutinya si ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa ŋu vɔ la, ebia nya aɖe si yi taɖodzinua gbɔ tẽ eƒe nyasela la eye eyome wòtsɔ nuxlɔ̃amenya aɖe si le tẽ tsiã ɖe enu. (Luka 10:36, 37) Gake Yesu ɖe eƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe anyigba ƒomevi vovovoawo kple esi ku ɖe abɔ me gbe wuwluiawo ŋu me na amesiwo bɔbɔ wo ɖokui hebia be yewoase egɔme la ko, ke menye na amehaawo o. (Mat. 13:1-30, 36-43) Ŋkeke etɔ̃ do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, ewɔ kpɔɖeŋu ku ɖe weingbledela amewulawo ŋu. Megblɔ amesiwo ŋu wòku ɖo o; mehiã be wòagblɔe hã o. “Nunɔlagãwo kple farisitɔwo . . . wodze sii bena, yewo ŋuti wòdo wo ɖo.” (Mat. 21:33-45) Eyata kpɔɖeŋu si ƒomevi wòanye, nyaselawo ƒe nɔnɔme, kple taɖodzinu si le asiwò siaa ye afia ne ehiã be nàɖe nusi ŋu wòku ɖo me, eye ne ehiã la, afisi nàɖe eme aɖoe.
Exɔa ɣeyiɣi be nàbi ɖe kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo kple kpɔɖeŋuwo ŋudɔwɔwɔ me, ke hã agbagba ɖesiaɖe si nàdze la aɖe vi godoo. Kpɔɖeŋuwo tiatia nyuie hea amewo ƒe susu eye wòwɔa dɔ ɖe ame dzi hã. Emetsonu enye be ŋusẽ nɔa gbedasia ŋu geɖe wu be woagblɔ nyateƒenyawo dzaa tẽ ko.