INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be axa 56-axa 61 mm. 3
  • Tu Nufiafia Ŋutete Ðo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tu Nufiafia Ŋutete Ðo
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
  • De Bubu Yehowa Ŋu
  • ‘De Vovototo Nu Me’
  • Kpe Ðe Nyaselawo Ŋu Woabu Tame
  • Ðo Amea ƒe Dzi Gbɔ
  • Fia Alesi Woatsɔ Nya la Awɔ Dɔe
  • Ðo Kpɔɖeŋu Nyui
  • Agbagbadzedze Be Nàɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Fia Nu Kple Nugɔmesese Nàzã Nyaƒoɖeamenu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • ‘Xɔ Ðokuiwò Kple Amesiwo Ðoa To Wò Ðe Agbe’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Gbedasi Si Wòle Be Míaɖe Gbeƒãe
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be axa 56-axa 61 mm. 3

Tu Nufiafia Ŋutete Ðo

NUKAE nye wò taɖodzinu abe nufiala ene? Ne ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye esia nèva zu Fiaɖuƒegbeƒãɖela la, ɖikeke mele eme o be enye wò didi be yeasrɔ̃ alesi yeawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃e esi wònye be Yesu de nusrɔ̃lawɔwɔdɔ asi na eyomedzelawo ta. (Mat. 28:19, 20) Ne nuteƒekpɔkpɔ su asiwò xoxo le dɔ sia wɔwɔ me la, ɖewohĩ èwɔe wònye wò taɖodzinu be yeagabi ɖe edzi le amesiwo ŋu yedi be yeakpe ɖo ƒe dzi gbɔ ɖoɖo me. Ne dzilae nènye la, àdi vevie be yeanye nufiala si ate ŋu ado ŋusẽ ye viwo be woatsɔ woƒe agbe aɖe adzɔgbe na Mawu. (Yoh. III, 4) Ne hamemegãe nènye alo èle hamemegãnyenye minyam la, ɖewohĩ àdi be yeazu dutoƒonuƒola si akpe ɖe nyaselawo ŋu be woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa kple eƒe mɔwo ŋu nagaƒo ke ɖe to nyuie. Aleke nàwɔ aɖo taɖodzinu siawo gbɔ?

Srɔ̃ nu tso Nufiala Gã Yesu Kristo gbɔ. (Luka 6:40) Yesu ɖale nu ƒom na amehawo le to aɖe ŋu alo na ame ʋɛ aɖewo ko esi wole mɔ dzi o, nusi wògblɔ kple alesi wògblɔe la wɔ dɔ ɖe amewo dzi ale gbegbe. Yesu ʋã eƒe nyaselawo ƒe susu kple woƒe dzi, eye wòɖea alesi woatsɔ nyaa awɔ dɔe le agbemenudzɔdzɔwo ŋutɔŋutɔ me la fiaa wo bene woase egɔme bɔbɔe. Wò hã àte ŋu awɔe nenema?

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

Ƒomedodo kplikplikpli si nɔ Yesu kple eƒe Dziƒofofo la dome kpakple Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe yayra si nɔ eyama dzi la na Yesu ƒe nufiafia ŋutete gade to ɖe edzi. ȃoa koko na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wòade toa? Ne dzilae nènye la, èdoa gbe ɖa edziedzi biaa Mawu ƒe mɔfiame be nàfia nu viwòwoa? Èdoa gbe ɖa tso dzime ke ne èle nuƒo alo kpekpewo dzi kpɔkpɔ ƒe dzadzraɖowo wɔma? Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu alea le gbedodoɖa me akpe ɖe ŋuwò be wò nufiafia nagalé vi wu.

Ziɔziɔ ɖe Yehowa ŋu gadzena le ŋuɖoɖo ɖe eƒe Nya Biblia ŋu me. Yesu do gbe ɖa na Fofoa le fiẽsi mamlɛtɔ si wònɔ agbe abe amegbetɔ deblibo ene me gblɔ be: “Metsɔ wò nya la na wo.” (Yoh. 17:14) Togbɔ be nuteƒekpɔkpɔ si de ŋgɔ ŋutɔ nɔ Yesu si hã la, meƒo nu le eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me kpɔ gbeɖe o. Nusi Fofoa fiae koe wògblɔna ɣesiaɣi, eye wòto esia dzi gblẽ kpɔɖeŋu si míasrɔ̃ ɖi na mí. (Yoh. 12:49, 50) Mawu ƒe nya si woŋlɔ ɖe Biblia me la te ŋu kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi—ɖe woƒe nuwɔnawo, woƒe dzimesusuwo, kple woƒe seselelãme hã dzi. (Heb. 4:12) Ne sidzedze si su asiwò le Mawu ƒe Nya me la le to dem eye nèsrɔ̃ alesi nàwɔ eŋudɔ nyuie le wò subɔsubɔdɔa me la, ekema nufiafia ŋutete si hea amewo vaa Mawu gbɔe nye ema nèle tutum ɖo.—Tim. II, 3:16, 17.

De Bubu Yehowa Ŋu

Menye nuƒo vivi si ame aƒo koe afia be ezu nufiala si le Kristo srɔ̃m o. Ele eme baa be amewo ƒe mo wɔ yaa le “amenuvevenya,” alo nya vivi, siwo do tso Yesu ƒe nu me la ŋuti. (Luka 4:22) Gake nukae nye Yesu ƒe taɖodzinu le nuƒo viviwo ƒoƒo me? Eyae nye be wòade bubu Yehowa ŋu, ke menye be wòahe susu ava eya ŋutɔ ɖokui dzi o. (Yoh. 7:16-18) Exlɔ̃ nu eyomedzelawo be: ‘Mina miaƒe kekeli naklẽ le amewo ƒe ŋku me, bena woakpɔ miaƒe nu nyui wɔwɔwo, eye woakafu mia Fofo, si le dziƒo.’ (Mat. 5:16) Ele be nuxlɔ̃ame ma nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi míefiaa nui la dzi. Ele be wòanye míaƒe taɖodzinu be míaƒo asa na nusianu si ahe míaƒe susu ɖa tso taɖodzinu ma gbɔ. Eyata ne míele ŋugble dem le nusi míagblɔ alo alesi míagblɔe ŋu la, anyo ŋutɔ be míabia mía ɖokui se be, ‘Ðe esia awɔe be amewo ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu nagade to ɖe edzia, alo ɖe wòahe susu ava nye ŋutɔ ɖokuinye dzia?’

Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu azã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo kple agbemenudzɔdzɔwo le nufiafia me wòade edeƒe. Gake ne wogblɔ kpɔɖeŋunya didi aɖe alo nuteƒekpɔkpɔ me nyawo taŋtaŋ la, nufiamea ŋutɔŋutɔ ate ŋu abu kura. Nenema ke ne míele ŋutinya siwo doa nukokoe na ame ko gblɔm la, enana míaƒe subɔsubɔdɔ ƒe taɖodzinu yia to. Le nyateƒe me la, nufialaa le susu hem va eɖokui dzi tsɔ wu be wòawɔe nusi koŋ nye teokrasi hehenana ƒe taɖodzinua ŋutɔ nali ke.

‘De Vovototo Nu Me’

Ele be ame nase nusi fiam wole la gɔme nyuie be wòate ŋu ava zu nusrɔ̃la le nyateƒe me. Ele be wòase nyateƒea ahakpɔ alesi wòto vovo na dzixɔse bubuwoe. Nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo wɔa akpa vevi aɖe le esia me.

Yehowa xlɔ̃ nu eƒe amewo zi geɖe be ‘woade vovo’ nu kɔkɔewo kple nu makɔmakɔwo ‘dome.’ (Mose III, 10:9-11) Egblɔ be amesiwo asubɔ le yeƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la me la afia “vovo, si le nu kɔkɔe kple nu makɔmakɔ dome” la amewo. (Xez. 44:23) Lododowo ƒe agbalẽa yɔ fũ kple vovototo dede dzɔdzɔenyenye kple vɔ̃ɖinyenye dome, eye ede vovo nunya kple bometsitsi hã dome. Vovototo ate ŋu anɔ nusiwo ɖi wo nɔewo kura gɔ̃ hã dome. Apostolo Paulo de vovototo ame dzɔdzɔe kple ame nyui dome le Romatɔwo 5:7. Egblɔ alesi Kristo ƒe nunɔlagãnyenye ƒo Aron tɔ ta sasasãe le Hebritɔwo ƒe agbalẽa me. Abe alesi John Amos Comenius, nufialagã si nɔ agbe le ƒe alafa 17 lia me ŋlɔe ene la: “Ne wobe woafia nu ame la, nusi wowɔnɛ koe nye be woafia alesi nuwo to vovo na wo nɔewoe le tameɖoɖo, nɔnɔme, kple dzɔtsoƒe gome. . . . Eyata amesi dea vovototo nu me nyuie la, nufiala nyuie wònye.”

Tsɔe be yele nu fiam ame aɖe le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu. Ne eyama mese nusi Fiaɖuƒea nye gɔme o la, àte ŋu afiae alesi vovototo le nusi Biblia gblɔ kple nusi amewo gblɔna be dzi ƒe nɔnɔme koe Fiaɖuƒea nye la dome. Alo àte ŋu afiae alesi Fiaɖuƒea to vovo na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖui. Gake àte ŋu afia nu bubu geɖe siwo de to wu amesiwo nya gɔmedzenyateƒenya siawo ya. Àte ŋu afia wo alesi Mesia Fiaɖuƒea to vovo na Yehowa ŋutɔ ƒe fiagãnyenye ɖe dziƒo kple anyigba dzi, si ŋu Psalmo 103:19 ƒo nu le, alo alesi wòto vovo na ‘Mawu ƒe Lɔlɔ̃vi la ƒe fiaɖuƒe’ si ŋu Kolosetɔwo 1:13 ƒo nu le, alo kura gɔ̃ hã alesi wòto vovo na ‘dukplɔɖoɖo’ si ŋu Efesotɔwo 1:10 ƒo nu le. Nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo alea ate ŋu awɔe be Biblia ƒe nufiafia vevi sia me nakɔ na wò nyaselawo ƒã.

Yesu zã nufiafiamɔnu sia zi geɖe. Etsɔ alesi eŋɔlimetɔwo se Mose ƒe Sea gɔmee la sɔ kple Sea ƒe taɖodzinua ŋutɔŋutɔ. (Mat. 5:21-48) Ede vovototo mawusosroɖa vavãtɔ kple Farisitɔwo ƒe alakpanuwɔnawo dome. (Mat. 6:1-18) Etsɔ amesiwo ‘ɖua aƒetɔ ɖe ame dzi’ ƒe gbɔgbɔ sɔ kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ si eyomedzelawo aɖe afia. (Mat. 20:25-28) Ɣebubuɣi la, Yesu kpe eƒe nyaselawo be woa ŋutɔwo nagblɔ vovototo si le ɖokuiŋudzedze kple dzimetɔtrɔ vavãtɔ dome, abe alesi woŋlɔe ɖe Mateo 21:28-32 ene. Esia kplɔ mí va nufiafiamɔnu nyui ƒe akpa vevi bubu gbɔe.

Kpe Ðe Nyaselawo Ŋu Woabu Tame

Míexlẽ le Mateo 21:28 be Yesu dze nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo gɔme kple nyabiabia sia be: “Nuka miesusuna?” Nufiala adodoe mexɔa nya la katã gblɔna alo ɖoa nya ŋu ɖe ame nu o. Ke boŋ edea dzi ƒo na eƒe nyaselawo be woasrɔ̃ alesi woada nyawo kpɔe le susu me. (Lod. 3:21; Rom. 12:1) Nyabiabia wɔa akpa aɖe le esia me. Abe alesi wòdze le Mateo 17:25 ene la, Yesu bia be: ‘Simon, nuka nèsusuna? Anyigba dzi fiawo la, ameka si woxɔa adzɔ alo nudzɔdzɔ lena mahã? Le woa ŋutɔwo ƒe viwo si loo, alo le amedzrowo si mahã?’ Yesu ƒe biabia siwo nana wobua tame la kpe ɖe Petro ŋu wòte ŋu wɔ nyametsotso nyuitɔ ku ɖe mawuxɔ me nudzɔdzɔ ŋu. Nenema ke esime Yesu nɔ nya ŋu ɖom na ŋutsu aɖe si bia be, “Amekae nye hanyevi mahã?” la, eyama tsɔ nunɔla aɖe kple Lewitɔ aɖe ƒe nuwɔnawo sɔ kple Samariatɔ aɖe tɔ. Azɔ ebia be: “Ame etɔ̃ siawo dome la kae nèsusu be, ezu havi na amesi dze adzodalawo si me mahã?” (Luka 10:29-36) Le afisia hã la, be Yesu naxɔ tame abu ɖe nyaselaa nu la, ekpe ɖe eŋu be wòaɖo eya ŋutɔ ƒe nyabiabiaa ŋu boŋ.—Luka 7:41-43.

Ðo Amea ƒe Dzi Gbɔ

Nufiala siwo se Mawu ƒe Nya la gɔme nyuie la nya kɔte be menye nyateƒenya aɖewo léle ɖe tame kple se aɖewo dzi wɔwɔ koe tadedeagu vavãtɔ nye o. Wotu tadedeagu sia ɖe ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Yehowa, kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe mɔwo ŋu dzi. Dzi mee tadedeagu sia tsona. (Mose V, 10:12, 13; Luka 10:25-27) Enuenu le Ŋɔŋlɔawo me la, “dzi” fiaa asi amesi ƒomevi ame bliboa nye le ememe, eye elɔ ame ƒe didiwo, nusiwo amea lɔ̃na vevie, ame ƒe seselelãme, kple nusiwo ʋãa ame la ɖe eme.

Yesu nya be amegbetɔwo kpɔa gotagome dzedzeme, ke Mawu ya kpɔa dzi me ke. (Sam. I, 16:7, 8) Ele be lɔlɔ̃ si le mía me na Mawu la naʋã mí be míasubɔe, ke menye kafukafu si míaxɔ tso mía havi amegbetɔwo gbɔe aʋã mí o. (Mat. 6:5-8) Farisitɔwo ya wɔ nu geɖe be amewo nakpɔ yewo. Wɔwɔ ɖe Se la ƒe nyatinyatiwo kpakple woa ŋutɔwo ƒe sewo dzi koŋ ye wotea tɔ ɖo. Gake nɔnɔme siwo ana woƒe agbenɔnɔ naɖe dzesi be wonye Mawu si woa ŋutɔwo be yewole subɔsubɔm tɔ ya bu ɖe wo gbidii. (Mat. 9:13; Luka 11:42) Yesu fia nu be togbɔ be wɔwɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi le vevie hã la, nusi le ame ƒe dzimee dea asixɔxɔ nuwɔna sia ŋu. (Mat. 15:7-9; Mar. 7:20-23; Yoh. 3:36) Míaƒe nufiafia akpɔ dzidzedze manyagblɔ ne míesrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Ele vevie be míakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nusi Mawu di tso wo si. Ke hã ele vevie be woanya amesi Yehowa nye ahalɔ̃e ale be woƒe zɔzɔme naɖee afia be nyateƒee, ƒomedodo nyui si le wo kple Mawu vavãa dome la xɔ asi na wo.

Ele vevie be amewo nadze si nusi tututu le woa ŋutɔwo ƒe dzime bene nufiafia sia nate ŋu aɖe vi na wo. Yesu de dzi ƒo na amewo be woadzro woƒe seselelãme kple susu si tae wowɔa nu ɖo la me nyuie. Ne ele eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nukpɔsusu ɖɔm ɖo la, ebiaa nusitae wobua nu ŋu, ƒoa nu, alo wɔa nu le mɔ aɖewo nu la wo. Gake be magasee ɖe afima ko o la, Yesu tsɔa nya tɔxɛ aɖe, kpɔɖeŋu aɖe, alo nuwɔna aɖe kpena ɖe eƒe nyabiabiaa ŋu bene wòakpe ɖe wo ŋu be nukpɔsusu nyuitɔ nasu wo si. (Mar. 2:8; 4:40; 8:17; Luka 6:41, 46) Míawo hã míate ŋu akpe ɖe míaƒe nyaselawo ŋu ne míedo susua ɖa be woabia nya siawo wo ɖokui be: ‘Nukatae nusia wɔwɔ dzɔa dzi nam? Nukatae mewɔa nu alea ɖo?’ Do ŋusẽ wo azɔ ne Yehowa ƒe nukpɔsusu nasu wo si.

Fia Alesi Woatsɔ Nya la Awɔ Dɔe

Nufiala nyui ɖesiaɖe nyae be “nunya ƒe gɔmetoto enye be, woaƒle nunya.” (Lod. 4:7) Nunyae nye ŋutete si le ame si be wòatsɔ sidzedze akpɔ kuxiwo gbɔ dzidzedzetɔe, asi le afɔku nu, aɖo taɖodzinuwo gbɔ, akpe ɖe ame ŋu hã. Ekpɔ nufialaa ŋkume be wòakpe ɖe nusrɔ̃viawo ŋu ne woawɔ esia, ke menye be wòaxɔ nyametsotsoa awɔ na wo o. Kpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòawɔ eƒe susu ŋudɔ ne miele dze ɖom tso Biblia ƒe gɔmeɖose vovovowo ŋu. Àte ŋu atsɔ agbemenudzɔdzɔ aɖe awɔ kpɔɖeŋu na nusrɔ̃via eye nànɔ te ɖe edzi abiae alesi Biblia ƒe gɔmeɖose si miesrɔ̃ fifi laa la ate ŋu akpe ɖe eŋu ne ege ɖe nɔnɔme ma me.—Heb. 5:14.

Le apostolo Petro ƒe nuƒo si wòƒo le Pentekoste-ŋkekea dzi le ƒe 33 M.Ŋ. me la, míekpɔ kpɔɖeŋu le alesi woaʋã nyaselawo be woatsɔ nusi wose la awɔ dɔe le woƒe agbenɔnɔ me. (Dɔw. 2:14-36) Esi Petro ƒo nu tso Ŋɔŋlɔawo me nya vevi etɔ̃ siwo dzi amehawo be yewoxɔ se ŋu vɔ la, etsɔ Ŋɔŋlɔawo me nya siawo wɔ dɔe be amehaawo nase nusiwo le dzɔdzɔm le wo katã ŋkume la gɔme. Eyata amehaawo see le wo ɖokui me be ele be yewoawɔ dɔ tso nusi yewose la ŋu. Ðe wò nufiafia wɔa dɔ ɖe ame dzi nenema? Nyateƒenyaawo koe nègblɔna ko evɔa, alo ɖe nèkpena ɖe amewo ŋu be woase nusitae nuwo le nenema hã gɔmea? Èdea dzi ƒo na wo be woade ŋugble le alesi wòle be nusi srɔ̃m wole la nawɔ dɔ ɖe woƒe agbe dzii la ŋua? Togbɔ be ɖewohĩ woawo ya mado ɣli be, “Nuka wɔ ge míala?” abe alesi ameha la do ɣlii le Pentekoste-ŋkekea dzi ene o hã la, woasee le wo ɖokui me be yewoawɔ dɔ tso nusi yewose la ŋu, ne ètsɔ ŋɔŋlɔawo wɔ dɔe wòka wo.—Dɔw. 2:37.

Ne mi dzilawo miele Biblia xlẽm kple mia viwo la, mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe su mia si be miahe wo ne woƒe susu naɖe abla akpɔ alesi wòle be woanɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu dzidzedzetɔe. (Ef. 6:4) Le kpɔɖeŋu me, miate ŋu atia kpukpui ʋɛ aɖewo tso kwasiɖaa ƒe Biblia xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖia me aɖo dze tso alesi woase wo gɔmee ŋu, eye miabia nya siawo tɔgbe: ‘Mɔfiame kae le esia me na mí? Aleke míazã mawunyakpukpui siawo le gbeadzii? Nukae woɖe fia ku ɖe Yehowa kple alesi wòwɔa nui ŋu, eye aleke ema nana míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eyama ŋu gadea toe?’ Mide dzi ƒo na miaƒe ƒomea me tɔwo ne woaƒo nu tso nya siawo ŋu ne wole Biblia xexlẽ me nya veviwo me dzrom le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua. Ate ŋu anɔ eme be mawunyakpukpui siwo tsi susu me na wo ŋue woaƒo nu le.

Ðo Kpɔɖeŋu Nyui

Wò nufiame adze le wò nuƒo kple wò nuwɔna siaa me. Alesi woatsɔ wò nyawo awɔ dɔe la adze kɔte le kpɔɖeŋu si nèɖona me. Aleae ɖeviwo srɔ̃a nui. Ne wole wo dzilawo srɔ̃m la, wotsɔa esia nɔa eɖem fia be yewodi be yewoaɖi wo. Wodina be yewoanya alesi wòanɔ na yewo ne yewosrɔ̃ yewo dzilawo. Nenema ke ne amesiwo nèle nu fiamee la ‘va zu amesiwo srɔ̃a wò abe alesi wò hã nèle Kristo srɔ̃mee ene la,’ yayra siwo tsoa zɔzɔ le Yehowa ƒe mɔ dzi me la va zua wo tɔ gome. (Kor. I, 11:1) Woawo hã va kpɔna alesi Mawu wɔa nu kple amee.

Esia nye ŋkuɖodzinya vevi aɖe si fia alesi gbegbe wòhiã be míaɖo kpɔɖeŋu nyuie. Amesi ‘ƒomeviwo míenye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me’ la awɔ akpa vevi aɖe be amesiwo míele nu fiamee la nakpɔ alesi woatsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo awɔ dɔe ƒe kpɔɖeŋu gbagbe. (Pet. II, 3:11) Ne ède dzi ƒo na Biblia-nusrɔ̃vi be nexlẽ Mawu ƒe Nya la edziedzi la, wò ŋutɔ hã xlẽe beléletɔe. Ne èdi be viwòwo nasrɔ̃ alesi woanɔ agbe ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nui la, ekema na wò nuwɔna le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nadze ƒã. Ne ède dzi ƒo na hamea be woaxɔ dzo le gbeadzidede me la, kpɔ egbɔ be ye ŋutɔ hã yeƒo ye ɖokui ɖe dɔ ma me bliboe. Ne wò nuwɔna wɔa ɖeka kple wò nufiame la, àte ŋu aʋã amewo bɔbɔe ne woawo hã woawɔ nu nenema ke.—Rom. 2:21-23.

Be nàɖu tu na nufiafia la, bia ɖokuiwò be: ‘Ne mele dɔdasi aɖe wɔm la, ɖe metrɔa asi le nusi megblɔna ŋu ale gbegbe be wòwɔa dɔ ɖe nyaselawo dzi be woatrɔ asi le woƒe nɔnɔmewo, nuƒo alo nuwɔnawo ŋua? Ðe medea vovototo susu si kple ekemɛ alo nuwɔna si kple ekemɛ dome bene nyawo me nakɔa? Nukae mewɔna ale be makpe ɖe nye nusrɔ̃viwo, vinyewo, alo nye nyaselawo ŋu le kpekpea me ne woate ŋu aɖo ŋku nusi megblɔ la dzi? Ðe mefiaa alesi nye nyaselawo natsɔ nusi srɔ̃m wole la ade dɔwɔna me eme kɔna na wo ƒãa? Edzena le nye kpɔɖeŋu mea? Ðe wokpɔa alesi wɔwɔ ɖe nusi gblɔm mele dzi la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe woƒe ƒomedodo kple Yehowa dzi dzea sia?’ (Lod. 9:10) Lé fɔ ɖe nusiawo ŋu ɣeawokatãɣi esime nèle agbagba dzem be yeatu nufiafia ƒe ŋutete ɖo. “Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.”—Tim. I, 4:16.

ALESI NÀWƆ ANYE NUFIALA BIBI

  • Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, ke menye ɖe wò ŋutete ŋu o

  • Kpɔ ŋusẽ si le Mawu ƒe Nya la ŋu dze sii, eye nàzãe nyuie

  • Wɔe wòanye wò taɖodzinu be yeade bubu Yehowa ŋu, ke menye be yeahe susu ava ye ɖokui dzi o

  • Nuwo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo awɔe be nu me nakɔ na amewo nyuie

  • Kpe ɖe nyaselawo ŋu woabu tame

  • Xlɔ̃ nu amewo ne woadzro woƒe seselelãme kple susu si tae wowɔa nu la me nyuie

  • Kpe ɖe nyaselawo ŋu ne woade ŋugble le alesi wòle be Biblia me sidzedze nakpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbe dzii la ŋu

  • Ðo kpɔɖeŋu nyui amewo nasrɔ̃

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe