INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 8/12 axa 3
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2012
km 8/12 axa 3

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Míadzro biabia siwo gbɔna la me le August 27, 2012, ƒe kwasiɖaa me. Wotsɔ ɣletiŋkeke si dzi wowɔ ɖoɖo be woadzro nyabiase ɖe sia ɖe me la kpe ɖe eŋu.

1. Nu kae Xezekiel ƒe ŋutega si ku ɖe Yuda gbexɔsea ŋu la nye kpɔɖeŋu na, eye nusɔsrɔ̃ vevi kae le eme na mí? (Eze. 8:15-17) [July 2, w07 7/1 axa 13 mm. 6; w93 1/15 axa 27-28 mm. 7, 12]

2. Mɔ kawo nue subɔsubɔhakplɔla akpa gãtɔ srɔ̃a aʋatsonyagblɔɖila siwo nɔ anyi le Xezekiel ŋɔli la le? (Eze. 13:3, 7) [July 9, w99 10/1 axa 13 mm. 14-15]

3. Le Xezekiel 17:22-24 ƒe nyagblɔɖia nu la, ame kae nye “alɔ fẽ” la, nu kae nye “to kɔkɔ gã” si dzi wotsoe yi ɖado ɖo, eye mɔ ka nue wòava zu “sederti nyui aɖe” le? [July 16, w07 7/1 axa 12-13 mm. 6]

4. Le lododo si me nyawo woyɔ ɖe Xezekiel 18:2 nu la, ame kawoe Xezekiel hati aboyomewo nɔ fɔ bum ɖe woƒe fukpekpewo ta, eye nufiame vevi kae le ŋutinya sia me na mí? [July 23, w88 11/1 axa 16 mm. 10 (w88-E 9/15 axa 18 mm. 10)]

5. Aleke ŋutinya si le Xezekiel 21:23-27 la ɖee fia be amegbetɔwo alo gbɔgbɔ vɔ̃wo mate ŋu agblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖowo me o? [July 30, w07 7/1 axa 14 mm. 4]

6. Le nudzɔdzɔ si dze le Xezekiel 24:6, 11, 12 me la, nu kae gaze la ƒe ɣebialéle le tsitre ɖi na, eye gɔmeɖose kae dze le kpukpui 14 lia me? [Aug. 6, w07 7/1 axa 14 mm. 2]

7. Aleke nyagblɔɖi si ku ɖe Tiro dugã la ŋu va emee? [Aug. 6, w08 1/1 axa 23 mm. 1]

8. Nya kawoe dze le Xezekiel 28:2, 12-17 siwo sɔ na “Tiro fia” kple yomemɔfiala gãtɔ Satana siaa? [Aug. 13, w05 10/15 axa 23-24 mm. 10-14; it-2-E axa 604 mm. 4-5]

9. Ɣekaɣie Egipte zu aƒedo hena ƒe 40, eye nu kae na míeka ɖe edzi be nu sia dzɔ ŋutɔŋutɔ? (Eze. 29:8-12) [Aug. 13, w07 8/1 axa 8 mm. 5]

10. Aleke Xezekiel wɔ nu ɖe amewo ƒe ɖekematsɔleme, fewuɖuɖu, kple tomaɖomaɖo eƒe gbedeasia ŋui, eye kakaɖedzi kae Yehowa nae? (Eze. 33:31-33) [Aug. 20, w-Vol. 112, No. 6, axa 17 mm. 16-17 (w91-E 3/15 axa 17 mm. 16-17)]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe