INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • nwt axa 1766-1767
  • B1 Nyati Vevi Si Le Biblia Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • B1 Nyati Vevi Si Le Biblia Me
  • Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ƒe 4026 D.Y. megbe
  • Ƒe 1943 D.Y.
  • Ƒe 1070 D.Y. megbe
  • Ƒe 29 K.Ŋ.
  • Ƒe 33 K.Ŋ.
  • Ƒe 1914 K.Ŋ. lɔƒo
  • Etsɔme
  • Nyagblɔɖi Vevi Aɖe Si Ka Wò
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Yehowa Ðea Eƒe Tameɖoɖo Fiana
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Da La Ƒe Dzidzimevi—Aleke Woklo Nu Le Eŋui?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
B1 Nyati Vevi Si Le Biblia Me

B1

Nyati Vevi Si Le Biblia Me

Tatatɔ

Yehowa koe dze aɖu dzi. Ale si wòɖua dzii la nye nyuitɔ kekeake. Tame si wòɖo ɖe anyigba la kple amegbetɔƒomea ŋu la ava eme.

Adam kple Xawa le Eden-bɔa me eye da aɖe le wo gbɔ lɔƒo

Ƒe 4026 D.Y. megbe

“Da” la tsɔ nya ɖe Yehowa ƒe dzedze be wòaɖu dzi kple ale si wòɖua dzii ŋu. Yehowa do ŋugbe be yeana “dzidzimevi” aɖe nava eye wòagbã ta na da la, si nye Satana. (1 Mose 3:1-5, 15) Gake Yehowa ɖe mɔ na amegbetɔwo be woaɖu wo ɖokuiwo dzi le da la ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te.

Abraham le ŋugbe si dom Mawu le la sem

Ƒe 1943 D.Y.

Yehowa gblɔ na Abraham be “dzidzimevi” la anye eƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka.—1 Mose 22:18.

Fia David

Ƒe 1070 D.Y. megbe

Yehowa ka ɖe edzi na Fia David kple emegbe via Salomo be “dzidzimevi” ma adzɔ tso woƒe ƒomea me.—2 Samuel 7:12, 16; 1 Fiawo 9:3-5; Yesaya 9:6, 7.

Yesu le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi

Ƒe 29 K.Ŋ.

Yehowa ɖee fia be Yesue nye “dzidzimevi” si ŋugbe wodo, si nye David ƒe fiazikpuia ƒe Domenyila.—Galatiatɔwo 3:16; Luka 1:31-33; 3:21, 22.

Yesu le eƒe kuɣi

Ƒe 33 K.Ŋ.

Da la, si nye Satana, ɖu afɔkpodzi na “dzidzimevi” la ɣeyiɣi kpui aɖe, esime wòna wowu Yesu. Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre wòyi dziƒo eye Yehowa xɔ asixɔxɔ si le Yesu ƒe agbe deblibo la ŋu, si dzi Yehowa ate ŋu anɔ te ɖo atsɔ nu vɔ̃wo ake eye wòana agbe mavɔ Adam ƒe dzidzimeviwo.—1 Mose 3:15; Dɔwɔwɔwo 2:32-36; 1 Korintotɔwo 15:21, 22.

Wotsɔ ʋɔ driba, Satana, ƒu gbe ɖe anyigba abe ale si wodo ŋugbe le Nyaɖeɖefia ene

Ƒe 1914 K.Ŋ. lɔƒo

Yesu tsɔ da la, si nye Satana, ƒu gbe ɖe anyigba be wòanɔ anyi hena ɣeyiɣi kpui aɖe.—Nyaɖeɖefia 12:7-9, 12.

Yesu bɔbɔ nɔ eƒe dziƒofiazikpuia dzi le anyigba dzi ɖum abe ale si wodo ŋugbe le Nyaɖeɖefia ene

Etsɔme

Yesu ade ga Satana ƒe 1,000 eye wòatsrɔ̃e emegbe, si fia be egbã ta nɛ. Tame si Yehowa ɖo ɖe anyigbaa kple amegbetɔƒomea ŋu tso gɔmedzedzea la ava eme, woakɔ eƒe ŋkɔ si wodo vloe la ŋuti, eye woaʋli ale si wòɖua dzii la ta.—Nyaɖeɖefia 20:1-3, 10; 21:3, 4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe