March
Memleɖa, March 1
Mɔkpɔkpɔ menana ame ɖua ŋukpe o.—Rom. 5:5.
Xexe yeyea mekpɔ va haɖe o. Gake bu eŋu kpɔ: Ɣeaɖeɣi va yia, nuwɔwɔwo abe ɣletiviwo, nu miemiewo, lãwo kple amegbetɔwo ene menɔ anyi o. Gake fifia woli ŋutɔŋutɔ míekpɔna, eye ame aɖeke mekea ɖii o. Ke aleke wowɔ va li? Yehowae wɔ wo. (1 Mose 1:1, 26, 27) Nenema kee mía Mawua ɖo tame be yeawɔ xexe yeye aɖe, si me amewo anɔ agbe tegbee le le lãmesẽ blibo me; eye awɔe hã. Míeka ɖe edzi be le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzia, xexe yeyea ava eye míakpɔe wòanye nu ŋutɔŋutɔ, abe ale si ko míekpɔa Yehowa ƒe nuwɔwɔ bubuwo egbea ene. (Yes. 65:17; Nyaɖ. 21:3, 4) Hafi ɣemaɣi naɖoa, wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ nàtsɔ atu wò xɔse ɖo. De asixɔxɔ tafea ŋu. De ŋugble le ŋutete si le Yehowa si ŋu. Wɔ nu siwo ana nànɔ Yehowa ŋu kplikplikpli. Ne èwɔ nu siawoa, wò hã ‘àto xɔse kple dzigbɔɖi me anyi ŋugbedodowo dome.’—Heb. 6:11, 12. w23.04 31 ¶18-19
Kwasiɖa, March 2
Ðe nyemegblɔe na wò be ne èxɔe se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe oa?—Yoh. 11:40.
Yesu wu mo dzi hedo gbe ɖa. Edi be yeana amewo nakafu Yehowa ɖe nu si adzɔ ta. Eyome edo ɣli sesĩe be: “Lazaro lee, do go!” (Yoh. 11:43) Enumake Lazaro fɔ eye wòzɔ do go le yɔdoa me! Nu si ame aɖewo susu be manya wɔ o ye nye ema Yesu wɔ. Ŋutinya sia na míegaxɔ tsitretsitsimɔkpɔkpɔa dzi se geɖe wu. Le mɔ ka nu? Èɖo ŋku ŋugbe si Yesu do na Marta dzia? Egblɔ nɛ be: “Nɔviwò la atsi tsitre.” (Yoh. 11:23) Abe Yehowa enea, Yesu hã di be yeafɔ míaƒe ame veviwo ɖe tsitre, eye ate ŋui hã. Ale si wòfa avii ɖee fia be edi vevie be yeaɖe ku kple vevesese si wòdona na ame ɖa. Eye esi Lazaro do tso yɔdoa mea, esia ɖo kpe edzi be ŋusẽ le Yesu si be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Azɔ bu nya si Yesu gblɔ na Marta le egbe ƒe mawunyakpukpuia me ŋu kpɔ! Kpeɖodzi sẽŋuwo li siwo tae míexɔe se be ŋugbe si Mawu do be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitrea ava eme. w23.04 11-12 ¶15-16
Dzoɖa, March 3
Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ, ɛ̃, ɖe ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me la gbɔ.—Ps. 145:18.
Ne Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu me va le kɔkɔm na mí nyuie wua, ate ŋu ava hiã be míawɔ tɔtrɔ le nu siwo míedoa gbe ɖa bianɛ ŋu. Ele be míaɖo ŋku edzi be tameɖoɖo aɖe le Yehowa si eye ana wòava eme le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Nu si wòɖo tame be yeawɔa ƒe ɖee nye be yeaɖe dɔléle, ku, dzɔdzɔmefɔkuwo, kple nu bubu siwo katã nana míekpea fu la ɖa keŋkeŋ. Eye ato eƒe Fiaɖuƒea dzi awɔ esia. (Dan. 2:44; Nyaɖ. 21:3, 4) Gake hafi ɣeyiɣi ma naɖoa, Yehowa ɖe mɔ Satana le xexea dzi ɖum. (Yoh. 12:31; Nyaɖ. 12:9) Ne Yehowa kpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ fifia, ɖe madze abe ke ɖe Satana le xexea dzi ɖum nyuie ene oa? Ɛ̃, adze nenema. Eya ta ehiã be míakpɔ Yehowa sinu be wòana eƒe ŋugbedodowo nava eme. Togbɔ be ele alea hãa, esia mefia be Yehowa mekpena ɖe mía ŋu o. Aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu. w23.05 8 ¶4; 9-10 ¶7-8
Braɖa, March 4
[Minya] ale si wòdze be miaɖo nya ŋu na ame sia ame.—Kol. 4:6.
Aleke míakpe ɖe amewo ŋu be woade Ŋkuɖodzia be wòaɖe vi na wo? Nu gbãtɔ si míawɔe nye be míakpe wo. Tsɔ kpe ɖe ame siwo míedoa goe le gbeadzi ŋua, míate ŋu aŋlɔ míaƒe ƒometɔwo, sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo kple ame nyanyɛ bubu siwo míadi be míakpe ƒe ŋkɔwo ɖi. Ne amekpegbalẽvia ƒe tatatɔ mesɔ gbɔ ɖe mía si o hã, míate ŋu aɖo mɔ̃ dzi tɔ ƒe link ɖe amewo. Ate ŋu adzɔ be wo dometɔ aɖewo nade. (Nyagb. 11:6) Anyo be wòanɔ susu me na mí be nyabiase geɖe anɔ ame siwo míakpea si, vevietɔ ne womede míaƒe kpekpewo kpɔ o. Eya ta ele be míabu nyabiase siwo woate ŋu abia ŋu do ŋgɔ eye míadzra ɖo ɖe ale si míaɖo wo ŋui ŋu. Le Ŋkuɖodzia megbe gɔ̃ hã, biabia aɖewo ate ŋu anɔ ɖetsɔlemetɔ siwo dea si. Míedi be míawɔ nu sia nu si míate ŋui akpe ɖe “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le” ŋu do ŋgɔ na Ŋkuɖodzia, le Ŋkuɖodzia wɔɣi kple emegbe, be wòaɖe vi na wo bliboe.—Dɔw. 13:48. w24.01 12 ¶13, 15; 13 ¶16
Kuɖa, March 5
Afu si dona ɣeyiɣi vi aɖe eye emegbe wòbuna ko mienye.—Yak. 4:14.
Biblia gblɔ ame enyi siwo wofɔ ɖe tsitre le anyigba dzi ŋu nya. Ðe manyo be nàdzro ŋutinya mawo dometɔ ɖe sia ɖe me nyuie oa? Ne èle esia wɔmaa, de dzesi nufiame siwo le wo me. De ŋugble le ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖee fia be Mawu di be yeagbɔ agbe ame kukuwo, eye ŋusẽ le esi be wòawɔe hã. Vevietɔ wua, de ŋugble le tsitretsitsi vevitɔ, si nye Yesu ƒe tsitretsitsi ŋu. Ðo ŋku edzi be ame alafa geɖe ɖi ɖase be wofɔe ɖe tsitre nyateƒe, eye enye kpeɖodzi sẽŋu si le mía si be míaƒe mɔkpɔkpɔa menye dzodzro o. (1 Kor. 15:3-6, 20-22) Ðe mele be míada akpe na Yehowa be edo ŋugbe be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsitre oa? Kakaɖedzi sẽŋu le mía si be Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo dzi elabe edi be yeawɔe, eye ate ŋui hã. Mina míaɖoe kplikpaa aka ɖe mɔkpɔkpɔ xɔasi sia dzi geɖe wu. Ne míewɔe alea, ana míate ɖe mía Mawu si do ŋugbe na mía dometɔ ɖe sia ɖe be, ‘Wò ame veviwo atsi tsitre godoo’ la ŋu geɖe wu.—Yoh. 11:23. w23.04 8 ¶2; 12 ¶17; 13 ¶20
Yawoɖa, March 6
[Bɔbɔ] ɖokuiwò ɖe anyi [nàzɔ] kple wò Mawu!—Mika 6:8.
Ame si nya afi si eƒe ŋutete se ɖo mebua eɖokui wu ale si dze o, eye wòɖoa ŋku edzi be nanewo li yemate ŋu awɔ o. Ame si bɔbɔa eɖokui dea bubu amewo ŋu eye wòbua wo be wole vevie wu ye. (Flp. 2:3) Ne míagblɔea, ame si nya afi si eƒe ŋutete se ɖo la bɔbɔa eɖokui hã. Gideon nya afi si eƒe ŋutete se ɖo eye wòbɔbɔ eɖokui. Esi Yehowa ƒe dɔla gblɔ na Gideon be Yehowa tiae be wòaɖe Israel tso Midiantɔwo si mea, eɖo eŋu ɖokuibɔbɔtɔe be: “Hlɔ̃ si me metso ye nye suetɔ le Manase, eye nyee nye ame tsɛtɔ kekeake le fofonye ƒe me.” (Ʋɔn. 6:15) Gideon se le eɖokui me be yemedze awɔ dɔ ma o, gake Yehowa ya nya be ate ŋu awɔe. Yehowa kpe ɖe eŋu wòwɔ eƒe dɔdeasia wu enu dzidzedzetɔe. Hamemetsitsiwo dzea agbagba be yewoabɔbɔ yewo ɖokuiwo le nu sia nu me. (Dɔw. 20:18, 19) Womeƒoa adegbe le nu siwo wote ŋu wɔ ta o, eye womebunɛ hã be yewomele ɖeke me o le yewoƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta o. w23.06 3 ¶4-5
Fiɖa, March 7
Eya agbã ta na wò.—1 Mose 3:15.
Woagbã ta na Satana le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua megbe. (Nyaɖ. 20:7-10) Biblia gblɔe ɖi be nu ɖedzesi aɖewo adzɔ do ŋgɔ na ema. Gbãa, dukɔwo aɖe gbeƒã “ŋutifafa kple dedienɔnɔ!” (1 Tes. 5:2, 3) Ekema xaxa gãa adze egɔme ne dukɔwo dze alakpasubɔsubɔhawo dzi. (Nyaɖ. 17:16) Ema megbea, Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo eye wòama alẽawo tso gbɔ̃wo gbɔ. (Mat. 25:31-33, 46) Le ɣeyiɣi mawo mea, Satana ayi edzi anɔ tsitre tsim ɖe Yehowa ŋu. Esi Satana lé fu Mawu ƒe amewo taa, aʋã dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo si Biblia yɔ be Gog, si tso Magog-nyigba dzi be woadze Yehowa ƒe amewo dzi. (Eze. 38:2, 10, 11) Le ɣeyiɣi mawo mea, amesiamina susɔeawo ayi dziƒo ava wɔ ɖeka kple Kristo kple eƒe dziƒoʋakɔa be woawɔ Armagedon-ʋaa; esia ahe xaxa gã la ava nuwuwui. (Mat. 24:31; Nyaɖ. 16:14, 16) Ekema Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua adze egɔme.—Nyaɖ. 20:6. w23.10 20-21 ¶9-10
Memleɖa, March 8
Wò dɔla vɔ̃a Yehowa tso eƒe ɖevime ke.—1 Fia. 18:12.
Egbea, Yehowa subɔla geɖewo le dukɔ siwo me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le me. Wodea bubu dziɖuɖuwo ŋu, gake abe Obadiya enea, wotsɔa subɔsubɔ si Yehowa ɖeka ko dze na la nanɛ. (Mat. 22:21) Woɖenɛ fiana be yewovɔ̃a Mawu eye woɖoa toe wu amegbetɔwo. (Dɔw. 5:29) Ne dziɖuɖuwo ɖo asi dɔa dzia, nɔviawo tsɔa aɖaŋudzedze yia edzi ɖea gbeƒã nya nyuia eye wowɔa kpekpeawo. (Mat. 10:16, 28) Wodzea agbagba be yewoana nu siwo nɔvi bubuwo hiã ale be wo kple Yehowa dome nayi edzi anɔ kplikplikplia nasu wo si. Bu Henri, si tso Afrika dukɔ aɖe si me woɖo asi míaƒe dɔa dzi le hena ɣeyiɣi aɖea, ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Le ɣeyiɣi mawo mea, Henri tsɔ eɖokui na be yeakpe asi ɖe Biblia-srɔ̃gbalẽwo mama na nɔviawo ŋu. Egblɔ be: “Ŋu kpeam le dzɔdzɔme nu. Yehowae na be dzi nɔ ƒonye.” Ðe dzi ate ŋu anɔ ƒowò abe Henri enea? Ɛ̃, dzi ate ŋu anɔ ƒowò ne ètu mawuvɔvɔ̃ nyuitɔ ɖo. w23.06 16 ¶9, 11
Kwasiɖa, March 9
To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me.—Rom. 5:12.
Esi Adam kple Xawa dze aglã la, adze abe ɖe Satana gblẽ tame si Mawu ɖo be amegbetɔ toɖola deblibowo nayɔ anyigba dzia me ene. Satana anya susui be Yehowa maganya nu si wòawɔ o. Eƒe susue nye be nu si Yehowa awɔ dometɔ ɖekae nye be wòawu Adam kple Xawa eye wòawɔ ame deblibo bubuwo kura ɖe anyigba dzi ale be tame si wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋua nava eme. Gake ne ɖe Mawu wɔe nenemaa, anye ne Abosam atso enu be enye alakpatɔ. Nu ka tae? Elabe Yehowa gblɔ na Adam kple Xawa xoxo le 1 Mose 1:28 be woƒe dzidzimeviwoe ayɔ anyigba la dzi. Alo ɖewohĩ Satana susui be Yehowa atiae be yeana Adam kple Xawa nadzi vi madeblibo siwo mate ŋu ava de blibo akpɔ gbeɖe o. (Nyagb. 7:20; Rom. 3:23) Ne edzɔ alea, Abosam atsɔ nya ɖe Yehowa ŋu godoo be edo kpo nu. Nu ka tae? Elabe esia mana tame si Mawu ɖo be Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi siwo nye toɖola deblibowo nayɔ Paradisonyigba dzi la nava eme gbeɖe o. w23.11 6 ¶15-16
Dzoɖa, March 10
Migagbɔ nu siwo woŋlɔ ɖi la ŋu o.—1 Kor. 4:6.
Yehowa toa eƒe Nya kple eƒe habɔbɔa dzi naa mɔfiame siwo me kɔ la mí. Susu aɖeke meli si tae míawo ŋutɔ míawɔ sewo atsɔ akpe mɔfiame siwo Yehowa nana mí o. (Lod. 3:5-7) Eya ta mímagbɔ nu si woŋlɔ ɖe Biblia mea ŋu alo awɔ sewo na mía nɔviwo le nu siwo me ame ŋutɔ atso nya me lea ŋu o. Satana zãa “beble dzodzro” kple “xexea ƒe gɔmedzenuwo” tsɔna flua amewo eye wòdea mama amewo me. (Kol. 2:8) Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa gbãtɔ mea, ezã xexemenunya si wotu ɖe amegbetɔwo ƒe susuwo dzi, Yudatɔwo ƒe alakpanufiafiawo, kple nufiafia si nye be ele be Kristotɔwo nawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi. Gake esia nye beble dzodzro, elabe eɖe amewo ƒe susu ɖa le Yehowa, ame si gbɔ nunya dzɔ tsoa ŋu. Egbea, Satana toa nyakakamɔnuwo kple Internet dzi hahokadoƒewo dzi kakaa dunyahelawo ƒe alakpanyawo kple nyatakaka siwo ŋu kpeɖodzi mele o. w23.07 16 ¶11-12
Braɖa, March 11
Oo Yehowa, wò dɔwɔwɔwo lolo loo! Aleke gbegbe wò susuwo gogloe nye esi!—Ps. 92:5.
Nu si Yehowa wɔ tsɔ kpɔ Satana kpakple Adam kple Xawa ƒe aglãdzedzea gbɔ anya wɔ nuku na Satana ŋutɔ. Yehowa ɖe mɔ Adam kple Xawa dzi viwo, si ɖo kpe edzi be menye alakpatɔe wònye o, ke boŋ nyateƒetɔe. Eye esia fia be nu sia nu si wòɖo be yeawɔa mado kpo nu o. Ewɔ nu si ana eƒe tameɖoɖoa nava eme esi wòtsɔ “dzidzimevi” aɖe na be wòava ɖe Adam kple Xawa ƒe vi siwo nye toɖolawo tso nu vɔ̃ me. (1 Mose 3:15; 22:18) Ðoɖo si Yehowa wɔ be dzidzimevia natsɔ eƒe agbe ana ɖe amegbetɔwo taa meva susu me na Satana gbeɖe o! Nu ka tae? Elabe enye ɖoɖo si me ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ dze le. (Mat. 20:28; Yoh. 3:16) Lɔlɔ̃ sia mele Satana si nye ɖokuitɔdila si kura o. Ke vi kae tafevɔsa ƒe ɖoɖo sia aɖe na mí? Kaka Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua nawu enua, Adam kple Xawa ƒe vi siwo nye toɖola deblibowo ayɔ paradisonyigbaa dzi abe ale si tututu Yehowa ɖoe le gɔmedzedzea me ene. w23.11 6 ¶17
Kuɖa, March 12
Mawu adrɔ̃ ʋɔnu.—Heb. 13:4.
Míewɔna ɖe se si Yehowa de be míabu agbe kple ʋu nu kɔkɔewoe dzi. Nu si tae nye be, Yehowa gblɔ be ʋu le tsitre ɖi na agbe, eye wònye nunana tso ye gbɔ. (3 Mose 17:14) Esi Yehowa ɖe mɔ zi gbãtɔ be amegbetɔwo nate ŋu aɖu lãa, ede se be woagaɖu eƒe ʋu o. (1 Mose 9:4) Ede se ma ke na Israel-viwo le Mose ƒe Sea me. (3 Mose 17:10) Etsɔ eƒe gbɔgbɔ ʋã dɔdzikpɔha si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me wode se na Kristotɔwo katã be ‘woatsri ʋu.’ (Dɔw. 15:28, 29) Míewɔna ɖe se sia dzi ne míetso nya me le dɔdamɔnu si míalɔ̃ be woazã na mí la ŋu. Míewɔna ɖe Yehowa ƒe dzidzenu kɔkɔ siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu hã dzi. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na mí be ‘míawu’ míaƒe ŋutinuwo. Esia fia be ele be míawɔ nu sia nu si míate ŋui be míaɖe dzodzro vɔ̃ ɖe sia ɖe si va mía me la ɖa. Míeƒoa asa na nu siwo ate ŋu akplɔ mí ade gbɔdɔdɔ manɔsenu me la kpɔkpɔ alo wɔwɔ.—Kol. 3:5; Hiob 31:1. w23.07 15 ¶5-6
Yawoɖa, March 13
Egblɔ eƒe dzimenya nɛ.—Ʋɔn. 16:17.
Ðe wòanye be lɔlɔ̃e gbã ŋku na Samson wòka ɖe Delila dzi nenema gbegbe be mete ŋu de dzesi nu si wòɖo be yeawɔ oa? Míenya o. Gake aleke kee wòɖale o, esi Delila nɔ eƒom ɖe enu be wòagblɔ nu si gbɔ wòtso be ŋusẽ le eŋu nenema gbegbea, eva gblɔe nɛ mlɔeba. Nublanuitɔea, Samson ƒe vodada sia na ŋusẽ vɔ le eŋu eye eƒe nu megava dze Yehowa ŋu o hena ɣeyiɣi aɖe. (Ʋɔn. 16:16-20) Esi Samson ka ɖe Delila dzi le esi teƒe be wòaka ɖe Yehowa dzi taa, ekpe fu vevie. Filistitɔwo lée eye wogbã ŋku nɛ. Wodee gaxɔ me le Gaza, eye wona wòzu kluvi nɔ wɔ tum na wo. Gbe ɖeka Filistitɔwo ɖu azã na woƒe alakpamawu Dagon eye wosa vɔ gã aɖe nɛ, elabe wosusu be eyae tsɔ Samson si nye yewoƒe futɔa de yewo si. Wokplɔ Samson va azãɖuƒea be ‘wòado nukokoe na yewo.’ Gbɔɖiame ka gbegbee nye esi!—Ʋɔn. 16:21-25. w23.09 5-6 ¶13-14
Fiɖa, March 14
Miwɔ nu siwo nyo le amewo katã ƒe nukpɔkpɔ nu.—Rom. 12:17.
Ðewohĩ wò dɔwɔhati alo sukuhati abia nya wò tso nu si tae Ðasefowo nɔa agbe le mɔ aɖe nu alo tsria nanewo ɖoa ŋu. Ele be míadze agbagba aɖe míaƒe dzixɔsewo me eye míade bubu amewo ƒe susuwo ŋu. (1 Pet. 3:15) Ne amewo bia nya mía, mele be míabui be ɖe wotsi tre ɖe mía ŋu o, ke boŋ ele be míakpɔe be woƒe nyabiasewo akpe ɖe mía ŋu míanya nu siwo ŋu wotsi dzi ɖo. Susu ka ke tae amewo ɖabia nya mí o, míewɔa nu ɖe wo ŋu nyuie eye míeɖoa nya ŋu na wo le tufafa me. Míaƒe nyaŋuɖoɖoa ate ŋu ana woabu nuwo ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ne wò dɔwɔhati aɖe bia wò be, nu ka tae mieɖua dzigbezã o hãa la, anyo be nàtɔ sẽe abia ɖokuiwò be: Nu ka tae wòbia nya siam? Ele be míakafu míaƒe dɔwɔhatia ɖe ale si wòtsɔ ɖe le eme na dɔwɔhati bubuawo ta eye míaka ɖe edzi nɛ be míawo hã míetsɔa ɖe le eme na wo vevie. Esia ate ŋu ana wòaɖe dzi ɖi eye wòaɖe mɔ miaɖo dze faa tso nu si Biblia ɖe fia tso dzigbezãɖuɖu ŋua ŋu. w23.09 17 ¶10-11
Memleɖa, March 15
Minɔ ŋudzɔ, be sedzimawɔlawo ƒe vodada nagakplɔ mi atrae kpe ɖe wo ŋu o, ale be miage tso teƒe si mieli ke ɖo la o.—2 Pet. 3:17.
Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee nye esia su mía si be míazã ɣeyiɣi si susɔ atsɔ aɖe gbeƒã na amewo le xexea me godoo. Apostolo Petro de dzi ƒo na mí be ‘míana míaƒe susu nanɔ Yehowa ƒe ŋkekea ŋu vevie.’ (2 Pet. 3:11, 12) Aleke míawɔe? Anyo be míadze agbagba ade ŋugble le yayra siwo míakpɔ le xexe yeyea me ŋu gbe sia gbe. Kpɔe ɖa le susu me be wòe nye ema le xexe yeyea me le ya gbagbe si me kɔa gbɔm, èle nuɖuɖu si ade wò lãmesẽ dzi ɖum, wofɔ wò ame vevi siwo ku ɖe tsitre eye nèle atuu wɔm na wo, eye mɔnukpɔkpɔ su asiwò nèle ale si Biblia me nyagblɔɖiwo va emee la me ɖem na blematɔ siwo wofɔ ɖe tsitre. Ŋugbledede alea akpe ɖe ŋuwò nàka ɖe edzi be Yehowa ƒe ŋkekea ava kpuie eye nàyi edzi anɔ mɔ kpɔm nɛ. ‘Esi míenya ale si nuwo ava yii’ le etsɔme “do ŋgɔ ta la,” alakpanufialawo ‘makplɔ mí atrae o.’ w23.09 27 ¶5-6
Kwasiɖa, March 16
Miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe.—Ef. 6:1.
Sɔhɛ kple ɖevi geɖe ‘meɖoa to wo dzilawo o.’ (2 Tim. 3:1, 2) Nu ka tae? Elabe ɖeviawo kpɔnɛ be yewo dzilawo ŋutɔwo mewɔa nu siwo wofiaa yewo o. Ðevi aɖewo bua wo dzilawo ƒe nyawo be wonye blemanyawo, womeɖea vi o eye wole kpaɖii akpa. Ne sɔhɛe nènyea, ɖe wò hã nèsena le ɖokuiwò me nenema? Menɔa bɔbɔe na ame geɖe be woawɔ ɖe se si Yehowa de le egbe ƒe mawunyakpukpuia me dzi o. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàwɔ ɖe se sia dzi? Yesu ɖo toɖoɖo ƒe kpɔɖeŋu nyui si nàte ŋu asrɔ̃. (1 Pet. 2:21-24) Yesu de blibo, gake edzilawo ya mede blibo o. Ke hã ede bubu wo ŋu togbɔ be wodaa vo alo womesea nu gɔme nɛ ɣeaɖewoɣi o gɔ̃ hã.—2 Mose 20:12. w23.10 7 ¶4-5
Dzoɖa, March 17
Woɖe se si do ŋgɔ la ɖa le esi wògbɔdzɔ eye meɖo eƒe taɖodzinu bliboa gbɔ o ta.—Heb. 7:18.
Apostolo Paulo ɖe eme na nɔvia Kristotɔwo be vɔsa siwo Sea bia la mate ŋu aɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖa bliboe o. Le esia taa, ‘woɖe sea ɖa.’ Paulo yi edzi ƒo nu tso nyateƒenya goglowo ŋu na wo. Eɖo ŋku edzi na nɔvia Kristotɔwo be “mɔkpɔkpɔ si nyo wu” si wotu ɖe Yesu ƒe vɔsaa dzi lae le wo si eye emae ana ‘woate ɖe Mawu ŋu.’ (Heb. 7:19) Paulo ɖe eme na Hebri Kristotɔwo be ale si wole Yehowa subɔm fifia nyo sãsãsã wu ale si wowɔe va yi. Ena wonya be nu vovovo siwo Yudasubɔsubɔ bia nye “nu siwo ava va la ƒe vɔvɔli, ke nua ŋutɔŋutɔ le Kristo la me.” (Kol. 2:17) Nane ƒe vɔvɔli nye nua ƒe nɔnɔme ko, ke menye nua ŋutɔŋutɔ o. Nenema kee ale si Yudatɔwo subɔ Mawu nye vɔvɔli ko, elabe subɔsubɔ si nyo wu ava xɔ ɖe eteƒe. Ele be míase ɖoɖo si Yehowa wɔ be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí la gɔme ale be míaƒe subɔsubɔ nadze eŋu. w23.10 25 ¶4-5
Braɖa, March 18
Le nuwuɣi la, anyiehefia akpe kplii, eye woanɔ wo nɔewo tutum, eye dziehefia . . . ava dze edzi.—Dan. 11:40.
Daniel ta 11 lia ƒo nu tso fia alo dunyaheŋusẽ eve siwo le ho ʋlim kple wo nɔewo be yewoaɖu xexea dzi ŋu. Ne míetsɔ nyagblɔɖi sia sɔ kple nyagblɔɖi bubu siwo le Biblia mea, míade dzesii be egbea, “dziehefia” lae nye Russia kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kpli, eye “anyiehefia” lae nye Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa. “Dziehefia” la le Mawu ƒe amewo yome tim vevie le nuto siwo me wòkpɔ ŋusẽ ɖoa me. Woƒo Ðasefo aɖewo hetsɔ wo de gaxɔ me le woƒe xɔse ta. Gake “dziehefia” ƒe nuwɔna sia meɖe dzi le mía nɔviwo ƒo o, ke boŋ ɖe wòdo ŋusẽ woƒe xɔse. Nu ka tae? Elabe mía nɔviawo nya be Mawu ƒe amewo yome titi na nyagblɔɖi si le Daniel ƒe agbalẽa mea le eme vam. (Dan. 11:41) Esia nyanya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi alé míaƒe mɔkpɔkpɔ me ɖe asi sesĩe eye míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. w23.08 11 ¶15-16
Kuɖa, March 19
Ame si ka asi mia ŋu la ka asi nye gadaglamakui ŋu.—Zak. 2:8.
Míaƒe ŋku nye ŋutilã ƒe akpa vevi aɖe eye míedina be naneke nakae o. Eya ta esi Yehowa gblɔ be míele abe yeƒe ŋkuvi enea, ɖeko wòle abe ele gbɔgblɔm be, “Ne ame aɖe wɔ nu vevi mi, nye amewoa, ke nye ŋutɔ ŋue wòwɔe ɖo” ene. Esi Yehowa lɔ̃ mí taa, ne nu te ɖe mía dzia, etena ɖe eya hã dzi eye wòdi vevie be yeakpɔ mía ta. Ne míele veve semaa, eya hã sea veve. Eya ta abe hakpalaa enea, míate ŋu ado gbe ɖa be Yehowa ‘nalé be na mí abe eƒe gadaglamakui alo ŋkuvi ene.’ (Ps. 17:8) Yehowa di be míaka ɖe edzi be yelɔ̃ mía dometɔ ɖe sia ɖe. Gake enya hã be nu siwo me míeto va yi ate ŋu ana wòasesẽ be míaka ɖe edzi be yelɔ̃ mí. Alo ɖewohĩ míele nɔnɔme sesẽwo me tom fifia si na wòsesẽ na mí be míaka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí. Ke nu kae akpe ɖe mía ŋu míaka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí? Eyae nye be míasrɔ̃ nu tso ale si Yehowa lɔ̃ Yesu, amesiaminawo, kple mí katã ŋu. w24.01 27 ¶6-7
Yawoɖa, March 20
Mía Mawu ƒe asi nɔ mía dzi, eye wòɖe mí tso [futɔwo] . . . si me.—Ezra 8:31.
Ezra kpɔ ale si Yehowa xɔ na eƒe amewo esime dodokpɔ sesẽwo va wo dzi. Ƒe aɖewo do ŋgɔa, Fia Ahasweros de se le ƒe 484 D.Y. me be woatsrɔ̃ Yudatɔwo le Persia Fiaɖuƒe bliboa me. (Esta 3:7, 13-15) Ezra anya nɔ Babilon ɣemaɣi, eye eya hã ƒe agbe ɖo afɔku me. Yudatɔwo tsi nu dɔ eye wodo gbe ɖa fa avi na Yehowa be wòaxɔ na yewo. (Esta 4:3) Nukutɔea, nuwo trɔ bubui eye Yudatɔwo boŋ va ɖu ame siwo lé fu woa dzi. Kpɔ ale si gbegbe dzi dzɔ Ezra kple Yudatɔ bubuawoe ɖa! (Esta 9:1, 2) Nu siwo dzɔ ɣemaɣia anya dzra Ezra ɖo ɖe nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu, eye wòna wòka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpɔ eƒe amewo ta ɣesiaɣi. w23.11 17 ¶12-13
Fiɖa, March 21
Mawu bu dzɔdzɔenyenye nɛ, menye to dɔwɔwɔwo me o. —Rom. 4:6.
Apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso “se [Mose ƒe Sea] ƒe dɔwɔwɔwo” ŋu. (Rom. 3:21, 28) Edze be le Paulo ƒe ŋkekea mea, esesẽ na Yudatɔ Kristotɔ aɖewo be woalɔ̃ ɖe edzi be woɖe Mose ƒe Sea kple nu siwo Sea bia ɖa. Eya ta Paulo he susu yi Abraham dzi tsɔ ɖee fia be menye ‘se ƒe dɔwɔwɔwoe’ ana woabu ame be ele dzɔdzɔe o. Ke boŋ amea ƒe xɔsee ana woabui ame dzɔdzɔe. Esia dea dzi ƒo na mí ŋutɔ elabe ena míekpɔe be ne míexɔ Mawu kple Kristo dzi sea, míaƒe nu adze Mawu ŋu. Gake “dɔwɔwɔ” siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yakobo ta 2 lia to vovo na ‘se ƒe dɔwɔwɔ’ siwo ŋu Paulo ƒo nu tsoe. Yakobo nɔ nu ƒom tso nu siwo Kristotɔwo wɔna alo ale si wonɔa agbee ŋu. (Yak. 2:24) Nu mawoe ɖenɛ fiana be ame aɖe xɔ Mawu dzi se ŋutɔŋutɔ. w23.12 3 ¶8; 4-5 ¶10-11
Memleɖa, March 22
Ŋutsue nye ta na srɔ̃a.—Ef. 5:23.
Nɔvinyɔnu siwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la naɖɔ ŋu ɖo le ame si woatia ŋu. Ðo ŋku edzi be àva nɔ nɔviŋutsu si nàɖe ƒe tanyenye te. (Rom. 7:2; Ef. 5:33) Eya ta bia ɖokuiwò be: ‘Ðe wòtsi le gbɔgbɔ mea? Mawusubɔsubɔe nye nu vevitɔ nɛ le agbe mea? Ðe wòtsoa nya me le nunya mea? Ðe wòlɔ̃na ɖe eƒe vodadawo dzia? Ðe wòdea bubu nyɔnuwo ŋua? Ðe wòsu te akpe ɖe ŋunye masubɔ Yehowa? Ðe wòate ŋu akpɔ nye ŋutilãme kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔa?’ Gake ɖo ŋku edzi be ne èdi be yeakpɔ nɔviŋutsu nyui aɖea, ele be wò ŋutɔ hã nàwɔ nu siwo ana nàva nye srɔ̃nyɔnu nyui. Srɔ̃nyɔnu nyui nye “kpeɖeŋutɔ” na srɔ̃a. (1 Mose 2:18) Esi wòlɔ̃ Yehowa taa, etoa eƒe nuwɔna dzi nana ŋkɔ nyui nɔa srɔ̃aŋutsua ŋu. (Lod. 31:11, 12; 1 Tim. 3:11) Àte ŋu adzra ɖo fifia be nàva nye srɔ̃nyɔnu nyui ma tɔgbi ne èlɔ̃ Yehowa vevie eye nèlɔ̃na faa be yeakpe asi ɖe amewo ŋu le miaƒe ƒomea kple hamea me. w23.12 23 ¶18-19
Kwasiɖa, March 23
Ne mia dometɔ aɖe hiã nunya la, nenɔ Mawu biam.—Yak. 1:5.
Yehowa do ŋugbe be yeana nunya si míehiã be míate ŋu atso nya me nyuiea mí. Míehiã na mawumenunya, vevietɔ ne míele nya me tsom le agbemenya veviwo ŋu. Edoa ŋusẽ mí hã be míado dzi. Yehowa ana ŋusẽ si míehiã be míate ŋu ado dzi le xaxawo mea mí, abe ale si wòdo ŋusẽ apostolo Paulo ene. (Flp. 4:13) Mɔ aɖe si dzi wòtona wɔa esiae nye mía nɔvi Kristotɔwo. Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku mea, edo gbe ɖa na Yehowa vevie. Eɖe kuku na Yehowa be wòagaɖe mɔ amewo nabu ye be yenye busunyagblɔla o. Gake Yehowa kpe ɖe Yesu ŋu le mɔ bubu nu; edɔ nɔvia mawudɔla wòva do ŋusẽe. (Luka 22:42, 43) Nenema kee egbea hãa, Yehowa ate ŋu ato mía nɔviwo dzi akpe ɖe mía ŋu. Ate ŋu aʋã mía nɔvi aɖe be wòayɔ ade dzi ƒo na mí alo ava srã mí kpɔ. Mí katã míate ŋu adi mɔnukpɔkpɔ vovovowo agblɔ “nya nyui” atsɔ ade dzi ƒo na mía nɔewo.—Lod. 12:25. w23.05 10-11 ¶9-11
Dzoɖa, March 24
Miyi edzi mianɔ dzi dem ƒo na mia nɔewo, eye mianɔ mia nɔewo tum ɖo.—1 Tes. 5:11.
Nɔvi siwo dzudzɔ kpekpeawo dede evɔ wodze agbagba va Ŋkuɖodzia ate ŋu atsi dzi ɖe ale si nɔviwo awɔ nu ɖe yewo ŋua ŋu. Eya ta ɖɔ ŋu ɖo be màgabia nya aɖe si aɖia wo nu alo agblɔ nya aɖe si ate ɖe wo dzi o. Wogakpɔtɔ nye mía nɔvi Kristotɔwo. Eye míaƒe didie nye be woagava wɔ ɖeka kpli mí míasubɔ Yehowa kple dzidzɔ! (Ps. 119:176; Dɔw. 20:35) Edzɔ dzi na mí be Yesu bia tso mía si be míanɔ ŋku ɖom yeƒe kua dzi ƒe sia ƒe. Elabe Ŋkuɖodzia ɖea vi na míawo ŋutɔ kple ame bubuwo siaa le mɔ geɖe nu. (Yes. 48:17, 18) Eʋãa mí be míagalɔ̃ Yehowa kple Yesu ɖe edzi. Ewɔnɛ be míegakpɔa ŋudzedze ɖe nu si wowɔ na mí ŋu geɖe wu. Enana mía kple mía nɔviwo dome nɔna kplikplikpli. Eye enaa mɔnukpɔkpɔ mí be míakpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be nu nyui siwo Yehowa ato tafea dzi awɔ la nasu woawo hã si. Neva eme be míawɔ nu sia nu si míate ŋui adzra ɖo ɖe Ŋkuɖodzia, si nye wɔna vevitɔ si míawɔ le ƒea mea ŋu! w24.01 14 ¶18-19
Braɖa, March 25
Nye Yehowae nye . . . Ame si kplɔa wò.—Yes. 48:17.
Aleke Yehowa fiaa mɔ mí? Eƒe Nya, Biblia, koŋ dzie wòtona fiaa mɔ mí. Gake egatoa amegbetɔ siwo nye eteƒenɔlawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ezãa “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” si naa gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie la mí. (Mat. 24:45) Yehowa zãa ŋutsu bubu siwo dze hã be woafia mɔ mí. Le kpɔɖeŋu me, nutome sue dzikpɔlawo kple hamemetsitsiwo dea dzi ƒo na mí, eye wonaa mɔfiame siwo akpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme sesẽwo me. Míedaa akpe na Yehowa ŋutɔ be wòle mɔfiamewo nam mí le nuwuɣi sesẽ siawo me. Mɔfiame siawo kpena ɖe mía ŋu be míakpɔtɔ anye Yehowa xɔlɔ̃wo eye míanɔ agbemɔa dzi. Gake ate ŋu asesẽ na mí ɣeaɖewoɣi be míawɔ ɖe mɔfiame siwo Yehowa naa mí la dzi, vevietɔ ne wo tso amegbetɔ madeblibowo gbɔ. Ne edzɔ alea, ele be míadze agbagba aka ɖe edzi be Yehowae le mɔ fiam eƒe amewo. Eye ne míewɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzia, ayra mí. w24.02 20 ¶2-3
Kuɖa, March 26
Migana míatsɔ nya kple aɖe ko alɔ̃ ame o, ke boŋ míatsɔ nuwɔna kple nyateƒe alɔ̃ ame.—1 Yoh. 3:18.
Míalɔ̃ Yehowa geɖe wu ne míedoa vevie eƒe Nyaa sɔsrɔ̃. Ne èle Biblia ƒe akpa aɖe xlẽmaa, dze agbagba nàde dzesi nu si wòfia wò tso Yehowa ŋu. Bia ɖokuiwò be: ‘Aleke ŋutinya sia ɖee fia be Yehowa lɔ̃m? Aleke wòate ŋu aʋãm be nye hã malɔ̃e?’ Nu bubu si míate ŋu awɔ be míagalɔ̃ Yehowa ɖe edzi wue nye be míado gbe ɖa nɛ edziedzi agblɔ míaƒe dzimenyawo nɛ. (Ps. 25:4, 5) Eye Yehowa hã aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu na mí. (1 Yoh. 3:21, 22) Azɔ hã ele be míalɔ̃ mía nɔviwo geɖe wu. Le apostolo Paulo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa mea, edo go ɖekakpui nyui aɖe si ŋkɔe nye Timoteo. Timoteo lɔ̃ Yehowa eye wòlɔ̃ amewo hã. Paulo gblɔ na Filipitɔwo be: “Ame aɖeke mele asinye si ƒe nɔnɔme de [Timoteo tɔ] nu, si akpɔ miaƒe nyawo gbɔ ale si dze o.” (Flp. 2:20) Ale si Timoteo lɔ̃ nɔviawo wɔ dɔ ɖe Paulo dzi ŋutɔ. Ðikeke mele eme o be nɔvi siwo le hame siwo Timoteo srãna kpɔ mea kpɔa mɔ na eƒe sasrãkpɔ vevie.—1 Kor. 4:17. w23.07 9 ¶7-10
Yawoɖa, March 27
Nyemagblẽ wò ɖi . . . akpɔ o. —Heb. 13:5.
Mose ku esi wòsusɔ vie Israel-viwo nayi Ŋugbedodonyigbaa dzi. Ðe Mawu ƒe amewo tsi asi le esi ŋutsu nuteƒewɔla ma megali o taa? Kura o. Yehowa lé be na wo zi ale si woyi edzi wɔ nuteƒe nɛ. Hafi Mose nakua, Yehowa gblɔ nɛ be wòana Yosua naxɔ ŋgɔ na yeƒe amewo. Mose tsɔ ƒe geɖe na hehe Yosua xoxo. (2 Mose 33:11; 5 Mose 34:9) Tsɔ kpe ɖe eŋua, ŋutsu bubu geɖe siwo dze la nɔ anyi siwo axɔ ŋgɔ le wo dome. Ðewo nye tatɔwo ɖe ame akpewo nu, ɖe ame alafawo nu, ɖe ame blãatɔwo nu, kple ɖe ame ewoewowo gɔ̃ hã nu. (5 Mose 1:15) Mawu ƒe amewo metsi asi kura o. Esia ƒe kpɔɖeŋu bubue nye Eliya. Etsɔ ƒe geɖe nɔ kpekpem ɖe Israel-viwo ŋu be woasubɔ Yehowa. Gake eva ɖo ɣeaɖeɣia, Yehowa de dɔ bubu esi le keke anyiehe gome ɖaa le Yuda. (2 Fia. 2:1; 2 Kron. 21:12) Ðe esia fia be wogblẽ nuteƒewɔla siwo nɔ Israel ƒe to ewo fiaɖuƒea me la ɖia? Ao. Do ŋgɔa, Eliya tsɔ ƒe geɖe na hehe Elisa. Esia fia be Yehowa kpɔ egbɔ be yeƒe tameɖoɖoa nɔ eme vam eye wòyi edzi lé be na esubɔla wɔnuteƒewo. w24.02 5 ¶12
Fiɖa, March 28
Miyi edzi mianɔ zɔzɔm abe kekeliviwo ene.—Ef. 5:8.
Kristotɔ siwo nɔ Efeso la va nɔ agbe nɔm ɖe Mawu ƒe Nya, si le abe kekeli ene nu. (Ps. 119:105) Wova gbe nu le alakpasubɔsubɔ gbɔ, eye wodzudzɔ agbe ƒaƒã nɔnɔ. Wova zu “Mawu srɔ̃lawo,” eye wole agbagba dzem be yewoasubɔ Yehowa be yewoƒe nu nadze eŋu. (Ef. 5:1) Hafi míawo hã míava srɔ̃ nyateƒea, mía dometɔ geɖe nɔ alakpasubɔsubɔ me, eye míaƒe agbenɔnɔ mede ame dzi o. Mía dometɔ aɖewo ɖu alakpasubɔsubɔhawo ƒe azãwo, eye bubuwo hã nɔ agbe ƒaƒã. Gake esi míeva srɔ̃ nu tso nu siwo Yehowa lɔ̃ kple nu siwo wòlé fui ŋua, míetrɔ, eye míeva le agbe nɔm abe ale si wòdi ene. Esia ɖe vi na mí le mɔ geɖe nu. (Yes. 48:17) Togbɔ be míetrɔ alea hã, míegadoa go kuxi aɖewo. Ele be míadzudzɔ agbe ƒaƒã siwo míenɔ va yi, eye ‘míayi edzi anɔ zɔzɔm abe kekeliviwo ene.’ w24.03 21 ¶6-7
Memleɖa, March 29
Afi ka kee míeyi ŋgɔ se ɖo o, mina míayi ŋgɔ tẽe le ɖoɖo nu le mɔ ma ke nu.—Flp. 3:16.
Ðewohĩ àsusu be yemesu te aɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ o. Anɔ eme be ehiã be nàwɔ tɔtrɔ aɖewo ale be nàte ŋu awɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi bliboe alo nàgado ŋusẽ wò xɔse geɖe wu. (Kol. 2:6, 7) Nusrɔ̃vi ɖe sia ɖe ƒe ŋgɔyiyi to vovo, eye menye ɖevi ɖe sia ɖee aɖe adzɔgbe axɔ nyɔnyrɔ ne exɔ ƒe aɖe o. Eya ta dze agbagba nàde dzesi tɔtrɔ siwo wòle be nàwɔ eye nàwɔe. Mègatsɔ ɖokuiwò sɔ kple ame aɖeke o. (Gal. 6:4, 5) Ne èva de dzesii be yemesu te aɖe adzɔgbe na Yehowa haɖe o hã, mègaɖe asi le taɖodzinu ma ŋu o. Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ tɔtrɔ siwo hiã. (Flp. 2:13) Àte ŋu aka ɖe edzi be ase wò gbedodoɖa eye wòakpe ɖe ŋuwò.—1 Yoh. 5:14. w24.03 5 ¶9-10
Kwasiɖa, March 30
Srɔ̃ŋutsuwo, . . . miyi edzi mianɔ anyi kple mia srɔ̃wo le nunya me.—1 Pet. 3:7.
Gbe ɖekaa, nu te ɖe Sara dzi vevie eye wòɖe eƒe seselelãmewo gblɔ na Abraham hebu fɔe gɔ̃ hã. Abraham nya be ye srɔ̃ Sara bɔbɔa eɖokui eye wòkpea asi ɖe ye ŋu. Eɖo toe eye wòdze agbagba kpɔ nyaa gbɔ. (1 Mose 16:5, 6) Nu kae míesrɔ̃ tso esia me? Srɔ̃ŋutsuwo, miaƒe agbanɔamedzie wònye be miatso nya me na miaƒe ƒomea. (1 Kor. 11:3) Ke hã, anye lɔlɔ̃ɖeɖefia ne èɖoa to nyuie sea srɔ̃wò ƒe susu hafi tsoa nya me, vevietɔ ne nyametsotsoa kae. (1 Kor. 13:4, 5) Ɣebubuɣia, Abraham xɔ amedzro si womenɔ mɔ kpɔm na o. Ebia tso Sara si be wòaɖe asi le nu si wɔm wòlea ŋu ne wòame abolo gbogbo aɖe. (1 Mose 18:6) Sara wɔ nu kpata eye wòwɔ nu siwo Abraham bia tso esi. Srɔ̃nyɔnuwo, miate ŋu asrɔ̃ Sara ƒe kpɔɖeŋua alɔ̃ ɖe mia srɔ̃wo ƒe nyametsotsowo dzi akpe asi ɖe wo ŋu. Ne miewɔe alea, miaƒe srɔ̃ɖeɖea ali ke.—1 Pet. 3:5, 6. w23.05 24-25 ¶16-17
Dzoɖa, March 31
Nunya si tso dziƒo la . . . elɔ̃na faa ɖoa to.—Yak. 3:17.
Esi Mawu ɖo Gideon ʋɔnudrɔ̃lae la, ehiã be wòaɖo to eye dzi nanɔ eƒo. Le kpɔɖeŋu me, Mawu de dɔ aɖe si me afɔku lea esi be wòagbã vɔsamlekpui si fofoa ɖi na Baal. (Ʋɔn. 6:25, 26) Emegbe esi Gideon ƒo asrafowo nu ƒua, Yehowa gblɔ nɛ zi eve sɔŋ be wòaɖe wo dzi akpɔtɔ. (Ʋɔn. 7:2-7) Mlɔebaa, Yehowa gblɔ nɛ be wòadze futɔwo ƒe asaɖa dzi le zã me. (Ʋɔn. 7:9-11) Ele be hamemetsitsiwo ‘nalɔ̃ faa aɖo to.’ Hamemetsitsi si ɖoa to wɔna ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiame kple mɔfiame si tso Mawu ƒe habɔbɔa gbɔ dzi. Etoa esia dzi ɖoa kpɔɖeŋu na ame bubuwo. Ke hã, ate ŋu asesẽ nɛ ɣeaɖewoɣi be wòaɖo to. Le kpɔɖeŋu me, ne mɔfiameawo sɔ gbɔ alo sẽe kple sẽe ko wogatrɔ asi le wo ŋua, ate ŋu asesẽ nɛ be wòawɔ ɖe wo dzi. Le go aɖewo mea, ɖewohĩ abia eɖokui be, ‘Ðe susu le mɔfiame siawo mea?’ Alo woabia tso esi be wòawɔ dɔ aɖe si ate ŋu ade eƒe ablɔɖe afɔku me. Ne edzɔ alea, aleke hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Gideon ƒe toɖoɖo? Ðo to mɔfiamewo nyuie eye nàwɔ ɖe wo dzi. w23.06 4-5 ¶9-11