-
Psalmo 78:43-51Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
-
-
43 Ale si wòwɔ dzesiwo le Egipte,+
Kple nukunuwo le Zoan nuto la me,
44 Ale si wòtrɔ Nil-tɔʋuwo wozu ʋu+
Ale be womegate ŋu no woƒe tɔsisiwo me tsiwo o.
46 Etsɔ woƒe nukuwo na ʋetsuvi gblẽnuwo,
Etsɔ agblemenu siwo ŋu wokpe fu ɖo la de asi na ʋetsuviwo.+
47 Etsɔ kpetsi tsrɔ̃ woƒe wainkawo,+
Tsikpe gãwo tsrɔ̃ woƒe gbotiwo.
49 Ena eƒe dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu,
Ena eƒe dziku helĩhelĩ, dɔmedzoe kple xaxa va wo dzi,
Edɔ mawudɔlawo ƒe hatsotsowo ɖo ɖa be woahe vɔ̃ ava wo dzi.
50 Eɖe mɔ na eƒe dziku.
51 Mlɔeba ewu ŋgɔgbeviwo katã le Egipte,+
Ame siwo nye woƒe vidziŋusẽ ƒe gɔmedzedze le Ham ƒe agbadɔwo me.
-