NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | YEREMIYA 12-16
Israel-viwo Ŋlɔ Yehowa Be
Wode dɔ sesẽ aɖe asi na Yeremiya, eye dɔdeasi sia ɖe ale si Yehowa ɖoe kplikpaa be yeatu nu kple Yuda kpakple Yerusalem tɔwo le woƒe totitri kple dada ta.
Yeremiya ƒle aklalalidziblanu
Alidziblanu si wòtsɔ bla ali dzi la fia ƒomedodo kplikplikpli si le Yehowa kple dukɔa dome
Yeremiya tsɔ alidziblanu la yi Frat-tɔsisia nu
Eɣla alidziblanua ɖe agado me le afi ma eye wotrɔ gbɔ va Yerusalem
Yeremiya trɔ yi Frat-tɔsisia nu be yeatsɔ alidziblanua
Alidziblanu la nyunyɔ
Esi Yeremiya wɔ dɔ si wode esi vɔ la, Yehowa ɖe nu si dɔdeasia fia la me nɛ
Esi Yeremiya ɖo to le nu si adze nu sue aɖe ko me ta la, ewɔ akpa aɖe le ale si Yehowa ɖoe be yeaɖo yeƒe amewo ƒe dzi gbɔ la me