INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • fg nusɔsrɔ̃ 13 biabiawo 1-4
  • Nu Kae Nye Nya Nyui Si Ku Ðe Subɔsubɔhawo Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Kae Nye Nya Nyui Si Ku Ðe Subɔsubɔhawo Ŋu?
  • Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Nyui Kae Ku Ðe Subɔsubɔhawo Ŋu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ale Si Alakpasubɔsubɔhawo Ƒo Ði Mawu Ƒe Ŋkɔe
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ðe Ðokuiwò Ða Le Alakpasubɔsubɔ Ŋu!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Ɣeyiɣi Si Me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða La Ðo Vɔ!
    Ɣeyiɣi Si Me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða La Ðo Vɔ!
Kpɔ Bubuwo
Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
fg nusɔsrɔ̃ 13 biabiawo 1-4

NUSƆSRƆ̃ 13

Nu Kae Nye Nya Nyui Si Ku Ðe Subɔsubɔhawo Ŋu?

1. Ðe subɔsubɔhawo katã nyoa?

Ame aɖe le Biblia Kɔkɔe la xlẽm

Ame siwo si dzi anukwaretɔ le la le subɔsubɔhawo katã me. Enye dzidzɔ be míanyae be Mawu kpɔa ame siawo eye wòtsɔa ɖe le eme na wo. Gake nublanuitɔe la, subɔsubɔhawo ƒe ŋkɔ mee wowɔ ŋutasẽnu vɔ̃ɖi geɖewo le. (2 Korintotɔwo 4:3, 4; 11:13-15) Nyadzɔdzɔwo ɖee fia be, subɔsubɔha aɖewo ƒo wo ɖokuiwo ɖe ŋɔdzidonamenuwo wɔwɔ, ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa, aʋawɔwɔ, kple ŋutasẽnuwɔwɔ ɖe ɖeviwo ŋu gɔ̃ hã me. Aleke gbegbee esia doa nuxaxa na ame siwo xɔ Mawu dzi se vevie lae nye esi!​—Xlẽ Mateo 24:3-5, 11, 12.

Subɔsubɔha vavãtɔ ƒe nuwɔnawo hea ŋutikɔkɔe vanae na Mawu, ke alakpasubɔsubɔ ya medzea eŋu o. Alakpasubɔsubɔ fiaa nu siwo mele Biblia me o, eye wòfiaa alakpanuwo tso Mawu kple ame kukuwo hã ŋu. Gake Yehowa di be amewo nanya nyateƒe siwo ku ɖe ye ŋu.​—Xlẽ Xezekiel 18:4; 1 Timoteo 2:3-5.

2. Nu kae nye nya nyui si ku ɖe subɔsubɔhawo ŋu?

Dzidzɔnya lae nye be subɔsubɔha siwo gblɔna be yewolɔ̃ Mawu evɔ wònye Satana ƒe xexea boŋue wòlɔ̃ la mate ŋu aflu Mawu o. (Yakobo 4:4) Mawu ƒe Nya la yɔ alakpasubɔsubɔhawo katã be “Babilon Gã.” Babilon nye blemadu si me alakpasubɔsubɔ dzɔ tso le Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa megbe. Eteƒe madidi o Mawu atsrɔ̃ subɔsubɔha siwo blea ameƒomea hetea amewo ɖe to la kpata.​—Xlẽ Nyaɖeɖefia 17:1, 2, 5, 16, 17; 18:8.

Nya nyui geɖewo gali. Yehowa meŋlɔ dzianukwaretɔ siwo le alakpasubɔsubɔha vovovowo me le xexea me godoo la be o. Ele nyateƒea fiam ame siawo tsɔ le wo nu ƒom ƒu.​—Xlẽ Mixa 4:2, 5.

3. Nu kae wòle be dzianukwaretɔwo nawɔ?

Amewo le dze ɖom le Kristotɔwo ƒe kpekpe ƒe kpakpã megbe

Subɔsubɔ vavãtɔ na amewo le ɖeka wɔm

Yehowa tsɔa ɖe le eme na ame siwo lɔ̃a nu nyui kple nu si le eteƒe wɔwɔ. Exlɔ̃a nu ame siawo vevie be woado le alakpasubɔsubɔ me. Ame siwo lɔ̃ Mawu la lɔ̃na faa wɔa tɔtrɔwo bena woƒe nu nadze eŋu.​—Xlẽ Nyaɖeɖefia 18:4.

Dzi dzɔ dzianukwaretɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me esi apostoloawo ɖe gbeƒã nya nyuia wose. Wosrɔ̃ agbenɔnɔmɔ yeye aɖe tso Yehowa gbɔ, enye agbenɔnɔmɔ si me dzidzɔ le wu, enana tameɖoɖo nɔa ame ƒe agbe ŋu, eye wònana mɔkpɔkpɔ sua ame si. Ame siawo ɖo kpɔɖeŋu nyui na mí egbea, elabena woxɔ nya nyui la hetsɔ Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me.​—Xlẽ 1 Tesalonikatɔwo 1:8, 9; 2:13.

Yehowa xɔa ame siwo do le alakpasubɔsubɔ me la ɖe eƒe tadeagulawo ƒe ƒomea me kple dzidzɔ. Ne èlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe amekpekpea dzi la, àzu exɔlɔ̃, àzu hatitadeagula siwo le Yehowa subɔm ƒe ƒome lɔ̃ame yeye aɖe me tɔ, eye àkpɔ agbe mavɔ.​—Xlẽ Marko 10:29, 30; 2 Korintotɔwo 6:17, 18.

4. Aleke Mawu ana dukɔ sia dukɔ me tɔwo nakpɔ dzidzɔ?

Ʋɔnu si woadrɔ̃ alakpasubɔsubɔ kpuie la nye nya nyui aɖe. Ana gbɔdzɔe amewo le xexea me godoo tso ametete ɖe anyi me. Alakpasubɔsubɔ magakplɔ ameƒomea atrae ahade mama eme akpɔ gbeɖe o. Ame siwo katã le agbe ɣemaɣi la awɔ ɖeka le Mawu vavã ɖeka la subɔsubɔ me.​—Xlẽ Nyaɖeɖefia 18:20, 21; 21:3, 4.

Ne èdi numekɔkɔ bubuwo la, kpɔ agbalẽ si nye Nu Kae Biblia Fia Mí? ƒe ta 15 kple 16 lia.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe