Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
April 2-8
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 26
nwtsty ƒe media
Ŋutitotonuɖuɖu La
Nu vevi siwo wozãna le Ŋutitotoa ɖuɣie enye: alẽvi memè, (mele be woagbã alẽvia ƒe ƒu aɖeke o) (1); amɔwɔ maʋamaʋã bolo (2); kple ama veve (3). (2Mo 12:5, 8; 4Mo 9:11) Ama veve la ɖoa ŋku edzi na Israel-viwo be wonye kluvi siwo kpe fu kpɔ le Egipte. Yesu zã amɔwɔ maʋamaʋã boloa wòtsi tsitre ɖi na eƒe amegbetɔ ŋutilã debliboa. (Mt 26:26) Eye apostolo Paulo yɔ Yesu be “míaƒe Ŋutitotolẽvi.” (1Ko 5:7) Kaka ƒe alafa gbãtɔ naɖo la, wain (4) hã va kpe ɖe nu siwo wozãna le Ŋutitotoa ɖuɣi la ŋu. Yesu zã wain la wòtsi tre ɖi na eƒe ʋu, si woakɔ ɖi atsɔ asa vɔe la.—Mt 26:27, 28.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 26:26
le tsitre ɖi na: Helagbe me nya e·stinʹ (gɔmeɖeɖe tẽe nye “nye”) si wozã le afi sia fia “nye kpɔɖeŋu na; fia; le tsitre ɖi na.” Apostoloawo se nya sia gɔme nyuie elabena le azã sia ɖuɣia Yesu ƒe ŋutilã debliboa kpɔtɔ li wonɔ kpɔkpɔm eye nenema kee nye amɔwɔ maʋamaʋã bolo si woava ɖu la hã. Eya ta aboloa mate ŋu anye Yesu ƒe ŋutilã ŋutɔŋutɔ o. Wozã Helagbe me nya ma ke le Mt 12:7, eye Biblia gɔmeɖela geɖe ɖe egɔme be “le tsitre ɖi na.”
(Mateo 26:27, 28) “Esi wòtsɔ kplu ɖe asi la, eda akpe ɖe eta, eye wòtsɔe na wo gblɔ be: “Mi katã minoe le enu, elabena esia le tsitre ɖi na nye ʋu, si nye ‘nubabla ƒe ʋu’ si woakɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 26:28
nubabla ƒe ʋu: Yesu ƒe ʋu ye na nubabla yeye, si le Yehowa kple Kristotɔ amesiaminawo dome te dɔwɔwɔ. (Heb 8:10) Le afi sia la, Yesu zã nya si Mose zã esime wònye domenɔla nɔ Sea xɔm tso Mawu gbɔ na Israel-viwo le Sinai Toa gbɔ. (2Mo 24:8; Heb 9:19-21) Ale si ko nyitsuwo kple gbɔ̃wo ƒe ʋu na Se ƒe nubablaa va te dɔwɔwɔ le Mawu kple Israel-viwo dome la, nenema kee Yesu ƒe ʋu ana nubabla yeye si anɔ Yehowa kple gbɔgbɔ me Israel dome la nate dɔwɔwɔ. Nubabla ma te dɔwɔwɔ tso ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi.—Heb 9:14, 15.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 26:17
Le Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui la ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi: Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui la dzea egɔme tso Nisan 15 lia, si nye ŋkeke si kplɔ Ŋutitotoŋkekenyuia ɖo (Nisan 14) la dzi, eye woɖunɛ ŋkeke adre. (Kpɔ Megbenyawo B15.) Ke hã le Yesu ƒe ŋkekeawo me la, azã sia kple Ŋutitotoŋkekenyuia va de nu wo nɔewo me ale gbegbe be wova yɔa ŋkeke enyi siawo katã, si me Nisan 14 lia hã le la be “Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui.” (Lk 22:1) Le afi sia la, woagate ŋu aɖe nya si nye, “ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi” gɔme be “Le ŋkeke si do ŋgɔ dzi.” (Tsɔe sɔ kple Yh 1:15, 30, afi si woɖe Helagbe me nya “gbã” [proʹtos] gɔme be “eli hafi” (alo do ŋgɔ hafi), si na nyaa va xlẽ be, “eli hafi [proʹtos] (alo do ŋgɔ hafi) meva dzɔ.”) Eya ta Helagbe gbãtɔ kple Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo na wòdze ƒãa be nusrɔ̃lawo bia biabiaa Yesu le Nisan 13 lia dzi. Le ŋkekea me le Nisan 13 dzi la, nusrɔ̃laawo dzra ɖo ɖe Ŋutitoto si woava ɖu emegbe “esi fiẽsi ɖo” la ŋu. Esiae nye Nisan 14 lia ƒe gɔmedzedze.—Mr 14:16, 17.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 26:39
na kplu sia nato ŋunye ayi: Le Biblia me la, wozãa kplu le kpɔɖeŋumɔ nu wotsia tre ɖi na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu alo “nu si wode asi” na ame. Yesu anya tsi dzi vevie ɖe vlodoame si eƒe kua ahe va Mawu dzi la ŋu elabe wotso enu be enye busunyagblɔla kple aglãdzela. Esiae ʋãe wòdo gbe ɖa be “kplu” sia nato ye ŋu ayi.
April 9-15
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MATEO 27-28
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 28:19
ɖawɔ . . . nusrɔ̃lawo: Woagate ŋu aɖe Helagbe me nya ma·the·teuʹo gɔme be “fia nu,” kple susu be woafia nu amewo alo awɔ nusrɔ̃lawo. (Tsɔe sɔ kple ale si wozãe le Mt 13:52, afi si woɖe egɔme le be “wofia nui.”) Dɔwɔnya siwo nye “mianyrɔ wo” kple “miafia wo” na míekpɔ nu si sedede si nye be ‘woawɔ nusrɔ̃lawo’ la bia.
dukɔwo katã me tɔwo: Nya sia gɔmeɖeɖe tẽe nye “dukɔwo katã,” gake ale si wozãe le afi sia na míekpɔe be eku ɖe ame ɖekaɖeka siwo tso dukɔwo katã me la ŋu elabe Helagbe me ŋkɔteƒenɔnya si nye “wo” si dze le nyagbɔgblɔ mianyrɔ wo me la fia amewo. Sedede sia si nye be woaɖo “dukɔwo katã me tɔwo” gbɔ la nye nu yeye. Do ŋgɔ hafi Yesu nadze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme la, Ŋɔŋlɔawo na míenya be woxɔa ame siwo menye Yudatɔwo o, siwo va Israel be yewoasubɔ Yehowa la nyuie. (1Fi 8:41-43) Le sedede sia ta la, Yesu de dɔ asi na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖe gbeƒã na ame siwo menye Yudatɔwo le dzɔdzɔme nu o la gɔ̃ hã, si ɖe ale si gbegbe Kristotɔwo ƒe nusrɔ̃lawo wɔwɔ dɔa akeke ta aɖo xexea ƒe afi sia afi la fia.—Mt 10:1, 5-7; Nyɖ 7:9
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 28:20
miafia wo: Helagbe me nya si gɔme woɖe be “woafia nu” fia be woafia nu, aɖe nuwo me, ade ŋugble kple ame, eye woaɖo kpe nyawo dzi. Be woafia nu amewo be woawɔ nu siwo katã ƒe se Yesu de la dzi nye nu si woanɔ wɔwɔm ɖaa, eye esia fia be woafia nu siwo Yesu fia, woawɔ nu siwo wòfia la dzi eye woasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu.—Yh 13:17; Ef 4:21; 1Pe 2:21.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 27:51
gbedoxɔmetsovɔ: Avɔ nyui ma si nya kpɔ ŋutɔ lae tso Kɔkɔeƒea kple Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea dome. Yudatɔwo ƒe ŋutinya gblɔ be xɔmetsovɔ titri sia la didi meta 18 (afɔ 60), ekeke meta 9 (afɔ 30), eye wòtri sentimeta 7.4. Esi Yehowa na xɔmetsovɔa dze ɖe eve la, menye ɖeko esia fia be edo dziku ɖe ame siwo wu via la ŋu o, ke boŋ efia hã be mɔ ʋu azɔ be ame aɖewo ate ŋu ayi dziƒo.—Heb 10:19, 20; kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒe.
gbedoxɔ: Helagbe me nya na·osʹ si wozã le afi sia la fia gbedoxɔ bliboa si me Kɔkɔeƒea kple Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒea le.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mt 28:7
miɖe abla yi ɖagblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be wofɔe ɖe tsitre: Menye ɖeko nyɔnu siawo nye nusrɔ̃la gbãtɔ siwo wogblɔ na be wofɔ Yesu ɖe tsitre o, ke woawoe nye ame gbãtɔ siwo wogblɔ na hã be woayi ava gblɔe na nusrɔ̃la mamlɛawo. (Mt 28:2, 5, 7) Le Yudatɔwo ƒe kɔnu siwo metso Biblia me o ƒe nya nu la, womexɔa nyɔnuwo ƒe ɖaseɖiɖi le ʋɔnudrɔ̃ƒe o. Gake to vovo na ema la, Yehowa ƒe dɔlaa de bubu nyɔnuawo ŋu esi wòde dɔ ma si nye dzidzɔnya la asi na wo be woava gblɔ.
April 16-22
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MARKO 1-2
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mr 2:9
Kae bɔbɔ wu: Anɔ bɔbɔe be ame aɖe nagblɔ be yeate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake, elabe mehiã be kpeɖodzi si wokpɔna kple ŋku ŋutɔŋutɔ aɖeke nanɔ nya ma ŋu be woatsɔ aɖo kpe edzi o. Gake be woagblɔ be, Tso . . . eye nàzɔ ya la, ehiã be Yesu nawɔ nukunu aɖe be amewo katã nakpɔ be ŋusẽ le esi be wòatsɔ nu vɔ̃wo ake. Nya sia kple esi dze le Yes 33:24 siaa na míekpɔe be nu vɔ̃ si dome míenyie nana míedzea dɔ.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mr 1:11
gbe aɖe ɖi tso dziƒowo: Esiae nye zi etɔ̃ siwo Yehowa ŋutɔ ƒo nu tẽe woŋlɔ ɖe Nyanyuigbãlẽawo me la ƒe gbãtɔ.
Wòe nye Vinye: Yesu nye Mawu ƒe Vi esime wònye gbɔgbɔmenuwɔwɔ. (Yh 3:16) Esi wodzi Yesu wònye amegbetɔ la, enye “Mawu ƒe Vi” eye wòde blibo abe Adam ene. (Lk 1:35; 3:38) Ke hã anɔ eme be nya si Mawu gblɔ le afi sia la menye nyagbɔgblɔ dzro aɖe ko o. Nya mawo siwo Mawu gblɔ kple gbɔgbɔ kɔkɔe si wòkɔ ɖe Yesu dzi la ɖo kpe edzi be Mawu xɔ Yesu be enye yeƒe Gbɔgbɔmevi, ame si ‘wogbugbɔ dzi’ si agate ŋu ava nɔ agbe le dziƒo kple ame si wotsɔ gbɔgbɔ si ami na be wòazu Fia si Mawu tia kple Nunɔlagã. Tsɔe sɔ kple—Yh 3:3-6; 6:51; Lk 1:31-33; Heb 2:17; 5:1, 4-10; 7:1-3.
wò nu dzea ŋunye: Alo “Mekpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò ŋutɔ; nyemelɔ̃a nu le gbɔwò o.” Wogazã nya mawo ke le Mt 12:18, si woɖe tso Yes 42:1 me nya siwo ku ɖe Mesia, alo Kristo si ŋugbe wodo la ŋu. Gbɔgbɔ kɔkɔe si wokɔ ɖe edzi kple nya si Mawu gblɔ tso Via ŋu la nye kpeɖodzi siwo me kɔ be Yesu ye nye Mesia si ŋugbe wodo la.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mr 2:28
Sabat la . . . ƒe Aƒetɔ: Yesu gblɔ nya siawo wòku ɖe eya ŋutɔ ŋu (Mt 12:8; Lk 6:5), tsɔ fia be yeate ŋu awɔ dɔ le Sabat la dzi ale be yeawɔ dɔ si ye Fofo de ye si la. (Tsɔe sɔ kple Yh 5:19; 10:37, 38.) Yesu wɔ eƒe nukunu ɖedzesiawo dometɔ aɖewo le Sabat dzi eye dɔdada na amewo hã le nukunu siawo dome. (Lk 13:10-13; Yh 5:5-9; 9:1-14) Esia na míekpɔ ale si wòana gbɔdzɔe amewo ne ezu fia le eƒe Fiaɖuƒea me, eye esia anɔ abe Sabat la ƒe dzudzɔ ene.—Heb 10:1.
April 23-29
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MARKO 3-4
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mr 3:5
kple dziku hexa nu vevie: Marko koe ŋlɔ nu tso ale si Yesu wɔ nui esi wòkpɔ be subɔsubɔhakplɔlawo ƒe dzi mesea veve ɖe amewo nu o. (Mt 12:13; Lk 6:10) Petro, ame si ƒe dɔme trɔna ɖe amewo ŋue anya ɖɔ Yesu ƒe seselelãmea na Marko tsitotsito wòŋlɔ ɖi.—Kpɔ “Marko Ƒe Agbalẽa Ƒe Ŋgɔdonya.”
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mr 3:29
gblɔa busunya ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu: Busunya nye ameŋugbegblẽ, dzugbewo, alo nya veamewo gbɔgblɔ ɖe Mawu kple nu kɔkɔewo ŋu. Esi wònye be gbɔgbɔ kɔkɔea tso Mawu ŋutɔ gbɔ ta la, ne ame aɖe xea mɔ nɛ, ɖonɛ koŋ tsia tsitre ɖe gbɔgbɔa alo eƒe dɔwɔwɔ ŋu la, enye busunyagbɔgblɔ ɖe Mawu ŋu. Abe ale si wòdze le Mt 12:24, 28 kple Mr 3:22 ene la, Yuda subɔsubɔhakplɔlawo de dzesii be Mawu ƒe gbɔgbɔa nɔ dɔ wɔm le Yesu dzi si na wòwɔ nukuwo, gake wogblɔ be Satana Abosam gbɔe wòkpɔ eƒe ŋusẽa tsoe.
eɖi nu vɔ̃ mavɔmavɔ ƒe fɔ: Esia anya fia nu vɔ̃ si ame aɖe ɖo koŋ wɔ si womatsɔ akee o, vɔsasa ɖe nu vɔ̃ mawo tɔgbi ta aɖeke meli o.—Kpɔ numeɖeɖe si le gblɔa busunya ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu le kpukpui sia ke ŋu.
KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mr 4:9
Ame si to senu li na la, nesee: Hafi Yesu nado nukuwulaa ŋuti lododoa la, egblɔ be “Mise ɖa.” (Mr 4:3) Egazã nya sia tɔgbi tsɔ xlɔ̃ nu wo esi wònɔ lododoa ta ƒom, tsɔ te gbe ɖe ale si wòle vevie be eyomedzelawo nawɔ ɖe eƒe nuxlɔ̃amea dzi pɛpɛpɛ la dzi. Nuxlɔ̃amenya siawo tɔgbi ke dze le Mt 11:15; 13:9, 43; Mr 4:23; Lk 8:8; 14:35; Nyɖ 2:7, 11, 17, 29; 3:6, 13, 22; 13:9.
April 30–MAY 6
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | MARKO 5-6
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mr 5:39
meku o, ke boŋ alɔ̃ dɔm wòle: Zi geɖe le Biblia me la, wotsɔa ku sɔna kple alɔ̃dɔdɔ. (Ps 13:3; Yh 11:11-14; Dw 7:60; 1Ko 7:39; 15:51; 1Te 4:13) Esi Yesu nya be yeafɔ ɖevia ɖe tsitre tae wògblɔ nya sia tsɔ fia be ale si ko woate ŋu anyɔ ame ne edɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi la, nenema kee woate ŋu afɔ amewo tso ku me. Ŋusẽ si Yesu tsɔ fɔ ɖevia ɖe tsitre la tso Fofoa, “ame si gbɔa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nu siwo meli o la abe ɖe woli ene” la gbɔ.—Ro 4:17.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mr 5:19
nàgblɔ nu siwo katã Yehowa wɔ na wò: To vovo na nya si Yesu lɔ̃a gbɔgblɔ na amewo be woagagblɔ yeƒe nukunuwo ŋu nya na amewo o la (Mr 1:44; 3:12; 7:36), egblɔ na ŋutsu sia ya be wòagblɔ nu si dzɔ la na eƒe ƒometɔwo. Ðewohĩ esi wogblɔ na Yesu be wòadzo le nutoa me eye mɔnukpɔkpɔa maʋu ɖi na eya ŋutɔ be woaɖi ɖase na wo o tae; esia awɔe hã be amewo manɔ nya manyomanyowo kakam le ha siwo tsrɔ̃ la ta o.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Mr 6:11
miʋuʋu ke le miaƒe afɔwo ŋu: Nuwɔna sia le eɖem fia be nusrɔ̃lawo lɔ̃ ɖe edzi be yewo ŋu vo tso akɔnta si Mawu ava bia kple emetsonua si me. Nya mawo tɔgbi ke dze le Mt 10:14; Lk 9:5. Marko kple Luka tsɔ nya wòanye ɖaseɖiɖi [alo, “ɖe wo ŋu”] na wo kpe ɖe woƒe nyawo ŋu. Paulo kple Barnaba wɔ ɖe mɔfiame sia dzi le Antiokia si le Pisidia (Dw 13:51), eye esi Paulo wɔ nu sia tɔgbi ʋuʋu eƒe awuwo le Korinto la, egblɔ nya siawo kpee be: “Miaƒe ʋu neva miawo ŋutɔwo miaƒe ta dzi. Nye ya ŋutinye kɔ.” (Dw 18:6) Nusrɔ̃lawo anya nya nu tso nuwɔna sia ŋu do ŋgɔ; Yudatɔ mawuvɔ̃la siwo zɔ mɔ to Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo ƒe duwo me la ʋuʋua ke si wosusu be enye ke makɔmekɔ si lé ɖe woƒe afɔkpawo ŋu la ɖa hafi gena ɖe Yudatɔwo ƒe duwo me. Gake anɔ eme godoo be nu bubu kurae nɔ susu me na Yesu esi wòna mɔfiame sia eƒe nusrɔ̃lawo.