INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 2/1 axa 23
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Wò Susu Sɔ Kple Mawu Tɔ le Ahanono Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ðe Wògblẽ Be Woano Aha Muamea?
    Nyɔ!—2007
  • “Mia Dometɔ Aɖeke Mabu Eƒe Agbe O”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • “Meɖo Ŋɔdzi Me le Atsiaƒu Dzi”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 2/1 axa 23

Ènyaa?

To vovo na wain la, aha sesẽ bubu kawoe nɔ anyi le ɣeyiɣi siwo me woŋlɔ Biblia?

▪ Woyɔa ‘wain kple aha sesẽ’ ɖekae zi geɖe le Biblia me. (5 Mose 14:26; Luka 1:15) Mele be míase egɔme be mɔ si nu woɖaa soɖabi le la ke nue woɖaa “aha” siawo hã le o, elabena ƒe alafa geɖewo megbe hafi wova to ahaɖamɔnu sia ƒomevi vae. Wotsɔa atikutsetsewo abe waintsetse, ayede, gbotsetse, atɔtɔŋuti, kple yevuboɖa ene, kple anyitsi gɔ̃ hã, ɖaa aha sesẽ siawoe.

Le nyateƒe me la, nyagbe “aha sesẽ” lɔ biya hã ɖe eme. Woɖe Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “aha sesẽ” la tso Akkadgbe me nya aɖe si wozãna na Mesopotamiatɔwo ƒe biya aɖe si wotsɔa ƒo ɖanae la me. Aha ma mesẽ tututu o, gake ete ŋu mua ame ne wonoe fũu. (Lododowo 20:1) Wofɔ ahaɖalawo ƒe nɔnɔmetata kple woƒe dɔwɔnu aɖewo ƒe kpememewo le blema Egiptetɔwo ƒe yɔdo aɖewo me. Biya nye aha si amewo nona gbe sia gbe le Babilon, le fiasãwo kple ame dahewo ƒe aƒewo me siaa. Filistitɔwo hã noa aha ma tɔgbi. Tomenukulawo ke ɖe kplu siwo nu ahatsyɔnuwo le la ŋu le Palestina ƒe teƒeteƒewo. Wotsɔa ahatsyɔnu mawo tsyɔa biya la, bene ƒo siwo wotsɔ ɖae ƒe tsrowo nagatsi eme amewo nano o.

Nu ka tae afɔku nɔ ƒudzimɔzɔzɔ me le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖewo me le apostolo Paulo ƒe ŋkekeawo me?

▪ Esi ya sesẽwo nɔ ƒoƒom ta la, exɔ ɣeyiɣi geɖe hafi tɔdziʋu si apostolo Paulo ɖo la te ŋu zɔ to ƒua dzi tso Asia Sue ɖo ta ɣetoɖoƒe gome. Biblia me nuŋlɔɖia ɖe nu me be esi wova ɖo afi aɖe la, ‘afɔku va nɔ ƒudzimɔzɔzɔa me, elabena avuléŋkeke la ƒe nutsitsidɔ la kura gɔ̃ hã va yi xoxo.’ Paulo gblɔ na ehati mɔzɔlawo be ne yewote kpɔ be yewoagayi mɔzɔzɔa dzi la, nu geɖewo agblẽ, “menye le agbawo kple ʋua gome ko o, ke le [yewoƒe] luʋɔwo hã gome.”—Dɔwɔwɔwo 27:4-10.

Avuléŋkeke ƒe nutsitsidɔ la dzea September ƒe nuwuwu alo October ƒe gɔmedzedze lɔƒo. Roma tɔdziʋukulawo nya nyuie be afɔku menɔa mɔzɔzɔ me tso May 27 va ɖo September 14 dzi zi geɖe o. Tso September 14 va ɖo November 11 dzi la, kakaɖedzi menɔa anyi be afɔku aɖeke manɔ mɔzɔzɔ me o, gake tso November 11 va ɖo March 10 dzi la, afɔku nɔa ƒudzimɔzɔzɔ me ŋutɔ. Susu siwo tae la dometɔ ɖekae nye ale si yame ƒe nɔnɔme te ŋu trɔna kpata le ɣeyiɣi mawo me, abe ale si wòdze le Paulo ƒe nuteƒekpɔkpɔ si ŋu míeƒo nu tso fifi laa me ene. (Dɔwɔwɔwo 27:13-44) Ya ʋuduʋuduwo kple kuxi sesẽ bubuwo ɖea fu na ƒudzimɔzɔlawo. Alilikpo xea ɣea ŋkume le ŋkeke me, eye wòxea ɣletiviwo hã ŋkume le zã me. Afu kple tsidzadza hã wɔnɛ be yame mekɔna o, eye wònana womete ŋu kpɔa nu siwo ado afɔku ame le mɔzɔzɔa me la le adzɔge o.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Egiptetɔwo ƒe biyatukpa aɖe si wotsɔ ati kpa

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Erich Lessing/Art Resource, NY

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Romatɔwo ƒe agbatsɔmeli aɖe ƒe 100-200 d.m.ŋ. lɔƒo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe