INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb18 February axa 4
  • “Bu Fofowò Kple Dawò”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Bu Fofowò Kple Dawò”
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Bubudede Mía Dzila Tsitsiwo Ŋu
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Nu Kae Wòfia Be ‘Nàbu Fofowò Kple Dawò’?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Mide Bubu Ame Bubuwo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • 2 Mose 20:12—“Bu Fofowò Kple Dawò”
    Mawunyakpukpui Siwo Me Woɖe
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
mwb18 February axa 4

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

“Bu Fofowò Kple Dawò”

Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ete gbe ɖe sedede si gblɔ be: “Bu fofowò kple dawò” la dzi vevie. (2Mo 20:12; Mt 15:4) Le nyateƒe me la, esi Yesu ‘yi edzi ɖo to’ edzilawo le eƒe sɔhɛ me ta la, ete ŋu ƒo nu tso nya sia ŋu faa. (Lk 2:51, etenuŋɔŋlɔ) Ema tae esi wòtsi la, ewɔ ɖoɖo ɖe ale si woakpɔ nɔa dzi la ŋu hafi ku.—Yh 19:26, 27.

Egbea hã, sɔhɛ Kristotɔ siwo ɖoa to wo dzilawo eye woƒoa nu na wo bubutɔe la, le bubu dem wo dzilawo ŋu. Nya lae nye be, seɖoƒe meli na sedede si nye be woade bubu ame dzilawo ŋu la ŋu o. Ne mía dzilawo tsi gɔ̃ hã, ele be míayi edzi ade bubu wo ŋu ale be woƒe nunya naɖe vi na mí. (Lod 23:22) Míedea bubu mía dzila tsitsiwo ŋu ne míekpɔa woƒe seselelãme nuhiahiãwo kple woƒe ganyawo hã gbɔ le ale si nɔnɔmeawo bia nu. (1Ti 5:8) Míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o, dzeɖoɖo kple mía dzilawo edziedzie nye mɔ vevitɔ si dzi míato aɖee afia be míedea bubu wo ŋu.

MIKPƆ NUTATA ƑE VIDEO SI NYE ALEKE MAWƆ AÐO DZE KPLE DZINYELAWO? EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na wò be nàɖo dze kple dziwòlawo?

  • Nu kae nàwɔ wòafia be ède bubu dziwòlawo ŋu ne èle dze ɖom kpli wo?

    Ŋutsuvi aɖe le lɛta ŋlɔm na edzilawo, ele dze ɖom kple edzilawo, eye wòle bɔl ƒom kple fofoa
  • Nu ka tae wòɖea vi ne èdze agbagba ɖo dze kple dziwòlawo? (Lod 15:22)

    Dzilawo le kpekpem ɖe wo via ŋu be wòate ŋu ava nɔ te ɖe kuxi siwo wòado goe la nu

    Ne èɖoa dze kple dziwòlawo la, akpe be ŋuwò be nuwo nadze edzi na wò le agbe me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe