INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 18 axa 143-axa 144 mm. 4
  • Biblia Zazã Le Nyaŋuɖoɖo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Zazã Le Nyaŋuɖoɖo Me
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋɔŋlɔawo Ŋudɔwɔwɔ Wòasɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Zã Mawu Ƒe Nya La Wòaɖe Vi Na Wò Ŋutɔ Kple Ame Bubuwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • ‘Ŋusẽ Le Mawu Ƒe Nya La Ŋu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Kpeɖodzinya Siwo Me Kɔ
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 18 axa 143-axa 144 mm. 4

NUSƆSRƆ̃ 18

Biblia Zazã Le Nyaŋuɖoɖo Me

Nukae wòle be nàwɔ?

Zã Biblia la ŋutɔ nyuie ne èle biabiawo ŋu ɖom.

Nukata Wòle Vevie?

Dɔ si wode asi na mí enye be ‘míaɖe gbeƒã nya la.’ Yesu ɖo eƒe kpɔɖeŋu ɖi esi wògblɔ be: “Nyemegblɔa [nya] le ɖokuinye si o.”—Tim. II, 4:2; Yoh. 14:10.

NE WOBIA nya mí tso míaƒe dzixɔsewo, míaƒe agbenɔnɔ, míaƒe nukpɔsusu le nyadzɔdzɔ yeyewo ŋu, alo le míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ ŋu la, míedzea agbagba be míazã Biblia le nyaŋuɖoɖo me. Nukatae? Elabena eyae nye Mawu ƒe Nya. Biblia mee míaƒe dzixɔsewo tso. Biblia dzie míetu míaƒe agbenɔnɔ ɖo. Eyae kpɔa ŋusẽ ɖe alesi míebua xexemenudzɔdzɔwoe dzi. Biblia si tso gbɔgbɔ me ƒe ŋugbedodowo dzie míaƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ nɔ te ɖo bliboe.—Tim. II, 3:16, 17.

Míenya agbanɔamedzi si kpe ɖe míaƒe ŋkɔa ŋu nyuie. Yehowa ƒe Ðasefowoe míenye. (Yes. 43:12) Eyata menye amegbetɔwo ƒe xexemenunya dzie míenɔa te ɖo ɖoa nya ŋu o, ke boŋ nya si Yehowa gblɔ le eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me dzie míenɔa te ɖo. Nyateƒee, abe ame ɖekaɖekawo ene la, mía ŋutɔwo míaƒe nukpɔsusuwo le mía si le nya aɖewo ŋu, gake míenaa Mawu ƒe Nya la kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe nukpɔsusuwo dzi elabena míeka ɖe edzi bliboe be nyateƒeae nye esia. Ele eme baa be Biblia na ablɔɖe mí be mía ŋutɔwo míawɔ tiatia le nya geɖe me ya. Ke hã le esi míazi mía ŋutɔwo ƒe nudidiwo ɖe ame bubuwo dzi teƒe la, míaƒe didi boŋ enye be míafia gɔmeɖose siwo dze le Ŋɔŋlɔawo me la amewo, be míana tiatiawɔblɔɖe ma ke si le mía si la míaƒe nyaselawo hã. Abe apostolo Paulo ene la, míedi be ‘xɔse naʋã wo na toɖoɖo.’—Rom. 16:26.

Woyɔ Yesu Kristo le Nyaɖeɖefia 3:14 be “ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ.” Aleke wòɖo biabiawo ŋui eye aleke wòkpɔ nya siwo wotsɔ va egbɔ la gbɔe? Ɣeaɖewoɣi ezã kpɔɖeŋu siwo ana amewo nabu tame. Ɣebubuɣiwo hã egbugbɔ biaa nyabiala alesi eya ŋutɔ se ŋɔŋlɔ aɖe gɔmee. Zi geɖe la, eyɔa mawunyakpukpuiwo me nyawo, egbugbɔ gblɔa gɔmesese si le wo ŋu, alo hea susu yia wo dzi. (Mat. 4:3-10; 12:1-8; Luka 10:25-28; 17:32) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Ŋɔŋlɔawo ƒe agbalẽxatsaxatsawo nɔa ƒuƒoƒewo zi geɖe. Kpeɖodzi aɖeke meli be agbalẽxatsaxatsa siawo ƒe ɖe nɔ Yesu ŋutɔ si o, ke hã enya Ŋɔŋlɔawo nyuie eye wòyɔ nya tso wo me edziedzi le nufiafia amewo me. (Luka 24:27, 44-47) Ete ŋu gblɔ nyateƒetɔe be nusiwo yefia la metso ye ŋutɔ ye gbɔ o. Nya si wòse tso Fofoa gbɔe wògblɔ.—Yoh. 8:26.

Míaƒe didi enye be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu sia. Míese Mawu ŋutɔ ƒo nu tẽ abe alesi Yesu see ene o. Gake Bibliae nye Mawu ƒe Nya. Ne míenɔ te ɖe edzi ɖo nya ŋu la, míeƒoa asa na amewo ƒe susu hehe va mía ɖokui dzi. Míeɖenɛ fiana be le esi míanɔ amegbetɔ madeblibowo ƒe nukpɔsusu gblɔm teƒe la, míeɖoe kplikpaa be míana Mawu ŋutɔ naƒo nu agblɔ nusi nye nyateƒea.—Yoh. 7:18; Rom. 3:4.

Nyateƒee, menye míaƒe didi enye be míazã Biblia la dzro ko o ke boŋ be míazãe le mɔ si aɖe vi gbogbotɔ na míaƒe nyaselawo nu. Míedi be amewo naʋu woƒe susu me aɖo to. Le alesi amea ƒe nɔnɔme le nu la, àte ŋu adze Biblia me nya aɖe gɔme be: “Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be nya si Mawu gblɔ ye nye vevitɔ oa?” Alo àte ŋu agblɔ be: “Ènya be Biblia ƒo nu tso nyabiase sia tututu ŋua?” Ne èle nu ƒom na amesi medea asixɔxɔ Biblia ŋu o la, ahiã be nàtrɔ asi le ŋgɔdonyaa ŋu bubui. Àte ŋu agblɔ be: “Na magblɔ blema nyagblɔɖinya sia na wò.” Alo àte ŋu agblɔ be: “Agbalẽ si woma wu ɖesiaɖe le amegbetɔ ƒe ŋutinya me gblɔ nya sia be . . . ”

Le nɔnɔme aɖewo me la, àte ŋu aɖoe be yeagblɔ nusi mawunyakpukpui aɖe me nyawo fia ko. Gake le afisi wòanya wɔ le la, asɔ wu be nàʋu Biblia la ŋutɔ axlẽ nya si wògblɔ la tẽ. Fia ŋɔŋlɔa amea le eya ŋutɔ ƒe Biblia me ɣesiaɣi si wòanya wɔ. Zi geɖe la, Biblia zazã tẽ alea kpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi vevie.—Heb. 4:12.

Agbanɔamedzi vevi aɖe le Kristotɔ hamemegãwo dzi be woazã Biblia le nyaŋuɖoɖo me. Nudidi siwo gbɔ nɔviŋutsu aɖo hafi adze anye hamemegã dometɔ ɖekae nye be wòanye “amesi léa nyateƒenya la me ɖe asi le [eƒe] nufiafia la nu.” (Tito 1:9) Hamea me tɔ aɖe ate ŋu awɔ nyametsotso vevi aɖe le eƒe agbe me le hamemegã aɖe ƒe aɖaŋuɖoɖo nɛ vɔ megbe. Aleke gbegbe wòle vevie be wòatu aɖaŋuɖoɖo sia ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi bliboe enye si! Kpɔɖeŋu si hamemegã aɖo le esia wɔwɔ me ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo hã dzi le woƒe nufiafia me.

ALESI NÀWƆ ABI ÐE EZAZÃ ME

  • Xlẽ Biblia gbesiagbe. Ðokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖowɔɖi nyui nenɔ asiwò.

  • Na wòazu numame na wò be nàde mawunyakpukpuiwo wò nyaŋuɖoɖowo me le kpekpeawo me.

  • Ne èdo go nyabiase alo nɔnɔme vovovowo, eye hafi nàɖo nya ŋu alo awɔ nyametsotso aɖe la, bia ɖokuiwò ɣesiaɣi be, ‘Nukae Biblia gblɔ?’

  • Ne mènya nya si Biblia gblɔ le nya aɖe ŋu o la, mègasusu nya aɖe ko agblɔ alo ado wò ŋutɔ wò nukpɔsusu ɖa o. Gblɔ be yeawɔ numekuku.

DƆDASI: Ŋlɔ nyabiase ɖeka alo eve siwo wobia wò (1) le gbeadzi, (2) le nya aɖe si dzɔ yeyee wogblɔ le nyadzɔdzɔ me ŋu, kple (3) ku ɖe ame ɖokui ƒoƒo ɖe nuwɔna nyanyɛ aɖe me ŋu la ɖi. Le wo dometɔ ɖesiaɖe me la, tia mawunyakpukpui ɖeka ya teti si nàte ŋu azã le nyaŋuɖoɖo me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe