INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • es25 axa 37-46
  • April

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • April
  • Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025
  • Tanya Suewo
  • Braɖa, April 1
  • Kuɖa, April 2
  • Yawoɖa, April 3
  • Fiɖa, April 4
  • Memleɖa, April 5
  • Kwasiɖa, April 6
  • Dzoɖa, April 7
  • Braɖa, April 8
  • Kuɖa, April 9
  • Yawoɖa, April 10
  • Fiɖa, April 11
  • ŊKUÐODZIŊKEKE
    Le Ɣeɖoto Megbe
    Memleɖa, April 12
  • Kwasiɖa, April 13
  • Dzoɖa, April 14
  • Braɖa, April 15
  • Kuɖa, April 16
  • Yawoɖa, April 17
  • Fiɖa, April 18
  • Memleɖa, April 19
  • Kwasiɖa, April 20
  • Dzoɖa, April 21
  • Braɖa, April 22
  • Kuɖa, April 23
  • Yawoɖa, April 24
  • Fiɖa, April 25
  • Memleɖa, April 26
  • Kwasiɖa, April 27
  • Dzoɖa, April 28
  • Braɖa, April 29
  • Kuɖa, April 30
Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro Gbe Sia Gbe—2025
es25 axa 37-46

April

Braɖa, April 1

Nu kae nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? . . . Ke nu ka tae nèflum?—1 Mose 29:25.

Yehowa subɔla siwo nɔ anyi le blema do go kuxi siwo womenɔ mɔ kpɔm na o. Wo dometɔ ɖekae nye Yakob. Fofoa gblɔ nɛ be wòaɖe woƒe ƒometɔ Laban, si hã nye Mawu subɔla, ƒe vinyɔnuwo dometɔ ɖeka, eye wòka ɖe edzi nɛ be Yehowa ayrae geɖe. (1 Mose 28:​1-4) Eya ta Yakob wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi. Ezɔ mɔ yi Laban ƒe me le Kanaan. Vinyɔnu eve le Laban si, siwo nye Lea kple Rahel. Laban vinyɔnu ɖevitɔ Rahel ƒe nu lé dzi na Yakob vevie; eya ta elɔ̃ be yeawɔ dɔ na fofoa ƒe adre, ne yeaɖee. (1 Mose 29:18) Gake nuwo meva yi abe ale si Yakob kpɔ mɔe ene o. Laban trɔe to eme, ale be wòtsɔ via tsitsitɔ Lea boŋ nɛ wòɖe. Le kwasiɖa ɖeka megbea, Laban lɔ̃ be yeatsɔ Rahel ana Yakob wòaɖe, gake ele be wòawɔ dɔ ƒe adre bubu ɖe eya hã ta. (1 Mose 29:​26, 27) Azɔ hã, Laban tafa Yakob esime wònɔ dɔ wɔm nɛ. Le wo katã mea, Laban trɔe to eme ƒe 20 sɔŋ!—1 Mose 31:​41, 42. w23.04 15 ¶5

Kuɖa, April 2

Mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋkume.—Ps. 62:8.

Ame ka ŋue míate ŋu atrɔ ɖo be wòafia mɔ mí eye wòafa akɔ na mí? Míenya ŋuɖoɖoa xoxo; eyae nye Yehowa Mawu. Le nyateƒe mea, eya ŋutɔ kpe mí be míado gbe ɖa na ye. Ɛ̃, edi be míanɔ “gbedodoɖa dzi ɣeawokatãɣi.” (1 Tes. 5:17) Míate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa faa abiae be wòafia mɔ mí le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. (Lod. 3:​5, 6) Esi Yehowa lɔ̃ mí taa, edi be míado gbe ɖa na ye zi gbɔ zi ale si míedi. Yesu nya be Yehowa dea asixɔxɔ esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo ŋu. Ƒe geɖe hafi Yesu nava anyigba dzia, ekpɔ ale si Fofoa ɖo esubɔla wɔnuteƒe siwo nye Hana, David, Eliya, kple bubuawo ƒe gbedodoɖawo ŋu. (1 Sam. 1:​10, 11, 20; 1 Fia. 19:​4-6; Ps. 32:5) Esia taa, Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ gbe dom ɖa edziedzi eye woaka ɖe edzi be Yehowa asee!—Mat. 7:​7-11. w23.05 2 ¶1, 3

Yawoɖa, April 3

Amegbetɔvɔvɔ̃ la, mɔ̃e wònye ɖea ame, ke ame si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu la, woakpɔ eta.—Lod. 29:25.

Nunɔlagã Yehoyada vɔ̃a Yehowa. Esia dze ƒãa esime Ataliya, si nye Izebel vinyɔnu, to mɔ si mesɔ o dzi wɔ eɖokui fianyɔnu le Yuda. Eye esi wòdi be ŋusẽ geɖe nasu ye si taa, esẽ tame wu eya ŋutɔ mamayɔvia siwo ate ŋu ava ɖu fia! (2 Kron. 22:​10, 11) Gake mamayɔviawo dometɔ ɖeka si nye Yehoas tsi agbe, elabe Yehoyada kple srɔ̃a Yehosabat tsɔe ɣla eye wolé be nɛ. Esia wɔe be wokpɔ David ƒe fiaƒomea ta. Yehoyada yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa eye meɖe mɔ vɔvɔ̃ na Ataliya wɔe be wòdo kpo nuteƒewɔwɔ o. Esi Yehoas xɔ ƒe adrea, Yehoyada gaɖe nuteƒewɔwɔ na Yehowa fia le mɔ bubu aɖe nu. Ewɔ ɖoɖo aɖe. Ne ɖoɖoa dze edzia, Yehoas si nye David ƒe fiaƒomea me tɔ azu fia. Gake ne ɖoɖoa medze edzi oa, Yehoyada ƒe agbe ate ŋu atsi eme. Yehowa yra ɖe eƒe ɖoɖoa dzi eye wòdze edzi. w23.06 17 ¶12-13

Fiɖa, April 4

[Nyae] be Dziƒoʋĩtɔ lae nye Dziɖula si kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye ame si dze eŋu la, eyae wòtsɔnɛ nana.—Dan. 4:25.

Ele bɔbɔe be Fia Nebukadnezar nabu Daniel be enye yeƒe futɔ, eye ate ŋu aɖe gbe be woawui gɔ̃ hã. Gake dzi nɔ Daniel ƒo eye wòɖe drɔ̃ea gɔme. Anye nu kae kpe ɖe Daniel ŋu be dzi nɔ eƒo le eƒe agbe me katã? Esime Daniel nye ɖevia, ɖikeke mele eme o be esrɔ̃ fofoa kple dadaa ƒe kpɔɖeŋu. (5 Mose 6:​6-9) Eya ta Daniel nya Se Ewoawo, gake menye ema ɖeɖe koe o, enya se siwo ku ɖe nu siwo wòle be Israel-viwo naɖu kple nu siwo mele be woaɖu o hã ŋu nyuie. (3 Mose 11:​4-8; Dan. 1:​8, 11-13) Azɔ hã esrɔ̃ nu tso Mawu ƒe amewo ƒe ŋutinya ŋu eye wònya nu si dzɔ ɖe wo dzi esi womeɖo to Yehowa ƒe mɔfiamewo o. (Dan. 9:​10, 11) Nu siwo me Daniel to le agbe mea na wòka ɖe edzi be Yehowa kple eƒe dɔla sẽŋuawo akpe ɖe ye ŋu.—Dan. 2:​19-24; 10:​12, 18, 19. w23.08 3 ¶5-6

Memleɖa, April 5

Ame siwo nyaa afi si woƒe ŋutete se ɖo la si mee nunya le.—Lod. 11:2.

Rebeka dze nunya, enya nu si wòle be yeawɔ ɣesiaɣi, eye dzi nɔa eƒo wòɖea afɔ si sɔ le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. (1 Mose 24:58; 27:​5-17) Ke hã, ebɔbɔ eɖokui eye wòdea bubu ame ŋu. (1 Mose 24:​17, 18, 65) Ne èbɔbɔa ɖokuiwò abe Rebeka ene eye nèkpea asi ɖe tanyenye ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ ŋua, ànye kpɔɖeŋu nyui le wò ƒomea kple hamea siaa me. Be míanye Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ mea, ehiã vevie be míanya afi si míaƒe ŋutete se ɖo. Esta nye mawusubɔla wɔnuteƒe si nya afi si eƒe ŋutete se ɖo. Esia wɔe be esi wòva zu fianyɔnu gɔ̃ hãa, medo eɖokui ɖe dzi o, ke boŋ elɔ̃ faa wɔ ɖe aɖaŋu si eƒe ƒometɔ tsitsi Mordekai ɖo nɛ dzi. (Esta 2:​10, 20, 22) Àte ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua ne èlɔ̃na faa biaa aɖaŋuɖoɖo eye nèwɔna ɖe edzi. (Tito 2:​3-5) Mɔ bubu si nu Esta ɖee fia le be yenya afi si yeƒe ŋutete se ɖoe nye be, togbɔ be “[enya] kpɔ hedze tugbe ŋutɔ” hãa, mehe susu va eɖokui dzi madzemadzee o.—Esta 2:​7, 15. w23.12 19-20 ¶6-8

Kwasiɖa, April 6

Mawu nye gã wu míaƒe dziwo, eye wònya nuwo katã.—1 Yoh. 3:20.

Yehowa medi be míanɔ fɔ bum mía ɖokui fũu akpa o. Ne míeʋu míaƒe nu vɔ̃ me, míetrɔ dzi me, eye míeɖe afɔ siwo ana míaƒo asa na nu vɔ̃ ma wɔwɔa, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa tsɔe ke mí. (Dɔw. 3:19) Ne míenya ɖe afɔ mawo koa, Yehowa medi be míayi edzi aganɔ fɔ bum mía ɖokui o. Enya be ne míebua fɔ mía ɖokui fũu akpaa, ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu. (Ps. 31:10) Ate ŋu ana hã be míalé blanui fũu akpa eye míana ta. (2 Kor. 2:7) Ne wò dzi gale fɔ bum wò kokokoa, na wò susu nanɔ Mawu ƒe “tsɔtsɔke vavãtɔ” ŋu. (Ps. 130:4) Ðo ŋku edzi be Yehowa tsɔna kea ame siwo trɔ dzi me vavã, eye wòdo ŋugbe be ‘yemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o.’ (Yer. 31:34) Esia fia be Yehowa magabu fɔ wò ɖe nu vɔ̃ siwo nèwɔ va yia ta o. Mègado dziku ɖe ɖokuiwò ŋu ne nu vɔ̃ si nèwɔ va yia wɔe be subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ aɖewo ge le asiwò le hamea me o. Yehowa meyia edzi nɔa nu vɔ̃ siwo nèwɔa ŋu bum o, ta wò hã mèganɔ wo ŋu bum o. w23.08 30-31 ¶14-15

Dzoɖa, April 7

Minɔ te sesĩe, maʋamaʋã.—1 Kor. 15:58.

Le corona dɔvɔ̃a ƒe ɣeyiɣiawo mea, amewo kaka alakpanyawo. Esi amewo xɔ nya mawo dzi sea, ewɔe be wotsi dzimaɖi vevie. Gake Yehowa Ðasefo siwo wɔ ɖe habɔbɔa ƒe mɔfiamewo dzi ya metsi dzi fũu o. (Mat. 24:45) Mele be míaɖe susu ɖa le “nu siwo le vevie wu la” dzi o. (Flp. 1:​9, 10) Susuhenuwo ate ŋu agblẽ ɣeyiɣi na mí ale be mímagakpɔ ɣeyiɣi ɖe nu siwo le vevie wu ŋu o. Nu siwo míewɔna edziedzi abe nuɖuɖu, nunono, modzakaɖeɖe kple dɔwɔɖuia gɔ̃ hã ate ŋu ava nye susuhenu na mí ne wova nye nu vevitɔwo na mí le agbe me. (Luka 21:​34, 35) Azɔ hã míesea nyadzɔdzɔ geɖe ku ɖe gbɔlɔlɔ siwo le edzi yim kple dunyahenyawo ŋu gbe sia gbe. Ele be míakpɔ nyuie be nu mawo nagahe míaƒe susu o. Ne menye nenema oa, míava nɔ akpa aɖe dzi dem le míaƒe dzi me. Satana zãa mɔnu vovovowo kple susu be yeana be míagawɔ ɖe tame si míeɖo kplikpaa be míawɔ nu si sɔa dzi o. w23.07 16-17 ¶12-13

Braɖa, April 8

Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.—Luka 22:19.

Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ye nye wɔna vevitɔ le ƒea me na Yehowa ƒe amewo. Ema koe nye wɔna si Yesu de se na eyomedzelawo be woanɔ wɔwɔm. (Luka 22:​19, 20) Enana míebua ale si míada akpe ɖe Yesu ƒe vɔsaa ta ŋu. (2 Kor. 5:​14, 15) Eye enaa mɔnukpɔkpɔ mí hã be “míade dzi ƒo na mía nɔewo.” (Rom. 1:12) Azɔ hã nu siwo yia edzi le Ŋkuɖodzia ʋãa ɖetsɔlemetɔ geɖe be woava zɔ agbemɔa dzi. Ŋkuɖodzia wɔnɛ hã be míewɔa ɖeka kple mía nɔviwo le xexea me godoo. Ɛ̃, Ŋkuɖodzia nye wɔna tɔxɛ vavã! w24.01 8 ¶1-3

Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 9) Luka 19:​29-44

Kuɖa, April 9

Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, be ame sia ame si xɔa edzi sena la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.—Yoh. 3:16.

Ne míedea ŋugble le nu siwo gbegbe Yehowa kple Yesu wɔ na mí ŋua, esia ana míakpɔ ale si gbegbe wolɔ̃ mía dometɔ ɖe sia ɖee. (Gal. 2:20) Tafea nye nunana tso Yehowa gbɔ. Etsɔ Via Yesu, si nye eƒe nu vevitɔ, na le esi wòlɔ̃ amegbetɔwo ta. Yehowa ɖe mɔ Via kpe fu heku ɖe mía ta. Menye ɖeko Yehowa lɔ̃ mí ko evɔ o, ke eɖenɛ gblɔna hã. (Yer. 31:3) Ete mí ɖe eɖokui ŋu le esi wòlɔ̃ mí ta. (Tsɔe sɔ kple 5 Mose 7:​7, 8.) Naneke alo ame aɖeke mate ŋu ama mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ gbɔ o. (Rom. 8:​38, 39) Aleke lɔlɔ̃ sia nana nèsena le ɖokuiwò me? w24.01 28 ¶10-11

Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 10) Luka 19:​45-48; Mateo 21:​18, 19; 21:​12, 13

Yawoɖa, April 10

[Le] mɔkpɔkpɔ [ta la,] woaɖe nuwɔwɔ la.—Rom. 8:​20, 21.

Kristotɔ amesiaminawo dea asixɔxɔ woƒe dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu. Wo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Nɔviŋutsu Frederick Franz, gblɔ ale si wòse le eɖokui me tso mɔkpɔkpɔ ma ŋu be: “Kakaɖedzi le míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu eye ava eme bliboe na ha sue la me tɔ 144,000 la dometɔ ɖe sia ɖe wòade ŋgɔ wu nu si míesusu gɔ̃ hã.” Le ƒe 1991 mea, egblɔ kakaɖedzitɔe be: “Mɔkpɔkpɔ ma ƒe asixɔxɔ mebu ɖe mí . . . o. Eye míele ŋudzedze kpɔm ɖe eŋu geɖe wu zi ale si wòhiã be míalala eƒe vava geɖe wu la. Enye nane si dze be míalala eƒe vava . . . Medea asixɔxɔ gã míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu wu tsã.” Míeɖale mɔ kpɔm be míava nɔ agbe tegbee le dziƒo alo anyigba dzi o, míaƒe mɔkpɔkpɔa le etɔxɛ eye esia nana dzi dzɔa mí. Gake míaƒe mɔkpɔkpɔa me agate ŋu asẽ ɖe edzi. w23.12 9 ¶6; 10 ¶8

Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 11) Luka 20:​1-47

Fiɖa, April 11

Nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu mate ŋu aɖe nu vɔ̃wo ɖa o.—Heb. 10:4.

Woɖi akɔblivɔsamlekpui ɖe avɔgbadɔa ƒe mɔnu si dzi wotsɔa lãwo saa vɔ ɖo na Yehowa. (2 Mose 27:​1, 2; 40:29) Gake vɔsa mawo mate ŋu aɖe ameawo ƒe nu vɔ̃wo ɖa keŋkeŋ o. (Heb. 10:​1-3) Ale si wotsɔa lãwo nɔa vɔ sam le avɔgbadɔa me nye vɔvɔli na vɔsa ɖeka aɖe si atutu amegbetɔwo ƒe nu vɔ̃wo ɖa keŋkeŋ. Yesu nyae be Yehowa dɔ ye ɖe anyigba dzi be yeatsɔ yeƒe agbe ana wòanye tafevɔsa ɖe amegbetɔwo ta. (Mat. 20:28) Eya ta esi Yesu xɔ nyɔnyrɔa, etsɔ eɖokui na be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. (Yoh. 6:38; Gal. 1:4) Yesu tsɔ eƒe agbe na be wòanye fexexe ɖe ame sia ame si xɔa edzi sena ƒe nu vɔ̃wo ta “zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu.”—Heb. 10:​5-7, 10. w23.10 26-27 ¶10-11

Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 12) Luka 22:​1-6; Marko 14:​1, 2, 10, 11

ŊKUÐODZIŊKEKE
Le Ɣeɖoto Megbe
Memleɖa, April 12

Mawu ƒe nunanae nye agbe mavɔ to Kristo Yesu mía Aƒetɔ la dzi.—Rom. 6:23.

Míawo ŋutɔwo míate ŋu aɖe mía ɖokui tso nu vɔ̃ kple ku si me gbeɖe o. (Ps. 49:​7, 8) Eya ta Yehowa wɔ ɖoɖo Via malɔ̃nugbɔa va tsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta. Nu gã aɖe ŋutɔe wònye wowɔ na mí! Ne míedea ŋugble le nu si gbegbe Yehowa kple Yesu wɔ na mí ŋua, ana míakpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu. Esi Adam wɔ nu vɔ̃a, agbe tegbee ƒe mɔnukpɔkpɔa to eya ŋutɔ kple viawo katã ŋu. Be woagbugbɔ aƒle nu si Adam bua, Yesu tsɔ eƒe agbe debliboa sa vɔ. Esi Yesu nɔ anyigba dzia, “mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o, eye womekpɔ beble le eƒe nu me hã o.” (1 Pet. 2:22) Yesu kpɔtɔ nye ame deblibo abe Adam ene hafi ku. Esia tae wòsɔ be Yesu tsɔ eƒe agbe na be wòagbugbɔ aƒle nu si Adam bú.—1 Kor. 15:45; 1 Tim. 2:6. w24.01 10 ¶5-6

Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 13) Luka 22:​7-13; Marko 14:​12-16 (Le ɣeɖoto megbe: Nisan 14) Luka 22:​14-65

Kwasiɖa, April 13

Menye gbɔ̃wo kple nyitsuwo ƒe ʋu ye wòtsɔ ge ɖe kɔkɔeƒe la zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu o, ke boŋ eya ŋutɔ ƒe ʋu ye, eye wòxɔ ɖeɖekpɔkpɔ mavɔ vɛ na mí.—Heb. 9:12.

Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre eye wòyi dziƒoa, ege ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la. Edze ƒãa be ɖoɖo si Yehowa wɔ na tadedeagu dzadzɛa si nɔ te ɖe Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa kple akpa si wòawɔ abe nunɔlagã ene dzia, de ŋgɔ sãsãsã wu blema tɔ. Israel-viwo ƒe nunɔlagãa tsɔa lãwo ƒe ʋu gena ɖe Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe si wotsɔ asi wɔ, gake Yesu ya yi ɖe “dziƒo ŋutɔŋutɔ,” si nye teƒe si le kɔkɔe wu ɖe sia ɖe eye wòdo ɖe Yehowa ŋkume. Etsɔ eƒe agbe deblibo si wòtsɔ sa vɔe ɖe mía ta ƒe asixɔxɔ do ɖe Yehowa gbɔ “be wòaɖe nu vɔ̃ ɖa.” (Heb. 9:​24-26) Míeɖale mɔ kpɔm be míanɔ agbe le dziƒo alo anyigba dzi o, mí katã míate ŋu asubɔ Yehowa le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me. w23.10 28 ¶13-14

Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 14) Luka 22:​66-71

Dzoɖa, April 14

Eya ta mina dzi nanɔ mía ƒo míate ɖe amenuvevezikpui la ŋu aƒo nu faa.—Heb. 4:16.

Yesu le nu geɖe wɔm na mí le dziƒo. Eyae nye míaƒe Fia kple Nunɔlagã si sea veve ɖe mía nu. To eyama dzia, míate ŋu ado gbe ɖa ate ɖe Mawu ƒe “amenuvevezikpui la ŋu” abia be wòakpɔ nublanui na mí eye wòakpe ɖe mía ŋu le “hiahiãgbe.” (Heb. 4:​14, 15) Neva eme be míade ŋugble le nu si Yehowa kple Yesu wɔ na mí kple nu siwo woyi edzi le wɔwɔm na mí ŋu gbe sia gbe. Na lɔlɔ̃ si woɖe fia mí naʋã wò be nàwɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me. (2 Kor. 5:​14, 15) Mɔ nyui aɖe si dzi míato aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afiae nye be míakpe ɖe amewo ŋu woava zu Yehowa ƒe Ðasefowo kple Yesu ƒe nusrɔ̃lawo. (Mat. 28:​19, 20) Esia tututue apostolo Paulo wɔ. Enyae be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye be “woaɖe ame ƒomeviwo katã, eye nyateƒe ƒe sidzedze vavãtɔ la nasu wo si.”—1 Tim. 2:​3, 4. w23.10 22-23 ¶13-14

Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 15) Mateo 27:​62-66

Braɖa, April 15

Ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.—Nyaɖ. 21:4.

Mía dometɔ geɖe zãa Biblia me nya lédziname siawo ne míele nu fiam amewo tso Paradisoa ŋu. Aleke míawɔ aka ɖe edzi be yayra siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 21:​3, 4 ava eme? Eye aleke míawɔ akpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woaka ɖe edzi? Menye ɖeko Yehowa do ŋugbe nyui siawo na mí ko evɔ o, ke ena wo ŋuti kpeɖodzi sẽŋuwo hã mí si tae míate ŋu aka ɖe wo dzi bliboe. Susu siwo tae míate ŋu aka ɖe ŋugbe si Yehowa do ku ɖe Paradisoa ŋu dzia dze le Nyaɖeɖefia 21:​5, 6a. Afi ma xlẽ be: “Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la gblɔ be: ‘Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.’ Eye wògagblɔ hã be: ‘Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nyateƒenyawo kple nya vavãwo.’ Eye wògblɔ nam be: ‘Wova eme! Nyee nye Alfa kple Omega, gɔmedzedze kple nuwuwu.’” w23.11 2-3 ¶3-5

Ŋkuɖodzi Biblia xexlẽ: (Ŋkekea me nudzɔdzɔwo: Nisan 16) Luka 24:​1-12

Kuɖa, April 16

Yi edzi nànɔ nu xlɔ̃m ɖekakpuiwo be woaɖɔ ŋu ɖo.—Tito 2:6.

Nɔviŋutsu ɖekakpui si tu tamebubuŋutete ɖo la ɖenɛ fiana le eƒe nudodo kple dzadzraɖo me. Ame siwo toa awu ƒe atsyãwo vɛ dometɔ geɖe medea bubu Yehowa ŋu o eye womenɔa agbe nyui hã o. Eya ta awu ƒe atsyã siwo wotona vɛa miana ame kpaɖii henyɔa dzodzro vɔ̃wo ɖe ame me eye wonana ŋutsuwo dzena abe nyɔnuwo ene. Ne ɖekakpui si le ŋgɔ yim le gbɔgbɔ me le awu si wòado tiam la, enana Biblia me gɔmeɖosewo fiaa mɔe eye wòléa ŋku ɖe nɔviŋutsu siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui ƒe nudodowo ŋu. Ate ŋu abia eɖokui be: ‘Ðe nye nudodo kple dzadzraɖo ɖenɛ fiana be meɖɔa ŋu ɖo eye mebua ame bubuwo ŋua? Ðe wòdzena ƒãa na amewo be mawusubɔlae menyea?’ (1 Kor. 10:​31-33) Ne ètu tamebubuŋutete ɖoa, nɔviwo akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwò, eye wò nu adze Fofowò si le dziƒo ŋu. w23.12 26 ¶7

Yawoɖa, April 17

Nye Fiaɖuƒe menye xexe sia ƒe akpa aɖeke o. Ne ɖe nye Fiaɖuƒe nye xexe sia ƒe akpa aɖe la, anye ne nye dɔlawo wɔ avu.—Yoh. 18:36.

“Anyiehefia” la ti Mawu ƒe amewo yome va yi. (Dan. 11:40) Le kpɔɖeŋu me, le Xexemeʋa Gbãtɔ kple Evelia mea, wolé mía nɔvi geɖe de ga me eye wonya Ðasefowo ƒe vi geɖe le suku le esi womede akpa aɖeke dzi o ta. Gake le ƒe siwo va yi mea, Yehowa subɔla siwo le nuto siwo dzi “anyiehefia” la kpɔ ŋusẽ ɖo mea, to xɔse ƒe dodokpɔ bubuwo me. Le kpɔɖeŋu me, le akɔdaɣiwoa, ate ŋu asesẽ na Kristotɔ be wòagade akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o. Anɔ eme be mayi ava da akɔ ya o, gake ne meɖɔ ŋu ɖo oa, ava nɔ akpa aɖe dzi dem le eƒe dzi me. Eya ta be míagade akpa aɖeke dzi le mɔ aɖeke nu oa, menye míaƒe nuwɔna ŋu koe wòle be míalé ŋku ɖo o, ke ele be míalé ŋku ɖe míaƒe nuŋububu kple seselelãmewo hã ŋu.—Yoh. 15:​18, 19. w23.08 12 ¶17

Fiɖa, April 18

Woakafu Yehowa, ame si tsɔa míaƒe agbawo na mí gbe sia gbe.—Ps. 68:19.

Ele be míaƒu agbedua “le mɔ si ana [míaxɔ] fetu la nu.” (1 Kor. 9:24) Yesu gblɔ be míakpɔ mía ɖokui dzi nyuie be ‘nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono kpakple agbemedzimaɖitsitsiwo nagate míaƒe dzi ɖe to o.’ (Luka 21:34) Mawunyakpukpui sia kple bubu geɖe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade dzesi tɔtrɔ siwo wòle be míawɔ be míate ŋu aƒu agbedua. Míeka ɖe edzi be míaƒu agbedua awu enu, elabe Yehowa ado ŋusẽ mí. (Yes. 40:​29-31) Eya ta ɖeɖi megate ŋuwò o! Srɔ̃ apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua nàwɔ wò ŋutete katã be wò asi nasu dziɖuɖufetua dzi. (Flp. 3:​13, 14) Ame aɖeke mate ŋu aƒu agbedua na wò o. Gake Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ dzidzedze. Akpe ɖe ŋuwò nàtsɔ wò agbawo eye nàɖe asi le esiwo mehiã oa ŋu. Yehowa li kpli wò; akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi aƒu agbedua awu enu! w23.08 31 ¶16-17

Memleɖa, April 19

Bu fofowò kple dawò.—2 Mose 20:12.

Esime Yesu xɔ ƒe 12 la, edzilawo dzo le egbɔ le Yerusalem. (Luka 2:​46-52) Ðe wòle be Yosef kple Maria nakpɔ egbɔ be yewo viwo katã le yewo ŋu esime wotrɔ yina aƒe me hafi. Gake esi wova ke ɖe eŋu mlɔebaa, Maria bu fɔe ɖe fu siwo wokpe hafi ke ɖe eŋu ta! Ðe Yesu na wonya be mesɔ be woabu fɔ ye oa? Ao, mewɔe nenema o. Ke boŋ eɖo nya ŋu na wo bubutɔe, evɔ “womese nya si wògblɔ na wo la gɔme o.” Togbɔ be ele alea hãa, “[Yesu] yi edzi bɔbɔ eɖokui na wo.” Sɔhɛwo, ɖe wòsesẽna na mi ɣeaɖewoɣi be miaɖo to mia dzilawo ne woda vo alo womese nu gɔme na mi oa? Nu kae ate ŋu akpe ɖe mia ŋu? Eyae nye be miabu ale si Yehowa ase le eɖokui mea ŋu. Biblia gblɔ be ne mieɖo to mia dzilawoa, “esia dzea Aƒetɔ la ŋu nyuie.” (Kol. 3:20) Ne edzɔ be mia dzilawo mese nu gɔme na mi tututu o, alo be woƒe se aɖewo dzi wɔwɔ sesẽ na mi la, esia nɔa nyanya na Yehowa. Gake ne mielɔ̃na faa ɖoa to woa, Yehowa kpɔa dzidzɔ. w23.10 7 ¶5-6

Kwasiɖa, April 20

[Mina míanye] nugɔmeselawo, [afa] tu na amewo katã.—Tito 3:2.

Le kpɔɖeŋu me, wò sukuhati aɖe ate ŋu agblɔ be ehiã be Yehowa Ðasefowo natrɔ ale si wobua ŋutsu kple ŋutsu kpakple nyɔnu kple nyɔnu ƒe dɔdɔ ŋu. Anyo be míaka ɖe edzi nɛ be míedea bubu amewo ŋu eye míenyae hã be gome le ame sia ame si be wòatia nu si wòawɔ. (1 Pet. 2:17) Azɔ hã míate ŋu atsɔ nya si Biblia gblɔ tso agbe nyui nɔnɔ ŋu kple ale si wòaɖe vi na míi afiae. Ne ame aɖe melɔ̃ ɖe míaƒe nyawo dzi oa, mele be míaƒo nya ta enumake be míenya dzixɔse si le esi o. Le kpɔɖeŋu me, ne wò sukuhati aɖe gblɔ be nunya mele eme be woaxɔ Mawu dzi ase oa, nu kae nàwɔ? Ðe nàƒo nya ta be exɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia dzi se eye wònya nu geɖe tso eŋua? Anɔ eme be nya siwo wòse amewo gblɔ ko gblɔm eya hã le. Àte ŋu atsɔ nyati aɖe si ku ɖe nuwɔwɔwo ŋu le jw.org afiae alo aɖo eƒe link ɖee. Ne èwɔe alea, ate ŋu ava lɔ̃ be yeaɖo dze tso nyati alo video si wòkpɔ le afi ma ŋu. Ɛ̃, esia ate ŋu awɔe be wòalɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia. w23.09 17 ¶12-13

Dzoɖa, April 21

Oo Yehowa, wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke; amenuveve bɔ ɖe asiwò na ame siwo katã yɔa wò la.—Ps. 86:5.

Ne edzɔ be míeda vo gake míetrɔ dzi me eye míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋua, míate ŋu aka ɖe edzi be agate ŋu azã mí míawɔ eƒe lɔlɔ̃nu eye wòayra mí. (Lod. 28:13) Samson mede blibo o, ke hã esi wòda voa, medzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o. Eye Yehowa hã megblẽe ɖi o. Mawu gado ŋusẽe etɔxɛe wòwɔ eƒe lɔlɔ̃nu. Yehowa kpɔtɔ bu Samson be enye ŋutsu si si xɔse sẽŋu le eye wòna woŋlɔ eƒe ŋkɔ kpe ɖe nuteƒewɔla siwo woyɔ le Hebritɔwo ta 11 lia me ŋu. Dzi ɖoa mía ƒo ŋutɔ be mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo di vevie be yeado ŋusẽ mí, vevietɔ ne míegbɔdzɔ. Eya ta neva eme be míasrɔ̃ Samson aɖe kuku na Yehowa be: “Ðo ŋku dzinye; Oo Mawu, meɖe kuku do ŋusẽm.”—Ʋɔn. 16:28. w23.09 7 ¶18-19

Braɖa, April 22

Miaƒe susu [nenɔ] Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu vevie.—2 Pet. 3:12.

Esi Yehowa ƒe ŋkekea le susu me na mí taa, míekua kutri gblɔa nya nyuia na amewo. Ke hã ɣeaɖewoɣia, dzi menɔa mía ƒo be míaɖi ɖase na amewo o. Nu ka tae? Elabe míevɔ̃na be womawɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o. Nu ma tɔgbie dzɔ ɖe Petro dzi. Le zã si me wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu mea, Petro nɔ vɔvɔ̃m be yeana amewo nanya be Yesu ƒe nusrɔ̃lae yenye eye wògbe nu le egbɔ gɔ̃ hã. (Mat. 26:​69-75) Gake Petro va ɖu vɔvɔ̃ dzi eye wògblɔ emegbe be: “Migavɔ̃ nu si vɔ̃m wole la o, eye dzika negatso mia ƒo hã o.” (1 Pet. 3:14) Petro ƒe nyawo na míeka ɖe edzi be míate ŋu aɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míaɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi? Petro gblɔ be: “Mikɔ Kristo la si nye Aƒetɔ ŋu le miaƒe dziwo me.” (1 Pet. 3:15) Esia bia be míade ŋugble le ɖoƒe kple ŋusẽ si gbegbe le míaƒe Aƒetɔ kple Fia, Kristo Yesu, si la ŋu. w23.09 27-28 ¶6-8

Kuɖa, April 23

Migana woayɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu kple makɔmakɔnyenye aɖeke ƒomevi . . . gɔ̃ hã le mia dome o.—Ef. 5:3.

Ele be míaʋli vevie be “viviti me dɔ matsekuwo” ƒe mɔ̃ aɖeke nagaɖe mí o. (Ef. 5:11) Nuteƒekpɔkpɔwo ɖee fia be ne ame aɖe kpɔa nu makɔmakɔ aɖe, ɖoa toe, alo ƒoa nu tso eŋu la, anɔ bɔbɔe be wòaƒo eɖokui ɖe nuwɔna ma me. (1 Mose 3:6; Yak. 1:​14, 15) Satana ƒe xexea dzea agbagba be yeaflu mí ale be míasusui be naneke megblẽ le nu siwo Yehowa buna be wonye nuwɔna makɔmakɔwo kple nuwɔna gbegblẽwo ŋu o. (2 Pet. 2:19) Abosam ƒe ayemɔ siwo wɔa dɔ nɛ tso blema ke dometɔ ɖekae nye be wòana amewo natɔtɔ, ale be woagade vovo nyui kple vɔ̃ dome o. (Yes. 5:20; 2 Kor. 4:4) Eya ta mewɔ nuku o be wodoa susu siwo mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo o ɖe ŋgɔ le filmwo, television dzi wɔnawo kple Internet dzi. Satana di be yeaflu mí míaxɔe ase ne amewo ƒo wo ɖokui ɖe nuwɔna siawo me la, megblẽa naneke le wo ŋu o, eya ta magblẽ nu le mía ŋu o.—Ef. 5:6. w24.03 22 ¶8-10

Yawoɖa, April 24

Ame siawo le subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔm wònye dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli.—Heb. 8:5.

Le gɔmedzedzea mea, Israel-viwo kɔa avɔgbadɔa tso teƒe yi teƒe le woƒe mɔzɔzɔa me. Wozãe ƒe 500 aɖewo va se ɖe esime wotu gbedoxɔ ŋutɔŋutɔ ɖe Yerusalem. (2 Mose 25:​8, 9; 4 Mose 9:22) Avɔgbadɔa nye teƒe si koŋ Israel-viwo saa vɔ le. (2 Mose 29:​43-46) Ke hã, takpegbadɔa alo avɔgbadɔa gale tsitre ɖi na nane si lolo wu. Enye “dziƒonuwo ƒe kpɔɖeŋu kple vɔvɔli,” eye wòle tsitre ɖi na Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la. Apostolo Paulo gblɔ be: “Agbadɔ [alo, avɔgbadɔ] sia tututu nye kpɔɖeŋu na nu siwo li le fifi ɣeyiɣi sia me.” (Heb. 9:9) Kaka Paulo naŋlɔ Hebritɔwo ƒe agbalẽa, gbɔgbɔmegbedoxɔ ƒe ɖoɖoa te dɔwɔwɔ na Kristotɔwo xoxo. Ete dɔwɔwɔ tso ƒe 29 K.Ŋ. me. Ƒe ma mee Yesu xɔ nyɔnyrɔ, eye wòte subɔsubɔ le gbɔgbɔmegbedoxɔa me, abe Yehowa ƒe “nunɔlagã” ene.—Heb. 4:14; Dɔw. 10:​37, 38. w23.10 26 ¶6-7

Fiɖa, April 25

Amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.—Flp. 4:5.

Ehiã be mí Kristotɔwo míalɔ̃ faa atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu be míate ŋu ayi edzi asubɔ Yehowa kple dzidzɔ. Aleke míate ŋu awɔ esiae? Ele be míanye nugɔmeselawo, míalɔ̃ faa atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu ne nuwo trɔ le míaƒe agbe me, eye míade bubu amewo ƒe susuwo kple nyametsotsowo ŋu. Ele be mí Yehowa subɔlawo míanye nugɔmeselawo, míabɔbɔ mía ɖokui eye míase veve ɖe ame nu. Biblia yɔ Yehowa be “Agakpe,” elabe enɔa te sesĩe eye naneke mate ŋu aʋuʋui o. (5 Mose 32:4) Ke hã, esea nu gɔme na ame. Esi xexea ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm la, mía Mawu hã le tɔtrɔm ɖe nɔnɔmea ŋu be yeana yeƒe ŋugbedodowo katã nava eme. Yehowa wɔ mí ɖe eƒe nɔnɔme nu, ta ena ŋutete mí be míate ŋu atrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Ena Biblia me gɔmeɖose siwo akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie le nɔnɔme ɖe sia ɖe mea mí. Kpɔɖeŋu si Yehowa ɖo ɖi kple gɔmeɖose siwo wòna mí la na míekpɔe be togbɔ be enye “Agakpe” hãa, esea nu gɔme. w23.07 20 ¶1-3

Memleɖa, April 26

Ne metsi dzodzodzoe akpa la, èfaa akɔ nam henana mekpɔa gbɔdzɔe.—Ps. 94:19.

Le Biblia mea, Yehowa tsɔ eɖokui sɔ kple vidada si ƒe dɔme trɔna ɖe via ŋu. (Yes. 66:​12, 13) Wò ya kpɔ ale si vidada léa be na eƒe vidzĩ hekpɔa eƒe hiahiãwo gbɔ nɛ ɖa le susu me. Nenema kee míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí eye wòalé be na mí ne nu te ɖe mía dzi. Meɖea kɔ ɖa le mía ŋu ne míewɔ nu gbegblẽ o. (Ps. 103:8) Edzɔ enuenu be blema Israel-viwo mewɔ nuteƒe nɛ o, gake esi wotrɔ dzi mea, eyi edzi lɔ̃ wo eye wògblɔ na wo be: ‘Miexɔ asi le ŋkunyeme, mede bubu mia ŋu, eye melɔ̃ mi.’ (Yes. 43:​4, 5) Yehowa lɔ̃ míawo hã nenema ke. Ne míeda vo gã aɖe, gake míetrɔ dzi me eye míetrɔ va egbɔa, ayi edzi alɔ̃ mí abe tsã ene. Edo ŋugbe be ‘yeatsɔ ake mí geɖe.’ (Yes. 55:7) Biblia gblɔ be ne Yehowa tsɔ ke mía, ‘míakpɔ dzidzemeɣiwo tso eya ŋutɔ gbɔ.’—Dɔw. 3:19. w24.01 27 ¶4-5

Kwasiɖa, April 27

Yehowa nye Mawu ƒe asi le dzinye.—Ezra 7:28.

Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míedo go kuxi sesẽwo. Le kpɔɖeŋu me, ne ehiã be míabia mɔ le míaƒe dɔtɔ gbɔ ale be míakpɔ ɣeyiɣi ayi takpekpe alo wòatrɔ asi le míaƒe dɔwɔɖoɖowo ŋu be míate ŋu ade kpekpeawo katã kwasiɖa sia kwasiɖaa, esia ʋua mɔnukpɔkpɔ na mí be míakpɔ Yehowa ƒe asi le míaƒe agbe me. Awɔ nuku na mí ŋutɔ be nuwo ayi nyuie, eye esia ana míagaka ɖe Yehowa dzi geɖe wu. Ezra bɔbɔ eɖokui eye wòbia Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu. Ne dɔ siwo gbegbe le Ezra dzi na wòtsi dzimaɖia, ebɔbɔa eɖokui doa gbe ɖa na Yehowa. (Ezra 8:​21-23; 9:​3-5) Esi wòɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu taa, ame siwo wɔ dɔ kplii lɔ̃ faa kpe ɖe eŋu eye wosrɔ̃ eƒe xɔse. (Ezra 10:​1-4) Ne míetsi dzimaɖi ɖe míaƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ alo woƒe dedienɔnɔ ŋu ale gbegbe be wòwu tsɔtsɔ na mía, ele be míado gbe ɖa na Yehowa eye míaka ɖe edzi be akpe ɖe mía ŋu. w23.11 18 ¶15-17

Dzoɖa, April 28

[Abraham] xɔ Yehowa dzi se, eye Mawu bui dzɔdzɔenyenye nɛ.—1 Mose 15:6.

Yehowa mele gbɔgblɔm be ele be míawɔ nu si tututu Abraham wɔ hafi yeabu mí ame dzɔdzɔewoe o. Nu geɖe li míate ŋu awɔ atsɔ aɖe míaƒe xɔse afia. Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu axɔ ame yeye siwo va hamea me la nyuie, míakpe ɖe mía nɔvi siwo hiã tu ŋu eye míawɔ nyui na míaƒe ƒometɔwo. Nu siawo dzea Mawu ŋu eye ayra mí ɖe eta. (Rom. 15:7; 1 Tim. 5:​4, 8; 1 Yoh. 3:18) Gbeƒãɖeɖe nya nyuia veviedodotɔe hã nye mɔ vevi aɖe si dzi míato aɖe míaƒe xɔse afia. (1 Tim. 4:16) Mí katã míate ŋu ato míaƒe nuwɔnawo dzi aɖee afia be míeka ɖe edzi be Yehowa ƒe mɔwoe nye nyuitɔ eye eƒe ŋugbedodowo ava eme. Ne míewɔ nu siawoa, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Mawu abu mí ame dzɔdzɔewo eye míanye exɔlɔ̃wo. w23.12 2 ¶3; 6 ¶15

Braɖa, April 29

Sẽ ŋu, eye nàwɔ ŋutsu.—1 Fia. 2:2.

Esi Fia David ƒe kuɣi gogo la, egblɔ nya siwo dze le egbe ƒe mawunyakpukpuia me tsɔ xlɔ̃ nu Salomo. (1 Fia. 2:​1, 3) Anyo be nɔviŋutsu siwo li egbea hã nawɔ ɖe nuxlɔ̃ame ma dzi. Esia bia be woasrɔ̃ ale si woawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le woƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa. (Luka 2:52) Nu ka tae wòle vevie be nɔviŋutsu ɖekakpuiwo nayi ŋgɔ azu Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me? Ŋutsu Kristotɔwo wɔa akpa vevi aɖe le woƒe ƒomea kple hamea me. Mía nɔvi ɖekakpuiwo, ɖikeke mele eme o be miedea ŋugble le nu siwo miava wɔ le etsɔme ŋu. Ðewohĩ miadi be yewoava zu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo, subɔsubɔdɔwɔlawo, eye emegbe miazu hamemetsitsiwo. Ðewohĩ miadi hã be yewoaɖe srɔ̃ eye yewoadzi viwo. (Ef. 6:4; 1 Tim. 3:1) Hafi miate ŋu aɖo taɖodzinu mawo gbɔa, ele be mianye Kristotɔ siwo tsi le gbɔgbɔ me. w23.12 24 ¶1-2

Kuɖa, April 30

Ɣeyiɣi mele asinye be maƒo nu tso Gideon . . . ŋu o.—Heb. 11:32.

Yehowa de dɔ asi na hamemetsitsiwo be woalé be na yeƒe alẽ xɔasiawo. Hamemetsitsi dovevienu siawo dea asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woasubɔ wo nɔviwo ŋu; wonye ‘lãkplɔvi siwo doa vevie dɔ léa be na alẽhaa.’ (Yer. 23:4; 1 Pet. 5:2) Dzidzɔ gã wònye na mí be ŋutsu dovevienu siawo le mía si le hamea me. Ʋɔnudrɔ̃la Gideon ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe hamemetsitsiwo ŋu. (Heb. 6:12) Gideon kplɔ Mawu ƒe amewo eye wòkpɔ wo ta. (Ʋɔn. 2:16; 1 Kron. 17:6) Abe Gideon enea, woɖo hamemetsitsiwo hã be woalé be na Mawu ƒe amewo le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. (Dɔw. 20:28; 2 Tim. 3:1) Hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso Gideon ƒe ɖokuibɔbɔ, toɖoɖo, kple dzidodo me. Eƒe kpɔɖeŋua ate ŋu akpe ɖe ame siwo menye hamemetsitsi o hã ŋu be woayi edzi ade asixɔxɔ hamemetsitsiwo ŋu eye woakpe asi ɖe wo ŋu.—Heb. 13:17. w23.06 2 ¶1; 3 ¶3

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2026)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe