-
Psalmo 105:27-36Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
27 Wowɔ eƒe dzesiwo le wo dome,
Eƒe nukunuwo le Ham-nyigba dzi.+
28 Eɖo viviti ɖa, eye blukɔ do;+
Womegbe eƒe nya dzi wɔwɔ o.
29 Etrɔ woƒe tsiwo wozu ʋu
Eye wòna woƒe tɔmelãwo ku.+
30 Woƒe anyigba dzi yɔ fũu kple akpɔkplɔwo,+
Keke woƒe fiawo ƒe xɔgãwo me ke hã.
33 Egblẽ woƒe wainkawo kple woƒe gbotiwo katã,
Eye wòŋe atiwo le woƒe anyigba la dzi.
34 Egblɔ be ʋetsuviwo nado,
Ɛ̃, ʋetrawo do bibibi.+
35 Woɖu woƒe anyigbadzinu miemiewo katã,
Eye woɖu woƒe agblemenukuwo keŋkeŋ.
36 Ewu ŋgɔgbeviwo katã le woƒe anyigba dzi,+
Ame siwo nye woƒe vidziŋusẽ ƒe gɔmedzedze.
-